Ta 15
“Amekae Dze be, Wòaʋu Agbalẽ La?”
1. Nukae dzɔ azɔ le Yohanes ƒe ŋutega la me?
EDZE BUBU! EDZI ŊƆ! Nenemae Yehowa ƒe fiazikpuia si le dzokakatiawo, kerubiawo, amegã xoxo 24 la kple atsiaƒu si me kɔ la dome la ƒe ŋutega ʋãme la le. Gake Yohanes, nukae nègakpɔ? Yohanes he susu yi dziƒonukpɔkpɔ sia titina ŋutɔŋutɔ dzi esime wògblɔ na mí be: “Eye mekpɔ agbalẽ, si woŋlɔ nu ɖe eme kple ekɔgo katã, eye wotre enu kple nutrenu adre la, le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, ƒe nuɖusi me. Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ aɖe le gbe ƒã ɖem kple gbe gã bena: Amekae dze be, wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenuawo ɖa? Eye ame aɖeke menɔ dziƒo alo anyigba dzi alo anyigba te, si te ŋu ʋu agbalẽ la alo te ŋu kpɔ eme hã o. Eye mefa avi ʋuu, elabena womekpɔ ame aɖeke, si dze be, wòaʋu agbalẽ la alo wòakpɔ eme hã o.”—Nyaɖeɖefia 5:1-4.
2, 3. (a) Nukatae Yohanes di vevie be woakpɔ ame aɖe wòaʋu agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la, gake aleke mɔkpɔkpɔ na ema dzee? (b) Nukae Mawu ƒe amesiaminawo kpɔ mɔ na vevie le míaƒe ɣeyiɣia me?
2 Yehowa ŋutɔ si nye nuwɔwɔwo katã ƒe Aƒetɔ Fiagã lae lé agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ ma ɖe asi. Anye be nya veviwoe yɔe taŋ, elabena woŋlɔ nu ɖe eme kple egodo siaa. Míedi be míanya azɔ. Nukae le agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la me? Míeɖo ŋku nya si Yehowa tsɔ kpe Yohanes la dzi: “Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.” (Nyaɖeɖefia 4:1) Míetsɔ mɔkpɔkpɔ vevie le mɔ kpɔm na nu mawo nyanya. Gake nublanuitɔe la, wotsɔ nutrenu adre tre agbalẽa nu keŋkeŋ!
3 Ðe mawudɔla sesẽ la akpɔ ame aɖe si dze be wòaʋu agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la? Le Kingdom Interlinear ƒe nya nu la, agbalẽ la le Yehowa ƒe “nuɖusi me.” Esia le fiafiam be ele eƒe asi si wòke ɖi me wòtsɔ do ɖa. Gake edze abe ɖe ame aɖeke medze le dziƒo alo anyigba dzi be wòaxɔ agbalẽ ma ahaʋui o ene. Ame aɖeke medze na bubu gã sia le Mawu ƒe subɔla anukwaretɔ siwo ku, eye wole anyigba te la gɔ̃ hã dome o. Mewɔ nuku o be nya la ɖe fu na Yohanes! Ðewohĩ megale “nusiwo lava ve me le esiawo megbe la” se ge o. Le míaƒe ŋkekea me hã Mawu ƒe amesiaminawo tsɔ dzimaɖitsitsi nɔ lalam be Yehowa naɖo eƒe kekeli kple nyateƒe si ku ɖe Nyaɖeɖefia ŋu la ɖa. Awɔ esia ʋeʋeʋe le ɣeyiɣi ɖoɖi hena nyagblɔɖia ƒe emevava la dzi be wòakplɔ eƒe dukɔ ato ‘xɔname’ ƒe mɔ dzi.—Psalmo 43:3, 5.
Amesi Dze
4. (a) Amekae wokpɔ si dze be wòaʋu agbalẽ ŋɔ́ŋlɔa ahaɖe eƒe nutrenuawo ɖa? (b) Teƒeɖoɖofetu kple mɔnukpɔkpɔ kae su Yohanes habɔbɔa kple woƒe zɔhɛwo si azɔ?
4 Ẽ, ame aɖe li si ate ŋu aʋu agbalẽa! Yohanes gblɔ be: “Tete amegã xoxoawo dometɔ ɖeka gblɔ nam bena: Megafa avi o; kpɔ ɖa, dzata, si tso Yuda ƒe to la me, si nye Dawid ƒe ke la, eɖu dzi, be wòaʋu agbalẽ la, eye wòaɖe eƒe nutrenu adreawo ɖa.” (Nyaɖeɖefia 5:5) Eyata Yohanes, tutu aɖatsi mawo ɖa! Yohanes habɔbɔa kple woƒe zɔhɛ nuteƒewɔla siwo li egbea hã do dzi le dodokpɔ sesẽwo me ƒe geɖe esime wole numekɔkɔ lalam dzigbɔɖitɔe. Teƒeɖoɖo fakɔname kae nye si su mía si azɔ be míese ŋutega la gɔme, eye mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be míakpɔ gome le emevava me to eƒe gbedasia gbɔgblɔ na ame bubuwo dzi!
5. (a) Nya kae wogblɔ ɖi ku ɖe Yuda ŋu, eye afikae Yuda ƒe dzidzimeviwo ɖu fia le? (b) Amekae nye Silo?
5 Aã, “Dzata, si tso Yuda ƒe to la me”! Yohanes nya Yakob si nye Yudatɔwo tɔgbui la ƒe nya si wògblɔ ɖi ku ɖe via enelia Yuda ŋu la, be: “Dzatavi enye Yuda. Le nuléle ta, vinye, ànɔ to dzi. Emlɔ anyi tsyɔ akɔ abe dzatatsu ene, eye abe dzatanɔ ene; ameka ate ŋu aʋuʋui? Atamkayi magbe Yuda si nɔnɔ o, eye womaɖe fiatikplɔ ɖa le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye [Silo] nava; amesi dukɔwo ana tae.” (Mose I, 49:9, 10) Mawu ƒe dukɔa ƒe fiaƒomea dzɔ tso Yuda me. Tso Dawid dzi la, amesiwo katã ɖu fia le Yerusalem vaseɖe esime Babilontɔwo tsrɔ̃ du ma la nye Yuda ƒe dzidzimeviwo. Gake wo dometɔ aɖeke menye Silo si ŋuti nya Yakob gblɔ ɖi la o. Silo gɔmee nye “Amesi Tɔ [Gome] Wònye.” Le nyagblɔɖi me la, ŋkɔ sia fia asi Yesu, amesi tɔ Dawid ƒe Fiaɖuƒea nye tegbee azɔ.—Xezekiel 21:30-32; Luka 1:32, 33; Nyaɖeɖefia 19:16.
6. Mɔ ka nue Yesu nye Isai ƒe “atilɔ” kple “Dawid ƒe ke” hãe?
6 Yohanes se nya si wogblɔ ku ɖe “Dawid ƒe ke” ŋu la gɔme kaba. Woyɔ Mesia si ŋugbe wodo la le nyagblɔɖi me be “atilɔ . . . tso Isai [Fia Dawid fofo] ƒe atitakpo me . . . dzedze” kple “Isai ƒe ke, si nye aflaga li na anyigba dzi dukɔwo” siaa. (Yesaya 11:1, 10) Yesu nye Isai ƒe atilɔ le esi wodzii ɖe Dawid si nye Isai vi ƒe fiaƒomea me ta. Hekpe ɖe eŋu la, abe Isai ƒe ke ene la, eyae nye Amesi na Dawid ƒe fiaƒomea gadze ake, eye wòna agbee helée ɖe te tegbee.—Samuel II, 7:16.
7. Nukae na Yesu dze be wòaxɔ agbalẽa tso Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la si me?
7 Yesu koŋ ye nye amesi subɔ Yehowa le nuteƒewɔwɔ me le dodokpɔ sesẽwo me abe amegbetɔ deblibo ene. Eɖo Satana ƒe gbetɔamea ŋu bliboe. (Lododowo 27:11) Eyatae wòte ŋu gblɔ nusi wògblɔ le zã si do ŋgɔ na eƒe vɔsakua me la be, “Nye la meɖu xexeame dzi.” (Yohanes 16:33) Le susu sia ta la Yehowa tsɔ “ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi” de asi na Yesu si wòfɔ ɖe tsitre la. Le Mawu ƒe subɔlawo katã dome la, eya ɖeka koe dze be wòaxɔ agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la be wòana woanya eme gbedasi vevia.—Mateo 28:18.
8. (a) Le Fiaɖuƒea gome la, nukae ɖee fia be Yesu dze? (b) Nukatae wòsɔ be amegã xoxo 24 la dometɔ ɖekae ɖe amesi dze be wòaʋu agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la fia Yohanes?
8 Enye nusi sɔ nyateƒe be Yesu naʋu agbalẽ ŋɔ́ŋlɔa. Woɖoe zi dzi tso ƒe 1914 me abe Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia ene, eye agbalẽ ma ɖea nu geɖe ɖe go ku ɖe Fiaɖuƒea kple nusi wòawɔ ŋu. Yesu ɖi ɖase le Fiaɖuƒe nyateƒea ŋu anukwareɖiɖitɔe esime wònɔ anyigba dzi afisia. (Yohanes 18:36, 37) Efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be Fiaɖuƒea nava. (Mateo 6:9, 10) Edze Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la ƒe gbeƒãɖeɖe gɔme le Kristotɔwo ƒe azã la ƒe gɔmedzedze eye wògblɔe ɖi be woaƒo gbeƒãɖeɖedɔ ma ta le nuwuɣia me. (Mateo 4:23; Marko 13:10) Nenema kee wòsɔ be amegã xoxo 24 la dometɔ ɖeka naɖee afia Yohanes be Yesue nye amesi aɖe nutrenuawo ɖa. Nukatae? Elabena amegã xoxo siawo bɔbɔ nɔ fiazikpuiwo dzi eye woɖɔ fiakukuwo le esi wonye Kristo ƒe hadomenyilawo le eƒe Fiaɖuƒea me ta.—Romatɔwo 8:17; Nyaɖeɖefia 4:4.
‘Alẽvi si Wowu La’
9. Le esi teƒe be wòakpɔ dzata la, nukae Yohanes kpɔ wòtsi tre ɖe “fiazikpui la . . . titina,” eye aleke wòƒo nu tso eŋue?
9 Yohanes kɔ mo dzi be yeakpɔ “dzata, si tso Yuda ƒe to la me” la. Gake nukunya kae nye si! Kpɔɖeŋunu si to vovo kura ye dze: “Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple amegã xoxoawo titina la mekpɔ alẽvi aɖe le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene; eye dzo adre kple ŋku adre, siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adre, siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba katã dzi la, li nɛ.”—Nyaɖeɖefia 5:6.
10. Amekae nye “alẽvi” si Yohanes kpɔ la, eye nukatae ŋkɔ ma sɔ?
10 Alẽvi le titina tututu, le fiazikpui la gbɔ kple le tò siwo nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo 24 la ɖe la me! Ðikeke mele eme o be Yohanes kpɔ alẽvi sia dze sii kaba be eyae nye “dzata, si tso Yuda ƒe to la me” kple “Dawid ƒe ke la.” Enya be ƒe 60 kple vɔ do ŋgɔ la, Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la ɖe Yesu fia Yudatɔ siwo nɔ ekpɔm la be eyae nye “Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina.” (Yohanes 1:29) Le Yesu ƒe anyigba dzi nɔnɔ katã me la, mena xexeame ƒo ɖii o—abe alẽvi si ŋu naneke megblẽ le o ene—ale be wòate ŋu atsɔ eƒe agbe si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la asa vɔe ɖe ameƒomea ta.—Korintotɔwo I, 5:7; Hebritɔwo 7:26.
11. Nukatae menye gbɔɖiɖiame be woaɖe Yesu si le ŋutikɔkɔe me la afia be enye “alẽvi aɖe [si] le tsitre ɖi, abe ɖe wowui ene” o?
11 Ðe wònye gbɔɖiɖi alo bubu ɖeɖe le ame dzi be woatsɔ ‘alẽvi si le abe ɖe wowui ene’ la atsi tre ɖi na Yesu si wodo ŋutikɔkɔe na la? Kura o! Nyateƒe si wònye be Yesu wɔ nuteƒe vaseɖe ku me la nye Satana dzi ɖuɖu gã aɖe kple aʋadziɖuɖu gã aɖe na Yehowa Mawu. Yesu ɖeɖe fia le mɔ sia nu la ɖea Satana ƒe xexeame dzi si Yesu ɖu la fiana vevie eye wòɖoa ŋku lɔlɔ̃ deto si le Yehowa kple Yesu si na ameƒomea la dzi na mí. (Yohanes 3:16; 15:13; tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 2:15.) Woto esia dzi fia asi Yesu be eyae nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la, amesi dze etɔxɛ be wòaʋu agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la.—Mose I, 3:15.
12. Nukae Alẽvi la ƒe dzo adreawo tsi tre ɖi na?
12 Nukae gadzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe “alẽvi” sia ŋu la ɖe edzi? Dzo adre le esi. Le Biblia me la, zi geɖe la dzo tsia tre ɖi na ŋusẽ alo dziɖuɖu, eye adre afia blibonyenye. (Tsɔe sɔ kple Samuel I, 2:1, 10; Psalmo 112:9; 148:14.) Eyata Alẽvi la ƒe dzo adreawo tsi tre ɖi na ŋusẽ blibo si Yehowa de asi na Yesu. Etɔ ƒo “dziɖulanyenye kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ, si woyɔna la [ta sãa], menye le ɣeyiɣi sia me ɖeɖeko o, hafi le ɣeyiɣi, si le vava ge la me hã.” (Efesotɔwo 1:20-23; Petro I, 3:22) Yesu wɔ ŋusẽ, si nye dziɖuŋusẽ, ŋudɔ vevietɔ tso ƒe 1914 me esime Yehowa ɖoe zi dzi abe Fia si le dziƒo ene.—Psalmo 2:6.
13. (a) Nukae Alẽvi la ƒe ŋku adreawo tsi tre ɖi na? (b) Nukae Alẽvi la wɔ azɔ?
13 Gawu la, gbɔgbɔ kɔkɔea yɔ Yesu taŋ, esi nye nusi Alẽvi la ƒe ŋku adre ‘siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo’ la tsi tre ɖi na. Yesu nye mɔ aɖe si dzi Yehowa ƒe ŋusẽ wɔdɔ bliboa tona vana Esubɔla siwo le anyigba dzi la dzi. (Tito 3:6) Edze ƒã be gbɔgbɔ sia ke dzie wòtona nɔa dziƒo gake kpɔa nusiwo le dzɔdzɔm le anyigba dzi afisia. Abe Fofoa ene la, sidzedze blibo le Yesu si. Naneke meli si mekpɔna o. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 11:4; Zaxarya 4:10.) Edze ƒã be Vi sia—si nye nuteƒewɔla si ɖu xexeame dzi; Dzata si tso Yuda ƒe to la me; Dawid ƒe ke la; amesi tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe ameƒomea ta; amesi si ŋusẽ blibo le, gbɔgbɔ kɔkɔea yɔe taŋ, eye sidzedze blibo si tso Yehowa Mawu gbɔ le esi la—ẽ, amesiae dze keŋkeŋ be wòaxɔ agbalẽa le Yehowa ƒe asi me. Ðe wòhe megbelele le Yehowa ƒe habɔbɔ deŋgɔa me subɔsubɔdɔ sia xɔxɔ mea? Ao! Ke boŋ eyi, “eye wòxɔ agbalẽ la le amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe nuɖusi me.” (Nyaɖeɖefia 5:7) Toɖoɖo faa ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si!
Kafukafuhawo
14. (a) Aleke nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo 24 la wɔ nui esime Yesu xɔ agbalẽa? (b) Aleke nusi Yohanes kpɔ ku ɖe amegã xoxo 24 la ŋu ɖo kpe amesiwo wonye kple nɔƒe si le wo si dzie?
14 Aleke ame bubu siwo le Yehowa ƒe fiazikpuia ŋgɔ la wɔ nui? “Eye esime wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi ɖe alẽvi la ƒe ŋku me, eye saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe, si nye ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo la, le wo dome amesiame si.” (Nyaɖeɖefia 5:8) Abe nu gbagbe kerubi ene siwo le Mawu ƒe fiazikpuia ŋgɔ ene la, amegã xoxo 24 la bɔbɔ ta na Yesu le lɔlɔ̃ ɖe eƒe ŋusẽ dzi me. Gake amegã xoxo siawo si koe saŋkuwo kple atike ʋeʋẽe gbawo le.a Eye woawo ɖeɖekoe dzia ha yeye. (Nyaɖeɖefia 5:9) Eyata woɖi “Mawu ƒe Israel” kɔkɔe la me tɔ 144,000 la, amesiwo hã si saŋkuwo le eye wodzia ha yeye. (Galatiatɔwo 6:16; Kolosetɔwo 1:12; Nyaɖeɖefia 7:3-8; 14:1-4) Hekpe ɖe eŋu la, woɖee fia be amegã xoxo 24 la le nunɔladɔ aɖe wɔm le dziƒo, esi ƒe kpɔɖeŋu blema Israel ƒe nunɔla siwo doa dzudzɔ ʋeʋẽe na Yehowa le takpegbadɔa me la tɔ nye—esi nye nuwɔna aɖe si wu nu le anyigba dzi esime Mawu ɖe Mose ƒe Se la ɖa to ekaklã ɖe Yesu ƒe fuwɔametia ŋu dzi. (Kolosetɔwo 2:14) Nya ta kae esiawo katã na míeƒo? Eyae nye be míele aʋadziɖula amesiaminawo kpɔm le afisia le dɔ si woade asi na wo mlɔeba abe ‘Mawu kple Kristo ƒe nunɔla siwo le fia ɖum kplii ƒe akpe ɖeka’ ene la me.—Nyaɖeɖefia 20:6.
15. (a) Ameka koe kpɔ mɔ yina ɖe takpegbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea? (b) Nukatae wònye agbe kple ku ƒe nya be nunɔlagã la nado dzudzɔ ʋeʋẽe hafi age ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea?
15 Le blema Israel la, nunɔlagã la koe gena ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea ado ɖe Yehowa ŋkume le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Atike ʋeʋẽe tsɔtsɔ ɖe asi nye agbe kple ku ƒe nya nɛ. Yehowa ƒe se gblɔ be: “[Aron natsɔ] sonu aɖe dzoka xɔxɔ le vɔsamlekpui la dzi le Yehowa ŋku me, eye wòaku dzudzɔdonu, si wotsɔ atike ʋeʋẽe wɔe, eye wotoe memee la, asiʋlo eve ava xɔmetsovɔ la godo. Eye wòakɔ dzudzɔdonua ɖe dzo la dzi le Yehowa ŋku me, eye ne dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ bla nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa dzi la, ekema maku o.” (Mose III, 16:12, 13) Nunɔlagã la mate ŋu ayi Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea dedie o negbe ɖe wòdo dzudzɔ ʋeʋẽe hafi.
16. (a) Le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa me la, amekawoe gena ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe si ƒe kpɔɖeŋu tsãtɔa nye la me? (b) Nukatae wòle be Kristotɔ amesiaminawo ‘nado dzudzɔ ʋeʋẽe’?
16 Le Kristotɔwo ƒe ɖoɖoa me la, menye kpɔɖeŋu Nunɔlagã Yesu Kristo koe gena ɖe kpɔɖeŋu ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe si nye Yehowa ŋkume le dziƒo o, ke boŋ nunɔlatevi 144,000 la dometɔ ɖesiaɖe hã ayi afima mlɔeba. (Hebritɔwo 10:19-23) Nunɔla siawo siwo amegã xoxo 24 la tsi tre ɖi na le afisia la mate ŋu age ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea o negbe ɖe ‘woado dzudzɔ ʋeʋẽe,’ esi nye be woanɔ gbe dom ɖa na Yehowa ahanɔ kuku ɖem nɛ edziedzi.—Hebritɔwo 5:7; Yuda 20, 21; tsɔe sɔ kple Psalmo 141:2.
Ha Yeye
17. (a) Ha yeye kae amegã xoxo 24 la dzi? (b) Aleke wozãna nyagbɔgblɔ “ha yeye” le Biblia mee zi geɖe?
17 Ha vivi aɖe ɖi azɔ. Alẽvi la hatinunɔla siwo nye amegã xoxo 24 lae le edzim nɛ: “Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu.” (Nyaɖeɖefia 5:9) Nyagbɔgblɔ “ha yeye” la dze zi geɖe le Biblia me eye zi geɖe la ekuna ɖe Yehowa-kafukafu le ɖeɖedɔ klitsu aɖe wɔwɔ ta ŋu. (Psalmo 96:1; 98:1; 144:9) Eyata ha la nye ha yeye le esi hadzila la ate ŋu agblɔ Yehowa ƒe nukudɔ bubuwo ŋuti nya azɔ eye wòaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ yeye afia ɖe Eƒe ŋkɔ si ŋu ŋutikɔkɔe le la ŋu ta.
18. Nukatae amegã xoxo 24 la tsɔ woƒe ha yeyea kafu Yesu?
18 Gake le afisia la, amegã xoxo 24 la le ha yeye dzim le Yesu ŋkume, ke menye le Yehowa ŋkume o. Gake gɔmeɖose ɖeka ma ke koe le eme. Wole Yesu kafum le nu yeye siwo eya Mawu ƒe Vi la wɔ ɖe wo ta la ta. Eto eƒe ʋu dzi zu nubabla yeyea ƒe avuléla eye wòna wote ŋu ɖo dukɔ yeye anyi wònye Yehowa tɔ koŋ. (Romatɔwo 2:28, 29; Korintotɔwo I, 11:25; Hebritɔwo 7:18-25) Gbɔgbɔmedukɔ yeye sia me tɔwo tso ŋutilãmedukɔ geɖe me, gake Yesu wɔ wo ɖekae le hame ɖeka me abe dukɔ ɖeka ene.—Yesaya 26:2; Petro I, 2:9, 10.
19. (a) Yayra kae ŋutilã me Israel do kpo xɔxɔ le woƒe anukwaremaɖimaɖi ta? (b) Yayra ka mee Yehowa ƒe dukɔ yeye la ase vivi le?
19 Esime Yehowa na Israel-viwo zu dukɔ le Mose ŋɔli la, ebla nu kpli wo hedo ŋugbe na wo be ne woaɖi anukware le nubabla ma me la, woazu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe na ye. (Mose II, 19:5, 6) Israel-viwo meɖi anukware o eyata ŋugbedodo ma meva eme na wo o. Gake dukɔ yeye si woɖo anyi to nubabla yeye si ƒe avuléla Yesu nye dzi la yi edzi ɖi anukware. Eyata amesiwo le eme aɖu anyigba dzi abe fiawo ene eye woasubɔ abe nunɔlawo hã ene ahakpe ɖe amesiwo si dzi nyui le le ameƒomea me la ŋu be woadzra woa kple Yehowa dome ɖo. (Kolosetɔwo 1:20) Ðeko wòle abe alesi wòle ha yeye la mee ene be: “Eye nèwɔ wo fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu, eye woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:10) Dzidzɔ kae nye si wònye na amegã xoxo 24 mawo be wole kafukafuha yeye sia dzim na Yesu si wodo ŋutikɔkɔe na la!
Dziƒohaxe
20. Kafukafuha kae wodzi na Alẽvi la azɔ?
20 Aleke Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔ gbogbo siwo le dziƒo la me tɔ bubuawo wɔ nu ɖe ha yeye sia ŋui? Edzɔ dzi na Yohanes be wòkpɔ woƒe ɖekawɔwɔ si tso dzi me la: “Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo, wole gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Alẽvi, si wowu la, eyae dze be, wòaxɔ ŋutete kple kesinɔnyenye kple nunya kple ŋusẽ kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple kafukafu!” (Nyaɖeɖefia 5:11, 12) Kafukafuha wɔdɔɖeamedzi kae nye sia!
21. Ðe Alẽvi la kafukafu he susu ɖa le Yehowa ƒe fianyenye alo nɔƒe ŋua? Ðe eme.
21 Ðe esia fia be le mɔ aɖe nu la Yesu va xɔ ɖe Yehowa Mawu teƒe azɔ eyata nuwɔwɔwo katã va le eya boŋ kafum azɔ ke menye Fofoa oa? Kura o! Ðe ema teƒe la, kafukafuha sia wɔ ɖeka kple nusi apostolo Paulo ŋlɔ la bena: “Mawu do [Yesu] ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.” (Filipitɔwo 2:9-11) Wole Yesu kafum le afisia le akpa si wòwɔ le nya vevi si dze ŋgɔ nuwɔwɔwo katã—si nye Yehowa ƒe fianyenye si dze la ŋu kɔkɔ—la gbɔ kpɔkpɔ me. Ŋutikɔkɔe ka gbegbee nye si esia he vɛ na Fofoa!
Hadzidzi si Le Dzidzim Ðe Edzi
22. Ha ka dzidzi mee gbe siwo ɖi tso anyigba dzi kpɔ gome le?
22 Le nusi ŋuti Yohanes ƒo nu le la me la, dziƒodɔlawo le kafukafuha vivi dzim na Yesu tsɔ le lɔlɔ̃m ɖe eƒe anukwareɖiɖi kple eƒe dziƒoŋusẽ dzi. Le esia me la, gbe siwo ɖi tso anyigba dzi la va kpe ɖe wo ŋu esime amesiawo hã le gome kpɔm le Fofo la kple Via siaa kafukafu me. Alesi ko nusiwo amegbetɔ ƒe vi te ŋu wɔ ate ŋu ahe kafukafu gã vɛ na edzilawo la, nenema kee Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ ƒe zɔzɔmea dzi “Mawu Fofoa ƒe kafukafu” ɖe edzi ŋutɔ le nuwɔwɔwo katã dome. Eyata Yohanes yi edzi ka nya ta bena: “Eye nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te kple atsiaƒu me kpakple nusiwo katã le wo me la, mese wole gbɔgblɔm bena: amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple Alẽvi la, etɔe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!”—Nyaɖeɖefia 5:13.
23, 24. (a) Nukae ɖe ɣeyiɣi si me hadzidzia adze egɔme le dziƒo la fia, eye ɣekaɣie wòadze egɔme le anyigba dzi? (b) Aleke ha la le ɖiɖim sesĩe ɖe edzie esime ƒeawo va le yiyim?
23 Ɣekaɣie hadzidzi nyui ŋutɔ sia ɖi? Edze egɔme le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Le Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyã le dziƒo megbe la, “nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le dziƒo” ate ŋu awɔ ɖeka le kafukafuha sia dzidzi me. Eye abe alesi nuŋlɔɖiawo ɖee fia ene la, tso ƒe 1919 dzi la, ameha si le dzidzim ɖe edzi le anyigba dzi kɔ gbe dzi ɖekae le Yehowa-kafukafu me, eye wodzi ɖe edzi tso ame akpe ʋee aɖewo dzi va zu ame miliɔn ene kple vɔ le ƒe 1990 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze.b Ne wotsrɔ̃ Satana ƒe anyigba dzi nuɖoanyia vɔ la, “nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le . . . anyigba dzi” anɔ Yehowa kple Via ƒe kafukafuhawo dzim. Le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi me la, ame kuku manyaxlẽ miliɔn geɖeawo ƒe tsitretsitsia edze egɔme, eye ekema mɔnukpɔkpɔ asu “nuwɔwɔ sia nuwɔwɔ, siwo le . . . anyigba te” siwo dzi Mawu aɖo ŋkui la si be woakpɔ gome le ha la dzidzi me.
24 Amegbetɔ miliɔn geɖewo wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe anyigba katã dzi habɔbɔa hele ha yeye dzim xoxo tso “atsiaƒu dzi . . . ƒukpowo . . . dzi . . . [kple] tso anyigba ƒe mlɔenu!” (Yesaya 42:10; Psalmo 150:1-6) Dzidzɔ ƒe kafukafuha sia me asẽ ŋutɔŋutɔ le ƒe Akpe Ðeka la ƒe nuwuwu esime wona ameƒomea ɖo blibodede gbɔ. Le ema megbe la, woatsrɔ̃ Da xoxo ma si nye ameblela gã Satana ŋutɔŋutɔ la ɖa le Mose I, 3:15 ƒe emevava blibo me, eye le etaƒoƒo aʋadziɖuɖutɔe me la, nu gbagbewo katã—gbɔgbɔwo kple amegbetɔwo siaa—atsɔ gbe ɖeka adzi hae bena: “Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi kple alẽvi la, etɔe lanye kafukafu kple bubu kple ŋutikɔkɔe kpakple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me!” Ame aɖeke matsi tre ɖe nya ma ŋu le xexeame katã o.
25. (a) Nya si Yohanes ŋlɔ ku ɖe ha si xexeame katã adzi ŋu la xexlẽ ʋãa mí be míawɔ nuka? (b) Kpɔɖeŋu nyui ŋutɔ kae nu gbagbe eneawo kple amegã xoxo 24 la ɖo ɖi na mí esi ŋutega la nɔ enu wum?
25 Dzidzɔ ƒe ɣeyiɣi kae nye si wòanye! Ðikeke mele eme o be nusi Yohanes ɖɔ le afisia na míaƒe dziwo yɔ fũ kple dzidzɔ eye wòʋãa mí be míawɔ ɖeka kple dziƒoʋakɔwo le kafukafuhawo dzidzi tso dzi me na Yehowa Mawu kple Yesu Kristo me. Ðe míeɖoe kplikpaa wu tsã be míado dzi le dɔ nyui wɔwɔwo me oa? Ne míewɔe nenema la, míate ŋu akpɔ mɔ be to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, mía dometɔ ɖesiaɖe anɔ eteƒe esime woaƒo eta dzidzɔtɔe, eye míakɔ míaƒe gbe dzi akpɔ gome le xexeame katã ƒe kafukafuha ma dzidzi me. Kakaɖedzitɔe la, nu gbagbe ene siwo nye kerubiwo kpakple Kristotɔ amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre la wɔ ɖeka bliboe, elabena ŋutega la wu nu kple nya siawo be: “Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa.”—Nyaɖeɖefia 5:14.
26. Nuka dzie wòle be míaxɔ ase, eye nukae Alẽvi la le dzadzram ɖo be yeawɔ?
26 Nuxlẽla lɔlɔ̃tɔ, xɔ Alẽvi—‘amesi dze’—la dzi se eye nakpɔ yayra le wò agbagbadzedze ɖokuibɔbɔtɔe be nade ta agu na Yehowa—“Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi” la—ahasubɔe me. Na Yohanes habɔbɔa nakpe ɖe ŋuwò egbea esime wòle gbɔgbɔ me “nuɖuɖu [si hiã la nam] le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Luka 12:42) Gake kpɔ ɖa! Alẽvi la le dzadzram ɖo be yeaɖe nutrenu adreawo ɖa. Nu dodzidzɔname kawoe míakpɔ azɔ?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne míagblɔe le gbeŋutise nu la, nyagbɔgblɔ be “saŋkuwo kple sikagba, siwo me yɔ taŋ kple atike ʋeʋẽe . . . le wo dome amesiame si” la ate ŋu aku ɖe amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo siaa ŋuti. Gake nya siwo ƒo xlãe la na eme kɔ ƒã be amegã xoxo 24 la ŋu koe nyagbɔgblɔa ku ɖo.
b Kpɔ aɖaka si le axa 64 la me.
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 86]