Ta 20
Ameha Gã Nyadri Aɖe
1. Esi Yohanes ƒo nu tso ame 144,000 la nu tetre ŋu vɔ la, ƒuƒoƒo bubu kae wòkpɔ?
ESI Yohanes ƒo nu tso ame 144,000 la nu tetre ŋu vɔ la, eyi edzi ka nya ta le nyaɖeɖefia siwo do dzidzɔ na ame wu le Ŋɔŋlɔa me la dometɔ ɖeka ŋu. Eƒe dzi anya ʋã kple dzidzɔ esime wòka nya ta le eŋu be: “Nusiawo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Ẽ, yaƒoƒo eneawo léle ɖe asi ɖe mɔ be ƒuƒoƒo bubu nakpɔ agbe akpe ɖe gbɔgbɔ me Israel-vi 144,000 la ŋu: amesiwo nye ameha gã aɖe si tso dukɔ vovovowo me hegblɔa gbe vovovowo.—Nyaɖeɖefia 7:1.
2. Amekawoe numeɖela xexemetɔwo gblɔ be ameha gã la nye, eye aleke Biblia Nusrɔ̃viawo gɔ̃ hã bu habɔbɔ siae tsã?
2 Numeɖela xexemetɔwo gblɔ be ameha gã sia nye amesiwo menye Yudatɔwo o siwo trɔ zu Kristotɔwo alo wonye Kristotɔ xɔsetakukula siwo le dziƒo yi ge. Le ɣeyiɣi si va yi me la, Biblia Nusrɔ̃viawo kura gɔ̃ hã bu wo be wonye dziƒohabɔbɔ evelia aɖe, abe alesi woŋlɔe le ƒe 1886 me ɖe Studies in the Scriptures ƒe Babla I si nye The Divine Plan of the Ages me ene be: “Fiazikpuia kple Mawu ƒe nɔnɔme me nɔnɔ ƒe fetua masu wo si o, gake woadzi wo mlɔeba abe gbɔgbɔmeme siwo le nɔnɔme si bɔbɔ ɖe anyi wu Mawu ƒe nɔnɔme la me ene. Togbɔ be amesiawo ɖe adzɔgbe vavã hã la, xexeame ƒe gbɔgbɔ ɖu wo dzi ale gbegbe be wometsɔ woƒe agbe sa vɔe o.” Eye le ƒe 1930 me gɔ̃ hã la, woɖe susu ma gblɔ le Light, Agbalẽ Gbãtɔ me be: “Amesiwo le ameha gã sia me la do kpo wɔwɔ ɖe amekpekpe be woazu Aƒetɔ la ƒe ɖasefo dovevienuwo la dzi.” Woƒo nu tso wo ŋu be wonye amesiwo bu wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe ƒe habɔbɔ si si nyateƒea ƒe sidzedze le gake womewɔ nu gobii aɖeke tso gbeƒãɖeɖee ŋu o. Woayi dziƒo abe habɔbɔ evelia aɖe si makpɔ gome le fiaɖuɖu kple Kristo me o ene.
3. (a) Mɔkpɔkpɔ kae wotsɔ ɖo ame aɖewo siwo si dzi nyui le siwo va do vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me la ŋkume? (b) Aleke The Watch Tower la ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa mee le ƒe 1923 me?
3 Gake Kristotɔ amesiaminawo ƒe zɔhɛ bubuwo nɔ anyi siwo va do vevie nu ŋutɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Womenɔ mɔ kpɔm be yewoayi dziƒo o. Le nyateƒe me la, woƒe mɔkpɔkpɔ wɔ ɖeka kple dutoƒonuƒo aɖe si Yehowa ƒe amewo ƒo tso ƒe 1918 vaseɖe 1922 me la ƒe tanya. Le gɔmedzedzea me la, esia nye “Xexeame Wu Nu—Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.”a Le ema megbe kpuie la, October 15, 1923 ƒe Watch Tower magazine la ɖe Yesu ƒe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa (Mateo 25:31-46) me be: “Alẽwo tsi tre ɖi na dukɔwo me tɔwo katã siwo wometsɔ gbɔgbɔ dzi o gake wolɔ̃ dzɔdzɔenyenye, woxɔ Yesu Kristo le susu me be enye Aƒetɔ, eye wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si nyo wu si ava le eƒe dziɖuɖu te hele ŋu ɖom ɖe eŋu la.”
4. Aleke kekeli si ku ɖe anyigba dzi habɔbɔa ŋu la me kɔ ɖe edzi le ƒe 1931 mee? le ƒe 1932 mee? le ƒe 1934 mee?
4 Le ƒe aɖewo megbe, si nye le ƒe 1931 me la, Vindication ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzro Xezekiel ta 9 me heɖee fia be amesiwo ƒe ŋgonu wode dzesie be woatsi agbe le xexeame ƒe nuwuwu lae nye alẽawo le lododo si le etame la me. Vindication ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia si woɖe ɖe go le ƒe 1932 me la ƒo nu tso dzi dzɔdzɔe si nɔ Yonadab si menye Israel-vi o si, amesi ɖo Israel-fia Yehu si wosi ami na la ƒe tasiaɖam la heyi kplii ɖakpɔ Yehu ƒe veviedodo le alakpamawusubɔlawo tsɔtsrɔ̃ me teƒe la ŋu. (Fiawo II, 10:15-17) Agbalẽa gblɔ be: “Yonadab nye kpɔɖeŋu alo tsi tre ɖi na amesiwo si lɔlɔ̃nu nyui le le anyigba dzi fifia esime Yehu ƒe dɔa [si nye Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo gbɔgblɔ] le edzi yim, amesiwo mewɔ ɖeka kple Satana ƒe habɔbɔa o, wole dzɔdzɔenyenye ƒe akpa dzi, eye wonye amesiwo Aƒetɔ la axɔ ɖe agbe le Harmagedon ƒe ɣeyiɣia me, akplɔ wo to xaxa ma me ahana agbe mavɔ wo le anyigba dzi la. Amesiawoe nye ‘alẽwo’ ƒe habɔbɔa.” Le ƒe 1934 me la, The Watchtower na eme kɔ ƒã bena ele be Kristotɔ siawo siwo si anyigba dzi mɔkpɔkpɔ le la naɖe adzɔgbe na Yehowa eye woaxɔ nyɔnyrɔ̃. Kekeli si ku ɖe anyigba dzi habɔbɔ sia ŋu la me nɔ kɔkɔm ɖe edzi.—Lododowo 4:18.
5. (a) Amekawoe wogblɔ be ameha gã la nye le ƒe 1935 me? (b) Le ƒe 1935 me, esime J. F. Rutherford gblɔ na takpekpevala siwo si mɔkpɔkpɔ le be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la be woatsi tre la, nukae dzɔ?
5 Ɣeyiɣia de azɔ be gɔmesese si le Nyaɖeɖefia 7:9-17 ŋu la nado eme nakɔ keŋkeŋ! (Psalmo 97:11) Watchtower magazine la gblɔe enuenu be yewole mɔ kpɔm be takpekpe si woɖo be woawɔ le May 30 vaseɖe June 3, 1935, le Washington, D.C., U.S.A. la anye “akɔfafa ŋutɔ” na amesiwo Yonadab tsi tre ɖi na la eye ‘wòaɖe vi’ na wo. Eva eme nenema! Le nuƒo ʋãme aɖe si ku ɖe “Ameha Gã La” ŋu si wòƒo na takpekpevala siwo ade ame 20,000 la me la, J. F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɖe Ŋɔŋlɔa me kpeɖodzi si fia be egbegbe alẽ bubuawo kee nye Nyaɖeɖefia 7:9 me ameha gã la ɖe go. Esi nuƒo sia ɖo eƒe nyataƒoƒe la, nuƒola la gblɔ be: “Taflatse amesiwo katã si agbe nɔnɔ tegbee le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la natsi tre.” Esi nyaselawo dometɔ geɖe tsi tre la, zimenɔla la gblɔ be: “Mikpɔ ɖa! Ameha gã lae nye si!” Ðoɖoe zi toŋtoŋ, eye azɔ wodo aseyetsoɣli sesĩe. Aleke dzi dzɔ Yohanes habɔbɔa—kple Yonadab habɔbɔa hã—enye si! Esi ŋu ke la, Ðasefo yeye 840 xɔ nyɔnyrɔ̃, eye amesiawo dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be ameha gã ma me tɔwoe yewonye.
Kpeɖoɖo Amesiwo Ameha Gã la Nye Dzi
6. (a) Nukatae míate ŋu ase egɔme kɔte be ameha gã lae nye egbegbe Kristotɔ ɖeadzɔgbe siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi ƒe habɔbɔ la? (b) Nuka ƒe kpɔɖeŋue ameha gã la ƒe awu ʋlaya ɣiawo nye?
6 Nukatae míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi alea be ameha gã lae nye egbegbe Kristotɔ ɖeadzɔgbe siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le Mawu ƒe anyigba dzi la? Do ŋgɔ la, Yohanes kpɔ dziƒoyilawo ƒe habɔbɔ si “[woƒle] tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu” le ŋutega me. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Afima kee amehã gã la dzɔ tso gake afisi woanɔ to vovo. Womeɖo woƒe agbɔsɔsɔme ɖi abe Mawu ƒe Israel la ene o. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu agblɔ ame agbɔsɔsɔme si woanye la do ŋgɔ o. Wonyã woƒe awu ʋlayawo wofu ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me, esi nye kpɔɖeŋu si fia be wole dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume le Yesu ƒe vɔsa dzi si woxɔ se ta. (Nyaɖeɖefia 7:14) Eye wole deʋayawo ʋuʋum hele Mesia la kafum be enye yewoƒe Fia.
7, 8. (a) Ðikeke mele eme o be nudzɔdzɔ kawo dzie deʋaya siwo ʋuʋum wole la ɖo ŋkui na apostolo Yohanes? (b) Nukae nyateƒe si wònye be ameha gã la me tɔwo le deʋayawo ʋuʋum la fia?
7 Esi Yohanes nɔ ŋutega sia kpɔm la, eƒe susu anya yi megbemegbee ƒe 60 yi kwasiɖa mamletɔ si Yesu nɔ anyigba dzi la dzi. Le Nisan 9, 33 M.Ŋ. esime amehawo ƒo zi be yewoado dzaa na Yesu le eƒe gege ɖe Yerusalem me la, “wotsɔ deʋayawo, eye wodo yi ekpe ge, eye wodo ɣli bena: Hosana! Woayra amesi gbɔna le Aƒetɔ [Yehowa] ƒe ŋkɔa me, amesi nye Israel ƒe fia la.” (Yohanes 12:12, 13) Nenema kee alesi ameha gã la le deʋayawo ʋuʋum hele ɣli dom la ɖe woƒe dzidzɔkpɔkpɔ si womexe mɔ na o le Yesu xɔxɔ abe Fia si Yehowa ɖo ene me la fia.
8 Ðikeke mele eme o be deʋayawo kple dzidzɔɣliawo ɖo ŋku blema Israel ƒe Agbadɔŋkekenyuia hã dzi na Yohanes. Yehowa de se ku ɖe azã sia ŋu be: “Le ŋkeke gbãtɔ dzi miatsɔ atikutsetse nyuitɔwo, eye mialã deʋayawo, ati, siwo ƒe aŋgbawo do, ƒe alɔwo kple amuti ƒe alɔwo, eye miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu ŋku me ŋkeke adre sɔŋ.” Wozã deʋayawo abe aseyetsotso ƒe dzesi ene. Agbadɔ siwo wotu hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ɖo ŋku edzi na wo be Yehowa ɖe eƒe dukɔ tso Egipte hena wonɔ avɔgbadɔwo me le gbedzi. “Amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi” kpɔ gome le azã sia me. Ele be Israel bliboa “nakpɔ dzidzɔ wòatso me.”—Mose III, 23:40; Mose V, 16:13-15.
9. Aseyetsoɣli kae ameha gã la hã dona?
9 Ekema esɔ be togbɔ be ameha gã la menye gbɔgbɔ me Israel me tɔwo o hã la, wole deʋayawo ʋuʋum elabena wogblɔna le dzidzɔ kple akpedada me be yewoƒe aʋadziɖuɖu kple xɔname tso Mawu kple Alẽvi la gbɔ, abe alesi Yohanes gblɔ le afisia ene be: “Eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!” (Nyaɖeɖefia 7:10) Togbɔ be ameƒomeviwo katã mee woɖe ameha gã la tsoe hã la, “gbe gã” ɖeka ma koe wotsɔ le ɣli domee. Aleke woate ŋu awɔ esiae, esi wònye wotso dukɔ vovovowo me hegblɔa gbe vovovowo?
10. Aleke ameha gã la ate ŋu ado ɣli kple “gbe gã” ɖeka le ɖekawɔwɔ me togbɔ be wotso dukɔ kple gbegbɔgblɔ vovovowo me gake?
10 Ameha gã sia nye dukɔ geɖewo ƒe habɔbɔ ɖeka kolia si wɔ ɖeka vavã le anyigba dzi egbea la me tɔwo. Dzidzenu vovovowo mele wo si hena dukɔ vovovowo o, ke boŋ wowɔa Biblia ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔeawo ŋudɔ ɣesiaɣi le afisiafi si wole. Womeƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe kple tɔtrɔ kpata ƒe habɔbɔwo me o, ke boŋ ‘wotsɔ woƒe yiwo tu kodziwoe’ nyateƒe. (Yesaya 2:4) Womemã ɖe kɔmamã alo subɔsubɔhawo me ale be woanɔ gbedasi siwo tɔtɔ alo wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la gblɔm kple ɣli abe alesi Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo wɔnɛ ene o; eye womegblẽnɛ ɖe osɔfoha si woxea fe na hã si me be wòagblɔ kafukafunyawo ɖe yewo nu o. Womedoa ɣli gblɔna be yewoƒe xɔname tso gbɔgbɔ kɔkɔea gbɔ o, elabena womenye mawuɖekaetɔ̃ aɖe subɔlawo o. Le anyigbamamã abe 200 ene me le anyigba katã dzi la, wowɔ ɖeka le Yehowa ƒe ŋkɔ yɔm esime wole nyateƒe ƒe gbegbɔgblɔ dzadzɛ ɖeka la gblɔm. (Zefanya 3:9) Esɔ be woʋua eme le dutoƒo be yewoƒe xɔname tso Yehowa, xɔname ƒe Mawu la gbɔ to Yesu Kristo, Eƒe xɔxɔ ƒe Dɔnunɔlagã la dzi.—Psalmo 3:9; Hebritɔwo 2:10.
11. Aleke egbegbe mɔ̃ɖaŋuŋutinunya kpe ɖe ameha gã la me tɔwo ŋu be woƒe gbe gã la le ɖiɖim sesĩe wue?
11 Egbegbe mɔ̃ɖaŋuŋutinunya na kpekpeɖeŋu be ameha gã si wɔ ɖeka la ƒe gbe gã la le ɖiɖim sesĩe wu. Subɔsubɔha bubu aɖeke mele anyigba dzi si wòhiã na be wòata Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 200 me o elabena habɔbɔ bubu aɖeke metsɔ ɖeke le anyigba dzi tɔwo katã gbɔ ɖoɖo kple gbedasi ɖeka si wɔ ɖeka me o. Abe kpekpeɖeŋunu bubu ene le esia wɔwɔ me la, wowɔ Gbegbɔgblɔ Geɖe ƒe Nyaŋɔŋlɔ ɖe Foto me ƒe Elektrikimɔ̃ aɖe (MEPS) le Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha si wosi ami na la ƒe mɔfiafia te. Esime míele agbalẽ sia ŋlɔm la, wole MEPS ƒomevi vovovowo zãm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdze siwo wu 80 me le anyigba katã dzi, eye esia na kpekpeɖeŋu be wote ŋu le Gbetakpɔxɔ si nye woƒe magazine vevitɔ si wotana kwasiɖa eve ɖesiaɖe la tam ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 60 me le ɣeyiɣi ɖeka me. Yehowa ƒe amewo taa agbalẽwo hã, abe esia ene, ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me le ɣeyiɣi ɖeka me. Eyata Yehowa Ðasefo, siwo dometɔ akpa gãtɔ nye ameha gã la me tɔwo la te ŋu mãa agbalẽ miliɔn alafa geɖe ƒe sia ƒe le gbegbɔgblɔ siwo wonya nyuie wu la katã me, eye esia nana ame gbogbo bubu siwo tso towo kple gbegbɔgblɔwo katã me la te ŋu srɔ̃a Mawu ƒe Nya la eye wotsɔa woƒe gbe kpena ɖe ameha gã la ƒe gbe gã la ŋu.—Yesaya 42:10, 12.
Le Dziƒo alo le Anyigba Dzi?
12, 13. Mɔ ka nue ameha gã la “le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ” le?
12 Aleke míewɔ nya be “tsitre [si wole] ɖe fiazikpui la ŋgɔ” la mefia be ameha gã la le dziƒo o? Nya sia ŋuti ɖaseɖiɖi geɖe si me kɔ li. Le kpɔɖeŋu me, Hela-nya si gɔme woɖe le afisia be “ŋgɔ” (e·noʹpi·on) la gɔme le nyagbea nue nye “le ŋkume” eye wozãe zi geɖe ku ɖe amegbetɔ siwo le anyigba dzi siwo le Yehowa “ŋku me” alo ‘ŋgɔ’ la ŋu. (Timoteo I, 5:21; Timoteo II, 2:14; Romatɔwo 14:22; Galatiatɔwo 1:20) Ɣeaɖeɣi esime Israel-viwo nɔ gbeadzi la, Mose gblɔ na Aron bena: “Gblɔ na Israel-viwo ƒe ha blibo la bena: Mite va Yehowa ƒe ŋku me, elabena ese miaƒe liʋĩliʋĩlilĩ la.” (Mose II, 16:9) Mehiã be woakɔ Israel-viwo ayi dziƒo hafi woanɔ Yehowa ŋkume ɣemaɣi o. (Tsɔe sɔ kple Mose III, 24:8.) Ke boŋ wonɔ Yehowa ŋkume le gbeadzi afima eye eƒe susu nɔ wo ŋu.
13 Hekpe ɖe eŋu la, míexlẽe be: “Ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me . . . la, . . . woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me.”b Amegbetɔƒome bliboa katã manɔ dziƒo esime nyagblɔɖi sia ava eme o. Kakaɖedzitɔe la, amesiwo ‘ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me’ la mele dziƒo o. (Mateo 25:31-33, 41, 46) Ðe ema teƒe la, ameƒomea le anyigba dzi le afisi Yesu kpɔa wo le, eye wòtrɔa eƒe susu ɖe ʋɔnu dɔdrɔ̃ wo ŋu. Nenema kee ameha gã la “le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me” le gɔmesesea nu be wole tsitre ɖe afisi Yehowa kple eƒe Fia Kristo Yesu, amesiwo drɔ̃a ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe ʋɔnu wo la kpɔa wo le.
14. (a) Amekawoe wogblɔ be ‘woƒo xlã fiazikpui la’ eye wole “tsitre ɖe [dziƒo] Zion-to la dzi”? (b) Togbɔ be ameha gã la subɔa Mawu “le eƒe xɔ la me” hã la, nukatae esia mefia be wonye nunɔlawo ƒe ha o?
14 Wogblɔ le amegã xoxo 24 la kple amesiamina 144,000 ƒe habɔbɔ la ŋu be ‘woƒo xlã’ Yehowa ƒe “fiazikpui la” eye be wole “tsitre ɖe [dziƒo] Zion-to la dzi.” (Nyaɖeɖefia 4:4; 14:1) Ameha gã la menye nunɔlawo ƒe ha o eye nɔƒe kɔkɔ ma mesua wo si o. Nyateƒee, woƒo nu tso wo ŋu emegbe le Nyaɖeɖefia 7:15 me be wole Mawu subɔm “le eƒe xɔ la me.” Gake gbedoxɔ sia mefia kɔkɔeƒe emetɔa si nye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la o. Ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzie. Zi geɖe la gɔmesese gbadza si nye xɔ blibo si wotu hena Yehowa ƒe tadedeagu lae nɔa Hela-nya na·osʹ si gɔme woɖe le afisia be “xɔ” la ŋu. Egbea la, esia nye gbɔgbɔmexɔ si lɔ dziƒo kple anyigba siaa ɖe eme.—Tsɔe sɔ kple Mateo 26:61; 27:5, 39, 40; Marko 15:29, 30; Yohanes 2:19-21, New World Translation Reference Bible, etenuŋɔŋlɔ.
Xexeame Katã ƒe Kafukafuɣli
15, 16. (a) Aleke wowɔ nu le dziƒoe esime ameha gã la do? (b) Aleke Yehowa ƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo wɔa nu ɖe eƒe tameɖoɖo ƒe ɖeɖefia yeye ɖesiaɖe ŋue? (d) Aleke mí amesiwo le anyigba dzi míate ŋu akpɔ gome le kafukafuha la dzidzi mee?
15 Ameha gã la le Yehowa kafum, gake ame bubuwo hã le kafukafuhawo dzim nɛ. Yohanes ka nya ta bena: “Eye mawudɔlawo katã le tsitre ƒo xlã fiazikpui la kple amegã xoxoawo kple nu gbagbe eneawo, eye wotsyɔ woƒe mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wodo gbe ɖa na Mawu nɔ gbɔgblɔm bena: Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.”—Nyaɖeɖefia 7:11, 12.
16 Esi Yehowa wɔ anyigba la, eƒe dɔla kɔkɔeawo katã ‘tso aseye, eye Mawu ƒe viwo katã gli kple dzidzɔ.’ (Hiob 38:7) Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe ɖeɖefia yeye ɖesiaɖe anya na mawudɔlawo do kafukafuɣli nenema ke godoo. Esime amegã xoxo 24 la—siwo nye ame 144,000 la le woƒe dziƒoŋutikɔkɔe me—do ɣli be yewolɔ̃ ɖe Alẽvi la ƒe nɔƒe dzi la, Mawu ƒe dziƒonuwɔwɔ bubuwo katã de nu eme hekafu Yesu kple Yehowa Mawu. (Nyaɖeɖefia 5:9-14) Nuwɔwɔ siawo kpɔ dzidzɔ xoxo esime wokpɔ Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe emevava le eƒe amesiamina anukwaretɔwo fɔfɔ ɖe tsitre yi ŋutikɔkɔe ƒe nɔƒe le dziƒo me la. Azɔ Yehowa ƒe dziƒonuwɔwɔ anukwaretɔawo katã dzi kafukafuha vivi esime ameha gã la do. Nyateƒee, le Yehowa-subɔlawo katã gome la, Aƒetɔ ƒe ŋkeke la nye dzidzɔ ƒe ɣeyiɣi si me woanɔ. (Nyaɖeɖefia 1:10) Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye na mí le anyigba dzi afisia be míakpɔ gome le kafukafuha la dzidzi me to ɖaseɖiɖi le Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ŋu dzi!
Ameha Gã la Do
17. (a) Nya kae amegã xoxo 24 la dometɔ ɖeka bia, eye nukae nyateƒe si wònye be amegã xoxo la te ŋu nya ŋuɖoɖoa fia? (b) Ɣekaɣie woɖo amegã xoxo la ƒe biabia la ŋu?
17 Tso apostolo Yohanes ƒe ŋkekea dzi ʋuu va ge ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, Kristotɔ amesiaminawo menya amesiwo ameha gã la nye o. Eyata esɔ be amegã xoxo 24 siwo tsi tre ɖi na amesiamina siwo le dziƒo xoxo la dometɔ ɖeka ʋã Yohanes ƒe susu to nya si ku ɖe nya la ŋu tẽ la biabia dzi. “Eye amegã xoxoawo dometɔ ɖeka ɖo ŋu gblɔ nam bena: Amekawoe nye esiawo do awu ʋlaya ɣiwo, eye afika wotso mahã? Eye megblɔ nɛ bena: Nye aƒetɔ, wòe nyae!” (Nyaɖeɖefia 7:13, 14a) Ẽ, amegã xoxo ma te ŋu kpɔ ŋuɖoɖoa gblɔ na Yohanes. Esia fia be ɖewohĩ amegã xoxo 24 ƒe habɔbɔa me tɔ siwo wofɔ ɖe tsitre la le gome kpɔm le Mawu ƒe nyateƒenyawo gbɔgblɔ fia egbea me. Le Yohanes habɔbɔa me tɔ siwo le anyigba dzi la gome la, wova nya amesiwo ameha gã la nye to ŋkuléle ɖe nusi wɔm Yehowa le le wo dome la ŋu nyuie dzi. Wokpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe kekeli dadzo si klẽ le teokrasi ƒe dziŋgɔlia me le ƒe 1935 me le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi la kaba.
18, 19. (a) Mɔkpɔkpɔ ka dzie Yohanes habɔbɔa te gbe ɖo le ƒe 1920 kple 1930 ƒe ƒeawo me, gake amekawoe wɔ ɖe gbedasia dzi le agbɔsɔsɔ si nɔ dzidzim ɖe edzi me? (b) Nukae sidzedze amesiwo ameha gã la nye le ƒe 1935 me la fia ku ɖe ame 144,000 la ŋu? (d) Nukae Ŋkuɖodzi ƒe akɔntabubuwo ɖe fia?
18 Le ƒe 1920 ƒe ƒeawo kple ƒe 1930 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze me lɔƒo la, Yohanes habɔbɔa te gbe ɖe dziƒomɔkpɔkpɔa dzi le agbalẽwo kple gbeƒãɖeɖedɔa siaa me. Edze abe ɖe ame 144,000 ƒe xexlẽme blibo la mede haɖe o ene. Gake ame agbɔsɔsɔme si nɔ dzidzim ɖe edzi siwo wɔ ɖe gbedasia dzi eye woɖe dzonɔameme fia le ɖaseɖiɖidɔa me la gblɔ be yewodi be yewoanɔ agbe tegbee le Paradisonyigbaa dzi. Womedi be yewoayi dziƒo o. Menye emae woyɔ wo na o. Womele ha sue la me o, ke boŋ alẽ bubuawo domee wole. (Luka 12:32; Yohanes 10:16) Alesi wokpɔ wo dze sii le ƒe 1935 me be woawoe nye alẽ bubuawo ƒe ameha gã la ɖee fia be ame 144,000 la tiatia nɔ enu wum vɔ.
19 Ðe akɔntabubuwo ɖo kpe nyataƒoƒo sia dzia? Ẽ, woɖo kpe edzi. Le ƒe 1938 me le xexeame katã la, Yehowa ƒe ɖasefo 59,047 ye kpɔ gome le subɔsubɔdɔa me. Le amesiawo dome la, ame 36,732 ye ɖu Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ƒe ŋkuɖodzinuawo, esi fia be woyɔ wo hena dziƒoyiyi. Le ƒe siwo va yi tso ɣemaɣi me la, nua ɖula siawo dzi le ɖeɖem kpɔtɔ, vevietɔ le esi Yehowa ƒe ɖasefo anukwaretɔwo le woƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu wum le ku me ta. Le ƒe 1990 me la, ame 8,869 koe ɖu Ŋkuɖodzinuawo—esi mede ame ɖeka le ame 9,950,052 siwo yi xexeame katã ƒe azã ma ɖuƒe la ƒe ame 1,000 ɖesiaɖe dome o.
20. (a) Esime Xexemeʋa II nɔ edzi yim la, nya kae Habɔbɔa ƒe zimenɔla gblɔ le eɖokui si ku ɖe ameha gã la ŋu? (b) Nyateƒenya kawoe ɖee fia fifia be ameha gã la lolo ŋutɔ?
20 Esime xexemeʋa evelia dzɔ la, Satana dze agbagba vevie be yeatsi ameha gã la nu ƒoƒo ƒu nu. Woɖo asi Yehowa ƒe dɔa dzi le dukɔ geɖe me. Le xaxaɣi mawo siwo nye ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na J. F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒe ku le January 1942 me la, wosee wògblɔ be: “Aã . . . edze abe ɖe ameha gã la malolo fũ o ene.” Gake Mawu ƒe yayra fia mɔ be nusi to vovo na ema nadzɔ! Kaka ƒe 1946 naɖo la, Ðasefo siwo le subɔsubɔm le xexeame katã la dzi ɖe edzi va zu 176,456—eye amesiawo dome ame akpa gãtɔ nye ameha gã la me tɔwo. Le ƒe 1990 me la, Ðasefo 4,017,213 nɔ Yehowa subɔm anukwaretɔe le anyigba vovovo 212 dzi—wonye AMEHA GÃ AÐE vavã! Eye woƒe xexlẽmea le dzidzim ɖe edzi.
21. (a) Aleke Mawu ƒe amewo nu ƒoƒo ƒu le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la wɔ ɖeka kple Yohanes ƒe ŋutega la bliboe? (b) Aleke nyagblɔɖi vevi aɖewo dze egɔme nɔ eme vamee?
21 Eyata Mawu ƒe amewo nu ƒoƒo ƒu le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la wɔ ɖeka kple Yohanes ƒe ŋutega la bliboe: gbã la ame 144,000 la ƒe ame susɔeawo nu ƒoƒo ƒu ƒe dɔa; emegbea ameha gã la nu ƒoƒo ƒu. Abe alesi Yesaya gblɔe ɖi ene la, fifia “le ŋkeke mlɔeawo me” la, amesiwo tso dukɔwo katã me le zi ƒom ɖe Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛ la ŋu be yewoakpɔ gome le eme. Eye le nyateƒe me la, míetsoa aseye le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si Yehowa awɔ ŋu la ta. (Yesaya 2:2-4; 65:17, 18) Mawu le “nusiwo [katã] le dziƒo kple nusiwo [katã] le anyigba dzi la” nu ƒom ƒu. (Efesotɔwo 1:10) Dziƒofiaɖuƒea ƒe domenyila amesiaminawo—amesiwo wotia le ƒe alafawo me tso Yesu ŋɔli la—enye “nusiwo le dziƒo.” Eye fifia alẽ bubuwo ƒe ameha gã la do abe “nusiwo le anyigba dzi la” ƒe gbãtɔwo ene. Ne èsubɔ le ɖekawɔwɔ me kple ɖoɖo ma la, ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ vɛ na wò.
Ameha Gã la ƒe Yayrawo
22. Nya bubu kae Yohanes gase ku ɖe ameha gã la ŋu?
22 To mɔnuɖoɖo si Mawu wɔ dzi la, Yohanes gase nya bubu ku ɖe ameha gã sia ŋu: “Eye [amegã xoxo la gblɔ] nam bena: Amesiawo nye amesiwo do go tso xaxa gã la me, eye wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me. Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome.”—Nyaɖeɖefia 7:14b, 15.
23. Nukae nye xaxa gã si me ameha gã la “do go tso”?
23 Ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, Yesu gblɔ be yeƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒe ŋutikɔkɔe me la aɖo eƒe kɔkɔƒe le “xaxa gã . . . esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe egbegbe o, eye megale vava ge akpɔ o” la me. (Mateo 24:21, 22) Le nyagblɔɖi ma ƒe emevava me la, mawudɔlawo aɖe asi le anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo ŋu be woatsrɔ̃ Satana ƒe xexemenuɖoanyia. Babilon Gã si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe lae atsrɔ̃ gbã. Azɔ ne xaxa la ɖo sesẽaƒe la, Yesu axɔ na ame 144,000 la ƒe ame susɔe siwo le anyigba dzi la kple ameha gã la.—Nyaɖeɖefia 7:1; 18:2.
24. Aleke ameha gã la me tɔwo wɔna dzena hena agbetsitsi?
24 Aleke ameha gã la me tɔwo wɔna dzena hena agbetsitsi? Amegã xoxo la gblɔ na Yohanes be “wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.” Ne míagblɔe bubui la, woɖe Yesu dzi si woxɔ se abe woƒe Tafexela ene la fia, wotsɔ nyɔnyrɔ̃ɖetsime wɔ woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesie, eye woto woƒe agbe dzadzɛ nɔnɔ dzi ‘lé dzitsinya nyui me ɖe asi.’ (Petro I, 3:16, 21; Mateo 20:28) Eyata wole dzadzɛ eye wonye ame dzɔdzɔewo le Yehowa ƒe ŋkume. Eye woléa wo ɖokui “ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.”—Yakobo 1:27.
25. (a) Aleke ameha gã la le ‘subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na Yehowa zã kple keli le eƒe gbedoxɔ la mee’? (b) Aleke Yehowa ‘kekea eƒe agbadɔ’ ɖe ameha gã la dzie?
25 Hekpe ɖe eŋu la, wozu Yehowa ƒe ɖasefo dovevienuwo—“wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me.” Ameha gã ɖeadzɔgbe sia me tɔe nènyea? Nenye nenema la, ekema enye mɔnukpɔkpɔ na wò be nasubɔ Yehowa madzudzɔmadzudzɔe le eƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔ gã la ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi. Egbea le amesiaminawo ƒe mɔfiafia te la, ameha gã la le ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa gãtɔ wɔm. Togbɔ be ŋutilãmegbanɔamedziwo le wo dzi hã la, wo dome ame akpe alafa geɖe wɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ abe mɔɖelawo ene ŋu. Gake èɖale hatsotso ma me alo mele eme o, abe ameha gã la me tɔ ɖeadzɔgbe ene la, àte ŋu atso aseye be le wò xɔse kple dɔwɔnawo ta wotso afia na wò be nènye Mawu-xɔlɔ̃ eye wòxɔ wò be nadze yeƒe agbadɔ me. (Psalmo 15:1-5; Yakobo 2:21-26) Yehowa toa mɔ ma dzi ‘kekea eƒe agbadɔ’ ɖe amesiwo lɔ̃a eyama dzi eye wòkpɔa wo ta, abe amedzroxɔla nyui ene.—Lododowo 18:10.
26. Yayra bubu kawo mee ameha gã la ase vivi le?
26 Amegã xoxo la yi edzi be: “Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo ɖu ge o; elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.” (Nyaɖeɖefia 7:16, 17) Ẽ, Yehowa nye amedzrowɔla vavã! Gake gɔmesese deto kae le nya siawo ŋu?
27. (a) Aleke Yesaya gblɔ nya aɖe si ɖi amegã xoxo la tɔ ɖie? (b) Nukae ɖee fia be Yesaya ƒe nyagblɔɖia dze emevava gɔme ɖe Kristo-hamea dzi le Paulo ŋɔli?
27 Mina míadzro nyagblɔɖi aɖe si me nyawo sɔ kple esia la me kpɔ: “Ale Yehowa gblɔ esi: Mase wò gbe le amenuveɣi, eye maxɔ na wò le xɔnamegbe . . . Dɔ kple tsikɔ mawu wo o, eye ŋdɔ kple ɣe maɖu wo o, elabena wo nuvela le wo kplɔm, eye wòakplɔ wo ato tsidzidziwo ŋu.” (Yesaya 49:8, 10; kpɔ Psalmo 121:5, 6 hã.) Apostolo Paulo yɔ nyagblɔɖi sia ƒe akpa aɖe hetsɔe ku ɖe “xɔxɔgbe” si dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la ŋu. “Elabena [Yehowa gblɔ] bena: ‘Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.’ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!”—Korintotɔwo II, 6:2.
28, 29. (a) Aleke Yesaya ƒe nyawo va emee le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Aleke Nyaɖeɖefia 7:16 ƒe nyawo va eme le ameha gã la gomee? (d) Nukae ado tso ameha gã la kpɔkplɔ ayi “agbetsi dzidziwo” gbɔ la me? (ɖ) Nukatae ameha gã la anye ame tɔxɛwo le ameƒomea me?
28 Aleke ŋugbedodo be dɔ alo tsikɔ mawu wo o eye ŋdɔkutsu heliheli magaɖu wo o la va emee ɣemaɣi? Kakaɖedzitɔe la, Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la kpe fu tso dɔwuame kple tsikɔwuame ŋutɔŋutɔ si me ɣeaɖewoɣi. (Korintotɔwo II, 11:23-27) Gake le gbɔgbɔ me la, nu nɔ wo si le agbɔsɔsɔ me. Wona nu geɖe wo ale be gbɔgbɔmenuwo ƒe dɔ alo tsikɔ mewu wo o. Gawu la, Yehowa mena eƒe dziku heliheli ƒe dzoxɔxɔ va wo dzi esime wòtsrɔ̃ Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia le ƒe 70 M.Ŋ. me o. Nyaɖeɖefia 7:16 ƒe nyawo va eme le gbɔgbɔ me nenema ke na ameha gã la egbea. Woa kple Kristotɔ amesiaminawo wole vivi sem le gbɔgbɔmenunana gbogbowo me.—Yesaya 65:13; Naxum 1:6, 7.
29 Ne ameha gã ma me tɔe nenye la, eɖanye nukawo mee wòahiã be nado dzi le le koɖoɖo kple xaxawo me le Satana ƒe nuɖoanyia ƒe ƒe mamleawo me o, dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ana ‘natso aseye.’ (Yesaya 65:14) Le susu ma nu la, fifia kura gɔ̃ hã la, Alẽvi la ate ŋu ‘atutu aɖatsiwo katã ɖa le wò ŋku me.’ Mawu ƒe fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe “ɣe” si nu sẽ, megale ŋɔdzi dom na wò o, eye ne woɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe ya eneawo ŋu la, Yehowa ƒe dɔmedzoe ƒe “ŋdɔkutsu” la maɖu wò o. Le tsɔtsrɔ̃ ma megbe la, Alẽvi la akplɔ wò be nakpɔ viɖe blibo tso ‘agbetsi dzidzi’ siwo ganaa ŋusẽ ame, siwo tsi tre ɖi na ɖoɖo siwo katã Yehowa wɔ be nakpɔ agbe mavɔ la me. Ava dze ƒã be Alẽvi la ƒe ʋu la dzi si nexɔ se la sɔ esime woana nanɔ amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ ɖom ʋeʋeʋe. Mi ameha gã la me tɔwo mianye ame tɔxɛwo le ameƒomea me abe “ame miliɔn geɖe” siwo meva hiã be woaku gɔ̃ hã o ene! Le gɔmesese bliboa nu la, woatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le miaƒe ŋku me.—Nyaɖeɖefia 21:4.
Nana Kakaɖedzi Nanɔ Yɔyɔ la Ŋu
30. Nu wɔnuku kawoe míekpɔ do ŋgɔ le Yohanes ƒe ŋutega la me, eye amekawoe ate ŋu “anɔ tsitre”?
30 Nu wɔnuku kawoe nye si nya siawo na míekpɔ do ŋgɔ! Yehowa ŋutɔ le eƒe fiazikpui dzi, eye eƒe dɔla siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi wɔ ɖeka le ekafukafu me. Eƒe dɔla siwo le anyigba dzi kpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ gã si wònye be woakpɔ gome le kafukafuha sia si le dzidzim ɖe edzi dzidzi me la ŋu. Eteƒe madidi o, Yehowa kple Kristo Yesu le ʋɔnu drɔ̃ ge, eye woase ɣlidodoa be: “[Woƒe] dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?” (Nyaɖeɖefia 6:17) Nukae nye ŋuɖoɖoa? Ameƒomea me tɔ ʋee aɖewo koe, amesiwo dome ame 144,000 siwo nu wotre la ƒe ame susɔe siwo kpɔtɔ le ŋutilã me kple alẽ bubuwo ƒe ameha gã aɖe si “anɔ tsitre,” si fia be woatsi agbe kpli wo, la le.—Tsɔe sɔ kple Yeremya 35:19; Korintotɔwo I, 16:13.
31. Aleke wòle be Yohanes ƒe ŋutega la ƒe emevava nawɔ dɔ ɖe Kristotɔ amesiaminawo kple ameha gã la me tɔwo siaa dzie?
31 Le nyateƒenya sia ta la, Kristotɔ amesiamina siwo nye Yohanes habɔbɔa me tɔwo ʋlia wo ɖokui sesĩe le “dzesiɖoƒe yome [titi] yiɖase Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la dzi le Kristo Yesu me” la me. (Filipitɔwo 3:14) Wonya nyuie be nusiwo le dzɔdzɔm le ŋkeke siawo me la bia be yewoado dzi etɔxɛ. (Nyaɖeɖefia 13:10) Le esi wosubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe megbe la, woléa xɔse la me ɖe asi hetsoa aseye be “woŋlɔ” yewoƒe ŋkɔwo “ɖi le dziƒowo.” (Luka 10:20; Nyaɖeɖefia 3:5) Ameha gã la me tɔwo hã nya be “amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 24:13) Togbɔ be wode dzesi ameha gã la abe ƒuƒoƒo ene be woato xaxa gã la me ado hã la, ele be amesiwo le eme la naʋli wo ɖokui ɖekaɖeka be woanɔ dzadzɛ ahanɔ dɔ wɔm.
32. Nɔnɔme si hiã na nuwɔwɔ kpata ka dzie nyateƒe si wònye be ƒuƒoƒo eve koe ate ŋu “anɔ tsitre” le Yehowa ƒe dzikudogbe la te gbe ɖo?
32 Ðaseɖiɖi aɖeke meli si fia be le ƒuƒoƒo eve siawo megbe la ame bubu aɖe “anɔ tsitre” le Yehowa ƒe dzikudogbe la o. Nukae esia fia na ame miliɔn geɖe siwo dea bubu Yesu ƒe vɔsa la ŋu ƒe sia ƒe vaseɖe afi aɖe to eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia wɔƒe yiyi dzi gake womeɖe Yesu ƒe vɔsa la dzi xɔxɔ se fia wòɖo afisi woazu Yehowa ƒe subɔla adzɔgbeɖela xɔnyɔnyrɔ̃ siwo le eƒe dɔ wɔm o la? Hekpe ɖe eŋu la, amesiwo nɔ dɔa wɔm tsã gake woɖe mɔ “dzimaɖitsitsi ɖe agbe ŋu [te woƒe dzi] ɖe to” ya ɖe? Ame mawo katã nanyɔ eye woanɔ ŋute be woate ŋu “asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be [woatsi] tre ɖe Amegbetɔvi [Yesu Kristo] ŋku me.” Ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie!—Luka 21:34-36.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, April 1, 1918 tɔ, axa 98.
b Le nyagbea nu la, “le eŋgɔ,” The Kingdom Interlinear Translation of the Greek Scriptures.
[Aɖaka si le axa 119]
Gɔmeɖeɖewo Nye Mawu Tɔ
Yohanes habɔbɔa me tɔwo di be yewoanya amesiwo ameha gã la nye la ƒe geɖe gake womekpɔ numeɖeɖe si na dzidzeme wo o. Nukatae? Míekpɔ ŋuɖoɖoa le anukwaretɔ Yosef ƒe nyawo me esime wògblɔ be: “Gɔmeɖeɖe la menye Mawu tɔe oa?” (Mose I, 40:8) Ɣekaɣie Mawu ɖea eƒe nyagblɔɖiwo ƒe emevava gɔme, eye aleke wòwɔnɛ? Zi geɖe la, ne ɣeyiɣia de be woava eme alo wole eme vam lae wòɖea wo gɔme ale be eƒe dɔla siwo le nu me kum la nate ŋu akpɔ gbedasi si le wo me la adze sii kɔte. Enaa gɔmesese sia “le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.”—Romatɔwo 15:4.
[Aɖaka si le axa 124]
Ameha gã la me tɔwo
▪ tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me
▪ le tsitre ɖe Yehowa ƒe fiazikpui la ŋgɔ
▪ nyã woƒe awuwo le Alẽvi la ƒe ʋu me wofu ɣie
▪ gblɔna be yewoƒe xɔname tso Yehowa kple Yesu gbɔ
▪ do go tso xaxa gã la me
▪ subɔa Yehowa zã kple keli le eƒe gbedoxɔa me
▪ kpɔa Yehowa ƒe takpɔkpɔ kple beléle si me lɔlɔ̃ le
▪ nɔa Yesu ƒe kpɔkplɔ te yia agbetsi dzidziwo gbɔ
[Nɔnɔmetata si xɔ axa 121]
[Nɔnɔmetata si le axa 127]
Ameha gã la ƒe xɔname tso Mawu kple Alẽvi la gbɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 128]
Alẽvi la akplɔ ameha gã la ayi agbetsi dzidziwo gbɔe