-
Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã EveNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
32. Aleke Yohanes ƒo nu tso Satana ƒe mɔ fiafia eƒe habɔbɔ si wokpɔna la ƒe akpa siwo lɔ dunyahehe ɖe eme la be woahe fukpekpe ava Mawu ƒe nyɔnu la ƒe dzidzimevi la ƒe ame susɔeawo dzie la ŋue?
32 Azɔ Yohanes kpɔ alesi Satana nana eƒe habɔbɔ si wokpɔna la ƒe akpa siwo lɔ dunyahehe ɖe eme la hea fukpekpe gbogbotɔ kekeake vaa Mawu ƒe nyɔnua ƒe dzidzimevi la ƒe ame susɔeawo dzie. (Mose I, 3:15) Egatrɔ ɖe nuƒoƒo tso “lã la” ŋutɔ ŋu la ŋuti be: “Eye wòwɔ bena, woade dzesi amewo katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo kple kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple ablɔɖeviwo kple kluviwo ƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu, bena ame aɖeke magate ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe amesi ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la ko. Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nebu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.”—Nyaɖeɖefia 13:16-18.
-
-
Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã EveNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
35. Nukae lã wɔadã la ƒe ŋkɔ si woatsɔ ade dzesi ŋgonu alo nuɖusi ŋu na ame la fia?
35 Nukae lã wɔadã la ƒe ŋkɔ si woatsɔ ade dzesi ŋgonu alo nuɖusi ŋu na ame la fia? Esime Yehowa tsɔ Se la na Israel la, egblɔ na wo be: “Mina nye nya siawo nage ɖe miaƒe dzi kple miaƒe luʋɔ me, mibla wo ɖe asi ŋu abe dzesi ene, eye mibla wo ɖe ŋgonu le ŋudome.” (Mose V, 11:18) Esia fia be ele be Israel-viwo nana Se ma nanɔ susu me na wo ɣesiaɣi ale be wòakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuwɔnawo kple tamesusuwo katã dzi. Wogblɔ be woŋlɔ Fofo la kple Yesu ƒe ŋkɔwo ɖe amesiamina 144,000 la ƒe ŋgonu. Esia ɖee fia be wonye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo tɔ. (Nyaɖeɖefia 14:1) Le wo sɔsrɔ̃ me la, Satana zã lã wɔadã la ƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe dzesi la. Woƒonɛ ɖe amesiame si wɔa gbesiagbenuwɔnawo abe nuƒeƒle kple nudzadzra ene la nu be wòawɔ nu abe alesi lã wɔadã la wɔnɛ ene, le kpɔɖeŋu me, to ŋkekenyuiwo ɖuɖu dzi. Wokpɔa mɔ be woade ta agu na lã wɔadã la ahana wòaɖu woƒe agbenɔnɔ dzi ale be woaxɔ eƒe dzesi la.
36. Kuxi kawoe va amesiwo gbe lã wɔadã la ƒe dzesia xɔxɔ dzi?
36 Amesiwo gbe lã la ƒe dzesi xɔxɔ la ɖo kuxiwo me edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, tso ƒe 1930 ƒe ƒeawo me la, eva hiã be woaʋli wo ɖokui ta le ʋɔnudrɔ̃ƒe zi geɖe eye woado dzi le nuvlowɔlawo ƒe hawo ƒe anyrãnuwɔwɔ kple yometiti bubuwo me. Le dukɔ siwo me ŋutasẽdziɖuɖuwo le me la, wolé wo de fuwɔamegaxɔwo me, afisi wo dometɔ geɖe ku le. Tso xexemeʋa evelia dzi la, wolé ɖekakpui gbogbo manyaxlẽ aɖewo de gaxɔ me ɣeyiɣi didiwo, eye wole fu wɔm wo dometɔ aɖewo hele wo wum gɔ̃ hã, le esi wogbe be yewomana ta le yewoƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me o ta. Le dukɔ bubuwo me la, Kristotɔwo mete ŋu ƒlea nu alo dzraa nu o; womeɖea mɔ be anyigba nanɔ wo dometɔ aɖewo si o; wodɔa bubuwo gbɔ sesẽe, wowua wo alo nyãa wo tso wo denyigba dzi. Nukatae? Esi wotsɔ dzitsinya nyui gbe dunyahehabɔbɔ me tɔ nyenye ƒe agbalẽvi ƒeƒle tae.d—Yohanes 17:16.
37, 38. (a) Nukatae xexeame sesẽ na amesiwo gbe lã wɔadã la ƒe dzesi la xɔxɔ? (b) Amekawoe le nuteƒe wɔm, eye nukae woɖoe kplikpaa be yewoawɔ?
37 Le anyigba la ƒe teƒe aɖewo la, mawusubɔsubɔ xɔ aƒe ɖe hadomegbenɔnɔ me ale gbegbe be ƒometɔwo kple amesiwo nye xɔlɔ̃wo tsã la nyãa amesiame si va nɔa Biblia me nyateƒea ƒe akpa dzi la ɖa le wo ɖokui ŋu. Ebia xɔse geɖe ŋutɔ be woado dzi. (Mateo 10:36-38; 17:22) Le xexe si me ame akpa gãtɔ dea ta agu na ŋutilãmekesinɔnuwo eye anukwaremaɖimaɖi bɔ le me la, eva hiãna zi geɖe be Kristotɔ vavã la naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe be alé ye ɖe te le mɔ dzɔdzɔe dzi toto me. (Psalmo 11:7; Hebritɔwo 13:18) Le xexe si me agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo la me la, ebiana be woaɖo tame kplikpaa ŋutɔ hafi woate ŋu anɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe. Zi geɖe la, atikewɔlawo kple dɔnɔdzikpɔlawo ƒonɛ ɖe Kristotɔ siwo dze dɔ nu be woada le Mawu ƒe se si ku ɖe ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu la dzi; eva hiãna kura gɔ̃ hã be woatsi tre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe gbeɖeɖe siwo tsi tre ɖe woƒe xɔse ŋu la ŋuti. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; Petro I, 4:3, 4) Eye le dɔwɔɖuimanɔanyi si le dzidzim ɖe edzi ƒe ŋkeke siawo me la, eva le sesẽm ɖe edzi be Kristotɔ vavã naƒo asa na dɔ si afia be ena ta le eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me la wɔwɔ.—Mixa 4:3, 5.
-