-
Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã EveNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
2 Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo megale dziƒo si le kɔkɔe la be woaɖe fu na ame le afima o. Wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ mawo le dziƒo eye wosika wo ɖe anyigba ƒe nutowo me. Ðikeke mele eme o be esia tae gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo dzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe alafa 20 lia sia me. Gbɔgbɔ me habɔbɔ gbegblẽ aɖe gakpɔtɔ le Da ayetɔa si. Gake ɖe wòwɔa habɔbɔ si wokpɔna hã ŋudɔ be yeable ameƒomea? Yohanes gblɔ na mí be: “Eye mekpɔ lã aɖe le dodom tso atsiaƒu me, eye dzo ewo kple ta adre li nɛ, eye fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe tawo ŋu. Eye lã si mekpɔ la, le abe lãkle ene, eye eƒe afɔwo le abe sisiblisi ƒe afɔwo ene, eye eƒe nu le abe dzata ƒe nu ene; eye ʋɔ driba la tsɔ eƒe ŋutete kple eƒe fiazikpui kpakple eƒe ŋusẽ gã nɛ.”—Nyaɖeɖefia 13:1b, 2.
3. (a) Lã wɔadã kawoe nyagblɔɖila Daniel kpɔ le ŋutegawo me? (b) Nukae Daniel 7 ƒe lã gãwo tsi tre ɖi na?
3 Nukae nye lã wɔnuku sia? Biblia ŋutɔ ɖo eŋu. Le Babilon ƒe anyidzedze le ƒe 539 D.M.Ŋ. megbe kpuie la, Yudatɔ nyagblɔɖila Daniel kpɔ ŋutega siwo me lã wɔadãwo le. Le Daniel 7:2-8 me la, eƒo nu tso lã ene ŋu be wodo tso atsiaƒu me; gbãtɔa ɖi dzata, evelia ɖi sisiblisi, etɔ̃lia ɖi lãkle, eye “mekpɔ lã enelia . . . ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ . . . eye wòto dzo ewo.” Esia ɖi lã wɔadã si Yohanes kpɔ le ƒe 96 M.Ŋ. me lɔƒo la ŋutɔ. Lã ma hã ɖi dzata, sisiblisi kple lãkle, eye wòto dzo ewo. Nukae lã gã siwo Daniel kpɔ la nye? Egblɔ na mí be: “Lã gã eneawo nye fia ene, siwo le anyigba dzi va ge.” (Daniel 7:17) Ẽ, lã mawo tsi tre ɖi na ‘fiawo,’ alo anyigba dzi dunyaheŋusẽwo.
-
-
Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã EveNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
8. Nukatae mele be wòawɔ mo yaa na mí be wotsɔ Anglo-Amerika xexemeŋusẽ eve ƒokpli la sɔ kple lã o?
8 Ðe menye dzidziƒoamenya be woagblɔ be dunyaheŋusẽ siwo le dzi ɖum la nye gbemelãwo oa? Nenemae tsitretsiɖeŋula aɖewo gblɔ le Xexemeʋa II me esime wonɔ gbe tɔm Yehowa Ðasefowo ƒe ɖoƒe abe habɔbɔ kple ame ɖekaɖekawo ene le ʋɔnudrɔ̃ƒewo le anyigba katã dzi. Gake tɔ nabu eŋu kpɔ! Ðe dukɔwo ŋutɔwo metsɔa lãwo alo gbemelãwo wɔa woƒe dukɔwo ƒe dzesi oa? Le kpɔɖeŋu me, Britaniatɔwo tia dzata, Amerikatɔwo tia hɔ̃, Chinatɔwo tia ʋɔ driba, eye Russiatɔwo tia sisiblisi. Eyata nukatae wòle be ame aɖe natsi tre ɖe eŋu ne Mawu si nye Biblia Kɔkɔea Ŋlɔla la hã tsɔ lãwo wɔ xexemeŋusẽwo ƒe kpɔɖeŋue?
9. (a) Nukatae mele be woaƒo nu atsi tre ɖe nya si Biblia gblɔ be Satanae tsɔ ŋusẽ gã la na lã wɔadã la ŋu o? (b) Aleke woɖɔ Satana le Biblia mee, eye aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe dziɖuɖuwo dzie?
9 Gawu la, nukatae wòle be woatsi tre ɖe nya si Biblia gblɔ be Satanae tsɔ lã la ƒe ŋusẽ gã la nɛ la ŋu? Mawu gbɔe nya ma tso, eye ‘dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu kple ʋuʋudedi ene’ le eŋkume. Anyo na dukɔ mawo wu ne wodze agbagba be yewoadze Mawu ŋu tsɔ wu be woado dziku ɖe alesi eƒe Nyagblɔɖinya la ɖɔ woe ŋu. (Yesaya 40:15, 17; Psalmo 2:10-12) Satana menye glimeme aɖe si wode dɔ asi na be wòawɔ fu luʋɔ kukuwo le hell si nye dzo me o. Teƒe aɖeke meli nenema o. Ke boŋ woƒo nu tso Satana ŋu le Ŋɔŋlɔa me be enye “kekeli ƒe dɔla”—amesi bi ɖe amebeble me eye wòkpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe dunyahenyawo dzi.—Korintotɔwo II, 11:3, 14, 15; Efesotɔwo 6:11-18.
-
-
Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã EveNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
12. (a) Nukae lã wɔadã la ƒe dodo tso “atsiaƒu” me la fia, eye ɣekaɣie wòdze dodo gɔme? (b) Nukae nyateƒe si wònye be ʋɔ driba lae tsɔ kpɔɖeŋulã la ƒe ŋusẽ gã nɛ la fia?
12 Lã wɔadã la do tso “atsiaƒu” si nye amegbetɔ madzeakɔanyi siwo dome amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo dona tso la ƒe kpɔɖeŋu si sɔ la me. (Yesaya 17:12, 13) Lã wɔadã sia dze dodo tso amegbetɔ madzeakɔanyiwo ƒe atsiaƒua me la gɔme le keke Nimrod ŋɔli ke (anɔ abe le ƒe alafa 21 lia D.M.Ŋ. me ene) esime nuɖoanyi si tsi tre ɖe Yehowa ŋu le Tsiɖɔɖɔa megbe la ɖe eɖokui fia zi gbãtɔ. (Mose I, 10:8-12; 11:1-9) Gake Aƒetɔ ƒe ŋkekea me koe eƒe ta adreawo ƒe mamletɔa ɖe eɖokui fia le bliboe. De dzesii hã be ʋɔ driba lae “tsɔ [lã la ƒe] ŋutete kple eƒe fiazikpui kple eƒe ŋusẽ gã nɛ.” (Tsɔe sɔ kple Luka 4:6.) Lã la nye dunyahehe ƒe nu si Satana wɔ da ɖe ameƒomea dome. Satanae nye “xexe sia me fia la” nyateƒe.—Yohanes 12:31.
-