INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Agbe si Wogbɔ Ðaseɖila Eveawo
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 19. Le Nyaɖeɖefia ƒe nya nu la, nukae dzɔ esime ɖaseɖila eveawo wu woƒe ɖaseɖiɖia nu?

      19 Fukpekpe sia si wohe va Kristodukɔa dzi la nu sẽ ale gbegbe be esi ɖaseɖila eveawo nɔ akpanya me gblɔ nya ɖi ɣleti 42 vɔ la, Kristodukɔa wɔ eƒe xexemeŋusẽkpɔɖeamedzi la ŋudɔ hena ‘wowu’ wo. Yohanes ŋlɔe bena: “Eye ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu vɔ la, ekema lã, si do tso aʋli me la, awɔ aʋa kpli wo, eye wòaɖu wo dzi, eye wòawu wo. Eye woƒe ŋutilã kukuwo anɔ du gã la ƒe ablɔ me; woyɔ du sia le lododo me bena: Sodom kple Egipte, afisi hã woklã woƒe Aƒetɔ ɖe ati ŋu le. Eye dukɔwo ƒe ƒomeawo kple gbegbɔgblɔwo kpakple trɔ̃subɔlawo dometɔ aɖewo lakpɔ woƒe ŋutilã kukuawo ŋkeke etɔ̃ kple afã, eye womaɖe mɔ be, woaɖi woƒe ŋutilã kukuawo o. Eye anyigbadzinɔlawo lakpɔ dzidzɔ le wo ŋuti, eye woagli kple dzidzɔ, eye woaɖo nunanawo ɖe wo nɔewo; elabena nenem nyagblɔɖila eve siawo wɔ fu amesiwo nɔ anyigba la dzi.”—Nyaɖeɖefia 11:7-10.

  • Agbe si Wogbɔ Ðaseɖila Eveawo
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • [Aɖaka si le axa 168]

      Nyaɖeɖefia 11:10 me Aseyetsotso La

      Le Ray H. Abrams ƒe agbalẽ si nye Preachers Present Arms si wota le ƒe 1933 me la me la, eƒo nu tso alesi osɔfowo tsi tre ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ si nye The Finished Mystery ŋu vevie la ŋuti. Edzro osɔfoawo ƒe agbagbadzedze be yewoaɖe Biblia Nusrɔ̃viawo kple woƒe “nufiafia siwo le abe dɔvɔ̃ ene” la ɖa le yewoƒe ŋkuta la me. Esia he ʋɔnudrɔ̃ƒeyiyi si me tsonue nye be wodrɔ̃ ʋɔnu be J. F. Rutherford kple eƒe zɔhɛ adreawo nanɔ gaxɔ me ƒe geɖe la vɛ. Ðk. Abrams gblɔ kpee be: “Nya bliboa me dzodzro nana míeƒoa nya ta be sɔlemehawo kple osɔfoawoe nɔ agbagbadzedze be woaɖe Russelltɔawo ɖa la megbe le gɔmedzedzea me. Le Kanada, le ƒe 1918 ƒe February me la, nunɔlawo dze hoho ɖe woawo kple woƒe agbalẽwo, vevietɔ The Finished Mystery, ŋu gɔme le ɖoɖo nu. Le Winnipeg ƒe Tribune ƒe nya nu la, . . . woxɔe se be ‘osɔfoawo ƒe kokoƒoƒo’ tae woɖo asi woƒe agbalẽa dzi.”

      Ðk. Abrams yi edzi be: “Esi mɔ̃ me si wobe woanɔ ƒe blave la ŋuti nyatakaka ɖo mawusubɔsubɔ ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe nuŋɔŋlɔmetolawo gbɔ la, agbalẽ siawo katã kloe, gãtɔwo kple suetɔwo siaa, tso aseye le nudzɔdzɔ la ta. Nyemete ŋu kpɔ veveseɖeamenunya aɖeke le subɔsubɔha gãwo ƒe agbalẽwo me o. Upton Sinclair ƒo nya ta be: ‘Ðikeke aɖeke mele eme o be yometitia . . . ƒe akpa aɖe tso nyateƒe si wònye be mawusubɔsubɔhabɔbɔ “gãwo” lé fu wo la gbɔ.’ Edze abe ɖe dziɖuɖu la te ŋu wɔ nusi sɔlemehawo ƒe agbagbadzedze ɖekae mete ŋu wɔ o la na wo azɔ ene.” Esi wòyɔ mawusubɔsubɔgbalẽ geɖewo me gbɔɖinyawo vɔ la, agbalẽŋlɔla la fia asi alesi Gbugbɔgadrɔ̃ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe nyametsotso gbãtɔa me la eye wògblɔ be: “Wozi ɖoɖoe toŋtoŋ le sɔlemeawo me esime wose nyametsotso sia.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe