Ta 23
Vɔ̃ Evelia—Sɔdolawo ƒe Aʋakɔ
1. Togbɔ be osɔfowo dze agbagba be yewoaɖe ʋetsuviawo ɖa hã la, nukae dzɔ, eye nukae vɔ̃ eve bubuwo ƒe vava fia?
TSO ƒe 1919 dzi la, kpɔɖeŋu ƒe ʋetsuviawo ƒe Kristodukɔa dzi dzedze ɖe fu na osɔfoawo ŋutɔ. Wodze agbagba be yewoaɖe ʋetsuviawo ɖa, gake ʋetsuvi siawo yi edzi eye ŋusẽ le wo ŋu wu tsã. (Nyaɖeɖefia 9:7) Gake mevɔ o! Yohanes ŋlɔe bena: “Vɔ̃ ɖeka nu va yi; kpɔ ɖa, vɔ̃ eve gale megbe gbɔna.” (Nyaɖeɖefia 9:12) Fuwɔame bubuwo le ŋgɔ gbɔna na Kristodukɔa.
2. (a) Nukae dzɔ esime mawudɔla adelia ku eƒe kpẽa? (b) Nukae “gbe aɖe [si] ɖi tso sikavɔsamlekpui . . . ƒe dzo eneawo gbɔ” la tsi tre ɖi na? (d) Nukatae woƒo nu tso mawudɔla ene ŋu?
2 Afikae vɔ̃ evelia tso? Yohanes ŋlɔe bena: “Eye mawudɔla adelia ku kpẽ la, eye mese gbe aɖe ɖi tso sikavɔsamlekpui, si le Mawu ŋku me la, ƒe dzo eneawo gbɔ, le gbɔgblɔm na mawudɔla adelia, si lé kpẽ la ɖe asi la bena: Tu dɔla ene, siwo wobla ɖe Frat-tɔsisi gã la to.” (Nyaɖeɖefia 9:13, 14) Gbe si ɖi tso sikavɔsamlekpui la ƒe dzoawo dome la ƒe nya dzi wɔwɔe na woɖe asi le mawudɔlawo ŋu. Esiae nye sikadzudzɔdosonu la, eye zi eve do ŋgɔ la, wogblɔ be sikagba siwo tso vɔsamlekpui sia dzi ƒe atike ʋeʋẽewo ku ɖe ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo ŋu. (Nyaɖeɖefia 5:8; 8:3, 4) Eyata gbe ɖeka sia tsi tre ɖi na ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la ƒe gbedodoɖa siwo wɔ ɖeka. Wole koko ƒom be woaɖe yewo ŋutɔwo be yewoagawɔ subɔsubɔdɔ dzonɔamemetɔe abe Yehowa ƒe “dɔtsɔlawo” ene, esi wònye esiae nye Hela-nya si gɔme woɖe be ‘dɔlawo’ le afisia la ƒe gɔmesese ŋutɔŋutɔ ta. Nukatae wonye mawudɔla ene? Edze abe ɖe kpɔɖeŋu ƒe xexlẽme sia le fiafiam be woawɔ ɖoɖo na wo ale gbegbe be woakpe anyigba blibo la katã ɖo ene.—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 7:1; 20:8.
3. Aleke “wobla” mawudɔla eneawo ‘ɖe Frat-tɔsisi gã la toe’?
3 Aleke “wobla” mawudɔla mawo ‘ɖe Frat-tɔsisi gã la toe’? Le blemaɣeyiɣiwo me la, Frat-tɔsisi lae nye anyigba si ŋugbe Yehowa do na Abraham la ƒe liƒo le anyieheɣedzeƒe gome. (Mose I, 15:18; Mose V, 11:24) Edze abe ɖe woɖo asi dɔlawo dzi le anyigba si Mawu na wo, alo woƒe dɔwɔƒe le anyigba dzi la, ƒe liƒo dzi ene, si nye be woxe mɔ na wo be woagawɔ dɔ si Yehowa dzra ɖo ɖi na wo la bliboe o. Wonya Babilon-du la ɖe Frat-tɔsisi la hã ŋu nyuie, eye esi woɖu Yerusalem dzi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me megbe la, ŋutilã me Israel-viwo nɔ kluvinyenye me le afima ƒe 70 esime “wobla [wo] ɖe Frat-tɔsisi gã la to.” (Psalmo 137:1) Le ƒe 1919 me la, gbɔgbɔ me Israel-viwo nɔ babla le mɔxeɖenu kple nuxaxa ma tɔgbe me eye wonɔ Yehowa ƒe mɔfiafia biam.
4. Dɔ kae wode asi na mawudɔla eneawo, eye aleke wowɔe de goe?
4 Dzidzɔtɔe la, Yohanes te ŋu ka nya ta be: “Eye wotu dɔla ene, siwo dzra wo ɖokui ɖo hena gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kpakple ƒe la, bena woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.” (Nyaɖeɖefia 9:15) Yehowa nye Gamedzinɔla. Ɣeyiɣi ƒe ɖoɖowɔɖi le esi eye wòwɔna ɖe edzi. Eyata woɖe asi le dɔla siawo ŋu le game dzi tututu eye wònye ɣeyiɣi si sɔ be woawɔ dɔ si wòle be woawɔ la awu nu. Kpɔ dzi si dzɔ wo esime wodo tso aboyo me le ƒe 1919 me henɔ klalo be yewoawɔ dɔ la ɖa! Wode dɔ asi na wo, menye be woawɔ fu “amewo ƒe akpa etɔ̃lia” ko o, ke boŋ be “woawu” wo mlɔeba hã. Esia do ƒome kple fukpekpe siwo kpẽkuku ene gbãtɔwo ɖe gbe ƒãe la, esiwo wɔ fu anyigba kple atsiaƒu kple ƒumelãwo kple tsi dzidziwo kpakple tɔsisiwo kple dziƒokekelitsoƒewo ƒe akpa etɔ̃lia la. (Nyaɖeɖefia 8:7-12) Mawudɔla eneawo wɔ nusi yi ŋgɔ wu ema. ‘Wowu’ amewo, si nye be woklo nu le gbɔgbɔmeku ƒe nɔnɔme si me Kristodukɔa le la dzi keŋkeŋ. Nya siwo wogblɔ abe kpẽkuku ene tso ƒe 1922 dzi eye woyi edzi vaseɖe fifia la wɔ esia de goe.
5. Aleke wona kpẽkuku adelia gaɖie le ƒe 1927 me ɖe Kristodukɔa ŋu?
5 Ðo ŋku edzi be ɖeko dziƒodɔla la ku kpẽ adelia vɔ tetie nye ma. Le wɔwɔ ɖe edzi me la, wowɔ Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒe sia ƒe dukɔwo dome takpekpe siwo tsiã ɖe enu la ƒe adelia le Toronto, Ontario, si le Kanada. Woto radiodɔwɔƒe 53 siwo tsiã woƒe dɔwɔwɔ dzi kaka Kwasiɖagbe, July 24, 1927 ƒe nuƒoawo, wònye radiodɔwɔƒe agbɔsɔsɔ gãtɔ ƒe ɖekawɔwɔ ɣemaɣi. Gbedasi ma si wogblɔ kple nu la ɖo nyasela siwo anye ame miliɔn geɖe la gbɔ. Gbã la, tameɖoɖo kplikpa aɖe si nu sẽ klo nu le Kristodukɔa ŋu be eku le gbɔgbɔ me, eye wòkpe amewo be: “Le tɔtɔ ƒe gaƒoƒo sia me la, Yehowa Mawu le gbɔgblɔm na amewo be woaɖe asi le ‘Kristodukɔa’ alo ‘Kristotɔnyenye ƒe habɔbɔwo’ ŋu eye woagblẽ wo ɖi tegbee ahadzo le wo gbɔ keŋkeŋ . . . ; [mina] amewo natsɔ woƒe dzi kple anukwareɖiɖi blibo na Yehowa Mawu kple eƒe Fia kple fiaɖuƒe la.” “Ablɔɖe na Dukɔwo” ye nye dutoƒonuƒo si kplɔe ɖo la ƒe tanya. J. F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla la ƒo nuƒo sia dzonɔamemetɔe abe alesi wòwɔnɛ ɖaa ene wòsɔ kple “dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe” si Yohanes kpɔ azɔ le ŋutega me la.
6. Aleke Yohanes ƒo nu tso sɔdolawo ƒe aʋakɔ si wòkpɔ azɔ la ŋue?
6 “Eye sɔdolawo ƒe aʋakɔ ƒe xexlẽme le akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve; mese woƒe xexlẽme. Eye ale mekpɔ sɔwo kple amesiwo do wo la, le ŋutega me: Wodo akɔtakpoxɔnu, siwo ɖi dzo, kple akɔtakpoxɔnu yibɔwo kpakple akɔtakpoxɔnu dzẽwo, eye sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene, eye dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe do go tso woƒe nu me. Eye wowu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le fuwɔame etɔ̃ siawo me, le dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe, si do go tso woƒe nu me la ŋuti.”—Nyaɖeɖefia 9:16-18.
7, 8. (a) Amekawo ƒe mɔfiafia te ye sɔdolawo do le kple ŋusẽ? (b) Mɔ kawo nue sɔdolawo ɖi ʋetsuvi siwo do ŋgɔ na wo la le?
7 Edze abe ɖe sɔdola siawo do kple ŋusẽ le mawudɔla eneawo ƒe mɔfiafia te ene. Nukpɔkpɔ dziŋɔ kae nye si! Bu alesi nawɔ nui ŋu kpɔ nenye be dziwòe sɔdola mawo tɔgbe ho gbɔna! Woƒe dzedzeme ɖeɖe dzaa ana dzidzi naƒo wò. Gake ède dzesi alesi sɔdola siawo ɖi ʋetsuvi siwo do ŋgɔ na wo laea? Ʋetsuviawo nɔ abe sɔwo ene; sɔwo dzie sɔdolawo le. Ekema teokrasiʋa wɔm ha evea siaa le. (Lododowo 21:31) Ʋetsuviawo ƒe aɖuwo nɔ abe dzatawo tɔ ene; sɔ siwo dzi sɔdolawo le la ƒe tawo le abe dzatawo ƒe ta ene. Eyata evea siaa ku ɖe Yesu Kristo, Dzata kalẽtɔ si tso Yuda-toa me, si nye woƒe Ŋgɔnɔla, Aʋakplɔla kple Kpɔɖeŋuɖola la ŋu.—Nyaɖeɖefia 5:5; Lododowo 28:1.
8 Ʋetsuviawo kple sɔdolawo siaa kpɔa gome le Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃dɔa me. Ʋetsuviawo do tso dzudzɔ si fia vɔ̃ kple dzo tsrɔ̃nu si ava Kristodukɔa dzi la me; dzo, dzudzɔ kpakple dzokpe le dodom tso sɔawo ƒe nu me. Gakɔtakpoxɔnuwo nɔ ʋetsuviawo si, esiwo fia be wo ɖokui si wotsɔ na dzɔdzɔenyenye matrɔmatrɔe la nye takpɔkpɔ na woƒe dzi; sɔdolawo do akɔtakpoxɔnu siwo ƒe amadede nye dzĩa, blɔtɔ, kple aŋuti ɖiɖi tɔ, esiwo fia ʋɔnudrɔ̃gbedasi wuame siwo do tso sɔawo ƒe nu me la ƒe dzo, dzudzɔ kple dzokpe. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 19:24, 28; Luka 17:29, 30.) Asike nɔ ʋetsuviawo si abe dziɖegbewo ene hena fuwɔwɔ ame; sɔwo ƒe asikewo le abe dawo ene hena amewuwu! Edze abe ɖe sɔdolawo ayi nusi gɔme ʋetsuviawo dze la dzi ŋusẽtɔe wu vaseɖe esime woawu enu ene.
9. Nukae sɔdolawo tsi tre ɖi na?
9 Eyata nukae sɔdola siawo tsi tre ɖi na? Alesi ko Yohanes habɔbɔ si nye amesiaminawo dze Yehowa ƒe hlɔ̃biabia ƒe ʋɔnu si wòadrɔ̃ Kristodukɔa gbɔgblɔ abe kpẽkuku ene kple ŋusẽ be ‘woate wo ahawɔ nuvevi woe’ la, nenema kee míakpɔ mɔ be woawɔ ƒuƒoƒo ma ke si le agbe la ŋudɔ le ‘amewuwu’ si nye eɖeɖe fia be Kristodukɔa kple eƒe osɔfowo ku keŋkeŋ le gbɔgbɔ me, Yehowa tsɔ wo ƒu gbe eye ɣeyiɣia de be woatsɔ wo ade “dzokpo la” si nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ me la me. Le nyateƒe me la, ele be Babilon Gã bliboa katã natsrɔ̃. (Nyaɖeɖefia 9:5, 10; 18:2, 8; Mateo 13:41-43) Gake do ŋgɔ na Kristodukɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ la, Yohanes habɔbɔa wɔa “gbɔgbɔ ƒe yi, si nye mawunya la” ŋudɔ tsɔ kloa nu le ku ƒe nɔnɔme si me wòle la dzi. Mawudɔla eneawo kple sɔdolawo naa mɔfiafia le “amewo ƒe akpa etɔ̃lia” wuwu le kpɔɖeŋumɔ sia nu me. (Efesotɔwo 6:17; Nyaɖeɖefia 9:15, 18) Esia fia ɖoɖowɔwɔ nyuie kple teokrasi ƒe mɔfiafia le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dzikpɔkpɔ te esime Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe ha dziŋɔ la ho yina aʋa wɔ ge.
Akpe Ewo Teƒe Akpe Ewo Teƒe Eve
10. Gɔmesese ka nue sɔdolawo nye akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve?
10 Aleke sɔdola siawo ƒe xexlẽme anye akpe ewo [myriad] teƒe akpe ewo teƒe evee? Myriad [le Eŋlisigbe me] nye 10,000. Eyata akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve la anye miliɔn 200.a Dzidzɔtɔe la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela miliɔn geɖe li fifia, gake woƒe xexlẽme megogo miliɔn alafa geɖe kura o! Gake ɖo ŋku Mose ƒe nya siwo le Mose IV, 10:36 la dzi be: “Yehowa, gagbugbɔ va Israel ƒe ame akpeawo gbɔ!” (Tsɔe sɔ kple Mose I, 24:60.) Le nyagbea nu la, ema afia be ‘Gagbugbɔ va Israel ƒe ame miliɔn ewoawo gbɔ.’ Gake ame miliɔn eve yina miliɔn etɔ̃ koe Israel nye le Mose ŋɔli. Ekema nuka gblɔm Mose le? Ðikeke mele eme o be enɔ susu me nɛ be mele be xexlẽme nanɔ Israel-viwo ŋu o, abe “dziƒoɣletiviwo kple ƒutake” ene, tsɔ wu be woaxlẽ wo. (Mose I, 22:17; Kronika I, 27:23) Eyata ezã nya si gɔme woɖe be “akpeawo” tsɔ fia be woanye ame gbogbo siwo womenya xexlẽme na o. Eyata The New English Bible ɖe kpukpui sia gɔme be: “Israel ƒe ame akpe manyaxlẽawo ƒe AƑETƆ, dzudzɔ.” Esia wɔ ɖeka kple nya si wozãna na ‘akpewo’ la ƒe gɔmeɖeɖe bubu si le Hela- kple Hebri-nyagɔmeɖegbalẽwo me, si nye: “ameha si womenya xexlẽme na o,” “ameha” aɖe.—The New Thayer’s Greek-English Lexicon of the New Testament; Gesenius ƒe A Hebrew and English Lexicon of the Old Testament, si gɔme Edward Robinson ɖe.
11. Be Yohanes habɔbɔa nava zu ame akpe ewowo le kpɔɖeŋu ƒe gɔmesese gɔ̃ hã nu la, nukae ahiã?
11 Gake Yohanes habɔbɔa me tɔ siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la mede 10,000 o—womede myriad ŋutɔŋutɔ nu o. Aleke woate ŋu atsɔ wo asɔ kple sɔdola akpe gbogbo manyaxlẽe? Be woazu akpe ewowo le kpɔɖeŋu ƒe gɔmesese gɔ̃ hã nu la, ɖe mahiã be ame bubuwo nakpe ɖe wo ŋu oa? Ema nye nusi wohiã, eye to Yehowa ƒe amenuveve dzi la, emae nye nusi wokpɔ! Afikae amesiawo tso va?
12, 13. Ƒe 1918 vaseɖe ƒe 1935 me ŋutinya me nudzɔdzɔ kawoe ɖe afisi ame bubu siwo va le kpekpeɖeŋu nam la tso la fia?
12 Tso ƒe 1918 vaseɖe ƒe 1922 me la, Yohanes habɔbɔa dze mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si nye be “ame miliɔn geɖe siwo le agbe fifia maku akpɔ o” la ɖoɖo amegbetɔ siwo xaxa la ŋkume. Le ƒe 1923 me la, woɖee fia hã be Mateo 25:31-34 me alẽawo anyi agbe mavɔ ƒe dome le anyigba dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te. Mɔkpɔkpɔ ma tɔgbe nɔ agbalẽvi si nye Freedom for the Peoples si woɖe ɖe go le dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le ƒe 1927 me la me. Le ƒe 1930 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze lɔƒo la, woɖee fia be Yonadab habɔbɔ si nye ame dzɔdzɔewo kpakple “amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam” le Kristodukɔa ƒe gbɔgbɔ me nɔnɔme wɔnublanuia ta la kee nye kpɔɖeŋu ƒe alẽ siwo si anyigbadzigbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la. (Xezekiel 9:4; Fiawo II, 10:15, 16) Le mɔ fiafia ame mawo yi egbegbe “sitsoƒeduwo” mee la me la, August 15, 1934 ƒe The Watchtower gblɔ be: “Yonadab habɔbɔa me tɔwo se Mawu ƒe kpẽkukua eye wowɔ ɖe nuxlɔ̃me la dzi to sisi va Mawu ƒe habɔbɔa me kple ha si wole dedem kple Mawu ƒe amewo dzi, eye ele be woanɔ afima.”—Mose IV, 35:6.
13 Le ƒe 1935 me la, wokpe Yonadab habɔbɔ sia me tɔwo etɔxɛ be woava Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe le Washington, D.C., U.S.A. Afimae le Fiɖagbe, May 31 dzi la, J. F. Rutherford ƒo eƒe nuƒo xɔŋkɔ si nye “Ameha Gã La” le, esi me wòɖee fia le kɔte be Nyaɖeɖefia 7:9 me habɔbɔ sia kee nye alẽawo le Mateo 25:33 me—esi nye adzɔgbeɖelawo ƒe habɔbɔ si si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le. Abe nusiwo ava dzɔ ƒe dzesi ene la, wona nyɔnyrɔ̃ Ðasefo yeye 840 le takpekpe ma me, eye wo dome ame akpa gãtɔ nye ameha gã la me tɔwo.b
14. Ðe ameha gã la akpɔ gome le kpɔɖeŋu ƒe sɔdolawo ƒe aʋahohoa mea, eye tame kae woɖo kplikpaa le ƒe 1963 me?
14 Ðe ameha gã sia kpɔ gome le sɔdolawo ƒe aʋahoho si dze egɔme le ƒe 1922 me eye wote gbe ɖe edzi vevie le Toronto takpekpea me le ƒe 1927 me la mea? Le mawudɔla ene, siwo nye amesiaminawo ƒe Yohanes habɔbɔ la ƒe mɔfiafia te la, wokpɔ gome le eme kakaɖedzitɔe! Le “Nya Nyui Mavɔ” Takpekpe si wowɔ le xexeame katã le ƒe 1963 me la me la, ewɔ ɖeka kple Yohanes habɔbɔa le tameɖoɖo kplikpa ʋãme aɖe wɔwɔ me. Esia ɖe gbe ƒãe be xexeame “dze ŋgɔ xexeame ƒe kuxiwo ƒe anyigbaʋuʋu aɖe si tɔgbe mekpɔ kpɔ o, eye woaʋuʋu eƒe dunyahenuɖoanyiwo katã kple eƒe egbegbemawusubɔsubɔ ƒe Babilon la wòakaka ʋayaʋaya.” Woɖe tameɖoɖo kplikpaa gblɔ be “míayi edzi aɖe gbe ƒã ‘nya nyui mavɔ’ si ku ɖe Mawu ƒe Mesia fiaɖuƒea kple eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo le abe fukpekpewo ene na eƒe futɔwo gake woava eme hena amesiwo katã di be yewoasubɔ Mawu Wɔla la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me wòadze eŋu la ƒe ablɔɖekpɔkpɔ ŋu la na amewo katã ameŋkumemakpɔmakpɔe.” Takpekpeyilawo ƒe agbɔsɔsɔ ƒoƒu si nye 454,977 siwo dometɔ siwo wu 95 le alafa ɖesiaɖe me nye ameha gã la me tɔwo la da asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa sia dzi dzonɔamemetɔe le takpekpe 24 siwo wowɔ le xexeame katã la me.
15. (a) Le ƒe 1990 me la, ame nenie ameha gã la nye le dɔwɔla siwo ŋudɔ wɔm Yehowa le le gbeadzi la ƒe ame alafa ɖesiaɖe me? (b) Aleke Yesu ƒe gbedodoɖa si le Yohanes 17:20, 21 la ɖe ameha gã la ƒe ɖekawɔwɔ kple Yohanes habɔbɔ la fiae?
15 Ameha gã la yi edzi le woƒe ɖekawɔwɔ bliboe kple Yohanes habɔbɔa le fukpekpewo hehe va Kristodukɔa dzi me la gblɔm fia. Le ƒe 1990 me la, ameha gã sia nye ame 99.7 kple vɔ le dɔwɔla siwo zãm Yehowa le le gbeadzi la ƒe alafa ɖesiaɖe me. Amesiwo le eme la tsɔ dzi blibo wɔ ɖeka kple Yohanes habɔbɔa, amesiwo ŋu Yesu do gbe ɖa le le Yohanes 17:20, 21 me be: “Ke menye ɖe amesiawo nu ɖeɖeko mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo le dzinye xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu; bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.” Esi Yohanes habɔbɔ si nye amesiaminawo le ŋgɔ xɔm le Yesu te la, ameha gã dovevienu la kpɔa gome kpli wo le sɔdolawo ƒe aʋahoho si gblẽ nu wu ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la me!c
16. (a) Aleke Yohanes ɖɔ kpɔɖeŋusɔawo ƒe nuwo kple asikewoe? (b) Aleke wodzra Yehowa ƒe amewo ƒe nu ɖoe hena subɔsubɔdɔa wɔwɔ? (d) Nukae sɔ kple nyateƒe si wònye be “woƒe asikewo le abe dawo ene” la?
16 Sɔdola mawo hiã aʋawɔnuwo. Eye aleke Yehowa na esia wo nukutɔe nye si! Yohanes ƒo nu tso eŋu be: “Elabena sɔawo ƒe ŋusẽ le woƒe nu kple woƒe asikewo me; elabena woƒe asikewo le abe dawo ene, eye ta le wo nu wotsɔna wɔa vɔ̃e.” (Nyaɖeɖefia 9:19) Yehowa ɖo eƒe subɔla adzɔgbeɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo hena subɔsubɔdɔ sia wɔwɔ. To Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple hame ƒe kpekpe bubuwo kpakple sukuwo dzi la, efia alesi woaɖe gbe ƒã nya lae wo, ale be wote ŋu ƒoa nu kple “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” ŋusẽtɔe. Ede nya nu me na wo eye wòdɔ wo ɖo ɖa be woagblɔ yeƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo afia “le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me.” (Timoteo II, 4:2; Yesaya 50:4; 61:2; Yeremya 1:9, 10; Dɔwɔwɔwo 20:20) Yohanes habɔbɔa kple ameha gã la gblẽ gbedasi teame aɖe, si sɔ kple “asikewo” la ɖi le Biblia, agbalẽwo, agbalẽ gbadzawo kple magazine miliɔn akpe geɖe siwo womã le ƒeawo me la me. Le nyateƒe me la, sɔdolawo ƒe aʋakɔ siawo dze abe akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve ene na woƒe futɔ siwo wogblɔa ‘vɔ̃’ si tso Yehowa gbɔ gbɔna ŋu nya na la.—Tsɔe sɔ kple Yoel 2:4-6.
17. Ðe Yehowa Ðasefowo kpɔa gome aɖe le sɔdolawo ƒe aʋahohoa me le dukɔ siwo me womate ŋu amã agbalẽwo le o le esi woɖo asi dɔa dzi ta la mea? Ðe eme.
17 Sɔdola siawo ƒe hatsotso aɖe si doa vevie nu ŋutɔe nye nɔvi siwo le anyigba siwo dzi woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le la. Abe alẽ siwo le amegãxiwo dome ene la, ehiãna be amesiawo ‘nadze aɖaŋu abe dawo ene, eye woadza abe ahɔ̃nɛwo ene.’ Le toɖoɖo Yehowa me la, womate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nusiwo wokpɔ kple nusiwo wose la ŋuti o. (Mateo 10:16; Dɔwɔwɔwo 4:19, 20; 5:28, 29, 32) Esi wònye agbalẽ siwo wota ʋee aɖe koe le wo si be woamã le dutoƒo alo ɖeke kura mele wo si o ta la, ɖe wòle be míaƒo nya ta be womekpɔa gome aɖeke le sɔdolawo ƒe aʋahohoa me oa? Kura o! Woƒe nu li eye Yehowa na ŋusẽ wo be woatsɔe agblɔ Biblia me nyateƒea. Wowɔa esia le vomeɖaseɖiɖi me wòwɔa dɔ ɖe ame dzi eye woɖoa Biblia me nusɔsrɔ̃wo ɖi ‘hefiaa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ nu ame geɖewo.’ (Daniel 12:3) Togbɔ be womatsɔ woƒe asikewo ate ame le agbalẽ siwo me nyawo nu sẽ gbegblẽ ɖi ƒe gɔmesesea nu o hã la, kpɔɖeŋu ƒe dzo, dzudzɔ kple dzokpe dona tso woƒe nu me esime wole ɖase ɖim le aɖaŋudzedze kple nunya me ku ɖe Yehowa ŋu kɔkɔ ƒe ŋkeke si le aƒe tum ŋu la.
18. Gbegbɔgblɔ neni mee sɔdola siawo mã gbedasi wɔfuame si wota la le, eye le agbɔsɔsɔ ka me?
18 Le teƒe bubuwo la, Fiaɖuƒea ŋuti agbalẽwo yia edzi ɖea ha Kristodukɔa ƒe Babilontɔwo ƒe nufiafiawo kple mɔwo, eye wowɔa vɔ̃ si dze la eyama le kpɔɖeŋumɔ nu. To agbalẽtamɔnu yeyewo zazã dzi la, sɔdola gbogbo siawo te ŋu mã Biblia, agbalẽ, magazinewo kple agbalẽ gbadzawo ƒe agbɔsɔsɔ gã si nye 7,821,078,415—si sɔ gbɔ wu akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve ŋutɔŋutɔ zi geɖe la—le anyigba dzi gbegbɔgblɔ siwo wu 200 me le ƒe 50 siwo do ŋgɔ na ƒe 1987 la me. Aleke asike mawo te amee nye si!
19, 20. (a) Togbɔ be Kristodukɔa koŋ ye gbedasi wɔfuameawo yi na hã la, aleke ame aɖewo siwo le anyigba siwo mele Kristodukɔa me kura o dzi la wɔ nu ɖe enue? (b) Aleke Yohanes ƒo nu tso ame akpa gãtɔ ƒe nuwɔna ŋue?
19 Yehowa ɖo tame be fuwɔamegbedasi sia ‘nawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia.’ Eyata Kristodukɔa ye wòyi na koŋ. Gake eɖo anyigba siwo mele Kristodukɔa me kura o dzi, esiwo dome anyigba geɖe siwo dzi wonya Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒe alakpanuwɔwɔ le nyuie le la. Ðe anyigba siawo dzi tɔwo te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu le esi wokpɔ fu si wole mawusubɔsubɔhabɔbɔ gbegblẽ sia wɔm la teƒe ta? Wo dometɔ geɖe wɔe nenema! Ame fafa siwo dze be woalɔ̃ wo, siwo le teƒe siwo Kristodukɔa mekpɔ ŋusẽ ɖo tẽ o la, wɔ nu ɖe enu enumake. Gake Yohanes ƒo nu tso ame akpa gãtɔ ƒe nuwɔna ŋu ale: “Eye ame susɔe, siwo fuwɔame siawo mewu o la, wometrɔ le dzi me tso woƒe asinudɔwɔwɔawo me o, bena woagasubɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple sika- kple klosalo- kple gadzẽ- kple kpe- kpakple ati-legba, siwo metea ŋu kpɔa nu alo sea nu alo zɔa azɔli hã o la o. Eye wometrɔ tso woƒe hlɔ̃dodowo kple woƒe afakakawo kple woƒe ahasiwɔwɔwo kpakple woƒe fififiwo me o.” (Nyaɖeɖefia 9:20, 21) Ame matrɔdzime mawo ƒe xexeame katã ƒe dzimetɔtrɔ aɖeke meva o. Amesiwo katã kpɔtɔ le woƒe mɔ vɔ̃ɖiawo dzi adze ŋgɔ tohehe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si atso Yehowa gbɔ la le eɖokui ŋu kɔkɔ ƒe ŋkeke gã la dzi. Gake “woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la.”—Yoel 3:5; Psalmo 145:20; Dɔwɔwɔwo 2:20, 21.
20 Nusi me míedzro fifia nye vɔ̃ evelia ƒe akpa aɖe. Nu geɖe agadzɔ hafi vɔ̃ sia nu nayi, abe alesi míakpɔe le ta siwo gbɔna me ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Commentary on Revelation, si Henry Barclay Swete ŋlɔ la de dzesii ku ɖe xexlẽme “akpe ewo teƒe akpe ewo teƒe eve” la ŋu be: “Agbɔsɔsɔ gã sia xe mɔ na mí be míagadi emevava ŋutɔŋutɔ o, eye nya si wogblɔ ɖe eyome la de nyataƒoƒo sia dzi.”
b Kpɔ axa 119-26 siwo do ŋgɔ la; kple Vindication, Agbalẽ Etɔ̃lia, si Yehowa Ðasefowo ta le ƒe 1932 me la ƒe axa 83-4 hã.
c Sɔdolawo ƒe aʋakɔ si Yohanes kpɔ la meɖɔ “nane . . . abe fiakuku, siwo ɖi sika ene” ɖe ta abe ʋetsuviawo ene o. (Nyaɖeɖefia 9:7) Esia wɔ ɖeka kple nyateƒe si wònye be ameha gã la, si nye sɔdolawo ƒe akpa gãtɔ egbea la mele mɔ kpɔm be yewoaɖu fia le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea me o.
[Nɔnɔmetata si le axa 149]
Kpẽ adelia kuku he vɔ̃ evelia vɛ
[Nɔnɔmetata siwo le axa 150]
Mawudɔla eneawo fia mɔ sɔdolawo ƒe aʋahoho gãtɔ kekeake le ŋutinya me
[Nɔnɔmetata siwo le axa 153]
Sɔdola siwo womenya xexlẽme na o la mã agbalẽ miliɔn gbogbo manyaxlẽ aɖe, esiwo nɔ te ɖe Biblia dzi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 154]
Ame susɔeawo metrɔ dzime o