Ta 29
Aʋadziɖuha Yeye la Dzidzi
Ŋutega 9—Nyaɖeɖefia 14:1-20
Nyati: Ame 144,000 la kple Alẽvi la le Zion-to la dzi; mawudɔlawo ƒe gbeƒãɖeɖewo ɖi le anyigba katã dzi; woŋe nu
Emevaɣi: Ƒe 1914 vaseɖe xaxa gã la dzi
1. Nukae míesrɔ̃ xoxo ku ɖe Nyaɖeɖefia ta 7, 12 kple 13 ŋu, eye nukae míasrɔ̃ azɔ?
ALEKE wòhetua ame ɖoe nye si be woatrɔ ɖe Yohanes ƒe ŋutega si kplɔe ɖo la ŋu! Le nɔnɔme si to vovo tso ʋɔ driba la ƒe habɔbɔ dziŋɔ siwo le abe lãwo ene gbɔ me la, míekpɔ Yehowa ƒe subɔla wɔnuteƒewo kple woƒe dɔwɔwɔwo le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la azɔ. (Nyaɖeɖefia 1:10) Nyaɖeɖefia 7:1, 3 ɖee fia mí xoxo be wolé tsɔtsrɔ̃ ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi vaseɖe esime woatre dɔla amesiamina 144,000 siawo katã nu vɔ. Nyaɖeɖefia 12:17 ɖee fia be Satana, ʋɔ driba la, tɔa ŋku “nyɔnua ƒe ƒome, [siawo] siwo susɔ” la koŋ le ɣeyiɣi ma me. Eye Nyaɖeɖefia ta 13 ɖe dunyahehabɔbɔ siwo Satana ɖo ɖe anyigba dzi be wòahe nyaƒoɖeamenu sesẽ kple ŋutasesẽ ƒe yometiti ava Yehowa ƒe dɔla ɖianukwarewo dzie la fia kɔte. Gake futɔ gãtɔ ma mate ŋu agblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo me o! Míakpɔe azɔ be togbɔ be Satana le tame vɔ̃ ɖoɖo ƒe nuwo wɔm hã la, woƒo ame 144,000 la katã nu ƒu aʋadziɖuɖutɔe.
2. Alesi nuwo awu nu mlɔeba le dzidzɔ me kae Yohanes na míekpɔ do ŋgɔ le Nyaɖeɖefia 14:1 me, eye amekae nye Alẽvi la?
2 Wona Yohanes kple Yohanes habɔbɔ si li egbea la kpɔ dzidzɔnya ma si ado tso eme la do ŋgɔ: “Eye mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre ɖe Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.” (Nyaɖeɖefia 14:1) Abe alesi míekpɔe ene la, Alẽvi sia kee nye Mixael si na dziƒo ŋu kɔ to Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanyã le afima dzi. Eyae nye Mixael si Daniel gblɔ be ‘ele Mawu ƒe dukɔ la nu’ esime wòle dzadzram ɖo be ‘yeatsi tre’ le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔewo hehe vɛ me la. (Daniel 12:1; Nyaɖeɖefia 12:7, 9) Tso ƒe 1914 me la, Mawu ƒe Alẽvi sia si tsɔ eɖokui sa vɔe la tsi tre ɖe Zion-to la dzi abe Mesia Fia la ene.
3. Nukae nye “Zion-to” si dzi Alẽvi la kple ame 144,000 la “le tsitre” ɖo?
3 Ele abe alesi Yehowa gblɔe ɖi ene be: “Nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.” (Psalmo 2:6; 110:2) Esia megaku ɖe anyigba dzi Zion-to si nye afisi anyigba dzi Yerusalem si nye du si me Dawid ƒe ƒomea me fia amegbetɔwo nɔ dzi ɖum le la le la ŋu o. (Kronika I, 11:4-7; Kronika II, 5:2) Ao, elabena le Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi le ƒe 33 M.Ŋ. me megbe la, woɖoe gɔmeɖoanyi ƒe dzogoedzikpe le dziƒo Zion-to la dzi le dziƒo afisi Yehowa ɖoe be “Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem” la nanɔ la. Eyata le afisia la “Zion-to la” tsi tre ɖi na Yesu kple eƒe hadomenyila siwo ƒo ƒu nye dziƒo Yerusalem si nye Fiaɖuƒea la ƒe nɔƒe kɔkɔ la. (Hebritɔwo 12:22, 28; Efesotɔwo 3:6) Eyae nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔenɔƒe si Yehowa doa wo ɖe dzi hetsɔna na wo le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la. Le ƒe alafawo me la, Kristotɔ amesiaminawo kpɔ mɔ vevie na tsitrenɔnɔ ɖe dziƒo Zion-to ma dzi le ɖekawɔwɔ me kple Aƒetɔ Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na le eƒe Fiaɖuƒe gã la me la vevie abe ‘kpe gbagbewo’ ene.—Petro I, 2:4-6; Luka 22:28-30; Yohanes 14:2, 3.
4. Aleke wònye be ame 144,000 la katã tsi tre ɖe Zion-to la dzie?
4 Menye Yesu koe Yohanes kpɔ o, ke boŋ ekpɔ Dziƒofiaɖuƒea ƒe hadomenyila 144,000 la ƒe ha bliboa katã be wonɔ tsitre ɖe Zion-to la dzi. Le ɣeyiɣi si ŋuti ŋutega la ku ɖo me la, ame 144,000 la dometɔ geɖe le dziƒo xoxo, gake menye wo katãe o. Emegbe le ŋutega ma ke me la, Yohanes see be egahiã be ame kɔkɔeawo dometɔ aɖewo nado dzi eye woaku le anukwareɖiɖi me. (Nyaɖeɖefia 14:12, 13) Ekema edze ƒã be ame 144,000 la dometɔ aɖewo kpɔtɔ le anyigba dzi. Eyata aleke wòdzɔe be Yohanes kpɔ wo katã be woa kple Yesu wole Zion-to la dzi?a Le gɔmesese sia nu be, abe Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea me tɔwo ene la, amesiawo “[te va] Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem” la gbɔ azɔ. (Hebritɔwo 12:22) Abe Paulo ene esime wòkpɔtɔ nɔ anyigba dzi la, wofɔ wo ɖe tsitre xoxo—le gbɔgbɔ me gɔmesese nu—be woawɔ ɖeka kple Kristo Yesu le dziƒonutowo me. (Efesotɔwo 2:5, 6) Hekpe ɖe eŋu la, le ƒe 1919 me la, wowɔ ɖe yɔyɔ be, “Miva dziƒo afii” la dzi, eye le kpɔɖeŋumɔ nu la “woyi dziƒo le alilikpo me.” (Nyaɖeɖefia 11:12) Le ŋɔŋlɔ siawo ta la, míate ŋu akpɔe be—le gbɔgbɔ me nyagbɔgblɔ nu la—ame 144,000 la katã kple Yesu Kristo le Zion-to la dzi.
5. Amekawo ƒe ŋkɔwoe woŋlɔ ɖe ame 144,000 la ƒe ŋgonu, eye nukae ŋkɔa ɖesiaɖe fia?
5 Ame 144,000 la mewɔa ɖeka kple lã wɔadã la subɔla siwo xɔ kpɔɖeŋu ƒe xexlẽdzesi 666 la o. (Nyaɖeɖefia 13:15-18) Abe nusi to vovo na esia ene la, woŋlɔ Mawu kple Alẽvi la ƒe ŋkɔwo ɖe nuteƒewɔla siawo ƒe ŋgonu. Ðikekemanɔmee la, Yohanes si nye Yudatɔ la kpɔ Mawu ƒe ŋkɔ le Hebri-nuŋɔŋlɔ יהוה me.b Esi woŋlɔ Yesu Fofo ƒe ŋkɔ ɖe amesiawo siwo nu wotre la ƒe ŋgonu le kpɔɖeŋumɔ nu la, wonana amesiame nyana be Yehowa ƒe ɖasefowo, Eƒe dɔlawoe yewonye. (Nyaɖeɖefia 3:12) Yesu ƒe ŋkɔ hã si le woƒe ŋgonu la ɖee fia be wolɔ̃ ɖe edzi be etɔe yewonye. Eyae nye wo “srɔ̃” si wodo wo ŋugbe na, eye woawoe ava nye eƒe “ŋugbetɔ,” “nuwɔwɔ yeye” si le Mawu subɔm kple dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ. (Efesotɔwo 5:22-24; Nyaɖeɖefia 21:2, 9; Korintotɔwo II, 5:17) Woƒe ƒomedodo kplikplikpli kple Yehowa kpakple Yesu Kristo la wɔa dɔ ɖe woƒe tamesusu kple nuwɔnawo katã dzi.
Ha aɖe si Ði abe Ha Yeye ene la Dzidzi
6. Hadzidzi kae Yohanes se, eye aleke wòƒo nu tso eŋue?
6 Le ɖekawɔwɔ kple esia me la, Yohanes ka nya ta be: “Eye mese gbe aɖe tso dziƒo abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye abe dziɖegbe sesẽ aɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye gbe, si mese la, le abe saŋkuƒola, siwo le woƒe saŋkuwo ƒom la, ƒe gbeɖiɖi ene. Eye wodzi ha yeye aɖe le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo kpakple amegã xoxoawo ƒe ŋku me; eye ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ hadzidzi la o negbe ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi la koe.” (Nyaɖeɖefia 14:2, 3) Mewɔ nuku o be esi Yohanes se ame 144,000 la ƒe gbe siwo wɔ ɖeka le ha vivi ɖeka dzidzi me la, eɖo ŋku tsi siwo le kɔkɔm ɖi sesĩe kpakple dziɖegbe sesẽwo dzi. Aleke saŋkuƒoƒo si nɔ ɖiɖim kpe ɖe eŋu la vivie nye si! (Psalmo 81:3) Hadziha kae le anyigba dzi si ate ŋu adzi ha nyuie wòanya se nenema gbegbe?
7. (a) Nukae nye Nyaɖeɖefia 14:3 ƒe ha yeye la? (b) Aleke Psalmo 149:1 ƒe ha la nye ha yeyee egbea?
7 Nukae nye “ha yeye” sia? Abe alesi míede dzesii le Nyaɖeɖefia 5:9, 10 me dzodzro me ene la, ha la ku ɖe Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ƒe tameɖoɖowo kple eƒe ɖoɖo wɔnuku si wòwɔ to Yesu Kristo dzi be gbɔgbɔ me Israel nanye “fiawo kple nunɔlawo na míaƒe Mawu” la ŋu. Enye kafukafuha na Yehowa, esi le gbe ƒã ɖem nu yeye siwo wɔm wòle to Mawu ƒe Israel la dzi kple ɖe eta la. (Galatiatɔwo 6:16) Gbɔgbɔ me Israel sia me tɔwo wɔna ɖe hakpala la ƒe amekpekpe be: “Mikafu Yehowa! Midzi ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me! Israel nekpɔ dzidzɔ ɖe ewɔla ŋu; Zion-viwo netso aseye ɖe woƒe fia ŋu!” la dzi. (Psalmo 149:1, 2) Nyateƒee, ƒe alafa geɖee nye sia tso esime woŋlɔ nya mawo, gake le míaƒe ŋkekeawo me la, wodzi wo kple gɔmesese yeye. Woɖo Mesia Fiaɖuƒe la anyi le ƒe 1914 me. (Nyaɖeɖefia 12:10) Le ƒe 1919 me la, Yehowa ƒe dukɔ si le anyigba dzi la dze gbe ƒã ɖeɖe “fiaɖuƒe la ŋutinya” gɔme kple dzo yeye. (Mateo 13:19) Esi Habɔbɔa ƒe ƒe 1919 ƒe mawunyakpukpui (Yesaya 54:17) la ʋã wo eye gbɔgbɔ me paradiso si me wogatsɔ wo ɖoe la de dzi ƒo na wo la, wodze egɔme nɔ ‘ha dzim, eye wonɔ ha ƒom na Yehowa le woƒe dzi me’ le ƒe ma me.—Efesotɔwo 5:19.
8. Nukatae ame 144,000 la koe te ŋu srɔ̃a Nyaɖeɖefia 14:3 ƒe ha yeye la?
8 Gake nukatae ame 144,000 koe te ŋu srɔ̃ ha si ŋuti nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 14:3 la? Le esi wòku ɖe woƒe nuteƒekpɔkpɔ abe Mawu ƒe Fiaɖuƒe la ƒe domenyila siwo wotia ene la ŋu tae. Woawo ɖeɖekoe Mawu xɔ abe viawo ene eye wòtsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo. Woawo ɖeɖekoe woƒle tso anyigba dzi be woava zu Dziƒofiaɖuƒe ma ƒe akpa aɖe, eye woawo ɖeɖekoe ‘anye nunɔlawo, eye woaɖu fia’ kple Yesu Kristo ƒe akpe ɖeka be woana ameƒomea nade blibo. Woawo ɖeɖekoe wokpɔ be wole ‘ha aɖe si ɖi abe ha yeye ene dzim’ le Yehowa ŋkume ŋutɔŋutɔ.c Nuteƒekpɔkpɔ kple mɔkpɔkpɔ tɔxɛ siawo nana wokpɔa ŋudzedze ŋutɔ ɖe Fiaɖuƒe la ŋu eye wònana wote ŋu dzia ha tso eŋu le mɔ si ame bubu aɖeke mate ŋu adzii ɖo o la nu.—Nyaɖeɖefia 20:6; Kolosetɔwo 1:13; Tesalonikatɔwo I, 2:11, 12.
9. Aleke ameha gã la wɔ nu ɖe amesiaminawo ƒe hadzidzi la ŋue, eye woto ema dzi na nuxlɔ̃me ka va eme?
9 Gake ame bubuwo ɖoa to woƒe hadzidzia eye wowɔna ɖe edzi. Tso ƒe 1935 me la, alẽ bubuwo ƒe ameha gã aɖe si le dzidzim ɖe edzi la se woƒe aʋadziɖuhadzidzi la eye eʋã wo be woawɔ ɖeka kpli wo le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me. (Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:9) Nyateƒee, ame yeye siawo mate ŋu asrɔ̃ ha yeye si amesiwo ava nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖulawo dzina la tututu o. Gake woawo hã wodzia kafukafuha vivi na Yehowa esi nye ha si kafua Yehowa le nu yeye siwo wɔm wòle la ta. Eyata wonana hakpala la ƒe nuxlɔ̃mea vaa eme be: “Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa! Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbe ƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe! Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome! Mi dukɔwo ƒe ƒomeawo, mitsɔ bubu kple ŋusẽ na Yehowa, mitsɔe na Yehowa! Migblɔ le dukɔwo dome be: Yehowa ye nye fia!”—Psalmo 96:1-3, 7, 10; 98:1-9.
10. Aleke ame 144,000 la te ŋu dzia ha le kpɔɖeŋu ƒe amegã xoxo 24 la ‘ƒe ŋkumee’?
10 Aleke ame 144,000 la ate ŋu adzi ha le amegã xoxoawo “ƒe ŋku me” esi wònye amegã xoxo 24 lae nye ame 144,000 la le woƒe dziƒoŋutikɔkɔe ƒe nɔƒea? Le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedze la, wofɔ amesiwo “ku le Kristo me” la ɖe tsitre abe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ene. Eyata Kristotɔ amesiamina ɖianukware siwo ɖu dzi la le dziƒo fifia hele woƒe dɔ siwo sɔ kple nunɔla amegã xoxowo ƒe hatsotso 24 la tɔ la wɔm le kpɔɖeŋumɔ nu. Wole Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa ƒe ŋutega la me. (Tesalonikatɔwo I, 4:15, 16; Kronika I, 24:1-18; Nyaɖeɖefia 4:4; 6:11) Eyata ame 144,000 la ƒe ame susɔea siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la le ha yeye la dzim le wo nɔvi siwo wofɔ ɖe tsitre yi dziƒoe la ŋkume alo le wo ŋgɔ.
11. Nukatae woyɔa aʋadziɖula amesiaminawo be amegã xoxo 24 la kpakple ame 144,000 la?
11 Míate ŋu abia le afisia hã be: Nukatae woyɔ aʋadziɖula amesiamina siawo be kpɔɖeŋu ƒe amegã xoxo 24 la kpakple ame 144,000 la? Esi Nyaɖeɖefia bua habɔbɔ ɖeka sia le mɔ vovovo eve nu tae. Woɖea amegã xoxo 24 la fiana ɣesiaɣi be wole woƒe nɔƒe si asu wo si mlɔeba le Yehowa ƒe fiazikpuia ŋu abe fia kple nunɔla siwo woɖo le dziƒo ene. Wotsi tre ɖi na ame 144,000 ƒe ha blibo la katã le woƒe dziƒonɔƒe la, togbɔ be fifi laa la amesiawo ƒe ame susɔe ʋee aɖewo kpɔtɔ le anyigba dzi gake. (Nyaɖeɖefia 4:4, 10; 5:5-14; 7:11-13; 11:16-18) Gake Nyaɖeɖefia ta 7 ya hea susu yia ame 144,000 la dzi abe amesiwo woɖe tso amegbetɔƒomea me ene, eye wòtea gbe ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo vevi be yeatre gbɔgbɔ me Israel-viwo ƒe xexlẽme blibo la nu eye yeana ɖeɖe ameha gã manyaxlẽ aɖe la dzi. Nyaɖeɖefia ta 14 na míekpɔ nusi ɖo kpe edzi be woaƒo aʋadziɖula 144,000 ƒe Fiaɖuƒe habɔbɔ blibo la nu ƒu akpe ɖe Alẽvi la ŋu le Zion-to la dzi. Eɖe dzedze siwo wòle be woakpɔ le wo ŋu hafi woanɔ ame 144,000 la dome la hã fia, abe alesi míakpɔe azɔ ene.d
Alẽvi la Yomedzelawo
12. (a) Aleke Yohanes yi ame 144,000 la ɖɔɖɔ dzie? (b) Gɔmesese ka nue woyɔ ame 144,000 la le be ɖetugbi leaƒewo?
12 Esi Yohanes nɔ ame 144,000 siwo “woƒle tso anyigba dzi” la ɖɔɖɔ dzi yim la, egblɔ na mí be: “Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la. Eye womekpɔ aʋatsokaka aɖeke le woƒe nu me o; elabena wonye mokaka manɔŋutɔwo.” (Nyaɖeɖefia 14:4, 5) Nyateƒe si wònye be ame 144,000 la ‘nye ɖetugbi leaƒewo’ la mefia kokoko be habɔbɔ sia me tɔwo meɖea srɔ̃ le ŋutilã me o. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo woyɔ hena dziƒoyiyi la be togbɔ be viɖewo le Kristotɔ ƒe trenɔnɔ ŋu hã la, srɔ̃ɖeɖe nyo wu le nɔnɔme aɖewo me. (Korintotɔwo I, 7:1, 2, 36, 37) Nusi nye dzesi le habɔbɔ sia ŋue nye gbɔgbɔ me ɖetugbinyenye. Woƒo asa na gbɔgbɔmehasi si woawɔ kple xexeame ƒe dunyahehe kpakple alakpasubɔsubɔ. (Yakobo 4:4; Nyaɖeɖefia 17:5) Abe Kristo ƒe ŋugbetɔ ene la, wokpɔ egbɔ be yewole kɔkɔe henye “ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina.”—Filipitɔwo 2:15.
13. Nukatae ame 144,000 la nye Yesu Kristo ƒe ŋugbetɔ si sɔ, eye aleke ‘wodzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyinae’?
13 Hekpe ɖe eŋu la, “womekpɔ aʋatsokaka aɖeke le woƒe nu me o.” Le esia me la, wole abe woƒe Fia Yesu Kristo ene. Abe amegbetɔ deblibo ene la, “mewɔ nuvɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o.” (Petro I, 2:21, 22) Esi ame 144,000 la nye mokakamanɔŋutɔwo kple nyateƒetolawo le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me ta la, woɖoa atsyɔ̃ na wo abe ŋugbetɔ si le dzadzɛ ene na Yehowa ƒe Nunɔlagã la. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, emia asi amesiwo si dzi nyui le la be woadze ye yome. (Marko 8:34; 10:21; Yohanes 1:43) Amesiwo wɔ ɖe yɔyɔa dzi la srɔ̃ eƒe agbenɔnɔ eye wowɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi. Eyata le woƒe anyigba dzi nɔnɔ me la, “[wodzea] Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina” esime wòle mɔ fiam wo le Satana ƒe xexea me.
14. (a) Aleke ame 144,000 la nye ‘ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi lae’? (b) Gɔmesese ka nue ameha gã la hã nye nuku gbãtɔwo le?
14 “Woƒle” ame 144,000 la “tso anyigba dzi,” “woƒle wo tso amewo dome.” Mawu xɔ wo abe eƒe gbɔgbɔ me viwo ene, eye le woƒe tsitretsitsi megbe la, womaganye amegbetɔ siwo nye ŋutilã kple ʋu dzro ko o. Abe alesi wogblɔe le kpukpui 4 me ene la, wova zua “ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.” Nyateƒee, le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu nye “amesiwo dɔ alɔ̃ [le ku me] la dome ŋgɔgbetɔ.” (Korintotɔwo I, 15:20, 23) Gake ame 144,000 la nye amegbetɔ madeblibowo “ƒe ŋgɔgbetɔ” siwo wotsɔ Yesu ƒe vɔsa la ƒlee. (Yakobo 1:18) Gake nu ŋeŋe tso ameƒomea me la metɔ ɖe woawo ko dzi o. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa fia asi ameha gã manyaxlẽ si gblɔna kple gbe gã aɖe be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!” la nu ƒoƒo ƒu xoxo. Ameha gã sia atsi agbe le xaxa gã la me, eye esi woyi edzi tsɔ “agbetsi dzidziwo” le ŋusẽ dom wo la, woana woaɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ le anyigba dzi. Ɣeyiɣi aɖe le xaxa gã la megbe la, woaɖe amewo ado goe le Hades, eye woafɔ amegbetɔ miliɔn gbogbo bubuwo ɖe tsitre ahana mɔnukpɔkpɔ wo be woano agbetsi mawo ke. Esi esia le susu me na mí la, asɔ be woayɔ ameha gã la be wonye alẽ bubuawo ƒe nuku gbãtɔwo—esi woawoe nye ame gbãtɔ siwo ‘nyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me’ kple mɔkpɔkpɔ be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la ta.—Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14, 17; 20:12, 13.
15. Nukawoe nye nusiwo sɔ kple wo nɔewo le nuku gbãtɔ vovovo etɔ̃awo kple ŋkekenyui siwo woɖu le Mose ƒe Sea te la me?
15 Nusiwo sɔ kple nuku gbãtɔ etɔ̃ siawo (Yesu Kristo, ame 144,000 la, kple ameha gã la) wònya se la le azã siwo woɖu le blema Mose ƒe Sea nu la me. Le Nisan 16 dzi, le Abolo Maʋãmaʋã ƒe Ŋkekenyui la dzi la, wotsɔa ƒo ƒe nuŋeŋe gbãtɔawo ƒe babla ɖeka saa vɔe na Yehowa. (Mose III, 23:6-14) Nisan 16 ye nye ŋkeke si dzi wofɔ Yesu ɖe tsitre tso ku me. Le ŋkeke 50 lia tso Nisan 16 dzi si nye le ɣleti etɔ̃lia me la, Israel-viwo ɖu lu ƒe nuŋeŋe gbãtɔwo ƒe ŋkekenyui. (Mose II, 23:16; Mose III, 23:15, 16) Wova yɔ ŋkekenyui sia be Pentekoste (si tso Hela-nya aɖe si gɔmee nye “blaatɔ̃lia” me), eye ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzie wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na ame 144,000 la me tɔ gbãtɔwo. Mlɔeba le ɣleti adrelia me esime woŋe nuwo katã vɔ la, woɖua Agbadɔmeŋkekenyui si nye dzidzɔ ƒe akpedaɣi si me Israel-viwo nɔa agbadɔ siwo wotsɔ deʋayawo kple nu bubuwo wɔ la me kwasiɖa ɖeka. (Mose III, 23:33-43) Nenema kee ameha gã la si nye nuŋeŋe gã la ƒe akpa aɖe la ‘léa deʋayawo ɖe asi’ hedaa akpe le fiazikpui la ŋkume.—Nyaɖeɖefia 7:9.
Nya Nyui Mavɔ ƒe Gbeƒãɖeɖe
16, 17. (a) Yohanes kpɔ mawudɔla wòle dzodzom le afika, eye gbe ƒã ka ɖem mawudɔla la le? (b) Amekawoe kpɔa gome le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me, eye nuteƒekpɔkpɔ kawoe ɖe esia fia?
16 Azɔ Yohanes ŋlɔe bena: “Eye mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyuie mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Mawudɔla la le dzodzom “le dziƒo titina,” afisi xewo dzona le. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 19:17.) Eyata woate ŋu ase eƒe gbe le anyigba katã dzi. Aleke gbegbe mawudɔla sia ƒe gbeƒãɖeɖea de didiƒe wu television dzi nyakaka ɖesiaɖe enye si!
17 Ede dzi ƒo na amesiame be wòavɔ̃ Yehowa, amesi ƒe ŋusẽ de ŋgɔ sasasã wu kpɔɖeŋu ƒe lã ɖesiaɖe si dzi Satana kpɔ ŋusẽ ɖo la tɔ, ke menye lã wɔadã la kple eƒe legba o. Yehowae wɔ dziƒo kple anyigba, eye ɣeyiɣia de nɛ azɔ be wòadrɔ̃ ʋɔnu anyigba! (Tsɔe sɔ kple Mose I, 1:1; Nyaɖeɖefia 11:18.) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, egblɔe ɖi le míaƒe ŋkekea ŋu be: “Eye woaɖe gbe ƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea le dɔdasi sia wɔm. (Korintotɔwo I, 9:16; Efesotɔwo 6:15) Nyaɖeɖefia ɖee fia le afisia be mawudɔla siwo womekpɔna o hã le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔ sia me. Aleke mawudɔlawo ƒe mɔfiafia dze ƒã zi geɖe enye si be wokplɔa Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖe vana aƒe si me luʋɔ aɖe si le nu xam la le gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu dim vevie alo le gbe dom ɖa hele ema biam gɔ̃ hã la mee!
18. Le mawudɔla si le dzodzom le dziƒo titina la ƒe nya nu la, nuka ƒe gaƒoƒoe ɖo, eye amekawoe agaɖe gbe ƒã bubuwo?
18 Abe alesi mawudɔla si le dzodzom le dziƒo titina la gblɔe ene la, ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒo la ɖo. Ʋɔnu kae Mawu adrɔ̃ azɔ? Amewo ƒe to me aɖi yeŋ le gbe ƒã siwo mawudɔla evelia, etɔ̃lia, enelia kple atɔ̃lia aɖe la ŋu.—Yeremya 19:3.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Abe alesi Korintotɔwo I, 4:8 ɖee fia ene la, Kristotɔ amesiaminawo meɖua dzi abe fiawo ene esime wole anyigba dzi afisia o. Gake le Nyaɖeɖefia 14:3, 6, 12, 13 me nyawo nu la, wokpɔa gome le ha yeye la dzidzi me to gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzi esime wole dzi dom vaseɖe woƒe anyigba dzi nɔnɔ ƒe nuwuwu.
b Hebri-ŋkɔwo zazã le ŋutega bubuwo me da asi ɖe esia dzi; wotsɔ Hebri-ŋkɔ “Abadon” (si gɔmee nye “Tsɔtsrɔ̃”) la na Yesu eye ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ le teƒe “si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon.”—Nyaɖeɖefia 9:11; 16:16.
c Helagbe me Ŋɔŋlɔ gbãtɔa gblɔ be ‘ha sia ɖi abe ha yeye ene,’ elabena woŋlɔ ha la ŋutɔ ɖe nyagblɔɖinya me le blemaɣeyiɣiwo me. Gake ame aɖeke medze be wòadzii o. Azɔ esi woɖo Fiaɖuƒe la anyi eye wofɔ ame kɔkɔeawo ɖe tsitre la, nua ŋutɔŋutɔ dze gaglã le nyagblɔɖiawo me vava me, eye ɣeyiɣia de be woadzii abe ha ene le eƒe ŋutikɔkɔe katã me.
d Míate ŋu atsɔ nɔnɔmea asɔ kple dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela si nana nuɖuɖu aƒea me tɔwo le ɣeyiɣi nyui dzi la tɔ. (Mateo 24:45) Enye dɔla la ƒe dɔ abe habɔbɔ ene be wòana nuɖuɖu, gake gbɔgbɔ me nuɖuɖu ma ɖuɖue nyia aƒea me tɔ siwo nye habɔbɔ ma me tɔwo ɖekaɖeka. Habɔbɔ ma ke ŋue wole nu ƒom le le mɔ vovovo nu—abe habɔbɔ ene kpakple abe ame ɖekaɖekawo ene.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 202, 203]
Ame 144,000
Amegã xoxo 24
Alẽvi Kristo Yesu ƒe hadomenyilawo le nɔnɔme vovovo eve me