Ta 38
Mikafu Yah ɖe Eƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo Ta!
1. Nya kawoe Yohanes se wole ‘abe gbe gã aɖe si nye ameha gã aɖe si le dziƒo la tɔ ene’?
BABILON GÃ LA megali o! Esia nye dzidzɔnya nyateƒe. Eyata mewɔ nuku o be Yohanes se kafukafudzidzɔɣliwo le dziƒo! “Nusiawo megbe la mese gbe gã aɖe le abe ameha gã aɖe ƒe gbeɖiɖi ene, le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Xɔname kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ nanye mía Mawu la tɔ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi. Eye wogagblɔ zi evelia bena: Mikafu Yehowa! Eye eƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.”—Nyaɖeɖefia 19:1-3.
2. (a) Nukae nya “Haleluyah” fia, eye nukae alesi Yohanes see zi eve le afisia la fia? (b) Amekae xɔ kafukafu ɖe Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ ta? Ðe eme.
2 Haleluyah nyateƒe! Nya sia gɔmee nye “Mikafu Yah,” “Yah” nye Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa yɔyɔ si wotso kpuie. Esia na míeɖo ŋku hakpala ƒe dzideƒonya la dzi be: “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!” (Psalmo 150:6) Alesi Yohanes se dziƒohadziha si le aseye tsom le ‘Haleluyah!’ dzim zi gbɔ zi eve le Nyaɖeɖefia ƒe afisia la ɖe alesi Mawu ayi edzi anɔ nyateƒea ɖem anɔ fiafiam ɖaa la fia. Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me Mawu la kee nye Hebri Ŋɔŋlɔawo si woŋlɔ do ŋgɔ la ƒe Mawu, eye eŋkɔe nye Yehowa. Mawu si na blema Babilon la dze anyi kee drɔ̃ ʋɔnu Babilon Gã la fifia. Mina ŋutikɔkɔe katã nayi na eyama ɖe dɔ gã ma ta! Ŋusẽ si na wòdze anyi la nye etɔ ke menye dukɔ siwo wòzã abe dɔwɔnuwo ene le ewɔwɔ aƒedoe me tɔe o. Yehowa ɖeɖekoe wòle be míagblɔ be eya gbɔe míaƒe xɔname tso.—Yesaya 12:2; Nyaɖeɖefia 4:11; 7:10, 12.
3. Nukatae gbolo gã la dze alea gbegbe na ʋɔnudɔdrɔ̃a?
3 Nukatae gbolo gã la dze ale gbegbe na ʋɔnudɔdrɔ̃ sia? Le se si Yehowa de na Noa—eye to eyama dzi na ameƒomea katã—nu la, ameʋu kɔkɔ ɖi anyrãtɔe bia be woatsɔ ku ahe to na ame. Wogagblɔ esia le Mawu ƒe Se si wòna Israel la me. (Mose I, 9:6; Mose IV, 35:20, 21) Gawu la, le Mose ƒe Se ma nu la, ŋutilãme- kple gbɔgbɔmehasiwɔwɔ siaa dze ku. (Mose III, 20:10; Mose V, 13:1-5) Ƒe akpe geɖewoe nye sia si Babilon Gã la le ʋufɔ ɖiɖi dzi, eye enye nyɔnu si ƒe ahasiwɔwɔ tso eme. Le kpɔɖeŋu me, Roma Katoliko-ha la ƒe ɖoɖo si xe mɔ na eƒe nunɔlawo be womegaɖe srɔ̃ o la he agbegbegblẽnɔnɔ nyɔŋu vɛ le wo dometɔ geɖe gome, eye amesiwo le AIDS dɔlélea xɔm le wo dome la menye ame ʋee o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Timoteo I, 4:1-3) Gake eƒe nuvɔ̃ gã siwo “kɔ yi ɖatɔ dziƒo” ye nye eƒe gbɔgbɔmehasiwɔwɔ siwo tɔ ŋku—ewɔ esia to eƒe alakpanuwo fiafia kple eƒe nu babla kple dunyahela nugbegblẽwɔlawo dzi. (Nyaɖeɖefia 18:5) Esi eƒe tohehe va lilii mlɔeba la, dziƒoʋakɔwo dzi Haleluyah zi evelia azɔ.
4. Nukae nyateƒe si wònye be Babilon Gã la ƒe dzudzɔ “le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi mavɔ me” la fia?
4 Wotɔ dzo Babilon Gã la abe du si wosi ene, eye eƒe dzudzɔ “le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” Ne asrafo siwo si du ŋutɔŋutɔ aɖe tɔ dzoe la, dzudzɔa nɔa yame yim zi alesi dzofiawo gaxɔ dzo. Dzo si le bibim le eƒe gli gbagbãwo me afiã amesi adze agbagba be yeagbugbɔ atsoe esime dzoa bibim la. Esi Babilon Gã la ƒe dzudzɔ ayi dzi “tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me” si nye kpɔɖeŋu na eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ƒe nu mavɔmavɔnyenye la, ame aɖeke mate ŋu agbugbɔ du vɔ̃ɖi ma atso gbeɖe o. Wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔha ɖa mavɔmavɔe. Haleluyah nyateƒe!—Tsɔe sɔ kple Yesaya 34:5, 9, 10.
5. (a) Nukae amegã xoxo 24 la kple nu gbagbe eneawo wɔ hegblɔ? (b) Nukatae Haleluyah-haxea vivi sasasã wu Haleluyah-haxe siwo katã wodzi le Kristodukɔa ƒe sɔlemewo?
5 Le ŋutega aɖe si do ŋgɔ me la, Yohanes kpɔ nu gbagbe ene, kple amegã xoxo 24 siwo nye kpɔɖeŋu na Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo le woƒe ŋutikɔkɔe dziƒonɔƒe la. (Nyaɖeɖefia 4:8-11) Fifia egakpɔ wo ake eye woƒe Haleluyah le dzi dem bobobo zi etɔ̃lia ɖe Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ ta: “Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo kple nu gbagbe eneawo tsyɔ mo anyi, eye wodo gbe ɖa na Mawu, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Amen, mikafu Yehowa, [Haleluyah]!” (Nyaɖeɖefia 19:4) Haleluyah-ha deŋgɔ sia kpe ɖe ‘kafukafuha yeye’ si wodzi na Alẽvia la ŋu. (Nyaɖeɖefia 5:8, 9) Ke azɔ wole haxe vivi la dzim eye wole ŋutikɔkɔe katã tsɔm na Fiagã Aƒetɔ Yehowa le eƒe aʋadziɖuɖu gã si wòtsɔ ɖu gbolo gã, Babilon Gã la, dzie ta. Haleluyah-haxe siawo ƒe ɖiɖi nya se boo wu Haleluyah-haxe ɖesiaɖe si wodzi le Kristodukɔa ƒe sɔlemewo me, afisi wodoa vlo Yehowa, alo Yah, le heɖea alɔme le eŋu le la. Wotsi alakpaha mawo siwo doa vlo Yehowa la dzidzi nu tegbee!
6. Ameka ƒe ‘gbee’ wose, nuka ƒe dzie wòde ƒo, eye amekawoe xee nɛ?
6 Ƒe 1918 mee Yehowa dze fetu nana ‘amesiwo vɔ̃a eƒe ŋkɔa, ɖeviwo kple ame tsitsiwo’ gɔme—amesiawo dometɔ gbãtɔwoe nye Kristotɔ amesiamina siwo ku le anukwareɖiɖi me, amesiwo wòfɔ eye wòna nɔƒe wo ɖe amegã xoxo 24 siwo le dziƒo la dome. (Nyaɖeɖefia 11:18) Ame bubuwo hã kpe ɖe amesiwo le Haleluyah-hawo dzim la ŋu, elabena Yohanes ka nya ta be: “Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mi ɖeviwo kple ame tsitsiwo!” (Nyaɖeɖefia 19:5) “Gbe” siae nye Mawu ƒe Nyanuɖela si nye eya ŋutɔ Via, Yesu Kristo, si tsi tre ɖe “fiazikpui la . . . titina” la ƒe gbe. (Nyaɖeɖefia 5:6) Menye dziƒo ɖeɖekoe o ke boŋ le anyigba dzi afisia hã, “mi eƒe dɔlawo katã” mikpɔ gome le hadzidzia me, kple Yohanes habɔbɔ si nye amesiaminawo, amesiwo le ŋgɔ xɔm le anyigba dzi la. Aseyetsotso gã kae nye si wotsɔ le gome kpɔm le toɖoɖo sededea me be: ‘Minɔ mía Mawu la kafum’!
7. Le Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, amekawoe anɔ Yehowa kafum?
7 Ẽ, woxlẽ amesiwo nye ameha gã la me tɔwo hã de dɔla siawo dome. Tso ƒe 1935 me la, amesiawo nɔ go dom tso Babilon Gã la me eye wokpɔ Mawu ƒe ŋugbedodo sia me vava be: “Ayra amesiwo vɔ̃a Yehowa, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa.” (Psalmo 115:13) Ne wotsrɔ̃ Babilon, gbolo la, vɔ la, wo dometɔ ame miliɔn geɖewo akpe ɖe wo ŋu le ‘mía Mawu la kafukafu’ me—hekpe ɖe Yohanes habɔbɔ la kpakple dziƒoʋakɔwo katã ŋu. Emegbe, amesiwo woafɔ va anyigba dzi, woɖanye amesiwo ɖe dzesi tsã alo womeɖe dzesi o, ɖikekemanɔmee la, woawo hã adzi Haleluyah-hawo ne wosee be Babilon Gã la nu yi tegbee. (Nyaɖeɖefia 20:12, 15) Kafukafu ɖesiaɖe neyi na Yehowa ɖe aʋadziɖuɖu ɖedzesi si wòtsɔ ɖu gbolo xoxoa dzi la ta!
8. Dɔ kae wòle be kafukafuhaxe siwo Yohanes se la nawɔ ɖe mía dzi fifia do ŋgɔ na Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃?
8 Ŋusẽ ka gbegbee nye si esiawo katã do mí be míakpɔ gome bliboe le Mawu ƒe dɔa wɔwɔ me egbea! Yah-subɔlawo katã netsɔ wo ɖokui ke bliboe hena Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo kpakple Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukua gbɔgblɔ fia fifia, hafi woaɖe zi le Babilon Gã la te ahatsrɔ̃e.—Yesaya 61:1-3; Korintotɔwo I, 15:58.
‘Haleluyah—Yehowa Zu Fia!’
9. Nukatae Haleluyah mamletɔ si wose la nye gbeɖiɖi si de blibo eye yayra le eme alea gbegbe?
9 Susu bubuwo gali siwo ta míatso aseye, abe alesi Yohanes yi edzi gblɔe na mí ene be: “Eye mese gbe aɖe le abe ameha gã aɖe ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe tsi geɖewo ƒe gbeɖiɖi ene, eye wòle abe dziɖegbe sesẽwo ƒe gbeɖiɖi ene le gbɔgblɔm bena: Mikafu Yehowa! Elabena Aƒetɔ, mía Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, le fia ɖum.” (Nyaɖeɖefia 19:6) Haleluyah mamle siae na ha la ɖi le dzogoe ene dzi, alo dzogoe ɖesiaɖe dzi. Enye gbe sesẽ aɖe si ɖi le dziƒo, enya se wu amegbetɔwo ƒe hadziha ɖesiaɖe ƒe hadzidzi, enya kpɔ wu tsitsetse ɖesiaɖe si le anyigba dzi, eye ŋɔdzi le eŋu wu dziɖegbe ɖesiaɖe si wosena le anyigba dzi. Ame akpe geɖe siwo le dziƒo la ƒe gbe ɖe gbe ƒã nyateƒe sia be ‘Yehowa mía Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la dze fiaɖuɖu gɔme.’
10. Gɔmesese ka nue woate ŋu agblɔe le be Yehowa dze fiaɖuɖu gɔme le Babilon Gã la wɔwɔ aƒedoe megbe?
10 Gake aleke wɔ wònye be Yehowa dze fiaɖuɖu gɔme? Ƒe akpe geɖe va yi esi hakpala la gblɔ be: “Mawue nye fianye tso blema ke.” (Psalmo 74:12) Ɣemaɣi gɔ̃ hã la, Yehowa ƒe fianyenye li tso blema, eyata aleke wɔ xexeame katã ƒe hadziha la adzi ha be: ‘Yehowa dze fiaɖuɖu gɔme’? Eyae nye be le Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, hoʋlila ɖokuidoɖedzila aɖeke magana amewo nagbe toɖoɖo Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã la o. Alakpasubɔsubɔha magaƒo dzo ɖe anyigbadziɖulawo gɔme be woatsi tre ɖe eŋu gbeɖe o. Esime blema Babilon dze anyi le xexeame dziɖuɖu me la, Zion se aʋadziɖuɖu ƒe gbeƒãɖeɖe la be: “Wò Mawu enye fia!” (Yesaya 52:7) Esi wodzi Fiaɖuƒea le ƒe 1914 me megbe la, amegã xoxo 24 la do ɣli be: “Míeda akpe na wò, [Yehowa] Mawu . . . elabena èxɔ wò ŋusẽ gã, eye nèɖu fia.” (Nyaɖeɖefia 11:17) Azɔ le Babilon Gã la wɔwɔ aƒedoe megbe la, ɣlia gaɖi ake be: ‘Yehowa dze fiaɖuɖu gɔme.’ Mawu siwo nye amegbetɔ tɔ wɔwɔewo dometɔ aɖeke megasusɔ si aʋli ho kple Mawu vavãtɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye o!
Alẽvi la ƒe Srɔ̃ɖeɖe Tu Aƒe!
11, 12. (a) Aleke blema Yerusalem ƒo nui na blema Babilon la, eye kpɔɖeŋu kae wòɖo na Yerusalem Yeyea ku ɖe Babilon Gã la ŋu? (b) Ne wokpɔ aʋadziɖuɖu ɖe Babilon Gã la dzi vɔ la, ha kae dziƒoʋakɔwo adzi eye nukae woaɖe gbe ƒãe?
11 ‘Wò nyɔnu si nye nye futɔ’! Aleae Yerusalem si nye Yehowa ƒe tadeaguƒe la yɔ trɔ̃subɔlawo ƒe Babilon lae. (Mixa 7:8) Nenema ke gɔmesese ɖesiaɖe li si tae “du kɔkɔe, si nye Yerusalem Yeye la” si me tɔwoe nye ame 144,000 ƒe ŋugbetɔ la ayɔ Babilon Gã la be yeƒe futɔ. (Nyaɖeɖefia 21:2) Gake mlɔeba la, fuléle, afɔku, kple gbegblẽ va gbolo gã la dzi. Eƒe gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo kple eƒe ɣletivimefakalawo mete ŋu xɔ nɛ o. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 47:1, 11-13.) Esia nye aʋadziɖuɖu gã aɖe na tadedeagu vavãtɔ la nyateƒe!
12 Le gbolo nyɔŋu, Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ ɖa tegbetegbe vɔ megbe la, woate ŋu ahe susu ayi Alẽvi la ƒe ŋugbetɔ si nye ɖetugbi nɔaƒe si le dzadzɛ la dzi azɔ! Eyata dziƒoʋakɔwo tsɔ aseyetsotso dzi kafukafuha na Yehowa be: “Mina dzi nadzɔ mí eye míatso aseye, eye mina míatsɔ ŋutikɔkɔe nɛ, elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo xoxo. Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.”—Nyaɖeɖefia 19:7, 8.
13. Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe dzadzraɖo kae yi edzi hena ƒe alafa geɖewo?
13 Yesu nɔ dzadzraɖo siwo me lɔlɔ̃ le la wɔm na dziƒosrɔ̃ɖeɖe sia ƒe alafa geɖewo. (Mateo 28:20; Korintotɔwo II, 11:2) Enɔ ame 144,000 siwo nye gbɔgbɔ me Israel la ŋuti kɔm bene “ye ŋutɔ natsɔe aɖo tsitre na eɖokui wòanye ŋutikɔkɔehame, si ŋuti ɖiƒoƒo aɖeke alo ayiléle aɖeke alo nusiawo ƒe ɖeke naganɔ o.” (Efesotɔwo 5:25-27) Kristotɔ amesiamina siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa, eye wodo amenyenye yeye la, eye wowɔa nu dzɔdzɔewo ‘tso luʋɔ blibo me abe Yehowa ye wole ewɔm na ene’ bene woƒe asi nasu “Mawu ƒe ameyɔyɔ le dziƒo ƒe dziɖuɖufetu la” dzi.—Filipitɔwo 3:8, 13, 14; Kolosetɔwo 3:9, 10, 23.
14. Aleke Satana dze agbagba be yeaƒo ɖi amesiwo ava zu Alẽvi la ƒe ŋugbetɔ lae?
14 Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi heyi la, Satana yi edzi zã Babilon Gã la abe eƒe dɔwɔnu ene le agbagbadzedze be yeatsɔ aƒo ɖi amesiwo ƒe ƒuƒoƒo ava nye Alẽvi la ƒe ŋugbetɔ lae me. Le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu me la, eƒã Babilon-subɔsubɔha la ƒe kuwo ɖe hamea me. (Korintotɔwo I, 15:12; Timoteo II, 2:18; Nyaɖeɖefia 2:6, 14, 20) Apostolo Paulo tsɔ nya siawo ɖɔ amesiwo nɔ xɔse la trɔm nɔ anyi tsyɔm la be: “Elabena nenem me siawo nye aʋatso-apostolowo, dɔwɔla, siwo blea ame, amesiwo trɔa wo ɖokui wɔa Kristo ƒe apostolowo. Eye esia menye nukunu o; elabena Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:13, 14) Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, Kristodukɔ xɔsegbela la do kesinɔtɔwo kple nɔƒekɔkɔnɔlawo ƒe awu siwo nye “aɖabɛwu kple awu dzĩ, . . . sika kple kpe xɔasi kple adzagbawo.” (Nyaɖeɖefia 17:4) Eƒe osɔfohawo kple papawo wɔ ɖeka kple fiagã siwo lɔ̃a ʋukɔkɔɖi la, abe Konstantino kple Charlemagne ene. “Ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo” menye awu nɛ wòdo ɣeaɖekeɣi kpɔ o. Abe ŋugbetɔ si nye alakpa tɔ ene la, enye Satana ƒe ameblemɔnu vevi aɖe vavã. Mlɔeba la, wotsrɔ̃e ɖa tegbetegbe!
Alẽvi la Srɔ̃ Dzra Eɖokui Ðo
15. Aleke wo nu tetrea va emee, eye nukae wobia tso Kristotɔ si nye amesiamina si?
15 Ke azɔ abe ƒe 2,000 ene megbe la, ame 144,000 siwo nye ŋugbetɔ la ƒe ha me tɔwo katã le klalo. Gake ɣekaɣie woate ŋu agblɔe be ‘Alẽvi la srɔ̃ dzra eɖokui ɖo’? Ʋeʋeʋe tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi yina la, wotsɔ ‘ŋugbedodo ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la tre’ amesiamina siwo xɔ se la ‘nu’ ɖe ‘tafe ƒe xɔxɔ ƒe ŋkeke la’ ŋu. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, Mawu “tre mía nu hã, eye wòna gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe awɔbanu mí le míaƒe dziwo me.” (Efesotɔwo 1:13; 4:30; Korintotɔwo II, 1:22) Kristotɔ amesiamina ɖesiaɖe nye ‘ame yɔyɔ kple ame tiatia,’ heɖo kpe eɖokui dzi be yenye ‘nuteƒewɔla.’—Nyaɖeɖefia 17:14.
16. (a) Ɣekaɣie apostolo Paulo nu tetre wu enu, eye aleke míewɔ nya? (b) Ɣekaɣie Alẽvi la srɔ̃ ‘adzra eɖokui ɖo vɔ’ keŋkeŋ?
16 Le dodokpɔ me toto ƒe geɖe megbe la, Paulo ŋutɔ te ŋu gblɔ be: “Ʋiʋli nyui lae meʋli, mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi. Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.” (Timoteo II, 4:7, 8) Edze abe ɖe apostolo la nu tetre de blibo ene, togbɔ be egakpɔtɔ nɔ ŋutilã me eye wòadze ŋgɔ xɔsetaku hã. Nenema ke ɣeyiɣia ava ɖo esi me woatre ame 144,000 la ƒe ame susɔe siwo katã kpɔtɔ ɖe anyigba dzi la dometɔ ɖesiaɖe nu be wonye Yehowa tɔ. (Timoteo II, 2:19) Esiae anye ɣeyiɣi si me Alẽvi la srɔ̃ adzra eɖokui ɖo vɔ keŋkeŋ—wo dometɔ akpa gãtɔ xɔ woƒe dziƒofetu la xoxo eye wo dometɔ siwo gasusɔ ɖe anyigba dzi la, woada asi ɖe wo dzi mlɔeba eye woatre wo nu abe anukwareɖilawo ene.
17. Ɣekaɣie Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea ate ŋu adze egɔme?
17 Vaseɖe afisia le Yehowa ƒe ɣeyiɣiɖoɖowɔɖi me esime ame 144,000 la nu tetre wu enu la, mawudɔlawo ɖe asi le xaxa gã la ƒe ya eneawo ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:1-3) Gbã la, wohe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Babilon Gã, gbolo la dzi. Kristo si ɖu aʋa dzi la zɔ le ablaɖeɖe gã me yi Harmagedon-ʋa la wɔ ge bene wòatsrɔ̃ Satana ƒe habɔbɔ si susɔ ɖe anyigba dzi la eye, mlɔeba ade Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me. (Nyaɖeɖefia 19:11–20:3) Ðikekemanɔmee la, amesiamina siwo atsi agbe le anyigba dzi la ayi aɖaxɔ woƒe dziƒofetu la enumake be woawɔ ɖeka kple wo hati siwo nye ŋugbetɔ la ƒe ha la me tɔwo. Ekema le xexeame katã ƒe ŋutifafa nɔnɔme siwo anɔ anyi la me la, woawɔ Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la!
18. Aleke Psalmo 45 ɖo kpe ɖoɖo si nu nudzɔdzɔwo ayi edzi le le Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea me la dzie?
18 Nyagblɔɖi me nuɖɔɖɔ si ku ɖe nusiawo ŋu si le Psalmo 45 me la ɖo kpe alesi nuwo ayi edzi le ɖoɖo sia nu la dzi. Gbã la, Fia si woɖo zi dzi la do sɔ yi eƒe futɔwo dzi ɖu ge. (Kpukpui 1-8) Emegbe srɔ̃ɖeɖea yi edzi, ameha gã la si nye zɔhɛ ɖetugbi nɔaƒewo kpe ɖe dziƒoŋugbetɔ la ŋu le anyigba dzi. (Kpukpui 9-16 ) Azɔ srɔ̃ɖeɖea he viɖewo vɛ eye wona ameƒomea si wofɔ ɖe tsitre la ɖo blibodede gbɔ le ‘amesiwo nye amegãwo ɖe anyigba blibo la dzi’ ƒe dzikpɔkpɔ te. (Kpukpui 17, 18) Ŋutikɔkɔe ƒe yayra kawo gbegbee nye si do tso Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea me!
Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Wokpe Vɛ
19. Nukae nye dzidzɔkpɔkpɔ adre siwo wogblɔ ɖe Nyaɖeɖefia me la ƒe enelia, eye amekawoe kpɔ gome le dzidzɔkpɔkpɔ sia tututu me?
19 Yohanes ŋlɔ dzidzɔ adre siwo le Nyaɖeɖefia me la ƒe enelia azɔ be: “Eye wògblɔ [mawudɔla si le nusiawo ɖem fia Yohanes] nam bena: Ŋlɔ bena: [Dzidzɔtɔwoe nye] amesiwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ! Eye wògagblɔ nam bena: Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.” (Nyaɖeɖefia 19:9)a Amesiwo wokpe va “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖenuɖuɖu la gbɔ” lae nye ŋugbetɔ la ƒe ha la me tɔwo. (Tsɔe sɔ kple Mateo 22:1-14.) Amesiamina siwo katã kpɔ gome le ŋugbetɔ la nyenye me la kpɔa gome le dzidzɔkpɔkpɔ la me be wokpe yewo vɛ. Ame kpekpeawo dometɔ akpa gãtɔ yi dziƒo, afisi woaɖu srɔ̃ɖenua le la xoxo. Wo dometɔ siwo le anyigba dzi la hã kpɔa dzidzɔ be wokpe yewo hã. Afisi woaɖu woƒe srɔ̃ɖenua le la le dedie. (Yohanes 14:1-3; Petro I, 1:3-9) Ne wofɔ wo ɖe tsitre yi dziƒoe la, ekema ŋugbetɔ ƒe ha bliboa si wɔ ɖeka la ayi edzi akpɔ gome kple Alẽvi la le dzidzɔ gãtɔ kekeake ma si ƒo ɖesiaɖe ta la kpɔkpɔ me.
20. (a) Asixɔxɔ kae le nya siwo nye “Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo” la ŋu? (b) Aleke mawudɔla la ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe Yohanes dzie, eye nukae mawudɔla la wɔ?
20 Mawudɔla la gblɔ kpee be: “Esiawo nye Mawu ƒe nya vavãwo.” Nya “vavã” sia nye Helagbe me nya a·le·thi·nosʹ gɔmeɖeɖe eye efia be “akuaku” alo “nusi ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo.” Esi nya siawo tso Yehowa gbɔ nyateƒe ta la, wonye nya vavãwo eye kakaɖedzi le wo ŋu. (Tsɔe sɔ kple Yohanes I, 4:1-3; Nyaɖeɖefia 21:5; 22:6.) Abe amesiwo wokpe va srɔ̃ɖeŋkekenyui ma dometɔ ɖeka ene la, dzidzɔ gbago ayɔ Yohanes me be wòase esia eye wòakpɔ yayra siwo le ŋgɔgbe na ŋugbetɔ ƒe ha la. Le nyateƒe me la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòhiã be mawudɔla la naxlɔ̃ nui abe alesi Yohanes ka etae ene be: “Eye medze klo ɖe eƒe afɔ nu, be made ta agu nɛ. Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, megawɔe o, wò hadɔla kple nɔviwò, siwo lé Yesu ƒe ɖaseɖiɖi ɖe asi la, ƒe hadɔla menye; de ta agu na Mawu ko!”—Nyaɖeɖefia 19:10a.
21. (a) Nukae Nyaɖeɖefia ɖe fia ku ɖe mawudɔlawo ŋu? (b) Nɔnɔme kae le be wòanɔ Kristotɔwo si ɖe mawudɔlawo ŋu?
21 Le Nyaɖeɖefia la katã me la, woɖi ɖase ɖedzesi aɖe tso mawudɔlawo ƒe anukwareɖiɖi kple kutrikuku ŋu. Wozã wo abe amesiwo dzi woto tsɔ nyateƒe si woɖe fia la na ene. (Nyaɖeɖefia 1:1) Wowɔa dɔ kple amegbetɔwo le gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple kpɔɖeŋufuwɔamewo kɔkɔ ɖi me. (Nyaɖeɖefia 14:6, 7; 16:1) Wokpe ɖe Yesu ŋu le aʋa wɔwɔ be woanyã Satana kple eƒe dɔlawo tso dziƒo me, eye woagakpe ɖe eŋu le Harmagedon-ʋa la wɔwɔ me. (Nyaɖeɖefia 12:7; 19:11-14) Nyateƒee, wote ŋu dona ɖe Mawu ŋutɔ ŋkume. (Mateo 18:10; Nyaɖeɖefia 15:6) Gake dɔla siwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyi koe wonye. Mɔ meli le tadedeagu vavãtɔ me be woade ta agu na mawudɔlawo alo be woatsɔ tadedeagu si bɔbɔ ɖe anyi wu gɔ̃ hã ana wo, to Mawu ƒe tadedeagu tsɔtsɔ ato “ame kɔkɔe” aɖe alo mawudɔla aɖe dzi la dzi o. (Kolosetɔwo 2:18) Kristotɔwo dea ta agu na Yehowa ɖeɖeko eye wodoa gbe ɖa nɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me.— Yohanes 14:12, 13.
Akpa si Yesu Wɔna le Nyagblɔɖi Me
22. Nukae mawudɔla la gblɔ na Yohanes, eye nukae nya mawo fia?
22 Mawudɔla la gblɔ azɔ be: “Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.” (Nyaɖeɖefia 19:10b) Alekee? Efia be wogblɔ nyagblɔɖi siwo katã tso gbɔgbɔ me la ɖi le Yesu kple akpa si wòwɔna le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me ta. Nyagblɔɖi gbãtɔ si le Biblia me la do dzidzimevi aɖe si gbɔna la ƒe ŋugbe. (Mose I, 3:15) Yesu va nye Dzidzimevi ma. Ðeɖefia siwo kplɔe ɖo la na woli kɔ nyagblɔɖi me nyateƒe gbogbo aɖewo siwo wotu ɖe ŋugbedodo sia si nye gɔmeɖokpe na wo dzi la ɖi. Apostolo Petro gblɔ na Kornelio si nye Dukɔwo me tɔ si zu xɔsetɔ la be: “Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le.” (Dɔwɔwɔwo 10:43) Abe ƒe 20 ene megbe la, apostolo Paulo gblɔ be: “Elabena Mawu ƒe ŋugbedodowo, alesi nu wole la, Yesu me ẽ le.” (Korintotɔwo II, 1:20) Le ƒe 43 bubu megbe la, Yohanes ŋutɔ ɖo ŋku edzi na mí be: “Nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.”—Yohanes 1:17.
23. Nukatae nɔƒe kɔkɔ si Yesu le kple ŋusẽ gã si su esi la mena míetra mɔ tso tadedeagu si míetsɔna na Yehowa la gbɔ o?
23 Ðe esia ɖe míaƒe susu ɖa tso tadedeagu si míetsɔna na Yehowa la gbɔ le mɔ aɖe nua? Ao. Ðo ŋku mawudɔla la ƒe nuxlɔ̃mea be, “De ta agu na Mawu ko” la dzi. Yesu medze agbagba ɣeaɖekeɣi kpɔ be yeaʋli ho kple Yehowa o. (Filipitɔwo 2:6) Nyateƒee, wogblɔ na mawudɔlawo katã be ‘woade bubu [Yesu] ŋu,’ eye be nuwɔwɔwo katã nade dzesi nɔƒe kɔkɔ si wòle la ale be “[amesiame] nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me.” Gake de dzesii be esia nye “hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu” eye egbɔe gbeɖeɖe sia tso. (Hebritɔwo 1:6; Filipitɔwo 2:9-11) Yehowa ye tsɔ eƒe ŋusẽ kɔkɔ la de Yesu si, eye ne míelɔ̃na ɖe ŋusẽ ma dzi la, ekema míetsɔa ŋutikɔkɔe na Mawu. Ne míegbe be míabɔbɔ ɖe Yesu ƒe dziɖuɖu te o la, ke esɔ kple Yehowa Mawu ŋutɔ gbegbe.—Psalmo 2:11, 12.
24. Nudzɔdzɔ ɖedzesi eve kawo ŋue míele ŋugble dem le, eye eyata nya kawoe wòle be míanɔ gbɔgblɔm?
24 Ekema mina míatsɔ ɖekawɔwɔ agblɔ Psalmo 146 kple 150 ƒe gɔmedzenyawo be: “Mikafu Yehowa!” Haleluyah-haxea neɖi sesĩe esime míele mɔ kpɔm na alesi Yehowa aɖu Babilon ƒe alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea dzie le aʋa me la! Eye dzidzɔ nedzi ɖe edzi esime Alẽvia ƒe srɔ̃ɖeɖea le aƒe tum!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Nyaɖeɖefia 1:3; 14:13; 16:15 hã.
[Aɖaka si le axa 273]
“Agbalẽ si Woŋlɔ Ðo Ðe Sodom Kple Gomora”
Esiae nye tanya si dze le London ƒe November 12, 1987 Daily Telegraph si ka nya ta tso nya aɖe si wodo ɖe Anglikan Sɔlemeha la ƒe Adaŋudetakpekpe Gã la gbɔ la ƒe ŋgɔgbe. Wobia le takpekpe sia me be woanyã “Kristotɔ” siwo nye ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo le ha la me. Nyadzɔdzɔŋlɔla Godfrey Barker gblɔ be: “Kanterbury ƒe Bisiɔpgã gblɔ mɔkpɔkpɔmanɔsitɔe etsɔ si va yi be: ‘Ne Paulo Kɔkɔe adi be yeaŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe England Sɔlemeha la, asɔ be míabia mía ɖokui ase be lɛta ka ƒomevie wòanye mahã?’” Aƒetɔ Barker ŋutɔ ɖo eŋu be: “Ŋuɖoɖoae nye Agbalẽ si Woŋlɔ Ðo Ðe Sodom kple Gomora,” eye wògblɔ kpee be: “Ðk. Runcie [bisiɔpgã la] susui be anɔ abe Romatɔwo, Ta 1 ene.”
Nyadzɔdzɔŋlɔla la yɔ Paulo ƒe nya siwo le Romatɔwo 1:26-32 me la be: “Mawu ɖe asi le wo ŋu le woƒe dzi ƒe nudzodzrowo me be woawɔ nu makɔmakɔwo. . . . Ŋutsuwo wɔa ŋukpenanuwo kple ŋutsuwo . . . togbɔ be wonya Mawu ƒe gbeɖeɖe la be amesiwo wɔ nusiawo tɔgbe la dze ku hã la, menye ɖeko wowɔna wo ko o ke boŋ wodaa asi ɖe amesiwo wɔna wo la hã dzi.” Eƒo eta be: “Hamevi siwo nɔ nyaselawo nɔƒe ŋu koe Paulo Kɔkɔe tsi dzi ɖo. Ðk. Runcie ƒe kuxiae nye amesiwo le mawunyagblɔlanɔƒe la.”
Nuka gbɔe bisiɔpgã la ƒe kuxia tso? October 22, 1987 ƒe London nyadzɔdzɔgbalẽ Daily Mail ƒe tanya si woŋlɔ gãa la xlẽ be: “‘Nunɔla ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me nye ŋutsu si dɔna kple ŋutsu’ . . . Ne woado boblo be woanyã ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo la, ke ɖeko ‘woatu England Sɔlemeha la ƒe ʋɔtruwo.’” Nyatakaka la yɔ nya tso nya si Nyɔnu Siwo Dɔa Nyɔnuwo Gbɔ kple Ŋutsu Siwo Dɔa Ŋutsuwo Gbɔ ƒe Hatsotso ƒe nuŋlɔla gã “bubunatɔ” la gblɔ me be egblɔ be: “Ne wolɔ̃ ɖe susudodoɖa sia dzi la, agbã Ha la, eye esia le nyanya na Kanterbury Bisiɔpgã la. Ne míayɔ xexlẽmea gbadzaa ko la, míexɔe se be England Sɔlemeha la ƒe nunɔla 30 vaseɖe 40 le alafa ɖesiaɖe me nye ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ. Eye woawoe nye amesiwo doa vevie nu wu le Ha la ƒe subɔsubɔdɔ me.” Sɔlemeyilawo ƒe xexlẽme si le to yim la nye alesi mawunyagbɔgblɔ si ʋlia ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ ta la nyɔa ŋui na wo la ƒe akpa aɖe si ŋu ɖikeke mele o.”
Nyametsotso kae sɔlemeha la ƒe aɖaŋuɖotakpekpea wɔ? Wo dometɔ akpa gãtɔ ƒe ame gbogbo aɖe si nye 338 (nunɔla 95 le alafa ɖesiaɖe me) da asi ɖe susudodoɖa aɖe si wotɔ tsii la dzi. November 14, 1987 ƒe The Economist ka nya ta be: “England Sɔlemeha la tsi tre ɖe ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ ƒe nuwɔnawo ŋu, gake menye fũ o. Esi nunɔla siwo nye ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ nɔ susu me na aɖaŋuɖotakpekpe gã si nye Sɔlemeha la ƒe sewɔtakpekpea la, etso nya me le kwasiɖa sia me be, to vovo na matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ la, ŋutsu siwo dɔa wo nɔewo gbɔ ƒe nuwɔnawo menye nuvɔ̃ o: ɖeko ‘womeɖo dzidzenu la gbɔ o’ eye be ‘gbɔdɔnuwɔna nye ɖokuitsɔtsɔna blibo ƒe nuwɔna si si teƒe si sɔ nɛ nyuie la le le srɔ̃ɖeƒomedodo si nɔa anyi ɖaa me.’ Le vovototo dede Kanterbury ƒe Bisiɔpgã la ƒe tenɔnɔ kple apostolo Paulo ƒe nya si me kɔ ƒã si le Romatɔwo 1:26, 27 me la me la, The Economist la ŋlɔ Paulo ƒe nyawo ɖe tanya si nye “Paulo Kɔkɔe nya nusi nɔ eƒe susu me” la te.
Yesu Kristo hã nya nusi nɔ eƒe susu me eye wògblɔe le nya siwo me kɔ ƒã la me. Egblɔ be: “Mele sesẽ ge na Sodom-nyigba le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi abe” mawusubɔla siwo do vlo eƒe gbedasia la “ene o.” (Mateo 11:23, 24) Le afisia la, Yesu nɔ nyagbɔgblɔ si tso eme la zãm be yeatsɔ afia be fɔɖiɖi le subɔsubɔhakplɔla mawo siwo gbe Mawu ƒe Vi la kple eƒe nufiafia la dzi wu Sodomtɔwo. Yuda 7 gblɔ be Sodomtɔ mawo “[kpe] dzo mavɔ” si nye tsɔtsrɔ̃ mavɔ la “ƒe fu.” (Mateo 25:41, 46) Ekema aleke gbegbee nye si ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava amesiwo woyɔna be kplɔla Kristotɔwo, amesiwo kplɔa woƒe hamevi siwo wogbã ŋku na la tranae ŋkuagbãtɔe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dzidzenu kɔkɔwo gbɔe yina xexeame ƒe mɔ gbegblẽ siwo ɖea mɔ ɖe nugbegblẽwɔwɔ ŋu la me nu asẽe! (Mateo 15:14) Gbe si tso dziƒo la tsɔ vevienyenye le ɣli dom sesĩe ku ɖe Babilon Gã la, alakpasubɔsubɔha ŋu be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.”—Nyaɖeɖefia 18:2, 4.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 275]
Haleluyah ɖi sesĩe zi ene le dziƒo eye wole Yah kafum ɖe alesi wòɖu Babilon Gã la dzie mlɔeba ta