INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Sɔdola Ene Siwo Le Du Dzi!
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 14. Sɔ kple edola kae Yohanes kpɔ azɔ, eye nukae ŋutega sia tsi tre ɖi na?

      14 Ekema aleke wowɔ ɖe yɔyɔ evelia sia be “Va!” la dzie? Aleae: “Eye sɔ bubu aɖe, si le dzĩe la do go, eye amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotsɔ yi gã de asi nɛ.” (Nyaɖeɖefia 6:4) Enye ŋutega dziŋɔ nyateƒe! Eye ɖikeke mele nusi wòtsi tre ɖi na la ŋu o: aʋawɔwɔe! Menye Yehowa ƒe Fia aʋadziɖula la ƒe aʋadziɖuɖu ƒe aʋawɔwɔ dzɔdzɔe lae o, ke boŋ amegbetɔ ƒe ŋutasesẽ ƒe dukɔwo dome aʋawɔwɔ si me ʋukɔɖeanyi kple vevesese si mehiã hafi o le lae. Aleke wòhesɔe nye si be sɔ si le dzĩe abe dzo ene dzie sɔdola sia le!

      15. Nukatae mele be míadi be míakpɔ gome le sɔdola evelia ƒe sɔdodoa me o?

      15 Kakaɖedzitɔe la, Yohanes madi be yeawɔ ɖeka kple sɔdola sia kple eƒe sɔdodo adãtɔe la o, elabena wogblɔe ɖi le Mawu ƒe amewo ŋu be: “Womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” (Yesaya 2:4) Togbɔ be egbea Yohanes habɔbɔa kple ameha gã la kpɔtɔ “le xexeame” hã la, womenye nuɖoanyi ƒoʋu sia ƒe “akpa aɖeke o.” Míaƒe aʋawɔnuwo nye gbɔgbɔ me tɔ eye wonye “ŋusẽnu . . . le Mawu ƒe ŋku me” hena gbe ƒã ɖeɖe nyateƒea dzonɔamemetɔe, ke menye ŋutilãmeʋawɔwɔ o.—Yohanes 17:11, 14, NW; Korintotɔwo II, 10:3, 4.

      16. Ɣekaɣie wotsɔ “yi gã” de asi na sɔ dzĩ dola la, eye alekee?

      16 Wowɔ aʋa geɖewo do ŋgɔ na ƒe 1914 si me sɔ ɣia Dola xɔ eƒe fiakuku la. Gake fifia wotsɔ “yi gã” aɖe na sɔ dzĩ dola la. Nukae esia fia? Tso esime Xexemeʋa I dzɔ la, amegbetɔ ƒe aʋawɔwɔ va zu esi me wokɔa ʋu ɖi hetsrɔ̃a nu le wu tsã. Le ƒe 1914-18 ƒe ʋukɔɖeanyia me la, wozã aʋawɔʋuwo, aɖiya, yameʋuwo, ƒugɔmeʋawɔʋuwo, aprim gãwo kple tu siwo dana le wo ɖokui si la zi gbãtɔ alo le agbɔsɔsɔ si ɖeke mesɔ kplii o me. Le dukɔ abe 28 ene me la, woƒoe ɖe amewo katã, menye asrafowo ɖeɖeko o, nu be woakpɔ gome le aʋawɔwɔa me. Kukulawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ŋɔ. Wowu asrafo siwo wu miliɔn asieke, eye kukula siwo menye asrafowo o sɔ gbɔ ŋutɔ. Esi wowu aʋawɔwɔa nu gɔ̃ hã la, ŋutifafa ŋutɔŋutɔ meganɔ anyigba dzi o. Ƒe 50 kple vɔ le aʋawɔwɔ ma megbe la, Germania-dudɔla Konrad Adenauer gblɔ be: “Dedienɔnɔ kple tomefafa bu le amewo ƒe agbe me tso ƒe 1914 me.” Wona ŋusẽ sɔ dzĩ dola la be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi vavã!

      17. Aleke “yi gã” la zazã yi edzie le Xexemeʋa I megbe?

      17 Azɔ esi ʋukɔkɔɖi va le sɔ dzĩ dola la dzrom vevie ta la, eƒo eɖokui ɖe Xexemeʋa II me. Amewunuawo vɔ̃ɖi wu tsã, eye amesiwo ku la sɔ gbɔ wu Xexemeʋa I tɔ zi gbɔ zi ene. Le ƒe 1945 me la, atɔm ƒe bɔmb eve wó le Japan, eye ɖesiaɖe tsrɔ̃ ame akpe geɖe—zi ɖeka. Le xexemeʋa evelia me la, sɔ dzĩ dola la ŋe nuku gbogbo aɖe si nye ame miliɔn 55 ƒe agbe, gake ema gɔ̃ hã mede edeƒe nɛ o. Nyatakaka si ŋu kakaɖedzi le fia be “yi gã” la ɖe luʋɔ miliɔn 19 teti ɖa le Xexemeʋa II megbe.

      18, 19. (a) Le esi teƒe be wòanye dzi si asrafowo ƒe mɔ̃ɖaŋu ɖu la, nuka ƒe ɖaseɖiɖie amesiwo wowu tso Xexemeʋa II dzi la nye? (b) Dzɔgbevɔ̃e kae dze ŋgɔ ameƒomea, gake nukae sɔ ɣi Dola la awɔ atsɔ axe mɔ ɖe enu?

      18 Ðe míate ŋu ayɔ esia be enye dzi si asrafowo ƒe mɔ̃ɖaŋuwɔwɔ ɖua? Ðaseɖiɖi boŋ wònye be sɔ dzĩ makpɔnublanui la le du dzi. Eye afikae du ma awu nu ɖo? Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo bu akɔnta be nukliaʋa adzɔ godoo le ƒe 25 siwo gbɔna la me le vodada aɖe ta—ne womagblɔ nukliaʋa si woaɖo koŋ awɔ ƒe nya o! Gake dzidzɔtɔe la, susu bubuwo le sɔ ɣi Dola aʋadziɖula la si ku ɖe esia ŋu.

      19 Zi alesi wotu agbenɔnɔ ɖe dulɔlɔ̃ ƒe dada kple fuléle dzi ko la, ameƒomea akpɔtɔ anɔ nukliadzɔgbevɔ̃e si ate ŋu adzɔ ƒe ŋɔdzi me. Ne dukɔwo atsɔ mɔkpɔkpɔmanɔamesi atsrɔ̃ woƒe nukliaʋawɔnuwo katã hã la, alesi wowɔ woe akpɔtɔ anɔ nyanya na wo. Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, woate ŋu agbugbɔ woƒe nukliamewunuawo awɔ; eyata aʋa ɖesiaɖe si woatsɔ aʋawɔnu bubuwo awɔe la ate ŋu atrɔ kaba azu tsɔtsrɔ̃ gã. Dada kple fuléle si le dukɔwo me egbea ana ameƒomea nawu eɖokui, negbe—ẽ, negbe ɖe sɔ ɣi Dola la xe mɔ na sɔ dzĩ dola la ƒe sɔdodo aɖaʋatɔe la. Mina míaka ɖe edzi be Kristo Fia la ayi sɔdodoa dzi aɖu xexeame si dzi Satana kpɔ ŋusẽ ɖo la dzi keŋkeŋ eye wòaɖo anyigba dzi habɔbɔ yeye si wotu ɖe lɔlɔ̃—Mawu- kple havilɔlɔ̃ —si hea ŋutifafa vɛ si de ŋgɔ boo wu míaƒe ɣeyiɣi dzeaɖaʋa sia ƒe nukliamɔxenu malikeawo dzi la anyi.—Psalmo 37:9-11; Marko 12:29-31; Nyaɖeɖefia 21:1-5.

  • Sɔdola Ene Siwo Le Du Dzi!
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • “Wona Ŋusẽe, be Wòaɖe Ŋutifafa Ða le Anyigba Dzi”

      Afikae mɔ̃ɖaŋuwɔwɔ ɖo tae? Toronto, Kanada ƒe The Globe and Mail si do le January 22, 1987 dzi la ka nya ta le Ivan L. Head si nye Dukɔwo Dome Ŋgɔyiyi ƒe Numekukudɔwɔƒe ƒe tatɔ la ƒe nuƒo aɖe me nya si gbɔna la ŋu:

      “Wobu akɔnta kakaɖedzitɔe be xexeame ƒe dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple mɔ̃ɖaŋuwɔlawo dometɔ ɖeka le ene ɖesiaɖe me le lãnuwo ŋuti numekuku kple wo wɔwɔ ƒe dɔ wɔm. . . . Le ƒe 1986 ƒe asiwo nu la, ga si wozãna la wu dɔlar miliɔn 1.5 aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe. . . . Ðe mí katã míele dedie wu le agbagba si dzem wole vevie le mɔ̃ɖaŋuwɔwɔ ŋu alea la ta? Ŋusẽ si le nukliaʋawɔnu siwo le dukɔ ŋusẽtɔawo si la me la nye aʋawɔnu siwo katã aʋawɔlawo katã zã le Xexemeʋa Evelia katã me la tɔ teƒe 6,000. Xexemeʋa Evelia teƒe 6,000. Tso ƒe 1945 dzi la, ɣeyiɣi si me asrafowo mewɔ avu aɖeke le xexeame o la mede kwasiɖa adre o. Wowɔ aʋa siwo wu 150 siwo nye dukɔwo dome tɔ alo dukɔmeviwo tɔ, esiwo ŋu wobu akɔnta le be woɖe ame miliɔn 19.3 ƒe agbe ɖa, eye akpa gãtɔ tso mɔ̃ɖaŋu sẽŋu yeye siwo do le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe azã sia me la gbɔ.”

      [Aɖaka si le axa 98, 99]

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe