-
Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã EveNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
25. (a) Aleke Yohanes ɖɔ kpɔɖeŋulã wɔadã bubu si va xexeamee? (b) Nukae lã wɔadã yeyea ƒe dzo eveawo kple eƒe dodo tso anyigba me la fia?
25 Gake azɔ lã wɔadã bubu va xexeame. Yohanes ka nya ta be: “Eye mekpɔ lã bubu aɖe le dodom tso anyigba me, eye dzo eve li nɛ abe alẽvi tɔ ene, eye wòƒo nu abe ʋɔ driba la ene. Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la. Eye wòwɔ dzesi gãwo bena, wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me.” (Nyaɖeɖefia 13:11-13) Lã wɔadã sia to dzo eve si ɖee fia be enye dunyaheŋusẽ eve ƒe ɖekawɔwɔ. Eye wogblɔ be edo tso anyigba la me, ke menye tso atsiaƒu me o. Eyata edo tso Satana ƒe anyigba dzi nuɖoanyi si wòɖo ɖi xoxo la me. Ele be wòanye xexemeŋusẽ si li xoxo si va wɔ akpa ɖedzesi aɖe le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me.
26. (a) Nukae nye lã wɔadã si to dzo eve la, eye aleke wòdo ƒome kple lã wɔadã gbãtɔ lae? (b) Gɔmesese ka nue lã si to dzo eve la ƒe dzoawo ɖi alẽvi tɔ, eye aleke wòƒoa nu “abe ʋɔ driba . . . ene”? (d) Nuka ŋutɔŋutɔe dukɔmevinyahelawo le ta dem agu na, eye wotsɔ dulɔlɔ̃ sɔ kple nuka? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ.)
26 Nukae wòanye? Anglo-Amerika Xexemeŋusẽ lae—eya kee nye lã wɔadã gbãtɔa ƒe ta adrelia, gake le ɖoƒe tɔxɛ aɖe! Eɖeɖe ɖe vovo le ŋutega me abe lã wɔadã si le eɖokui si ene la kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ alesi wòwɔa nu le xexeame le eɖokui sie la kɔte wu. Dunyaheŋusẽ eve siwo li le ɣeyiɣi ɖeka me eye wo dometɔ ɖesiaɖe le eɖokui si gake wowɔa nu aduadu lae le kpɔɖeŋu ƒe lã wɔadã dzoevee sia me. Eƒe dzo eve siwo le “abe alẽvi tɔ ene” la ɖee fia be ewɔa eɖokui abe nusi fa si ŋu vɔvɔ̃ mele o, eye dziɖuɖu kɔŋkume si ŋu wòle be xexeame katã natrɔ ɖo la le esi ene. Gake eƒoa nu “abe ʋɔ driba . . . ene” le esi wòwɔa nyaƒoɖeamenu kple ŋɔdzidonamewo kple adãwɔwɔ gɔ̃ hã ŋudɔ le afisiafi si womexɔ eƒe dziɖuɖu ƒomevia le o ta. Mede dzi ƒo na amewo be woabɔbɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Mawu ƒe Alẽvi la ƒe dziɖuɖu te la te o, ke boŋ be woabɔbɔ ɖe Satana, ʋɔ driba gã la, ƒe didiwo te. Edo dulɔlɔ̃ ƒe mamãwo kple fuléle siwo nye tadedeagu na lã wɔadã gbãtɔ la ɖe ŋgɔ.c
-
-
Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã EveNyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
c Nyameɖelawo de dzesii be ne woagblɔe la, dulɔlɔ̃ nye mawusubɔsubɔ ƒomevi aɖe. Eyata le nyateƒe me la, amesiwo nye dukɔmevinyahelawo le ta dem agu na lã wɔadã la ƒe akpa si dukɔ si me wole la tsi tre ɖi na la. Míexlẽ ku ɖe dukɔmevinyahehe le United States ŋu be: “Ne wobu dukɔmevinyahehe abe mawusubɔsubɔ ene la, eɖi mawusubɔsubɔ ƒe nuɖoanyi gã bubu siwo nɔ anyi va yi la le nu geɖe me . . . Amesi subɔa dukɔmevinyahehe egbea la ƒe susu le ŋuɖoɖo ɖe woƒe dukɔa si nye mawu nɛ ŋu la dzi. Esenɛ le eɖokui me be yehiã na eƒe kpekpeɖeŋu si me ŋusẽ le la. Ekpɔnɛ be ye ŋutɔ yeƒe blibodede kple dzidzɔkpɔkpɔ la tso egbɔ. Ebɔbɔa eɖokui nɛ le mawusubɔsubɔ ƒe gɔmesese koŋ nu. . . . Wobua dukɔ la be enɔa anyi tegbee, eye ɖeko via nuteƒewɔlawo ƒe ku gadzia eƒe ŋkɔxɔxɔ kple ŋutikɔkɔe si mevɔna o la ɖe edzi.”—Carlton J. F. Hayes, abe alesi woyɔ eƒe nyawo ɖe agbalẽ si nye What Americans Believe and How They Worship (Nusi Dzi Amerikatɔwo Xɔ Se Kple Alesi Wosubɔna Mawui) si J. Paul Williams ŋlɔ la ƒe axa 359 ene.
-