Ta 30
“Babilon Gã la Mu!”
1. Gbe ƒã kae mawudɔla evelia ɖe, eye amekae nye Babilon Gã la?
MAWU ƒe ʋɔnudrɔ̃gaƒoƒoa ɖo! Ðo to azɔ nase gbedasi si tso dziƒo la be: “Eye mawudɔla bubu si nye evelia la, dze eyome le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Du, si na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.” (Nyaɖeɖefia 14:8) Nyaɖeɖefia he susu yi Babilon Gã la dzi zi gbãtɔ, gake menye esiae nye zi mamletɔ o. Emegbe la, ta 17 aƒo nu tso eŋu abe gbolo si nɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo yome ene. Amekae wònye? Abe alesi míava kpɔe ene la, xexeame katã ƒe fiaɖuƒee wònye, eku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu, eye wònye Satana ƒe alakpanuɖoanyi si wòzãna tsɔna wɔa aʋa tsia tre ɖe Mawu ƒe nyɔnu la ƒe dzidzimevia ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:17) Babilon Gã lae nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe bliboa katã. Subɔsubɔha siwo katã lé blema Babilon ƒe subɔsubɔ me nufiafiawo kple nuwɔnawo me ɖe asi eye woɖea eƒe gbɔgbɔa fiana la le eme.
2. (a) Aleke wòdzɔe be Babilontɔwo ƒe subɔsubɔ kaka ɖe anyigba ƒe akpawo katã? (b) Nukae nye Babilon Gã la ƒe akpa si xɔ ŋkɔ wu ɖesiaɖe, eye ɣekaɣie wòdo abe habɔbɔ sẽŋu aɖe ene?
2 Ƒe 4,000 kple vɔe nye sia, le Babilon, ye Yehowa tɔtɔ amesiwo anye Babel-mɔ̃ la tulawo ƒe gbe. Gbe vovovoawo gblɔlawo kaka yi ɖe anyigba ƒe seƒe ke eye wotsɔ xɔsegbegbe ƒe dzixɔse kple nuwɔna siwo dzi wotu subɔsubɔha akpa gãtɔ ɖo vaseɖe egbea la yii. (Mose I, 11:1-9) Babilon Gã lae nye Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa si ku ɖe mawusubɔsubɔ ŋu. (Tsɔe sɔ kple Yohanes 8:43-47.) Egbea eƒe akpa vevitɔe nye Kristodukɔa si do abe habɔbɔ sesẽ mawɔsedzi ene le ƒe alafa enelia me le Kristo megbe, eye nufiafia kple kɔnuwɔwɔ siwo metso Biblia me o ke boŋ akpa gãtɔ tso Babilon-subɔsubɔ me la le esi.—Tesalonikatɔwo II, 2:3-12.
3. Aleke woate ŋu agblɔ be Babilon Gã la mue?
3 Ðewohĩ àbia be, ‘Esi wònye ŋusẽ gã aɖe kpɔtɔ le subɔsubɔhawo si le anyigba dzi la, nukatae mawudɔla la ɖe gbe ƒã be Babilon Gã la mu?’ Aã, nukae dzɔ esime blema Babilon mu le ƒe 539 D.M.Ŋ. me la megbe? Wona ablɔɖe Israel-viwo be woatrɔ ayi wo denyigba dzi eye woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi ɖe afima! Eyata gbɔgbɔ me Israel ɖoɖo gbɔgbɔ me nudzedziname si le edzi yim eye wòle ta kekem vaseɖe egbea ƒe nɔnɔme me ake le ƒe 1919 me la nye ɖaseɖiɖi be Babilon Gã la mu le ƒe ma me. Ŋusẽ megale esi be wòaɖo asi Mawu ƒe amewo dzi o. Gawu la, kuxi gãwo do mo ɖa le eya ŋutɔ ƒe amewo dome. Woklo nu le eƒe nu gbegblẽ wɔwɔ, anukwaremaɖimaɖi kple agbegbegblẽnɔnɔ la ŋu le teƒe geɖe tso ƒe 1919 me. Le Europa ƒe akpa gãtɔ la, ame ʋee aɖewo koe gadea sɔleme, eye le dukɔ geɖe siwo me nuwo katã nye dziɖuɖu tɔ la me la, wobua mawusubɔsubɔ abe “aɖi si gblẽa tagbɔ na amewo” ene. Esi Babilon Gã la ɖu ŋukpe le Mawu ƒe Nya la ƒe nyateƒea lɔ̃lawo katã ŋkume ta la, ɖeko wòle abe ɖe wotso kufia nɛ ene eye wòle Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe hehe va edzi la lalam.
Babilon ƒe Mumu Ŋukpenatɔe
4-6. Aleke “Babilon gã la . . . na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha” lae?
4 Mina míadzro nɔnɔme siwo me Babilon Gã la dze anyi le ŋukpenatɔe la me tsitotsito. Mawudɔla la gblɔ na mí le afisia be “Babilon gã la . . . na dukɔwo katã no eƒe ahasiwɔwɔ ƒe dɔmedzoe ƒe aha la.” Nukae esia fia? Eku ɖe aʋadziɖuɖu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa gblɔ na Yeremya be: “Xɔ dɔmedzoe ƒe weinkplu sia le asinye, eye natsɔe na dukɔ, siwo katã gbɔ maɖo wò ɖo la, woano. Eye ne wonoe la, woanɔ mumũm sagãsagã, eye woadze aɖaʋa le yi, si maɖo ɖe wo dome la ta.” (Yeremya 25:15, 16) Le ƒe alafa adelia kple adrelia D.M.Ŋ. me la, Yehowa zã blema Babilon tsɔ kɔ xaxa ƒe kplu aɖe ɖi le kpɔɖeŋumɔ nu be dukɔ geɖe siwo dome Yuda si gbe xɔsea hã le la nano, ale be wokplɔ eya ŋutɔ ƒe dukɔ gɔ̃ hã yi aboyo mee. Ke emegbe la Babilon hã mu le esi eƒe fia do eɖokui ɖe dzi ɖe Yehowa “dziƒo ƒe Aƒetɔ” la ŋu ta.—Daniel 5:23.
5 Babilon Gã la hã ɖu aʋa dzi, gake mena esia ƒe akpa gãtɔ dze gaglã abe kemea tɔ ene o. ‘Ena dukɔwo katã no aha’ to gbolo ƒe ayenuwɔna zazã dzi, eye wòwɔ matre kpli wo le mawusubɔsubɔ gome. Eble dunyahedziɖulawo nu ale be wobla nu kplii hedze xɔlɔ̃e. To mawusubɔsubɔ ƒe ameblenuwo dzi la, ehe dunyahehe, asitsatsa, kple ganyawo ƒe teteɖeanyi vɛ. Ehe mawusubɔsubɔ ƒe yometiti kple mawusubɔsubɔ ƒe aʋawɔwɔwo kpakple atitsogaʋawo, kple dukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo vɛ le dunyahehe kple asitsatsa ƒe susuwo koŋ ta. Eye ekɔ aʋawɔwɔ siawo ŋu to gbɔgblɔ be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wonye dzi.
6 Gome si mawusubɔsubɔ kpɔ le ƒe alafa 20 lia sia ƒe aʋawɔwɔwo kple dunyahehe me la nye nusi ame geɖe nya—abe le Shintotɔwo ƒe Japan, Hindutɔwo ƒe India, Buddhatɔwo ƒe Vietnam, “Kristotɔwo” ƒe Anyiehe Ireland kple Latin Amerika kpakple teƒe bubuwo ene—ne míaŋe aɖaba aƒu akpa si asrafowo ƒe osɔfowo wɔ le xexemeʋa eveawo ƒe akpa eveawo siaa dzi le dzi dede ƒo na ɖekakpuiwo be woayi aɖawu wo nɔewo me la dzi o. Babilon Gã la ƒe ahiãwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye gome si wòkpɔ le Spaniatɔwo ƒe Dukɔmeviwo ƒe Aʋa si wowɔ le ƒe 1936-39 me la me, esi me wowu ame 600,000 teti le. Amesiwo le megbe na Katolikotɔwo ƒe nunɔlawo kple wo xɔlɔ̃woe he ʋukɔkɔɖi sia vɛ, eye eƒe akpa aɖe tso sɔlemeha la ƒe kesinɔnuwo kple nɔƒe si Spaniatɔwo ƒe dziɖuɖu si le se nu la ƒe nuwɔnawo fia be woaxɔ le wo si la gbɔ.
7. Amekawo koŋ ye Babilon Gã la tɔ ŋkui, eye mɔ kawo dzie wòto ɖe amesiawo ŋu?
7 Esi wònye Babilon Gã lae nye Satana ƒe dzidzimevia ƒe akpa si lɔ mawusubɔsubɔ ɖe eme la ta la, etɔ ŋku Yehowa ƒe “nyɔnu,” ‘Yerusalem si le dziƒo’ la koŋ. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wokpɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea dze sii kɔte be eyae nye nyɔnua ƒe dzidzimevia. (Mose I, 3:15; Galatiatɔwo 3:29; 4:26) Babilon Gã la dze agbagba vevie be yeaɖu hame kɔkɔe ma dzi to enu beble be wòawɔ mawusubɔsubɔ me ahasi dzi. Apostolo Paulo kple apostolo Petro xlɔ̃ nu be aɖu ame geɖe dzi eye xɔsegbegbe gã aɖe ado tso eme. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Petro II, 2:1-3) Gbedasi si Yesu ɖo ɖe hame adreawo ɖee fia be le Yohanes ƒe agbenɔɣi ƒe nuwuwu lɔƒo la, Babilon Gã la nɔ ŋgɔyiyi aɖe wɔm le eƒe agbagbadzedze be yeagblẽ hamea me. (Nyaɖeɖefia 2:6, 14, 15, 20-23) Gake Yesu ɖe afisi woaɖe mɔ nɛ wòawɔe ase ɖo la fia xoxo.
Lu Kple Gbe Wuwluiawo
8, 9. (a) Nukae Yesu ƒe lu kple gbe wuwluiawo ŋuti lododoa fia? (b) Nukae dzɔ “esi amewo dɔ alɔ̃”?
8 Le Yesu ƒe lu kple gbe wuwluiwo ŋuti lododoa me la, eƒo nu tso ame aɖe si wu nuku nyui ɖe agble me ŋuti. Gake “esi amewo dɔ alɔ̃ la,” futɔ aɖe va wu gbe wuwluiwo ɖe eme. Eyata gbe wuwluiwo vu tsyɔ lua dzi. Yesu ɖe eƒe lododoa me le nya siawo me be: “Amesi le nuku nyuia wum la, eya nye amegbetɔvi la; ke abɔ la enye xexe la me; eye nuku nyui la enye fiaɖuƒe la ƒe viwo; ke gbe wuwluiawo nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo; eye futɔ, si le wo wum la, enye Abosam.” Azɔ eɖee fia be woaɖe mɔ lu kple gbe wuwluiawo natsi vaseɖe ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ esime mawudɔlawo ‘aƒo’ kpɔɖeŋu ƒe gbe wuwluiawo “nu ƒu.”—Mateo 13:24-30, 36-43.
9 Nusi ŋuti Yesu kple apostolo Paulo kpakple apostolo Petro xlɔ̃ nu le la dzɔ. “Esi amewo dɔ alɔ̃,” eɖanye le apostoloawo ƒe alɔ̃dɔdɔ le ku me megbe alo esime dzikpɔla Kristotɔwo va nɔ akɔlɔ̃e dɔm le Mawu ƒe alẽha la ŋu dzɔdzɔ me o la, Babilontɔwo ƒe xɔsegbegbe mie le hamea me ŋutɔŋutɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:31) Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, gbe wuwluiawo sɔ gbɔ boo wu lu la eye wona menɔ dzedzem o. Ƒe alafa geɖe la, anya dze abe ɖe Babilon Gã la ƒe avɔ si lolo ŋutɔ la tsyɔ nyɔnu la ƒe dzidzimevia dzi keŋkeŋ ene.
10. Nukae dzɔ le ƒe 1870 ƒe ƒeawo me, eye aleke Babilon Gã la wɔ nu ɖe esia ŋue?
10 Le ƒe 1870 ƒe ƒeawo me la, Kristotɔ amesiaminawo va nɔ agbagba dzem kple moveviɖoɖo be yewoaɖe yewo ɖokui ɖa tso Babilon Gã la ƒe gbolowɔwɔ ƒe mɔwo ŋu. Woɖe asi le alakpanufiafia siwo Kristodukɔa xɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me la ŋu eye wowɔ Biblia ŋudɔ dzideƒotɔe le gbeƒãɖeɖe be Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣia awu enu le ƒe 1914 me la me. Babilon Gã la ƒe dɔwɔnu vevitɔ si nye Kristodukɔa ƒe osɔfowo tsi tre ɖe tadedeagu vavãtɔ ɖoɖo anyi ake ƒe afɔɖeɖe siawo ŋu. Le xexemeʋa gbãtɔ me la, wowɔ aʋaŋɔli ƒe tsukunuwɔwɔ la ŋudɔ tsɔ dze agbagba be yewoaɖe Kristotɔ anukwaretɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue ma ɖa. Le ƒe 1918 me la, esime woɖo asi woƒe dɔwɔnawo dzi keŋkeŋ kloe la, edze abe ɖe Babilon Gã la ƒe abɔ de dzi ene. Edze abe ɖe wòɖu wo dzi ene.
11. Nukae do tso blema Babilon ƒe mumu me?
11 Abe alesi míede dzesii va yi ene la, Babilon-du si dana la mu afɔkutɔe le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Ɣemaɣie ɣlia ɖi bena: “Babel mũ, emũ.” Xexemefiaɖuƒea ƒe fiadu gã la ge ɖe Medo-Persia ƒe asrafo siwo le Kores Gãtɔ te la si me. Togbɔ be dua ŋutɔ to aʋadziɖuɖua me do hã la, eƒe anyidzedze tso ŋusẽ ƒe nɔƒe la nye nu ŋutɔŋutɔ, eye ena woɖe asi le eƒe aboyome Yudatɔwo ŋu. Wotrɔ yi Yerusalem yi ɖaɖo tadedeagu dzadzɛ anyi ake ɖe afima.—Yesaya 21:9; Kronika II, 36:22, 23; Yeremya 51:7, 8.
12. (a) Le míaƒe ƒe alafa sia me la, aleke woate ŋu agblɔ be Babilon Gã la mue? (b) Nukae ɖo kpe edzi be Yehowa gbe Kristodukɔa keŋkeŋ?
12 Wose ɣli si ɖi be Babilon Gã la mu la le míaƒe ƒe alafa sia hã me! Ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dzidzedze si Kristodukɔa si nye Babilon ƒe akpa aɖe la kpɔ le ƒe 1918 me la nu yi le ƒe 1919 me esime wogaɖo Yohanes habɔbɔa si nye amesiamina susɔeawo te ake to gbɔgbɔ me tsitretsitsi dzi. Le aboyome siwo Mawu ƒe amewo anye nɛ gome la, Babilon Gã la mu. Abe ʋetsuviwo ene la, Kristo nɔvi amesiaminawo do le aʋlia me bibibi hele klalo be yewoawɔ dɔ. (Nyaɖeɖefia 9:1-3; 11:11, 12) Woawoe nye egbegbe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la, eye Aƒetɔ la tsɔ wo ɖo eƒe anyigbadzinuwo katã nu. (Mateo 24:45-47) Wo zazã le mɔ sia nu ɖo kpe edzi be Yehowa gbe Kristodukɔa keŋkeŋ togbɔ egblɔna be Mawu teƒee yele le anyigba dzi gake. Wogbugbɔ ɖo tadedeagu dzadzɛ anyi, eye mɔ ʋu be woawu ame 144,000 la ƒe ame susɔewo—amesiwo nye nyɔnu la ƒe dzidzimevi la ƒe ame susɔe siwo nye Babilon Gã la ƒe futɔwo tso blema ke la—nu tetre nu. Esiawo katã fia be woɖu Satana ƒe subɔsubɔhabɔbɔ ma dzi vevie ŋutɔ.
Ame Kɔkɔeawo ƒe Dzidodo
13. (a) Gbe ƒã kae mawudɔla etɔ̃lia ɖe? (b) Ʋɔnu kae Yehowa adrɔ̃ amesiwo xɔa lã wɔadã la ƒe dzesi la?
13 Azɔ mawudɔla etɔ̃lia ƒo nu. Ðo to nasee! “Eye mawudɔla bubu, si nye etɔ̃lia la, dze wo yome le gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Ne ame aɖe de ta agu na lã la kple eƒe legba, eye wòxɔ eƒe dzesi ɖo eƒe ŋgonu alo eƒe asi ŋu la, eya lano Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe aha, si wometɔtɔ kɔ ɖe eƒe dɔmedzoekplu la me o.” (Nyaɖeɖefia 14:9, 10a) Woɖee fia le Nyaɖeɖefia 13:16, 17 me be le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la amesiwo medea ta agu na lã wɔadã la o akpe fu—woawu wo gɔ̃ hã. Azɔ míesee be Yehowa ɖo tame be yeadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo “ŋu lã la ƒe ŋkɔ alo eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme ƒe dzesi le la.” Woaƒoe ɖe wo nu be woano Yehowa ƒe dziku ƒe “dɔmedzoekplu” veve la. Nukae esia ahe va wo dzi? Le ƒe 607 D.M.Ŋ. me esime Yehowa ƒoe ɖe Yerusalem nu be wòno “eƒe dɔmedzoekplu” la, “gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi” va dua dzi tso Babilontɔwo gbɔ. (Yesaya 51:17, 19) Nenema kee ne amesiwo subɔa anyigba dzi dunyaheŋusẽwo kpakple woƒe legba si nye Dukɔ Ƒoƒuawo la no Yehowa ƒe dɔmedzoekplua la, ahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi. (Yeremya 25:17, 32, 33) Woatsrɔ̃ wo gbidigbidi.
14. Do ŋgɔ na amesiwo dea ta agu na lã wɔadã la kple eƒe legba la ƒe tsɔtsrɔ̃ gɔ̃ hã la, nuka mee wòle be ame mawo nato, eye aleke Yohanes ƒo nu tso esia ŋue?
14 Gake hafi ema nadzɔ gɔ̃ hã la, ele be amesiwo ŋu lã la ƒe dzesi le la nakpe fu le esi Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o ta. Esi mawudɔla la nɔ nu ƒom tso amesi dea ta agu na lã wɔadã la kple eƒe legba la ŋuti la, egblɔ na Yohanes bena: “Eye woatsɔ dzo kple dzokpe awɔ fui le mawudɔla kɔkɔeawo kple alẽvi la ŋku me. Eye woƒe fuwɔwɔ ƒe dzudzɔ la tu le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye amesiwo de ta agu na lã la kple amesi ke xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.”—Nyaɖeɖefia 14:10b, 11.
15, 16. Nukae nyagbɔgblɔ “dzo kple dzokpe” si le Nyaɖeɖefia 14:10 la fia?
15 Ame aɖewo bu dzo kple dzokpe si woyɔ ɖe afisia la be enye kpeɖodzi be hell si nye dzo li. Gake ŋku léle ɖe nyagblɔɖi ma tɔgbe aɖe ŋu vie ɖe nusi tututu nya siawo fia le nyagbɔgblɔ sia me la ɖe go. Do ŋgɔ le Yesaya ƒe ŋkekeawo me la, Yehowa xlɔ̃ nu Edom-dukɔa be woahe to na wo le fu si wolé Israel ta. Egblɔ bena: “Eƒe tɔʋuwo atrɔ zu aŋe, eƒe kewɔ azu aŋɔ, eye eƒe anyigba azu aŋe bidzo. Matsi o zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee, atsi anyi gbegbee tso dzidzime yi dzidzime, eye ame aɖeke mato edzi akpɔ o tegbee.”—Yesaya 34:9, 10.
16 Ðe wotsɔ Edom ƒu gbe ɖe glitoto me hell si nye dzo me be wòafiã tegbeea? Ao. Ke boŋ dukɔ ma bu ɖa le xexeame keŋkeŋ abe dzo kple dzokpe ye fiãe ene. Tohehea me tsonu mamlea menye funyafunyawɔwɔ mavɔ o, ke boŋ “gbegbe kple . . . aƒedo.” (Yesaya 34:11, 12) Dzudzɔa ƒe ‘dziƒo yiyi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me’ la ɖe esia fia nyuie. Ne xɔ aɖe fiã la, dzudzɔ yia edzi nɔa tutum tso afi la me vaseɖe ɣeyiɣi aɖe le dzoƒaɖeawo ƒe tsitsi megbe, eye wònyea ɖaseɖiɖi na ekpɔlawo be dzo si gblẽ nu bi le afima. Egbea gɔ̃ hã la, Mawu ƒe amewo ɖoa ŋku nusɔsrɔ̃ si le Edom ƒe tsɔtsrɔ̃a me la dzi. Le mɔ sia nu la, ‘eƒe fiafiã ƒe dzudzɔ’ kpɔtɔ le dziƒo yim le kpɔɖeŋumɔ nu.
17, 18. (a) Nukae adzɔ ɖe amesiwo xɔa lã wɔadã la ƒe dzesi la dzi? (b) Aleke wowɔa fu amesiwo dea ta agu na lã wɔadã lae? (d) Aleke ‘woƒe fuwɔwɔ ƒe dzudzɔ la tu le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ mee’?
17 Woatsrɔ̃ amesiwo hã ŋu lã wɔadã la ƒe dzesia le la keŋkeŋ, abe dzo wotsɔ fiã woe ene. Abe alesi nyagblɔɖia ɖee fia emegbe ene la, womaɖi wo o ke boŋ woagblẽ woƒe kukuawo ɖi be lãwo kple xeviwo naɖu. (Nyaɖeɖefia 19:17, 18) Eyata edze ƒã be womele funyafunya wɔm wo ŋutɔŋutɔ tegbee o! Aleke ‘wotsɔa dzo kple dzokpe wɔa fu’ woe? Le gɔmesese sia nu be nyateƒe ƒe gbeƒãɖeɖea ɖea ha wo hexlɔ̃a nu wo tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna la ŋu. Eyata wodoa vlo Mawu ƒe amewo, eye le afisi wòanya wɔ le la, wowɔa aye blea dunyahehe ƒe lã wɔadã la nu be wòati Yehowa Ðasefowo yome ahawu wo gɔ̃ hã. Abe etaƒoƒo ene la, woatsrɔ̃ tsitretsiɖeŋula siawo abe dzo kple dzokpee wotsɔ tsrɔ̃ woe ene. Ekema “woƒe fuwɔwɔ ƒe dzudzɔ la tu le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me” le gɔmesese sia nu be ʋɔnu si Mawu drɔ̃ wo la anye kpɔdzidze ne ame aɖe gatɔ gbe Yehowa ƒe fianyenye ƒe dzedze. Ema fia be wokpɔ nya ma gbɔ yi ɖe mavɔmavɔ me.
18 Amekawoe gblɔa gbedasi wɔfuamea egbea? Ðo ŋku edzi be wona ŋusẽ kpɔɖeŋuʋetsuviawo be woawɔ fu amesiwo ƒe ŋgonu Mawu ƒe nutrenu mele o. (Nyaɖeɖefia 9:5) Edze ƒã be ʋetsuvi siawo siwo mawudɔlawo le mɔ fiamee lae wɔa fu amewo. Ʋetsuviawo kua kutri ale gbegbe be “amesiwo de ta agu na lã la kple amesi xɔ eƒe ŋkɔ ƒe dzesi la, womakpɔ dzudzɔ zã kple keli o.” Eye mlɔeba le woƒe tsɔtsrɔ̃ megbe la, Yehowa ƒe fianyenye ŋuti kɔkɔ ma ƒe ɖaseɖiɖi gã, si nye “woƒe fuwɔwɔ ƒe dzudzɔ la” atu anɔ dziƒo yim tegbee. Yohanes habɔbɔa nado dzi vaseɖe esime woawu eŋu kɔkɔ ma nu! Abe alesi mawudɔla la ƒo etae ene la: “Afii ame kɔkɔe, siwo léa Mawu ƒe seawo kple Yesu ƒe dzixɔse me ɖe asi la, ƒe dzidodo le.”—Nyaɖeɖefia 14:12.
19. Nukatae wòhiã be ame kɔkɔeawo nado dzi, eye nukae Yohanes gblɔ si doa ŋusẽ wo?
19 Ẽ, ‘ame kɔkɔewo ƒe dzidodo’ bia be woade ta agu na Yehowa ɖeka ko to Yesu Kristo dzi. Woƒe gbedasia medzɔa dzi na ame geɖe o. Ehea tsitretsiɖeŋu, yometiti kple xɔsetaku kuku gɔ̃ hã vɛ. Gake nya ta si Yohanes yi edzi ka la doa ŋusẽ wo: “Eye mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Ŋlɔ bena: Woayra ame kuku, siwo ku le Aƒetɔ la me tso esia dzi heyina; ẽ, gbɔgbɔ la gblɔ bena, woadzudzɔ wo ɖokui tso woƒe agbagbadzedzewo me, elabena woƒe dɔwɔwɔwo dze wo yome.”—Nyaɖeɖefia 14:13.
20. (a) Aleke ŋugbedodo si ŋuti Yohanes ka nya ta le la wɔ ɖeka kple Paulo ƒe nyagblɔɖi ku ɖe Yesu ƒe anyinɔnɔ ŋu lae? (b) Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ka ŋugbee wodo be asu amesiamina siwo aku le Satana nyanyã tso dziƒo megbe la si?
20 Ŋugbedodo sia wɔ ɖeka nyuie kple Paulo ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yesu ƒe anyinɔɣia ŋu la: “Amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã; emegbe la mí amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me.” (Tesalonikatɔwo I, 4:15-17) Esi wonyã Satana tso dziƒo la, amesiwo ku le Kristo me la fɔ gbã. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 6:9-11.) Emegbe la wodo ŋugbe be woana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe amesiamina siwo aku le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me. Wofɔa wo ɖe tsitre be woayi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me le dziƒo enumake, “kasia le aɖabaƒoƒo ɖeka me.” (Korintotɔwo I, 15:52) Aleke esia hewɔ nukue nye si! Eye woyia woƒe dɔ dzɔdzɔeawo wɔwɔ dzi le dziƒo.
Anyigba dzi Nuwo Ŋeŋe
21. Nya kae Yohanes gblɔ na mí ku ɖe ‘anyigba dzi nuŋeŋe la’ ŋu?
21 Ame bubuwo hã akpɔ viɖe le ʋɔnudrɔ̃ŋkeke sia dzi, abe alesi Yohanes yi edzi gblɔe na mí ene be: “Eye kpɔ ɖa, mekpɔ alilikpo ɣi aɖe, eye ame aɖe bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi abe amegbetɔvi ene, eye sikafiakuku le eta, eye hɛ gobɛ ɖaɖɛ aɖe le esi. Eye mawudɔla bubu aɖe [enelia] do tso gbedoxɔ me le ɣli dom kple gbe gã ɖo ɖe amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la bena: Do wò hɛ gobɛ la ɖa, ne naya nu; elabena nuŋeɣi ɖo, eye anyigba dzi nuwo ɖi! Eye amesi bɔbɔ nɔ alilikpo la dzi la, do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòya anyigba dzi nuwo.”—Nyaɖeɖefia 14:14-16.
22. (a) Amekae ɖɔ sikafiakuku eye wòbɔbɔ nɔ alilikpo ɣi dzi? (b) Ɣekaɣie nuŋeŋe la aɖo eƒe yɔyrɔenu, eye alekee?
22 Ðikeke aɖeke mele amesi ame ma si bɔbɔ nɔ alilikpo ɣi aɖe dzi la nye ŋu o. Esi wòbɔbɔ nɔ alilikpo ɣi dzi heɖi amegbetɔvi eye sikafiakuku le eta ta la, edze ƒã be eyae nye Yesu, Mesia Fia si Daniel hã kpɔ le ŋutega me la. (Daniel 7:13, 14; Marko 14:61, 62) Gake nukae nye nuŋeŋe si ŋuti nya wogblɔ ɖi ɖe afisia? Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, etsɔ nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe dɔa sɔ kple nuŋeŋe le xexeame katã ƒe agble si nye amegbetɔwo me. (Mateo 9:37, 38; Yohanes 4:35, 36) Nuŋeŋe sia aɖo yɔyrɔeanu le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me ne woɖo Yesu Fiae eye wònɔ Fofoa teƒe hedrɔ̃ ʋɔnu. Eyata eƒe dziɖuɣi, tso ƒe 1914 me, la hãe nye dzidzɔɣi si me woaŋe nu le la.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 16:13-15.
23. (a) Amekae gblɔ be woadze nuŋeŋea gɔme? (b) Nuŋeŋe kae le edzi yim tso ƒe 1919 me vaseɖe fifia?
23 Togbɔ be Yesu nye Fia kple Ʋɔnudrɔ̃la hã la, elala be Yehowa yeƒe Mawu la naɖe gbe na ye hafi yeadze nuŋeŋe la gɔme. Nya ma ɖi tso “gbedoxɔ” la me to mawudɔla aɖe dzi. Yesu wɔ ɖe edzi enumake. Gbã la, tso ƒe 1919 dzi la, ena eƒe dziƒodɔlawo wu ame 144,000 la nu ƒoƒo ƒu nu. (Mateo 13:39, 43; Yohanes 15:1, 5, 16) Azɔ ena woƒo alẽ bubuwo ƒe ameha gã la nu ƒu. (Mateo 25:31-33; Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:9) Ŋutinya ɖee fia be le ƒe 1931 kple ƒe 1935 dome la, alẽ bubu siawo ƒe xexlẽme gbogbo aɖe dze dodo gɔme. Le ƒe 1935 me la, Yehowa na Yohanes habɔbɔa va se amesiwo tututu Nyaɖeɖefia 7:9-17 me ameha gã la nye la gɔme. Tso ɣemaɣi la, wote gbe ɖe ameha sia nu ƒoƒo ƒu dzi vevie. Kaka ƒe 1990 naɖo la, wosɔ gbɔ wu ame miliɔn ene, eye wòkpɔtɔ le agbɔ sɔm ɖe edzi. Kakaɖedzitɔe la, amesi le abe amegbetɔvi ene la ŋe nu gbogbo aɖe dzidzɔtɔe le nuwuɣi sia me.—Tsɔe sɔ kple Mose II, 23:16; 34:22.
Anyigba dzi Weinka la Fanyafanya
24. Nukae mawudɔla atɔ̃lia lé ɖe asi, eye nukae mawudɔla adelia do ɣli gblɔ?
24 Ne wowu ɖeɖe ƒe nuŋeŋe la nu vɔ la, ekema ɣeyiɣia de hena nuŋeŋe bubu. Yohanes ka nya ta bena: “Eye mawudɔla bubu aɖe [atɔ̃lia] do tso gbedoxɔ, si le dziƒo la me, eye eya hã lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ aɖe ɖe asi. Eye mawudɔla bubu aɖe [adelia], si kpɔ ŋusẽ ɖe dzo dzi la, do tso vɔsamlekpui la me, eye wòdo ɣli kple gbe gã aɖe ɖo ɖe amesi lé hɛ gobɛ ɖaɖɛ ɖe asi la bena: Do wò hɛ gobɛ ɖaɖɛ la ɖa, ne nalã anyigba dzi weinka ƒe kpowo; elabena eƒe kutsetseawo ɖi!” (Nyaɖeɖefia 14:17, 18) Wode nuŋeŋedɔ gã aɖe asi na mawudɔlawo be woawɔ le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me, be woamã ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo dome!
25. (a) Nukae mawudɔla atɔ̃lia ƒe dodo tso gbedoxɔ kɔkɔea me la fia? (b) Nukatae wòsɔ be mawudɔla aɖe si “do tso vɔsamlekpui la me” ye ɖe gbe be woadze nuŋeŋea gɔme?
25 Mawudɔla atɔ̃lia do tso Yehowa ŋkume le gbedoxɔ kɔkɔea me; eyata nuŋeŋe mamlea hã nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Gbedasi si wotsɔ to mawudɔla bubu si “do tso vɔsamlekpui la me” dzi la dzie woto ɖe gbe na mawudɔla la be wòadze eƒe dɔa gɔme. Nyateƒenya sia ɖe dzesi ŋutɔ elabena luʋɔ ɖianukware siwo le vɔsamlekpuia te la bia be: “Aƒetɔ kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, ŋkeke nenie nye si mèdrɔ̃ ʋɔnu, eye mèbia hlɔ̃ ɖe míaƒe ʋu ta le amesiwo le anyigba dzi la si o mahã?” (Nyaɖeɖefia 6:9, 10) Ne wolã anyigba dzi weinka la, ekema wokpɔ biabia sia be woabia hlɔ̃ la gbɔ.
26. Nukae nye “anyigba dzi weinka” la?
26 Gake nukae nye “anyigba dzi weinka” la? Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, woƒo nu tso Yuda-dukɔa ŋu be enye Yehowa ƒe weinka. (Yesaya 5:7; Yeremya 2:21) Nenema kee woƒo nu tso Yesu Kristo kple amesiwo asubɔ kplii le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me la ŋuti be wonye weinti. (Yohanes 15:1-8) Le nya sia me la, nusiwo ɖe dzesi le weinti ŋue nye be etsea ku, eye Kristotɔwo ƒe weinti vavãtɔ la tse ku gbogbo aɖe hena Yehowa ƒe kafukafu. (Mateo 21:43) Eyata “anyigba dzi weinka” la manye weinti vavãtɔ sia o, ke boŋ Satana tɔ si wòwɔ be wòaɖi esia, esi nye Satana ƒe dziɖuɖu ɖe amegbetɔ dzi ƒe ɖoɖo gbegblẽ si wokpɔna la kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kutsetse ƒe ‘kpo’ vovovo siwo wòtse le ƒe alafawo me la. Babilon Gã, si ƒe akpa vevi aɖe xɔsegbelawo ƒe Kristotɔnyenye nye la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe weinka sia si me aɖi le la dzi.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 32:32-35.
27. (a) Nukae dzɔ esime mawudɔla si lé hɛ gobɛa ɖe asi la tso anyigba dzi weinka la? (b) Hebri Ŋɔŋlɔa me nyagblɔɖi kawoe ɖe alesi nuŋeŋea keke tae la fia?
27 Ele be woahe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ! “Eye mawudɔla la do eƒe hɛ gobɛ ɖe anyigba dzi, eye wòtso anyigba dzi weinka ƒe kutsetseawo, eye wòtsɔ wo da ɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe weinfiãnu gã la me. Eye wofanya weintsetseawo kple afɔ le dua godo, eye ʋu do le weinfiãnu la me le ɖɔɖɔm vaseɖe keke sɔwo ƒe numega ŋuti ke, eye wòde stadio akpe ɖeka kple alafa ade.” (Nyaɖeɖefia 14:19, 20) Woɖe gbe ƒã Yehowa ƒe dziku ɖe weinka sia ŋu la xoxoxo. (Zefanya 3:8) Yesaya ƒe agbalẽa me nyagblɔɖi aɖe na ɖikeke aɖeke mele eŋu o be woatsrɔ̃ dukɔ blibowo ne wofanya weintsetseawo. (Yesaya 63:3-6) Yoel hã gblɔe ɖi be woafanya ‘ameha’ gãwo, siwo nye dukɔ blibowo, woatsrɔ̃ le “weinfiãƒe” la, le “nyametsobali la” me. (Yoel 4:12-14) Nyateƒee, enye nuŋeŋe si keke ta si tɔgbe magava gbeɖe o! Le Yohanes ƒe ŋutega la ƒe nya nu la, menye ɖeko woŋe weintsetseawo o, ke boŋ wolã kpɔɖeŋu ƒe weinti bliboa hetsɔe ƒu gbe ɖe weinfiãnua me be woafanyae. Eyata woatsɔ afɔ afanya anyigba dzi weinka la eye magate ŋu adze o.
28. Amekawoe afanya anyigba dzi weinka la, eye nukae gbɔgblɔ be “wofanya weintsetseawo kple afɔ le dua godo” la fia?
28 Sɔwoe fanya weintsetseawo le ŋutega la me elabena ʋu si do tso weinka la me la ɖo “sɔwo ƒe numega ŋuti ke.” Esi wònye zi geɖe la nyagbɔgblɔ “sɔwo” kuna ɖe aʋawɔwɔ ŋu ta la, ele be esia nanye aʋawɔɣi. Wogblɔ be dziƒoʋakɔ siwo kplɔ Yesu ɖo yina aʋa mamlea wɔ ge kple Satana ƒe nuɖoanyia la le weintsetsewo fanyam le “Mawu ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.” (Nyaɖeɖefia 19:11-16) Edze ƒã be amesiawoe afanya anyigba dzi weinka la. “Wofanya weintsetseawo kple afɔ le dua godo,” si nye le dziƒo Zion godo. Le nyateƒe me la, esɔ be woafanya anyigba dzi weinka la le anyigba dzi. Gake ‘woafanyae le dua godo’ le gɔmesese sia hã nu be vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe nyɔnua ƒe dzidzimevi la ƒe ame susɔe siwo tsi tre ɖi na dziƒo Zion la le anyigba dzi la dzi o. Woaɣla amesiawo kple ameha gã la woanɔ dedie le Yehowa ƒe habɔbɔ ƒe ɖoɖo si le anyigba dzi la me.—Yesaya 26:20, 21.
29. Aleke ʋu si do le weinfiãnua me la gogloe, aleke eƒe didime le, eye nukae esiawo katã fia?
29 Ŋutega sia si me kɔ la sɔ kple alesi Daniel 2:34, 44 gblɔ be Fiaɖuƒe-kpea agbã anyigba dzi fiaɖuƒewoe la. Atsrɔ̃ wo. Ʋutɔsisi si tso weinfiãnua me la goglo ŋutɔ, ese ɖe sɔawo ƒe numega ŋuti ke, eye eƒe didime nye stadio 1,600.a Xexlẽme gã sia si wokpɔ tso ene teƒe ene ƒe teƒe ewo teƒe ewo (4 x 4 x 10 x 10) me la ɖee fia gbeteɖedzitɔe be tsɔtsrɔ̃a ŋuti ɖaseɖiɖi alɔ anyigba bliboa katã ɖe eme. (Yesaya 66:15, 16) Tsɔtsrɔ̃a anye tsɔtsrɔ̃ ɖikaa eye womate ŋu atrɔe o. Satana ƒe anyigba dzi weinka la magamie gbeɖegbeɖe o!—Psalmo 83:18, 19.
30. Nukawoe nye Satana ƒe weinka la ƒe kutsetsewo, eye nukae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ?
30 Esi míele nuwuɣia me ʋĩ alea ta la, gɔmesese le nuŋeŋe eve siawo ƒe ŋutega la ŋuti ŋutɔ. Ne míelé ŋku ɖe nusiwo ƒo xlã mí ŋu ko la, míekpɔa Satana ƒe weinka la ƒe kutsetsewo. Fuɖeɖe kple amewuwu ƒomevi bubuwo; amesiwo si vidzinu ɖeka tɔgbe le ƒe wo nɔewo gbɔ dɔdɔ, ahasiwɔwɔ, kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒomevi bubuwo; anukwaremaɖimaɖi kple amemalɔ̃malɔ̃—nu mawo katã na xexeme sia vɔ̃ɖi le Yehowa ŋkume. Satana ƒe weinka la ƒe kutsetse nye “aɖi kple atsa.” Eƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe zɔzɔme gbegblẽa doa vlo ameƒomea Wɔla Gã la. (Mose V, 29:17; 32:5; Yesaya 42:5, 8) Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be woanɔ ha bɔm kple Yohanes habɔbɔa le kutsetse nyui siwo ŋem Yesu le hena Yehowa ƒe kafukafu la me! (Luka 10:2) Mina mí katã míaɖoe kplikpaa be míana xexeme sia ƒe weinka la naƒo ɖi mí gbeɖe o, eye to ema dzi la, womatsɔ mí akpe ɖe anyigba dzi weinka la ŋu afanya mí ne wohe Yehowa ƒe fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Stadio 1,600 anɔ abe kilometa 300 alo agbadroƒe 180 ene.
[Aɖaka si le axa 208]
‘Eƒe Ahasiwɔwɔ ƒe Aha La’
Babilon Gã la ƒe akpa vevi aɖee nye Roma Katoliko Sɔlemeha la. Papa si le Roma lae ɖua sɔlemeha la dzi eye wogblɔna be papa ɖesiaɖe nye amesi va xɔ ɖe apostolo Petro teƒe. Nyateƒenya siwo wota ku ɖe yeaɖi teƒexɔla siawo ŋu la dometɔ aɖewoe nye si gbɔna:
Formoso (ƒe 891-96): “Ɣleti asieke le Formoso ƒe ku megbe la, woho eƒe kukua tso papawo ƒe ameɖixɔ me eye ‘ame kukuwo’ ŋuti adaŋudetakpekpe aɖe si Stefano [papa yeye la] nye zimenɔla na la drɔ̃ ʋɔnui. Wotso papa kuku la nu be enɔ papa ƒe nɔƒe la dim ŋukeklẽtɔe eye wogblɔ be nusiwo katã wòwɔ la mele se nu o. . . . Woɖe papa ƒe awuwo ɖa le ame kukua ŋu; wolã eƒe nuɖusi ƒe asibideawo.”—New Catholic Encyclopedia.
Stefano VI (ƒe 896-97): “Ɣleti ʋee aɖewo [le ʋɔnudɔdrɔ̃ Formoso ƒe kukua] megbe la, tsitretsiɖeŋu adãtɔe he Papa Stefano ƒe papanyenye la va nuwuwui; woxɔ papanyenye ƒe dzesia le esi, wodee mɔ̃, eye womiã ve nɛ wòku.”—New Catholic Encyclopedia.
Sergio III (ƒe 904-11): “Ðe womiã ve na . . . ame eve siwo do ŋgɔ teti nɛ . . . la le gaxɔ me woku. . . . Teofilakto-ƒomea nɔ megbe nɛ le Roma, amesiwo ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka si nye Marozia nye amesi wogblɔ be edzi viŋutsu (si va zu Papa Yohanes XI emegbe) nɛ.”—New Catholic Encyclopedia.
Stefano VII (ƒe 928-31): “Le Papa Yohanes X ƒe papanyenye ƒe ƒe mamleawo me la, . . . eƒe nu ve dɔme na Marozia si nye Roma ƒe Donna Senatrix (Dudada), eye wodee gaxɔ me hewui. Azɔ Marozia tsɔ papanyenye la na Papa Leo VI, amesi ku le papanyenye ɣleti 6 1/2 megbe. Stefano VII xɔ ɖe eteƒe, ɖewohĩ to Marozia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi dzi. . . . Le ƒe 2 si wònye Papa me la, ŋusẽ aɖeke menɔ esi o le Marozia ƒe dziɖuɖu te.”—New Catholic Encyclopedia.
Yohanes XI (ƒe 931-35): “Esi Stefano VII ku la . . . , Marozia si tso Teofilakto ƒe Aƒea me la xɔ papanyenye la na via Yohanes, si nye sɔhɛ si tsi wu ƒe 20 vie ko. . . . Esime Yohanes nye papa la, dadaa ɖu edzi.”—New Catholic Encyclopedia.
Yohanes XII (ƒe 955-64): “Mexɔ ƒe wuienyi tututu hafi o, eye nyatakaka siwo va ɣemaɣi la lɔ̃ ɖe edzi be metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me o, modzakaɖeɖe maɖɔʋuwo zu nu mãme nɛ, eye wònɔ agbe gbegblẽ ŋukpemanɔmee.”—The Oxford Dictionary of Popes.
Benedikt IX (ƒe 1032-44; 1045; 1047-48): “Enye amesi xɔ ŋkɔ gbegblẽ le papanyenye la dzadzra na eƒe mawutsidedetaɖaseɖila ŋutsu zi eve eye emegbe wògaxɔ nɔƒea ake la ta.”—The New Encyclopædia Britannica.
Eyata, le esi teƒe be amesiawo kple papa bubuwo nasrɔ̃ Petro ƒe anukwareɖiɖi ƒe kpɔɖeŋua la, wokpɔ ŋusẽ vɔ̃ɖi ɖe amewo dzi. Woɖe mɔ be ʋufɔɖiɖi kple gbɔgbɔ me kple ŋutilã me matrewɔwɔ kpakple Izebel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gblẽ sɔlemeha si dzi ɖum wole la. (Yakobo 4:4) Le ƒe 1917 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ si nye The Finished Mystery la ŋlɔ nyateƒenya siawo dometɔ geɖe tsitotsito. Esia nye mɔ siwo nu Biblia Nusrɔ̃vi siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ‘tsɔ fuwɔame ɖesiaɖe ƒomevi ƒo anyigba lae’ la dometɔ ɖeka.—Nyaɖeɖefia 11:6; 14:8; 17:1, 2, 5.
[Nɔnɔmetata si le axa 206]
Mawudɔlawo kpea asi ɖe Kristo si woɖo fiae la ŋu le ʋɔnudɔdrɔ̃ me
[Nɔnɔmetata si le axa 207]
Le Babilon ƒe mumu le ƒe 539 D.M.Ŋ. me megbe la, woɖe asi le eƒe aboyomewo ŋu