INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã Eve
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 25. (a) Aleke Yohanes ɖɔ kpɔɖeŋulã wɔadã bubu si va xexeamee? (b) Nukae lã wɔadã yeyea ƒe dzo eveawo kple eƒe dodo tso anyigba me la fia?

      25 Gake azɔ lã wɔadã bubu va xexeame. Yohanes ka nya ta be: “Eye mekpɔ lã bubu aɖe le dodom tso anyigba me, eye dzo eve li nɛ abe alẽvi tɔ ene, eye wòƒo nu abe ʋɔ driba la ene. Eye wòwɔ lã gbãtɔ ƒe ŋusẽdɔwo katã le eƒe ŋku me. Eye wòwɔ anyigba la kple amesiwo nɔ edzi la bena, woadze klo asubɔ lã gbãtɔ, si ƒe kubi wowɔ wòku la. Eye wòwɔ dzesi gãwo bena, wòna dzo gɔ̃ hã ge tso dziƒo dze anyigba le amewo ƒe ŋku me.” (Nyaɖeɖefia 13:11-13) Lã wɔadã sia to dzo eve si ɖee fia be enye dunyaheŋusẽ eve ƒe ɖekawɔwɔ. Eye wogblɔ be edo tso anyigba la me, ke menye tso atsiaƒu me o. Eyata edo tso Satana ƒe anyigba dzi nuɖoanyi si wòɖo ɖi xoxo la me. Ele be wòanye xexemeŋusẽ si li xoxo si va wɔ akpa ɖedzesi aɖe le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me.

  • Akɔ Kpekpe Kple Lã Wɔadã Eve
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 27. (a) Lã wɔadã dzoevee la ƒe nɔnɔme kae nyateƒe si nye be ena dzo ge tso dziƒo la ɖe fia? (b) Aleke ame geɖe bua lã wɔadã si to dzo eve la ƒe egbegbekpɔɖeŋu lae?

      27 Lã wɔadã dzoevee sia wɔa dzesi gãwo, eye wòna dzo ge tso dziƒo gɔ̃ hã. (Tsɔe sɔ kple Mateo 7:21-23.) Dzesi mamle sia ɖoa ŋku Eliya si nye Mawu ƒe blemanyagblɔɖila si ʋli nya kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo la dzi na mí. Esi wòte ŋu na dzo ge tso dziƒo le Yehowa ƒe ŋkɔ me la, eɖo kpe edzi ɖikekemanɔmee be enye nyagblɔɖila vavã, eye be Baal ƒe nyagblɔɖilawo nye alakpatɔwo. (Fiawo I, 18:21-40) Abe Baal ƒe nyagblɔɖila mawo ene la, lã wɔadã dzoevee la see le eɖokui me be yedze be yeawɔ dɔ abe nyagblɔɖila ene. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 13:14, 15; 19:20.) Egblɔna be yeɖu vɔ̃ɖinyenye ƒe ŋusẽwo dzi le xexemeʋa eve me, eye fifia etsi tre ɖe dziɖuɖu siwo me nusianu nye dziɖuɖua tɔ, siwo wogblɔ be womenya Mawu o, la ŋu vevie! Le nyateƒe me la, ame geɖe buna lã wɔadã si to dzo eve la ƒe egbegbekpɔɖeŋua be enye ablɔɖetakpɔla kple ŋutilãmenu nyuiwo tsoƒe.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe