Yehowa Ƒe Habɔbɔa Kpea Asi Ðe Wò Subɔsubɔdɔ Ŋu
“Mekpɔ mawudɔla bubu aɖe le dzodzom le dziƒo titina, eye wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia.”—NYAÐEÐEFIA 14:6.
1. Aleke wodo Yehowa Ðasefowo kpɔe, eye nukatae wote ŋu to dodokpɔwo me do?
NUKATA wòle vevie ale gbegbe be míanya akpa si Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa wɔna le asikpekpe ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu me? Enyo, ɖe Yehowa Ðasefowo ate ŋu awɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti gbeƒãɖeɖedɔa le xexe si lé fu wo la katã me ne Yehowa ƒe dziƒoʋakɔa mekpe asi ɖe wo ŋu oa? Ðasefowo wɔ gbeƒãɖeɖedɔ sia le ƒe alafa si me dukɔmevinyenye ƒe gbɔgbɔ si gbɔ eme, dzizizidziɖuɖuwo, xexemeʋawo, kple mɔxenu vovovo bɔ ɖo me. Ðe Ðasefowo ate ŋu ato nazãbubu, woƒe nya malɔ̃malɔ̃, kple yometiti vɔ̃ɖi si wohena vaa wo dzi zi geɖe la me Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmeea?—Psalmo 34:8.
Xexeame Katã ƒe Fuléle Me Toto
2. Nukae ɖi wo nɔewo le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ vavãtɔwo kple egbe tɔwo ŋu?
2 Le ƒe alafa 20 lia sia me la, futɔwo, subɔsubɔhawo kple dunyahelawo siaa, da mɔxenu ɖesiaɖe ƒomevi ɖe mɔ me na mí be yewoaxe mɔ ɖe Yehowa ƒe dɔa nu alo atsi enu to sewo dede me alo to mɔ bubuwo dzi. Woti mía nɔvi Kristotɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo yome, woda alakpa ɖe wo si, wogblɔ nya vɔ̃wo ɖe wo ŋu, eye wogblẽ wo ŋu—wowu wo dometɔ geɖe gɔ̃ hã—zi geɖe la, Babilon Gã la ƒe nunɔlawoe nɔa megbe na nusiawo. Woate ŋu agblɔe, abe alesi wogblɔe ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋui ene, be “wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.” Abe alesi Yuda-subɔsubɔha ƒe ŋgɔnɔlawo dze agbagba ɖesiaɖe be yewoatɔ te Kristo ƒe subɔsubɔdɔa le eŋɔli ene la, nenema ke nunɔlawo kple xɔsegbelawo, tsɔ kpe ɖe woƒe ahiãvi siwo nye dunyahelawo ŋu, dze agbagbae be yewoatsi Yehowa ƒe amewo ƒe nufiafia ƒe ɖaseɖiɖidɔ gã si wɔm wole la nu.—Dɔwɔwɔwo 28:22; Mateo 26:59, 65-67.
3. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Henryka Żur ƒe nuteƒewɔwɔ me?
3 Le kpɔɖeŋu me, bu nusi dzɔ le Poland le March 1, 1946, dzi ŋu kpɔ. Henryka Żur si nye Ðasefo nyɔnuvi ƒe 15 vi aɖe si tso afisi te ɖe Chełm ŋu, kplɔ Ðasefo bubu si nye nɔviŋutsu ɖo woyi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ le du si te ɖe wo gbɔ me. Katolikotɔwo ƒe asrafoha aɖe si woyɔna be Narodowe Siły Zbrojne (Dukɔa ƒe Asrafoha) lé wo. Woƒo nɔviŋutsua kutɔkutɔe gake ete ŋu tsi agbe. Gake Henryka ya tɔ meyi nenema o. Wowɔ funyafunyae ŋɔdzitɔe gaƒoƒo geɖe esi wonɔ agbagba dzem be yewoazi edzi wòawɔ Katolikotɔwo ƒe atitsoga dzesi. Amesiwo nɔ fu fiamee dometɔ ɖeka gblɔ be: “Àte ŋu asusu nusianu si va tame na wò faa, wò ya wɔ Katolikotɔwo ƒe atitsoga dzesi la ko. Ne menye nenema o àxɔ tukpe fifi laa!” Ðe wòɖe asi le eƒe nuteƒewɔwɔ ŋua? Ao. Subɔsubɔha me tɔ vɔvɔ̃nɔtɔ mawo hee yi ave aɖe si te ɖe afima mee eye woda tui. Ke hã eɖu wo dzi kokoko! Womete ŋu gblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me o.a—Romatɔwo 8:35-39.
4. Aleke dunyahelawo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo dze agbagba be yewoatsi Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa nui?
4 Wosẽ ŋuta le Mawu subɔlawo ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me eye wowɔ nu ɖe wo ŋu amemabumabutɔe ƒe alafa ɖeka kple edzivɔwoe nye sia. Esi Yehowa Ðasefowo mele Satana ƒe xexeame subɔsubɔha gãwo me o, eye womedi be yewoanɔ wo me hã o ta la, ɖeklemiɖela siwo melɔ̃a woƒe nya o alo tsitretsiɖeŋula susumanɔmenyahela ɖesiaɖe bua wo be wonye amesiwo dzi yewoate ŋu adze bɔbɔe. Dunyahelawo dze wo dzi le ŋutasesẽ gã aɖe me. Wowu Ðasefo geɖe ɖe woƒe xɔse ta. Dziɖuɖu siwo woyɔna be demokrasiwo gɔ̃ hã dze agbagba be yewoaxe mɔ ɖe woƒe gbeƒãɖeɖe nyanyuia nu. Le ƒe 1917 me ke le Canada kple United States la, osɔfowo nɔ megbe woka aʋatso ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔna na Ðasefowo ɣemaɣi, si be wonye aglãdzeɖedziɖuɖuŋulawo. Wode Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe akametiwo mɔ̃ madzemadzee gake emegbe wokɔ wo ŋu be womeɖi fɔ o.—Nyaɖeɖefia 11:7-9; 12:17.
5. Nya kawoe de dzi ƒo na Yehowa subɔlawo?
5 Satana zã mɔnu ɖesiaɖe si wòate ŋui be yeatsɔ axe mɔ ɖe Kristo nɔviwo kple woƒe zɔhɛ wɔnuteƒewo ƒe ɖaseɖiɖidɔa nu. Ke hã abe alesi nuteƒekpɔkpɔ gbogbo aɖewo fia ene la, ŋɔdzidoname, ŋkukeklẽdoame, ƒoƒo, gamenɔnɔ, fuwɔamegaxɔmenɔnɔ, alo ku ŋutɔ gɔ̃ hã memia nu na Yehowa Ðasefowo o. Eye alea ko wònɔ le ŋutinya katã me. Elisa ƒe nyawo de dzi ƒo na wo zi geɖe, esi nye: “Megavɔ̃ o, elabena amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi.” Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be mawudɔla wɔnuteƒewo sɔ gbɔ sã wu Abosam ƒe aʋakɔwo!—Fiawo II, 6:16; Dɔwɔwɔwo 5:27-32, 41, 42.
Yehowa Yrana ɖe Gbeƒãɖeɖe Dzonɔamemetɔe Dzi
6, 7. (a) Agbagba kawoe wodze be woaɖe gbeƒã nyanyuia le gɔmedzedzea me? (b) Tɔtrɔ nyui kae va tso ƒe 1943 me heyina?
6 Le ƒe alafa 20 lia me la, Yehowa Ðasefowo zã mɔ̃ɖaŋu me ŋgɔyiyi geɖe tsɔ keke ɖaseɖiɖidɔ gã la ɖe enui eye wotsɔe do tsɔtsɔe be woawɔe hafi nuwuwua nava. Le ƒe 1914 me la, Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ, Kplɔla Russell, zã fotoɖeɖefia kple sinima gbãtɔ aɖe, eye wòde Biblia me numeɖeɖe siwo wolé ɖe agbawo dzi eme, siwo ɖina kpe ɖe ɖeɖefiaa ŋu, le gaƒoƒo enyi Biblia me fotoɖeɖefia aɖe si woyɔna be “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” me. Ewɔ nuku na ekpɔlawo le dukɔ geɖe me ɣemaɣi. Emegbe le ƒe 1930 kple ƒe 1940 ƒe ƒeawo me la, wonya alesi Ðasefowo zãa mɔ̃ si ƒoa agba siwo dzi wolé nya ɖo, siwo dzi Habɔbɔa ƒe zimenɔla evelia J. F. Rutherford ƒe Biblia me nuƒowo nɔ.
7 Le ƒe 1943 me la, wotsɔ dzideƒo gã aɖe ɖe afɔ le Habɔbɔa ƒe zimenɔla etɔ̃lia Nathan H. Knorr ƒe mɔfiafia te, esime wotso nya me be woaɖo suku aɖe na subɔlawo le hame ɖesiaɖe me. Woana hehe Ðasefowo be woaɖe gbeƒã ahafia nu tso aƒeme yi aƒeme nuƒogbaƒomɔ̃ mazãmazãe. Tso ɣemaɣi la, woɖo suku bubuwo tsɔ na hehe dutanyanyuigblɔlawo, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo nye mɔɖelawo, hamemegãwo, kple dzikpɔla bubu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo. Vi kawoe woɖe?
8. Aleke Ðasefowo ɖe xɔse gã aɖe fiae le ƒe 1943 me?
8 Le 1943 me, esime Xexemeʋa II nɔ edzi yim la, Ðasefo 129,000 koe nɔ dɔ dzi le dukɔ 54 me. Gake xɔse nɔ wo si be Mateo 24:14 ava eme hafi nuwuwua nava eye woɖoe kplikpaa be yewoawɔ yewotɔ kpa dzi le emevava me. Woka ɖe edzi be Yehowa akpɔ egbɔ be woɖe gbeƒã nuxlɔ̃amenya vevi la gbã hafi nudzɔdzɔ siwo akplɔ wo nɔewo ɖo si ahe nuɖoanyi gbegblẽ sia ƒe nuwuwu vɛ la nadzɔ. (Mateo 24:21; Nyaɖeɖefia 16:16; 19:11-16, 19-21; 20:1-3) Ðe nane do tso woƒe agbagbadzedzeawo mea?
9. Nudzɔdzɔ kawoe fia be ɖaseɖiɖidɔa kpɔ dzidzedze?
9 Ne mede ɖeke o la, dukɔ 13 ya teti li siwo dometɔ ɖesiaɖe ƒe gbeƒãɖelawo gbɔ Ðasefo 100,000 ŋu. Dukɔ siawo dometɔ geɖe nye afisiwo Katolikoha la xɔ aƒe ɖo. Gake kpɔ alesi nuwo le ɖa. Nyanyui gbeƒãɖela siwo ade 450,000 ye le Brazil, eye amesiwo wu 1,200,000 de Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 1997 me. Eƒe kpɔɖeŋu bubue nye Mexico, si esusɔ vie ko Ðasefowo nade 500,000 le eye amesiwo wu 1,600,000 de Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Katoliko-dukɔ bubuwoe nye Italy (Ðasefowo ade 225,000), France (woade 125,000), Spain (wu 105,000), kple Argentina (wu 115,000). Le United States, afisi Protestanttɔwo, Katolikotɔwo, kple Yudatɔwo bɔ ɖo la, Ðasefo siwo wu 975,000 ye li eye amesiwo wu 2,000,000 ye va Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Nyateƒee, ameha gbogbo aɖewo le dodom le Babilon Gã, xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔ ƒe fiaɖuƒe la, kple eƒe vivimenufiafiawo me, eye wole Mawu ƒe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋugbedodo siwo me kɔ eye kakaɖedzi le wo ŋu la gbɔ vam bibibi.—Petro II, 3:13; Yesaya 2:3, 4; 65:17; Nyaɖeɖefia 18:4, 5; 21:1-4.
Tɔtrɔ ɖe Amewo ƒe Nuhiahiãwo Ŋu
10. Aleke nuwo trɔ le teƒe aɖewoe?
10 Tso aƒeme yi aƒeme dɔa mee wokpɔ amesiwo trɔ ɖe Yehowa ŋu to Kristo Yesu dzi la dometɔ geɖe le. (Yohanes 3:16; Dɔwɔwɔwo 20:20) Gake wozã mɔnu bubuwo hã. Nuwo trɔ, eye ganyawo va sẽ ale gbegbe be nyɔnu geɖe le dɔ me dem fifia. Zi geɖe la, ame ʋee aɖewo koe nàtu le aƒeme le dɔmedegbewo. Eyata Yehowa Ðasefowo trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Abe Yesu kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ene la, woyia amewo gbɔ le afisiwo woakpɔ wo le kple ɣeyiɣi si woatu wo me.—Mateo 5:1, 2; 9:35; Marko 6:34; 10:1; Dɔwɔwɔwo 2:14; 17:16, 17.
11. Afikawoe Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem le egbea, eye vi ka ɖem wòle?
11 Ðasefowo le mɔnu bubuwo tom vɛ eye wotsɔ aɖaŋudzedze ɖea gbeƒã na amewo le ʋutɔɖoƒe gãwo, nudzraƒewo, mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo, dɔwo me, sukuwo me, kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒewo, petroldzeƒewo, amedzrodzeƒewo kple nuɖuƒewo, kpakple le mɔdodowo dzi. Le nyateƒe me, woɖea gbeƒã le afisiafi si woakpɔ amewo le ko. Eye ne amewo le aƒeme la, Ðasefowo yia wo gbɔ ɖaa le afima. Tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu si te ŋu kpɔa kuxia gbɔ nyuie sia wɔe be wona Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe wu. Wole kekem ɖe amesiwo nye alẽawo ŋu. Wole Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme dzem. Subɔla siwo wu miliɔn atɔ̃ kple afã siwo katã nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le hehenanadɔ gãtɔ kekeake le amegbetɔ ƒe ŋutinya me wɔm! Ðe mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nànye wo dometɔ ɖekaa?—Korintotɔwo II, 2:14-17; 3:5, 6.
Nukae Ʋãa Yehowa Ðasefowo?
12. (a) Aleke Yehowa le nu fiam eƒe amewoe? (b) Dɔ kae nufiafia sia le wɔwɔm ɖe amewo dzi?
12 Aleke esiawo katã ku ɖe dziƒohabɔbɔa ŋui? Yesaya gblɔ ɖi be: “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.” (Yesaya 54:13) Yehowa le nu fiam xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka sia to eƒe habɔbɔ si wokpɔna le anyigba dzi la dzi—le Fiaɖuƒe Akpatawo kple takpekpewo me. Esia hea ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa vɛ. Amesiwo xɔ Yehowa ƒe nufiafia la to vovo kura, wona hehe wo be woalɔ̃ wo nɔewo kple wo haviwo abe wo ɖokui ene, be womegalé fu wo haviwo o, le afisiafi si wole le xexe sia si hea mamã dea amewo me eye eme mã la me.—Mateo 22:36-40.
13. Aleke míewɔ nya be mawudɔlawo le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa?
13 Lɔlɔ̃e nye nusi ʋãa Yehowa Ðasefowo be woayi edzi anɔ gbeƒã ɖem togbɔ be amewo metsɔa ɖeke le eme na wo o alo wotia wo yome hã. (Korintotɔwo I, 13:1-8) Wonya be dziƒoe wole mɔ fiam yewoƒe agbeɖeɖedɔ la tsoe, abe alesi Nyaɖeɖefia 14:6 gblɔe ene. Gbedasi ka ƒe gbeƒã ɖem wole le mawudɔlawo ƒe mɔfiafia te? “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” Gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nyanyuia doa Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe dzi. Wole amewo kpem be woatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu, Wɔla la, menye na nuwɔwɔwo alo nufiafia si nye amedzɔtsolãme mɔfiafia manɔmee o. Eye nukatae gbeƒãɖeɖedɔa hiã kpata alea gbegbe ɖo? Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo—ʋɔnudɔdrɔ̃ Babilon Gã la kple Satana ƒe nuɖoanyi si wokpɔna la ƒe akpa bubuwo katã.—Nyaɖeɖefia 14:7; 18:8-10.
14. Amekawoe le nufiafiadɔ gã sia wɔm?
14 Kristotɔ adzɔgbeɖela aɖeke medo le gbeƒãɖeɖedɔ sia me o. Hamemegã siwo wɔa gbɔgbɔmedɔwo xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me le hamea me. Mɔɖela siwo wona hehee tsɔa woƒe ɣeyiɣiwo katã wɔa dɔ lae. Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo me dzo le le nya la kakam ɖe anyigba ƒe dzogoe ɖesiaɖe dzi, eɖanye gaƒoƒo ʋee aɖewo koe wozãna le ɣleti me alo gaƒoƒo geɖee o.—Mateo 28:19, 20; Hebritɔwo 13:7, 17.
15. Nukawoe nye nusiwo fia be Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖe?
15 Ðe agbagbadzedze siawo katã wɔa dɔ ɖe amewo dzi le xexeamea? Eƒe kpeɖodzi sue aɖe koe nye alesi woɖea Yehowa Ðasefowo le television dzi kple alesi wogblɔa wo ŋu nya le nyadzɔdzɔgbalẽwo mee zi geɖe. Woƒoa nu tsoa míaƒe kutrikuku kple tameɖoɖo kplikpaa be míaɖo amesiame gbɔ ŋu le wo me enuenu. Nyateƒee, míaƒe dzonɔameme kple míaƒe amewo gbɔ yiyi edziedzi wɔa dɔ ɖe amewo dzi ale gbegbe, ne ame akpa gãtɔ gagbe nya la kple egblɔlawo hã!
Míaƒe Dzonɔameme ɖe Ðaseɖiɖidɔa Nuwuwu Ŋu
16. Nɔnɔme kae wòle be míaɖe afia le ɣeyiɣi si susɔ la me?
16 Míenya ɣeyiɣi didi kae gasusɔ na nuɖoanyi sia o, eye mehiã be míanya hã o zi alesi wònye ameʋãŋusẽ nyuitɔe ʋãa mí be míasubɔ Yehowa ko. (Mateo 24:36; Korintotɔwo I, 13:1-3) Gake míenya be, be Yehowa ƒe lɔlɔ̃, ŋusẽ, kple dzɔdzɔenyenye nadze la, ele be míaɖe gbeƒã nyanyuia “gbãgbiagbã.” (Marko 13:10) Eyata eɖanye ɣeyiɣi didi kae míatsɔ anɔ mɔ kpɔm na madzɔmadzɔnyenye xexe vɔ̃ɖi sẽŋuta sia ƒe nuwuwu o, ele be míatsɔ dzonɔameme anɔ agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe nu le alesi míaƒe nɔnɔme aɖe mɔe nu. Ðewohĩ míezu ame tsitsiwo alo dɔnɔwo, ke hã míagate ŋu atsɔ dzo si nɔ mía me esime míenye ɖekakpui alo ɖetugbiwo eye lãmesẽ nɔ mía si la asubɔ Yehowae. Ðewohĩ míagate ŋu azã ɣeyiɣi sɔgbɔ le gbeadzi abe tsã ene ya o, gake kakaɖedzitɔe la, míate ŋu akpɔ egbɔ be kafukafuvɔ si míesana na Yehowa la nyo alesi dze.—Hebritɔwo 13:15.
17. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname aɖe si ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu.
17 Eyata míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, mina míawɔ dɔ dzonɔamemetɔe eye míagblɔ míaƒe xexeme yeye ŋuti nyanyuia na amesiame si míado goe. Mina míaɖi Australia nyɔnuvi ƒe adre vi sia si kpea ŋu, amesi kple nɔa woyi fiase aɖe me. Ese wogblɔ alesi wòle vevie be amesiame naɖe gbeƒã la le Fiaɖuƒe Akpata me, eyata etsɔ agbalẽ gbadza eve siwo wotsɔ srɔ̃a Biblia de akplo me. Esime nɔa nɔ nu ƒlem la, nyɔnuvia bu. Esi nɔa nɔ edim la, eke ɖe eŋu wònɔ agbalẽ gbadza nam aƒenɔ aɖe! Nɔa yi ɖaɖe kuku na nyɔnua ɖe alesi ɖevia aɖe fu nɛ ta. Gake nyɔnua lɔ̃ faa xɔ agbalẽ gbadza la. Esi ɖevia kple nɔa ɖeɖe nɔ anyi la, ebia ɖevia be aleke wòwɔ dzi nɔ eƒo wòyi amesi menya o gbɔ hã. “Ðeko megblɔ be, Dzra Ðo, Pĩ! Eye mete ɖe eŋu!”
18. Aleke míawɔ aɖe gbɔgbɔ si dze kafukafu afia?
18 Ele be gbɔgbɔ si ɖi Australia nyɔnuvi ma tɔ nanɔ mí katã mía me, vevietɔ ne míedi be míate ɖe amesiwo míenya o alo dziɖuɖumegãwo gɔ̃ hã ŋu. Ðewohĩ míavɔ̃ be womaɖo to mí o. Migana míaŋlɔ be gbeɖe o be Yesu gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi be, aleke míawɔ alo nuka tsɔ ge míala aɖe mía ɖokui nu alo agblɔ o; elabena Gbɔgbɔ kɔkɔe la afia nusi miagblɔ la mi le gaƒoƒo ma dzi.”—Luka 12:11, 12.
19. Aleke nèsena le ɖokuiwò me ɖe wò subɔsubɔdɔa ŋu?
19 Eyata ɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe kpekpeɖeŋu ŋu esime nèle nyanyuia tsɔm yi na amewo tufafatɔe. Ame miliɔn geɖe ɖoa ŋu ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo zi geɖe womedze na ŋuɖoɖeŋu o, amesiwo ƒe agbe le kpuie ko ŋu. Míawo ya míeɖoa ŋu ɖe Yehowa kple eƒe dziƒohabɔbɔa—Kristo Yesu, mawudɔla kɔkɔeawo, kple amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre—amesiwo le agbe tegbetegbe ŋu! Eyata ɖo ŋku edzi be: “Amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi”!—Fiawo II, 6:16.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu bubuwo le 1994 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 217-20.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Akpa kae Mawu ƒe dziƒohabɔbɔa wɔ le Yehowa ƒe amewo ƒe fukpekpewo me toto ŋu?
◻ Dunyahela kple subɔsubɔhaŋgɔnɔla kawoe ho aʋa ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le ƒe alafa 20 lia me?
◻ Aleke Yehowa Ðasefowo trɔ asi le woƒe subɔsubɔdɔa ŋui be wòasɔ ɖe míaƒe ɣeyiɣiawo me nuhiahiãwo nu?
◻ Nukae ʋã wò neɖea gbeƒã?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Henryka Żur
[Nɔnɔmetatawo si le axa 18]
Japan
Martinique
United States
Kenya
United States
Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã ɣesiaɣi si woate ŋu ake ɖe amewo ŋu kple le afisiafi si woakpɔ wo le
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la, wozã agbaƒomɔ̃wo tsɔ kaka Fiaɖuƒe gbedasia