Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
© 2024 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
MAY 6-12
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 36-37
“Dzi Megaku Wò Le Nu Vlo Wɔlawo Ta O”
w17.04 10 ¶4
Ne Mawu Fiaɖuƒea Va La, Nu Kawo Nue Ayi?
4 Aleke ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔnawo le nu gblẽm le mía ŋu fifia?
Esi apostolo Paulo gblɔe ɖi be le míaƒe ŋkekeawo me la “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ” ava la, gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.” (2 Tim. 3:1-5, 13) Ðe nèkpɔe be nyagblɔɖi siawo le eme vama? Ame vɔ̃ɖiwo, abe ŋutasẽla siwo wɔa nu vevi ame, nazãbula siwo léa fu ame kple nu vlo wɔlawo ene ƒe nuwɔnawo gblẽ nu le mía dometɔ geɖe ŋu tẽe. Wo dometɔ aɖewo wɔa nu tovowo gaglãa; ame bubuwo hã nye ameflula siwo wɔa nu abe ɖe wonye ame dzɔdzɔewo ene, evɔ le nyateƒe me la, wovɔ̃ɖi hafi. Ne ame siawo tɔgbi mewɔ nu vevi mí tẽe kpɔ o hã la, woƒe nuwɔnawo gblẽa nu le mía ŋu le mɔ aɖe nu. Egbãa dzi na mí ne míese nu tso woƒe nuwɔna dziŋɔwo ŋu. Ale si ame vɔ̃ɖiwo sẽa ŋuta le ɖeviwo, ame tsitsiwo kple wɔnamanɔŋutɔwo ŋu la dzia ŋɔ na mí ŋutɔ. Ame vɔ̃ɖiwo wɔa nu abe lãwo ene, eye woƒe nuwɔnawo ɖia gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔ. (Yak. 3:15) Dzidzɔtɔe la, Yehowa ƒe Nya la naa mɔkpɔkpɔ mí.
w22.06 10 ¶10
Yehowa Yraa Ame Siwo Tsɔna Kena
10 Ameléleɖedɔme agblẽ nu le mía ŋu. Ne míelé dziku ɖe dɔ mea, ɖeko wòle abe míedro agba kpekpe aɖe ɖe ta ene. Yehowa di be míadro agba ma ɖi ne míavo. (Xlẽ Efesotɔwo 4:31, 32.) Yehowa de dzi ƒo na mí be míana ‘míaƒe dɔmedzoe nu nafa, eye míadzudzɔ dzikudodo.’ (Ps. 37:8) Ne míewɔe alea la, aɖe vi na mí ŋutɔ. Elabe ne míelé dziku ɖe dɔ mea, ate ŋu agblẽ nu le míaƒe susu kple lãmesẽ ŋu. (Lod. 14:30) Ale si ko ame mate ŋu ano aɖi, evɔ wòanɔ mɔ kpɔm be wòagblẽ nu le ame bubu ŋu oa, nenema kee ne míelé ame aɖe ɖe dɔ mea, míawo ŋutɔ ŋue wòagblẽ nu le. Eya ta nu si aɖe vi na mí boŋue nye be míatsɔ ake. (Lod. 11:17) Ana míaƒe dzi nadze eme, míaƒe susu adze akɔ anyi, eye míayi edzi asubɔ Yehowa.
w03 12/1 13 ¶20
“Yehowa Ƒe Nu Nenyo Ŋuwò”
20 Ekema, ‘ame fafawo alo ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome.’ (Psalmo 37:11a) Gake amekawoe nye “ame ɖihiãwo”? Woɖe nya si gɔme woɖe be “ɖihiã” tso nya si fia be “kpe fu, wobɔbɔe ɖe anyi, woɖi gbɔe” me. Ẽ, “ame ɖihiãwo” nye amesiwo kpɔa Yehowa sinu ɖokuibɔbɔtɔe be wòava ɖɔ nu madzɔmadzɔ siwo katã wowɔ ɖe wo ŋu la ɖo. “Dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11b) Fifia gɔ̃ hã la, míekpɔa ŋutifafa gbogbo le gbɔgbɔ me paradiso si le Kristo-hame vavã me la me.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-2 445
To
Enɔa tsitre ɖi na nu si li ke, nu si nɔa anyi ɖaa, alo nu si kɔkɔ. Towo lia ke eye wonɔa anyi ɖaa. (Yes 54:10; Hab 3:6; tsɔe sɔ kple Ps 46:2) Eya ta, esi hakpalaa gblɔ be Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye le “abe Mawu ƒe towo ene” la (Ps 36:6; etenuŋɔŋlɔ), anye nu si wòwɔnɛ ye nye be Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi ɖaa. Alo esi wònye be towo kɔkɔna ta la, ate ŋu afia be Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kɔ gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu. (Tsɔe sɔ kple Yes 55:8, 9.) Esi wokɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu adrelia ɖi la, Nyaɖeɖefia 16:20 gblɔ be: “Womegakpɔ towo o.” Esia na míekpɔe be nu siwo kɔ ŋutɔ abe towo ene kura gɔ̃ hã la mate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe nu o.—Tsɔe sɔ kple Yr 4:23-26.
MAY 13-19
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 38-39
Mèganɔ Nu Xam Fũu Akpa Ðe Nu Vɔ̃ Aɖe Si Nèwɔ Va Yi Ta O
w20.11 27 ¶12-13
“Wò Ŋkuwo Nekpɔ Ŋgɔ Tẽe”
12 Xlẽ 1 Yohanes 3:19, 20. Mí katã míebua fɔ mía ɖokuiwo ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo bua fɔ wo ɖokuiwo le nu siwo wowɔ hafi va srɔ̃ nyateƒea ta. Ame bubuwo hã bua fɔ wo ɖokuiwo le nu gbegblẽ siwo wova wɔ le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la ta. (Rom. 3:23) Míedina be míawɔ nu si le eteƒe, gake “mí katã míedaa vo zi geɖe.” (Yak. 3:2; Rom. 7:21-23) Togbɔ be medzɔa dzi na mí ne míele fɔ bum mía ɖokuiwo o hã la, ate ŋu aɖe vi na mí le mɔ aɖe nu. Nu ka tae? Elabena ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ siwo hiã eye míaɖoe kplikpaa be míagawɔ vodada mawo ake o.—Heb. 12:12, 13.
13 Le go bubu me la, ate ŋu adzɔ be míanɔ fɔ bum mía ɖokuiwo fũu akpa, si fia be míayi edzi anɔ fɔ bum mía ɖokuiwo nenye be míetrɔ dzi me eye Yehowa tsɔe ke mí gɔ̃ hã. Ema ya ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. (Ps. 31:10; 38:3, 4) Le mɔ ka nu? Bu nɔvinyɔnu aɖe si bua fɔ eɖokui le nu vɔ̃ aɖe si wòwɔ va yi ta ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be mele be mado vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me hã o, elabena ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ aɖeke megali nam o.” Mía dometɔ geɖe ate ŋu ase le mía ɖokui me nenema. Eya ta, ele be míanɔ ŋudzɔ be míagava nɔ fɔ bum mía ɖokui fũu akpa o. Aleke gbegbee dzi adzɔ Satana ye nye esi ne míena ta, evɔ Yehowa ya kpɔtɔ lɔ̃ mí!—Tsɔe sɔ kple 2 Korintotɔwo 2:5-7, 11.
w02 11/15 20 ¶1-2
Aleke Míana Viɖe Nanɔ Míaƒe Agbemeŋkekewo Ŋu le Yehowa Ŋkumee?
EDZENA abe míaƒe agbenɔŋkekewo le ʋɛ eye wonu yina kabakaba ene. Hakpala Dawid de ŋugble le alesi agbe le kpuie ŋu eye wòʋãe wòŋlɔ bena: “Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi! Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o.” Dawid tsi dzi ɖe alesi wòanɔ agbee wòadze Mawu ŋu, le eƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo siaa me ŋu. Egblɔ alesi wòle ŋu ɖomee ɖe Mawu ŋu be: “Wò ɖeɖe koe mele mɔ kpɔm na.” (Psalmo 39:5, 6, 8) Yehowa ɖo toe. Eda Dawid ƒe nuwɔnawo kpɔ hã nyateƒe eye wòɖo eteƒe nɛ alesi dze.
Ele bɔbɔe be vovo manɔ ame ŋu le aɖabaƒoƒo aɖeke me le ŋkekea me o eye agbe si me hloloetsotso kple dɔwɔna yɔ fũ la nana woade gbɔdzɔe kpɔ ge ado kpoe. Esia ate ŋu ana míatsi dzi le mía ɖokui me, vevietɔ ɖe nu gbogbo siwo wòle be míawɔ kple esiwo me míato kpakple ɣeyiɣi kpui si me wòle be míawɔ wo le la ŋu. Ðe nusi le vevie na mí la sɔ kple Dawid tɔ—be míanɔ agbe ale be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋua? Enye nyateƒe be Yehowa kpɔa mí heléa ŋku ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu nyuie. Mawuvɔ̃la, Hiob, gblɔ anye ƒe 3,600 enye si va yi be Yehowa kpɔ yeƒe mɔwo hexlẽ yeƒe afɔɖeɖewo katã. Hiob bia eɖokui be: “Ne edzro eme kpɔ la, aleke maɖo eŋu nɛ?” (Hiob 31:4-6, 14) Anya wɔ be míana míaƒe ŋkekewo naxɔ asi le Mawu ŋkume to gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ɖoɖo, eƒe sewo dzi wɔwɔ, kple míaƒe ɣeyiɣiwo zazã nunyatɔe me. Mina míadzro nya siawo me nyuie vie.
w21.10 15 ¶4
Dzra Wò Kple Yehowa Dome Ðo
Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi. Fofowò si le dziƒo la nyae be, ne wò dzi le fɔ bum wò la, ate ŋu asesẽ be nàdo gbe ɖa na ye. (Rom. 8:26) Ke hã, Yehowa di be ‘nànɔ gbe ɖom ɖa’ na ye agblɔ ale si nèdi be ye kplii dome nanɔ la na ye. (Rom. 12:12) Andrej gblɔ be: “Mebua fɔ ɖokuinye ŋutɔ, eye ŋu kpeam. Gake ɣesiaɣi si medo gbe ɖa na Yehowa la, nye dzi dzea eme, eye nye susu dzea akɔ anyi.” Ne mènya nya si tututu nàgblɔ le gbedodoɖa me oa, àte ŋu ade ŋugble tso nya siwo Fia David si trɔ dzi me la gblɔ woŋlɔ ɖe Psalmo 51 kple 65 lia me ŋu.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w22.09 13 ¶16
Nye Ame Si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo
16 Ðokuidziɖuɖu: Hafi amewo nate ŋu aka ɖe mía dzia, ehiã be míanye ame siwo ɖua mía ɖokui dzi. Nɔnɔme nyui sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe nuyiwo dzi. (Xlẽ Lododowo 10:19.) Ate ŋu asesẽ be míaɖu mía ɖokui dzi ne míele Internet dzi hahoo kadodowo zãm. Ne míekpɔ nyuie oa, míava ʋu go nya ɣaɣlawo na ame gbogbowo evɔ míeɖoe hafi o. Eye ne míenya ɖo nyatakaka ɖe amewo koa, mímagate ŋu awɔ naneke tso nu si wòagblẽ kple ale si amewo azãe ŋu o. Ðokuidziɖuɖu awɔe hã be ne tsitretsiɖeŋulawo ble mía nu alo poliswo bia gbe mí be míaʋu go nyatakakawo tso mía nɔviwo ŋua, míazi ɖoɖoe. Esia ate ŋu adzɔ ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi alo xe mɔ ɖe enu. Le nɔnɔme siawo tɔgbi mea, asɔ be míawɔ ɖe gɔmeɖose si nye be ‘míade ga míaƒe nu’ la dzi. (Ps. 39:1) Míeɖale míaƒe ƒometɔwo, haxɔsetɔwo, xɔlɔ̃wo alo ame bubuwo dome o, ele be míawɔ nu wòaɖee afia be míenye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Esia bia ɖokuidziɖuɖu.
MAY 20-26
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 40-41
Nu Ka Tae Wòle Be Míakpe Ðe Amewo Ŋu?
w18.08 22 ¶16-18
Ame Siwo Nyoa Dɔme La Kpɔa Dzidzɔ
16 Ame siwo naa nu tso dzi me faa la menaa nu kple susu be amewo hã nana nu yewo o. Esiae nɔ susu me na Yesu esi wògblɔ be: “Ne èɖo kplɔ̃ la, kpe ame dahewo, nuwɔametɔwo, bunɔwo kple ŋkuagbãtɔwo; ekema àkpɔ dzidzɔ, le esi naneke mele wo si woatsɔ aɖo eteƒe na wò o la ta.” (Luka 14:13, 14) Biblia gblɔ be: “Woayra ame si nyoa dɔme.” Egblɔ hã be: “Dzidzɔtɔe nye ame si bua ame tsɛ ŋu.” (Lod. 22:9; Ps. 41:1) Nyateƒee, ele be míana nu amewo, elabena dzi dzɔa mí ne míekpe ɖe amewo ŋu.
17 Esi Paulo he susu yi nya si Yesu gblɔ be “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ” dzi la, menye ŋutilãmenuwo nana amewo ko ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o, ke enɔ nu ƒom tso dzidede ƒo na amewo, aɖaŋuɖoɖo na wo kple kpekpeɖeŋunana ame siwo hiã tu hã ŋu. (Dɔw. 20:31-35) Apostolo Paulo to eƒe nyawo kple kpɔɖeŋu si wòɖo dzi nɔ mía fiam be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu, míakpɔ vovo ɖe wo ŋu ahalɔ̃ wo.
18 Numekula siwo srɔ̃a nu tso amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ŋu hã de dzesii be nunana nana wokpɔa dzidzɔ. Wogblɔ le nyati aɖe me be, “amewo gblɔna be ne yewonyo dɔme na ame bubuwo la, dzi va dzɔa yewo geɖe wu.” Numekulawo gblɔ be, “be ame nakpɔ dzidzeme eye taɖodzinu nanɔ eƒe agbe ŋu” la, ele vevie be wòanɔ kpekpem ɖe amewo ŋu, “elabena esia wɔwɔ kpɔa amegbetɔwo ƒe nuhiahiã vevi aɖe gbɔ.” Eya ta, wodea dzi ƒo na amewo be woaƒo wo ɖokuiwo ɖe hadome kpekpeɖeŋunadɔwo me be wòade woƒe lãmesẽ dzi eye wòana woakpɔ dzidzɔ. Nya siawo mewɔ nuku na mí o, elabena Yehowa, mía Wɔla lɔ̃ame la, gblɔe xoxoxo be ne míenaa nu amewo la, míakpɔ dzidzɔ.—2 Tim. 3:16, 17.
w15 12/15 24 ¶7
Yehowa Alé Wò Ðe Te!
7 Gake ne wò lãme gblẽ la, Yehowa afa akɔ na wò ahalé wò ɖe te abe ale si wòwɔe na esubɔla siwo nɔ anyi le blema ene. Fia David gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si bua ame tsɛ ŋu; Yehowa axɔ nɛ le xaxaɣi. Yehowa adzɔ eŋu, eye wòaxɔe ɖe agbe.” (Psalmo 41:1, 2) David ƒe nya siawo mefia be ame nyui siwo nɔ anyi ɣemaɣi, siwo kpena ɖe ame tsɛwo ŋu la, maku akpɔ o. Ke aleke Yehowa axɔ na ame nyui la? David gblɔ be: “Yehowa alée ɖe te le dɔba dzi; àɖɔli eƒe aba keŋkeŋ le eƒe dɔléɣi.” (Psalmo 41:3) Yehowa nya nu siwo me tom esubɔlawo le, eye maŋlɔ wo be akpɔ o. Ade dzi ƒo na wo ahana nunya wo. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa wɔ míaƒe ŋutilã la be wòate ŋu ayɔ dɔ eɖokui vivivi.
w17.09 12 ¶17
Srɔ̃ Yehowa Ƒe Veveseɖeamenu
17 Togbɔ be veveseseɖeamenu aɖe vi na wò hã la, menye susu sia tae nàdi be nɔnɔme nyui sia nasu ye si ɖo o. Susu vevi si tae nàtu nɔnɔme nyui sia ɖoe nye be nàsrɔ̃ Yehowa Mawu, Ame si gbɔ lɔlɔ̃ kple veveseɖeamenu dzɔ tso ahade bubu eŋu. (Lod. 14:31) Eɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí. Eya ta, mina míawɔ míaƒe ŋutete katã be míasrɔ̃ eya amea le veveseseɖeamenu me. Ne míewɔe alea la, mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome anɔ kplikplikpli eye kadodo nyui anɔ mía kple ame bubuwo hã dome.—Gal. 6:10; 1 Yoh. 4:16.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-2 16
Yehowa
Nuŋlɔɖi siwo katã le Biblia me la ɖo kpe edzi be Yehowa ye dze aɖu xexea katã dzi, eye esia ɖe nu si nye Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖo vevitɔ fia, si nye eƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ. Esia bia be woakɔ eƒe ŋkɔa ŋu tso ɖiƒoƒo ɖe sia ɖe me. Gake nu si gale vevie wu emae nye ale si wòle be eƒe nuwɔwɔ, siwo nye mawudɔlawo kple amegbetɔwo, nade bubu ŋkɔ kɔkɔe ma ŋu. Wowɔa esia ne wolɔ̃ ɖe edzi tso dzi blibo me be Yehowae nye xexea katã ƒe dziɖulagã, eye wosubɔnɛ hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu le esi wolɔ̃e ta. Gbe si David do ɖa na Yehowa le Psalmo 40:5-10 la ɖee fia be nɔnɔme sia nɔ esi eye wòdi vevie be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. (De dzesi ale si apostolo Paulo he susu yi ha sia me nyawo dzi wòku ɖe Kristo Yesu ŋu le Heb 10:5-10.)
MAY 27–JUNE 2
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 42-44
Na Yehowa Ƒe Nufiafiawo Naɖe Vi Na Wò Bliboe
w06 6/1 9 ¶4
Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Evelia Me
42:4, 5, 11; 43:3-5. Ne nɔnɔme aɖe si ŋu míate ŋu awɔ naneke le o na be míele didiƒe tso Kristo hamea gbɔ hena ɣeyiɣi aɖe la, ŋkuɖoɖo hadede tuameɖo siwo me míekpɔ dzidzɔ le va yi dzi ate ŋu alé mí ɖe te. Togbɔ be nɔnɔme sia ana vevesese si akogotsitsi hena vɛ nu nasẽ ɖe edzi gbã hã la, aɖo ŋku edzi na mí hã be Mawu enye míaƒe sitsoƒe eye ahiã be míakpɔ esinu hena ɖeɖekpɔkpɔ.
w12 1/15 15 ¶2
Ale Si Nàwɔ Wò Nusɔsrɔ̃ Navivi Nuwò Ahaɖe Vi Na Wò Wu
1 DO GBE ÐA: Afɔ gbãtɔ si wòle be míaɖe ye nye be míado gbe ɖa. (Ps. 42:9) Nu ka tae? Ele be míabu Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ be enye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Eya ta ehiã be míabia Yehowa be wòadzra míaƒe tamesusu kple dzi ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu eye wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí. (Luka 11:13) Barbara si nye dutanyanyuigblɔla ɣeyiɣi didi aɖee nye esia la gblɔ be: “Ɣesiaɣi la, medoa gbe ɖa hafi xlẽa Biblia alo srɔ̃nɛ. Ne medo gbe ɖa vɔ la, mesena le ɖokuinye me be Yehowa li kplim eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe nye nusɔsrɔ̃a ŋu.” Gbedodoɖa hafi adze nusɔsrɔ̃ gɔme ʋua míaƒe susu kple dzi ale be míalɔ̃ faa axɔ gbɔgbɔmenu gbogbo si srɔ̃ ge míala la.
w16.09 5 ¶11-12
Mègana ‘Wò Asiwo Nado Agblɔ O’
11 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu siwo Mawu fiaa mí le Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo, kpakple míaƒe teokrasi sukuwo me doa ŋusẽ mí. Hehe siawo ate ŋu aʋã mí be míaɖo taɖodzinuwo na mía ɖokuiwo eye míawɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe dɔdeasiwo nyuie. (Ps. 119:32) Ðe wò hã nèkua kutri be hehenaɖoɖo siawo nade dzi ƒo na yea?
12 Yehowa kpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu Amalekitɔwo kple Etiopiatɔwo dzi, eye wòdo ŋusẽ Nehemiya kple eƒe amewo ale be wowu gliɖoɖodɔa nu dedie. Mawu ado ŋusẽ míawo hã míanɔ te sesĩe ɖe tsitretsiɖeŋu, ɖekematsɔleme kple dzimaɖitsitsi nu ale be míate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔa ade goe. (1 Pet. 5:10) Míekpɔa mɔ be Yehowa nawɔ nukunuwo na mí o. Ke boŋ ele be míakɔe aɖo klota ne Mawu nakɔe aɖo ta na mí. Esia bia be míanɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm gbe sia gbe, anɔ kpekpeawo dzram ɖo ahanɔ wo dem kwasiɖa sia kwasiɖa, míatsɔ nu nyuiwo anɔ míaƒe susu kple dzi nyim to ɖokuisi nusrɔsrɔ̃ kple ƒometadedeagu dzi, ahanɔ gbe dom ɖa na Yehowa ɣesiaɣi. Migana míaɖe mɔ naneke nahe míaƒe susu ɖa le nu siwo zãm Yehowa le tsɔ le ŋusẽ dom mí hele dzi dem ƒo na mí la ŋu gbeɖe o. Ne èkpɔe be yegbɔdzɔ le nu siawo dometɔ aɖe me la, bia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò. Ekema àkpɔ ale si eƒe gbɔgbɔa ‘doa ŋusẽ wò, eye wònaa didia kple ŋusẽ wò be nàwɔ nu si dzea eŋu.’ (Flp. 2:13) Ke nu kae wò hã nàwɔ atsɔ ado ŋusẽ ame bubuwo ƒe asi?
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-1 1242
Agbotoe
Le Ŋɔŋlɔawo me la, wozã agbotoewo tsɔ wɔ kpɔɖeŋu zi geɖe. Esi Hiob nɔ nu ƒom tso nɔnɔme wɔnublanui si me wònɔ ŋu la, egblɔ be yezu “agbotoewo nɔvi.” (Hio 30:29) Esi Mawu ɖe mɔ woɖu eƒe amewo dzi la, hakpalaa fa konyi be: “Èto mí nyanyanya le agbotoewo nɔƒe.” (Ps 44:19) Anye ale si agbotoewo va ƒoa zi ɖe ame siwo wowu le aʋagbedzi ƒe kukuwo ŋu ɖuna ye nɔ susu me nɛ esi wògblɔ nya ma. (Tsɔe sɔ kple Ps 68:23) Ale si Babilontɔwo ɖe to ɖe Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me la wɔe be dɔ sesẽ aɖe to, eye esia na vidadawo sẽ ŋuta le wo viwo ŋu vevie. Eya ta esɔ be Yeremiya gblɔ be ‘yeƒe dukɔ’ me tɔwo ƒe tagbɔ sẽ wu agbotoewo, elabe woawo gɔ̃ hã naa no wo viwo.—Kon 4:3, 10.
JUNE 3-9
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 45-47
Ha Si Ku Ðe Fia Aɖe Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Ŋu
w14 2/15 9-10 ¶8-9
Kpɔ Dzidzɔ Le Alẽvi La Ƒe Srɔ̃ɖeɖe La Ta!
8 Mixlẽ Psalmo 45:14, 15a. Ŋugbetɔ la le “atsyɔ̃ɖoɖo sɔŋ” me wokplɔe yina eya kple fia la ƒe srɔ̃ɖeƒea. Le Nyaɖeɖefia 21:2 la, wotsɔ ŋugbetɔ la sɔ kple du, si nye Yerusalem Yeye, “si woɖo atsyɔ̃ na hena srɔ̃a.” “Mawu ƒe ŋutikɔkɔe” le dziƒodu sia ŋu eye eƒe keklẽ le “abe kpe xɔasitɔ kekeake ene, abe yaspis kpe si me kɔ abe kristalo ene.” (Nyaɖ. 21:10, 11) Woɖɔ Yerusalem Yeye sia ƒe atsyɔ̃ wònya se ŋutɔ le Nyaɖeɖefia-gbalẽa me. (Nyaɖ. 21:18-21) Mewɔ nuku o be hakpalaa gblɔ le ŋugbetɔa ŋu be “enye atsyɔ̃ɖoɖo sɔŋ”! Ɛ̃, aleae míakpɔ mɔ be fia ƒe srɔ̃ɖeɖe si woawɔ le dziƒo nanɔ.
9 Wokplɔ ŋugbetɔ la yina na Ŋugbetɔsrɔ̃ la, si nye Mesia Fia la. Edzra eƒe ŋugbetɔ la ɖo ‘heklɔ eŋuti wòdza to Mawu ƒe nya la me.’ Ŋugbetɔ la le ‘kɔkɔe, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o.’ (Ef. 5:26, 27) Ele be ŋugbetɔ la naɖo atsyɔ̃ na eɖokui nyuie hena wɔna vevi sia. Eye eɖo atsyɔ̃ hã vavã! “Sika wotsɔ lɔ̃ eƒe avɔe” eye “ele avɔ ŋɔŋɔe me wokplɔ yi na fia la.” “Woɖe mɔ nɛ be, woatsɔ aklala nyui dzadzɛ si le dzo dam la aɖo atsyɔ̃ nɛ” hena eya kple Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea, “elabena aklala nyui la tsi tsitre ɖi na ame kɔkɔewo ƒe nuwɔna dzɔdzɔewo.”—Nyaɖ. 19:8.
w22.05 17 ¶10-12
Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽa—Nu Siwo Ava Dzɔ Kpuie
10 Aleke Yehowa awɔ nu ne wodze eƒe amewo dzi? Egblɔ be: “Nye dɔmedzoe afla.” (Eze. 38:18, 21-23) Nu kae adzɔ kplɔe ɖo? Nyaɖeɖefia ta 19 lia gblɔ be Yehowa adɔ Via Yesu be wòava xɔ na eƒe amewo, eye wòaɖu eƒe futɔwo dzi. “Dziƒoʋakɔwo,” siwo nye mawudɔla wɔnuteƒewo kple ame 144,000 la, akpe ɖe Yesu ŋu woawɔ aʋa. (Nyaɖ. 17:14; 19:11-15) Nu kae ado tso aʋa ma me? Woatsrɔ̃ ame kple habɔbɔ ɖe sia ɖe si tsi tsitre ɖe Yehowa ŋu la ɖikaa!—Xlẽ Nyaɖeɖefia 19:19-21.
11 Ne wotsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo vɔa, aleke nèsusu be Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo anɔ anyigba dzi la ase le wo ɖokui me? Woakpɔ dzidzɔ ŋutɔ! Nenema kee ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la vɔa, ame siwo le dziƒo hã agli kple dzidzɔ. Gake nu bubu aɖe adzɔ, si nye nudzɔdzɔ vevitɔ le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, si ana woƒe dzidzɔ nagba go. (Nyaɖ. 19:1-3) Eyae nye “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe.”—Nyaɖ. 19:6-9.
12 Ɣekaɣie alẽvia aɖe srɔ̃ la? Togbɔ be do ŋgɔ teti na Armagedon-ʋaa, ame 144,000 la katã anɔ dziƒo hã, menye ɣemaɣie woaɖe srɔ̃ la o. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:1, 2.) Alẽvia ƒe srɔ̃ɖeɖea ava edzi le Armagedon-ʋaa megbe, esime woɖe Mawu ƒe futɔwo katã ɖa.—Ps. 45:3, 4, 13-17.
it-2 1169
Aʋawɔwɔ
Ne wowu Armagedon-ʋa nu la, amewo anɔ ŋutifafa me le anyigba dzi ƒe akpe ɖeka. Nya siwo hakpalaa gblɔ be “[Yehowa tsia] aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi. Eŋea dati, eflia akplɔ kakɛkakɛe, eye wòtɔa dzo aʋatasiaɖamwo” la va eme zi gbãtɔ esi Mawu tsrɔ̃ Israel-viwo ƒe futɔwo ƒe aʋawɔnuwo, si na wokpɔ ŋutifafa. Ne Kristo tsrɔ̃ ame siwo doa aʋawɔwɔ ɖe ŋgɔ le Armagedon me la, amewo aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye woanɔ ŋutifafa me le anyigba bliboa dzi. (Ps 46:8-10) Ame siwo akpɔ agbe mavɔ la anye ame siwo ‘tsɔ woƒe yiwo tu agblenuwoe, eye wotsɔ woƒe akplɔwo tu hɛ gobɛwoe eye womegasrɔ̃a aʋawɔwɔ o.’ “Aʋakɔwo ƒe Yehowa ƒe nue gblɔe.”—Yes 2:4; Mik 4:3, 4.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w17.04 11 ¶9
Ne Mawu Fiaɖuƒea Va La, Nu Kawo Nue Ayi?
9 Nu kae axɔ ɖe habɔbɔ gblẽkuwo teƒe? Le Armagedon-ʋaa megbe la, ɖe habɔbɔ aɖe akpɔtɔ ɖe anyigba dzia? Biblia gblɔ na mí be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (2 Pet. 3:13) Dziƒo tsãtɔ kple anyigba tsãtɔ, siwo le tsitre ɖi na dziɖuɖu gblẽkuwo kple anyigbadzinɔla siwo le woƒe ŋusẽ te la nu ayi. Nu kae ava xɔ ɖe wo teƒe? Nya “dziƒo yeye kple anyigba yeye” fia dziɖuɖu yeye kple anyigba dzi nuɖoanyi yeye si me tɔwo anye dziɖuɖu ma te viwo. Fiaɖuƒe ma si anɔ Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te la ana nuwo nanɔ ɖoɖo nu wòasɔ ɖe Yehowa Mawu, ame si nye ɖoɖo ƒe Mawu la, ƒe amenyenye nu pɛpɛpɛ. (1 Kor. 14:33) Esia fia be nuwo anɔ ɖoɖo nu le “anyigba yeye” la me. Ame nyuiwo axɔ ŋgɔ le nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. (Ps. 45:16) Kristo kple eƒe hatidziɖula 144,000 la afia mɔ wo. Bu eŋu kpɔ ko, habɔbɔ ɖeka pɛ si me mama aɖeke mele o, si mawɔ nu baɖa gbeɖe o la ava xɔ ɖe dziɖuɖu gblẽkuwo katã teƒe!
JUNE 10-16
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 48-50
Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woaka Ðe Yehowa Ƒe Habɔbɔa Dzi Geɖe Wu
w22.03 22 ¶11
Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzɔ Geɖe Wu
11 Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖee nye be míasrɔ̃ eƒe Nyaa eye míafia nu mía viwo tso eyama ŋu. Le Sabat la dzia, Israel-viwo mewɔa dɔ o, ke boŋ wozãa ɣeyiɣia tsɔ doa ŋusẽ ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome. (2 Mose 31:16, 17) Wo dometɔ geɖe zãa ɣeyiɣia tsɔ fiaa nu wo viwo tso Yehowa kple nu nyui siwo Yehowa wɔ la ŋu. Egbea hã, ele be míadi ɣeyiɣi anɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m. Elabe míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖee wònye eye ewɔnɛ be mía kple Yehowa dome ganɔa kplikplikpli. (Ps. 73:28) Eye ne ƒomea srɔ̃a Biblia ɖekae la, esia akpe ɖe ɖeviawo ŋu be woawo hã woalɔ̃ Yehowa eye woava nye exɔlɔ̃wo.—Xlẽ Psalmo 48:13.
w11 3/15 19 ¶5-7
Nu Siwo Tae Wòle Be Miakpɔ Dzidzɔ Ðo
‘Mizɔ Zion ŋu godoo, miƒo xlãe va kpe, eye mixlẽ eƒe xɔ tsralawo! Milé ŋku ɖe eƒe [gli kɔkɔwo] ŋu, eye mito eƒe fiasãwo me, ne miaxlẽe afia megbeviwo!’ (Ps. 48:13, 14) Hakpala la le dzi dem ƒo na Israel viwo le afi sia be woalé ŋku ɖe Yerusalem dua ŋu nyuie. Àte ŋu akpɔ nu nyui gbogbo siwo dzi Israel viwo kple woƒe ƒomewo aɖo ŋkui ne wozɔ mɔ yi du kɔkɔe la me le ŋkekenyuiwo dzi ƒe sia ƒe eye wolé ŋku ɖe gbedoxɔ dzeani si nɔ afi ma ŋu la le susu mea? Nu siawo anya ʋã wo be ‘woaɖo dze tso wo ŋu na wo megbeviwo.’
Bu Seba fianyɔnu, si mexɔ nya siwo wòse tso Salomo ƒe fiaɖuɖu ƒe atsyɔ̃ kpakple eƒe nunya gã la ŋu dzi se gbã o la ŋu kpɔ. Nu kae na wòva kpɔe be nya siwo yese la le eme vavã? Eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Nyemexɔ woƒe nyawo dzi se o, va se ɖe esime meva kpɔe kple nye ŋkuwo.’ (2 Kron. 9:6) Ɛ̃, nu si míekpɔ kple míawo ‘ŋutɔwo ƒe ŋkuwo’ la ate ŋu awɔ dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe.
Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woakpɔ nu wɔnuku siwo le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu la kple woawo ‘ŋutɔwo ƒe ŋkuwo’? Ne Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe te ɖe mia ŋu la, midze agbagba miayi aɖaɖi tsa le afi ma. Le kpɔɖeŋu me, Mandy kple Bethany, tsi le teƒe aɖe si gbɔ didi tso Betel ƒe si le woƒe dukɔa me la gbɔ kilometa 1,500. Ke hã, wo dzilawo wɔ ɖoɖo ƒomea katã zɔa mɔ yia afi ma edziedzi ɖaɖia tsa le teƒea, vevietɔ esime wo vinyɔnuviawo nɔ tsitsim. Wogblɔ be: “Hafi míayi aɖaɖi tsa le Betel zi gbãtɔ la, míesusuna be ɖoɖo kpaɖii aɖe dzie wozɔna le afi ma, eye míesusu be tɔgbuiwo kple mamawo koe nɔa afi ma. Gake esi míeyi la, míekpɔ sɔhɛwo nɔ dɔ dzi sesĩe na Yehowa, eye wonɔ dzidzɔ kpɔm! Míekpɔe be Yehowa ƒe habɔbɔa keke ta wu hame sue siwo le míaƒe nutoa me, eye ɣesiaɣi si míeɖi tsa yi Betel la, eganaa ŋusẽ yeye ɖoa mía ŋu le gbɔgbɔ me.” Mawu ƒe habɔbɔa nyanya nyuie ʋã Mandy kple Bethany wodze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme, eye wokpe wo be woava subɔ le Betel abe ɣeyiɣi aɖe ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ene.
w12 8/15 12 ¶5
Miwɔ Nu Abe Dumeviwo Ene!
5 Srɔ̃ ŋutinyawo. Woate ŋu abia tso ame si di be yeazu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖe ƒe dumevi la si be wòasrɔ̃ dziɖuɖu ma ƒe ŋutinyawo. Nenema ke anyo be ame siwo di be yewoanye Fiaɖuƒea ƒe dumeviwo la nasrɔ̃ nu sia nu si woate ŋui la tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Bu kpɔɖeŋu si Korax vi siwo subɔ le blema Israel la ɖo ɖi ŋu kpɔ. Wolɔ̃ Yerusalem kple eƒe tadeaguƒe la ŋutɔ eye wolɔ̃a du ma ƒe ŋutinya gbɔgblɔ na amewo. Menye ale si gbedoxɔa nya kpɔ tae o, ke boŋ le nu si du la kple tadeaguƒe ma tsi tre ɖi na tae. Yerusalem nye ‘Fia gã’ Yehowa “ƒe du,” si nye tadedeagu dzadzɛtɔ ƒe teƒe vevitɔ. Afi mae wofiaa Yehowa ƒe Se la le. Ame siwo dzi Yerusalem Fia la ɖuna la ŋue Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo helɔ̃na. (Mixlẽ Psalmo 48:2, 3, 10, 13, 14.) Abe woawo ene la, ɖe nèdina vevie be yeasrɔ̃ Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ƒe ŋutinya eye yeaxlẽe afia amewoa? Zi ale si nèsrɔ̃ nu tso Mawu ƒe habɔbɔa kple ale si Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu ŋuti la, zi nenemae Mawu Fiaɖuƒea anye nu ŋutɔŋutɔe na wò. Esia ana hã be wò didi be yeagblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la adzi ɖe edzi.—Yer. 9:23; Luka 4:43.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-2 805
Kesinɔnuwo
Nu de Israel-viwo dzi si wɔe be woɖua nu noa nu kple dzidzɔ (1Fi 4:20; Nyg 5:18, 19), eye esi nu nɔ wo si taa womekpe fu le ahedada ta o. (Lod 10:15; Nyg 7:12) Togbɔ be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue wònye be Israel-viwo nawɔ dɔ eye nu nadze edzi na wo hã la, (Lod 6:6-11; 20:13; 24:33, 34), exlɔ̃ nu wo be woagaŋlɔ be o be ye gbɔe woƒe nunɔamesiawo tso eye woagaɖo ŋu ɖe nu mawo ŋu o. (5Mo 8:7-17; Ps 49:6-9; Lod 11:4; 18:10, 11; Yr 9:23, 24) Eɖo ŋku edzi na wo be kesinɔnuwo menɔa anyi ɖaa o (Lod 23:4, 5), womate ŋu atsɔe axe tafe na Mawu be woaɖe ame aɖe tso ku me o (Ps 49:6, 7), eye ne ame ku la, agblẽ eƒe kesinɔnuwo ɖi (Ps 49:16, 17; Nyg 5:15). Exlɔ̃ nu wo be ne woti kesinɔnuwo yome vivivo la, ate ŋu ana woawɔ nu gbegblẽ eye yemagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o. (Lod 28:20; tsɔe sɔ kple Yr 5:26-28; 17:9-11.) Wode dzi ƒo na wo be ‘woatsɔ woƒe nunɔamesi veviwo ade bubu Yehowa ŋu.’—Lod 3:9.
JUNE 17-23
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 51-53
Nu Siwo Nàwɔ Be Nàgadze Nu Vɔ̃ Me O
w19.01 15 ¶4-5
Aleke Nàwɔ Adzɔ Wò Dzi Ŋu?
4 Le Lododowo 4:23 la, wozã ŋkɔnya “dzi” wòfia ame si míenye “le ememe ke.” (Xlẽ Psalmo 51:6.) Ne míagblɔe bubui la, “dzi” la fia míaƒe tamesusuwo, seselelãmewo, nu siwo ʋãa mí míewɔa nu, kple míaƒe didiwo. Efia ame si tututu míenye le ememe, ke menye ale si míedzena le gotae ko o.
5 Bu ale si míate ŋu atsɔ míaƒe lãmesẽmenɔnɔ awɔ kpɔɖeŋu na ale si gbegbe ame si míenye le ememe la le vevie ŋu kpɔ. Gbã la, hafi míate ŋu anɔ lãmesẽ nyui me le ememe la, ele be míanɔ nu siwo me nunyiame le la ɖum, eye míanɔ kame dem edziedzi. Nenema kee hafi míanɔ lãmesẽ nyui me le gbɔgbɔme la, ele be míanɔ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo xlẽm edziedzi eye míanɔ eɖem fia edziedzi be míexɔ Yehowa dzi se. Míeɖenɛ fiana be míexɔ Yehowa dzi se ne míewɔna ɖe nu siwo míesrɔ̃ la dzi eye míeƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu na amewo. (Rom. 10:8-10; Yak. 2:26) Evelia, ale si míedzena le gotae la ate ŋu ana míasusui be míele lãmesẽ nyui me evɔ míele dɔ lém vevie le ememe. Le mɔ ma ke nu la, ɖewohĩ esi míele gome kpɔm le teokrasidɔwo me edziedzi ta la, míasusui be míesẽ le xɔse me, gake ate ŋu anye be dzodzro vɔ̃wo le ke ƒom ɖe to ɖe mía me. (1 Kor. 10:12; Yak. 1:14, 15) Ele be míaɖo ŋku edzi be Satana di be yeaƒã yeƒe susuwo ɖe mía me. Mɔ kawo dzie wòtona dzea agbagba be yeawɔ esia? Eye aleke míate ŋu akpɔ mía ɖokui tae?
w15 6/15 14 ¶5-6
Mina Míayi Edzi Anɔ Agbe Dzadzɛ
5 Ne míedoa gbe ɖa biaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, akpe ɖe mía ŋu míawɔ avu kple dzodzro vɔ̃wo. Enaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòado ŋusẽ mí míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ. Míate ŋu agblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be míedi be míaƒe dzimesusuwo nadze eŋu. (Psalmo 19:14) Míebianɛ ɖokuibɔbɔtɔe be wòadzro mía me ahakpɔe ɖa be dzodzro vɔ̃ aɖe le míaƒe dzi me si ate ŋu ana míage ɖe nu vɔ̃ me mahã. (Psalmo 139:23, 24) Yi edzi nànɔ koko ƒom na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu eye nàwɔ nu si le eteƒe ne nɔnɔmeawo sesẽ gɔ̃ hã.—Mateo 6:13.
6 Hafi míeva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, ɖewohĩ míelɔ̃ nu siwo medzea eŋu o la wɔwɔ, eye ɖewohĩ míegakpɔtɔ le avu wɔm kple dzodzro vɔ̃ mawo. Gake Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatrɔ ahawɔ nu si dzea eŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Fia David wɔ ahasi kple Bat-Seba megbe la, etrɔ dzi me, eye wòƒo koko na Yehowa be wòawɔ “dzi dzadzɛ” ɖe ye me ahakpe ɖe ye ŋu yeaɖo to eƒe gbe. (Psalmo 51:10, 12) Ne gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ si nu sẽ nɔ mía me tsã eye míekpɔtɔ le avu wɔm kplii la, Yehowa ate ŋu ade didi si nu sẽ wu la mía me be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ahawɔ nu dzɔdzɔe. Akpe ɖe mía ŋu míaho dzodzro vɔ̃ mawo ɖa le mía me.—Psalmo 119:133.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-1 644
Doeg
Enye Edomtɔ eye wònye Fia Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã; esia nye ɖoƒe vevi aɖe. (1Sa 21:7; 22:9) Anɔ eme be dukɔwo me tɔ si va zu Yudatɔe Doeg nye. Esi ‘wosika [Doeg] ɖi le Yehowa ŋkume’ le Nob, ɖewohĩ le adzɔgbe aɖe si wòɖe, alo esi eŋu mekɔ o, alo be anyi anya ƒo ɖe eŋu ta la, ekpɔ eteƒe esi Nunɔlagã Ahimelek tsɔ ŋkumeɖoboloa kple Goliat ƒe yi la na David. Emegbe esi Saul va nɔ gbɔgblɔm be yeƒe subɔviwo le nugbe ɖom ɖe ye ŋu la, Doeg gblɔ nu si teƒe wòkpɔ le Nob la nɛ. Esi Saul yɔ nunɔlagã kple nunɔla bubuwo eye wòbia gbe Ahimelek vɔ la, eɖe gbe na duƒulawo be woawu nunɔlawo. Esi wogbe la, Saul ɖe gbe na Doeg be wòawu nunɔlawo. Doeg mehe ɖe megbe kura o, ewu nɔnɔla 85. Emegbe la, Doeg tsrɔ̃ Nob dua me tɔwo katã, ewu ame tsitsiwo, ɖeviwo kple lãwo.—1Sa 22:6-20.
Abe ale si Psalmo 52 ƒe etamenuŋɔŋlɔa ɖee fia ene la, David gblɔ tso Doeg ŋu be: “Wò aɖe si le ɖaɖam abe talũhɛ ene la, ɖoa nu gbegblẽ hewɔa alakpanu. Èlɔ̃ vɔ̃ wu nyui, eye nèlɔ̃ aʋatsokaka wu nyateƒetoto. Oo wò, alakpaɖe, nya siwo gblẽa nu sɔŋ ko nèlɔ̃na!”—Ps 52:2-4.
JUNE 24-30
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMO 54-56
Mawu Li Na Wò
w06 8/1 22 ¶10-11
Dze Nunya—vɔ̃ Mawu!
10 Ɣeaɖeɣi la, Dawid si yi fia Axis gbɔ le Filistitɔwo ƒe du si nye Gat me, si nye du si me Goliat tso. (Samuel I, 21:11-16) Fia ƒe dɔlawo ɖe Dawid gɔme be enye yewoƒe dukɔa ƒe futɔ. Aleke Dawid wɔ nu le nɔnɔme dziŋɔ ma mee? Edo gbe ɖa vevie na Yehowa. (Psalmo 56:2-5, 12-14) Togbɔ be Dawid wɔ eɖokui tsukunɔ tsɔ ɖe eƒe agbee hã la, enya be Yehowa koŋue ɖe ye, le esi wòna yeƒe agbagbadzedzewo dze edzi ta. Alesi Dawid ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe kple eƒe kaka ɖe eyama dzi ɖee fia be Dawid nye mawuvɔ̃la vavã.—Psalmo 34:5-7, 10-12.
11 Abe Dawid ene la, míate ŋu aɖe mawuvɔvɔ̃ afia to ŋu ɖoɖo ɖe eƒe ŋugbedodo be yeakpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe míaƒe kuxiwo nu me. Dawid gblɔ be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.” (Psalmo 37:5) Esia mefia be míagblẽ míaƒe kuxiwo ɖe Yehowa si me, ade asi atame, agbe nusi míate ŋu awɔ la wɔwɔ, ahanɔ mɔ kpɔm be akpe ɖe mía ŋu o. Menye ɖeko Dawid do gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu hede asi atame o. Ke boŋ ewɔ ŋusẽ kple tamebubu ŋutete si Yehowa nɛ la ŋudɔ tsɔ kpɔ kuxia gbɔ. Ke hã, Dawid nyae be womate ŋu anɔ te ɖe amegbetɔ ƒe agbagbadzedze ɖeɖe dzaa ko dzi akpɔ dzidzedze o. Nenema kee wòle be wòanɔ le míawo hã gome. Ne míewɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe la, ele be míagblẽ susɔe ɖe Yehowa si me. Le nyateƒe me, zi geɖe la, naneke meli míawɔ wu be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o. Nɔnɔme siawo mee wòva hiãna be míaɖe míaƒe mawuvɔvɔ̃ afia le. Nya siawo siwo Dawid gblɔ tso dzi me ate ŋu afa akɔ na mí, egblɔ be: “Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la.”—Psalmo 25:14.
cl 243 ¶9
Naneke Mate Ŋu ‘Ama Mí Atso Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Gbɔ O’
9 Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe dzidodo hã ŋu. (Mateo 24:13) Ðo ŋku edzi be Satana di be nàgbe Yehowa. Ŋkeke sia ŋkeke si nèwɔ nuteƒe na Yehowa la, enye ŋkeke bubu si nèkpe asi ɖe eŋu be woakpɔ nyaŋuɖoɖo na Satana ƒe alɔmeɖeɖewo. (Lododowo 27:11) Dzi menya dona ɣeaɖewoɣi o. Dɔlényawo, gakuxiwo, nuteɖeamedziwo, kple kplamatsedonu bubuwo ate ŋu anye dodokpɔ na mí gbesiagbe. Mɔkpɔkpɔ siwo meva eme o hã ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo. (Lododowo 13:12) Dzidodo le nɔnɔme sesẽ siawo me xɔ asi na Yehowa ŋutɔŋutɔ. Ema tae Fia Dawid bia Yehowa be wòade yeƒe aɖatsiwo “goe” me, eye wòyi edzi gblɔ kakaɖedzitɔe be: “Ðe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?” (Psalmo 56:9) Ẽ, Yehowa bua aɖatsi siwo katã míefana kple fu siwo katã míekpena le nuteƒewɔwɔ nɛ me nu xɔasii eye wòɖoa ŋku wo dzi. Nusiawo katã xɔ asi le eƒe ŋkume.
w22.06 18 ¶16-17
Ale Si Lɔlɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋu Míeɖua Vɔvɔ̃ Dzi
16 Satana nyae be míaƒe agbe le vevie na mí. Eya ta etsɔ nya ɖe mía ŋu be, míawɔ nu sia nu be míatsi agbe, ne esia abia be míagbe nu le Yehowa gbɔ gɔ̃ hã. (Hiob 2:4, 5) Satana da ƒu ŋutɔ! Gake esi Satana nye “ame si ate ŋu ahe ku vɛ,” eye wònya be míedina be míaku o ta, ewɔa esia ŋu dɔ tsɔ tea mí kpɔ be yeana míada le Yehowa ƒe se dzi. (Heb. 2:14, 15) Ɣeaɖewoɣia, ame siwo dea Satana dzi la doa vɔvɔ̃ na Yehowa subɔlawo be yewoawu wo ne womegbe nu le woƒe xɔse gbɔ o. Azɔ hã, ne míedze dɔ veviea, Satana ate ŋu awɔ esia ŋu dɔ be yeana míada le Yehowa ƒe se dzi. Ðɔktawo alo míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefo oa ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míalɔ̃ woado ʋu na mí, evɔ esia anye Mawu ƒe se dzi dada. Alo ame aɖe ate ŋu able mía nu be míalɔ̃ woazã dɔdamɔnu aɖe si mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe mɔfiamewo o la na mí.
17 Ele eme be míedi be míaku o, gake míenya be Yehowa ayi edzi alɔ̃ mí ne míeku gɔ̃ hã. (Xlẽ Romatɔwo 8:37-39.) Ne Yehowa xɔlɔ̃wo kua, eyia edzi ɖoa ŋku wo dzi, abe ke ɖe wogakpɔtɔ le agbe ene. (Luka 20:37, 38) Ele edzrom vevie be yeafɔ wo ɖe tsitre. (Hiob 14:15) Yehowa tsɔ Via ƒe ʋu xɔasi la ƒle mí ale be ‘míakpɔ agbe mavɔ.’ (Yoh. 3:16) Míenya be Yehowa lɔ̃ mí vevie eye wòléa be na mí. Eya ta, ne míedze dɔ alo wotsɔ ku do ŋɔdzi na mía, míegbea nu le Yehowa gbɔ o, ke boŋ míeɖoa ŋu ɖe eŋu be wòafa akɔ na mí, wòana nunya mí, eye wòado ŋusẽ mí. Nu sia tututue Valérie kple srɔ̃a wɔ.—Ps. 41:3.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-1 857-858
Etsɔmenyanya, Nuɖoɖoɖi
Ale si Yuda Iskariot de Yesu asi la na Mawu ƒe nyagblɔɖi aɖe va eme eye eɖe ŋutete si le Yehowa kple Via si be woanya nu si ava dzɔ le etsɔme la fia. (Ps 41:9; 55:12, 13; 109:8; Dw 1:16-20) Gake ema mefia be Mawu ɖoe do ŋgɔ be Yuda ye ava de Yesu asi o. Nyagblɔɖiawo ɖee fia be Yesu xɔlɔ̃wo dometɔ ɖekae adee asi, gake womegblɔ ame si wòanye o. Azɔ hã, masɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu be Mawu naɖoe da ɖi be Yuda nawɔ nu ma o. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wògblɔ gɔmeɖose sia be: “Mègatsɔ dzitsitsi ada asi ɖe ame aɖeke dzi gbeɖe o; eye mègakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo me o; lé ɖokuiwò dzadzɛ.” (1Ti 5:22; tsɔe sɔ kple 3:6.) Hafi Yesu natia ame 12 siwo anye eƒe apostolowo la, edo gbe ɖa na Fofoa zã bliboa, elabe edi be yeawɔ tiatia ma le nunya me eye wòanye nyuitɔ. (Lk 6:12-16) Ne ɖe Mawu ɖoe do ŋgɔ be Yuda nava de Yesu asi la, afia be eda vo le ame siwo wòna Via tia me eye le gɔmeɖose si Paulo gblɔ hã nua, ke eva zu ame si kpɔ gome le Yuda ƒe nu vɔ̃a me.
Eya ta, edze ƒãa be esime wotia Yuda be wòanye apostolo la, dzi nyui nɔ esi eye naneke meɖee fia be ava ɖe nɔnɔme gbegblẽ ma afia o. Gake eva ɖe mɔ ‘kè si nye aɖi mie ɖe eme eye wòƒo ɖii,’ si wɔe be wòtra mɔ eye megava wɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi o, ke boŋ ena Abosam ƒe asi su edzi eye wòva nɔ fi fim henɔ nu fitifiti wɔm. (Heb 12:14, 15; Yh 13:2; Dw 1:24, 25; Yak 1:14, 15) Esi Yuda nɔ eƒe nu gbegblẽ wɔwɔa dzi la, Yesu te ŋu va kpɔ nu si le eƒe dzi me la dze si, eye wògblɔe ɖi be eyae ade ye asi.—Yh 13:10, 11.