Kristotɔ Ðasefo Siwo Ƒe Dumetɔnyenye Le Dziƒo
“Míaƒe dumetɔnyenye le dziƒo.”—FILIPITƆWO 3:20.
1. Tameɖoɖo wɔnuku kae le Yehowa si na amegbetɔ aɖewo?
AME siwo wodzi wonye amegbetɔwo aɖu fia ahanye nunɔlawo ɖe mawudɔlawo gɔ̃ hã dzi le dziƒo. (Korintotɔwo I, 6:2, 3; Nyaɖeɖefia 20:6) Nyateƒe wɔnuku kae nye ma! Ke hã Yehowa ɖoe be yeawɔe, eye ana wòava eme to eƒe Tenuvi, Yesu Kristo dzi. Nukata mía Wɔla la awɔ nusia? Eye aleke wòle be eŋuti sidzedze nawɔ dɔ ɖe Kristotɔwo dzi egbea? Mina míakpɔ alesi Biblia ɖo biabia siawo ŋui ɖa.
2. Nu yeye kae Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la ɖe gbeƒãe be Yesu awɔ, eye nuka ŋue nu yeye sia ku ɖo?
2 Esi Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la nɔ mɔ dzi dzram ɖo na Yesu la, eɖe gbeƒãe be Yesu awɔ nu yeye aɖe. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “[Yohanes ɖe] gbeƒã gblɔ bena: Amesi tri akɔ wum la, le megbenye gbɔna, amesi ƒe atokota ŋu ka medzem be, mabɔbɔ atu o. Nye la metsɔ tsi [na nyɔnyrɔ̃] mi; ke eya la atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe [ana nyɔnyrɔ̃] mi.” (Marko 1:7, 8) Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, wometsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe na nyɔnyrɔ̃ ame aɖeke kpɔ o. Esia nye ɖoɖo yeye si me woawɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ŋudɔ le, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo si eteƒe madidi o wòaɖe afia be yeadzra amegbetɔwo ɖo na dziɖulanyenye le dziƒo la ŋue esia ku ɖo.
‘Gbugbɔgadzi’
3. Nu yeye kawo mee Yesu ɖe na Nikodemo le Dziƒofiaɖuƒea ŋuti?
3 Yesu ɖe nu geɖe fia le Mawu ƒe tameɖoɖo sia ŋu esime wo kple Farisitɔ ame ŋkuta aɖe kpe le adzame. Nikodemo Farisitɔ la va Yesu gbɔ le zã me, eye Yesu gblɔ nɛ be: “Ne womedzi ame tso dziƒo o la, mate ŋu akpɔ mawufiaɖuƒe la akpɔ o.” (Yohanes 3:3) Nikodemo si anya srɔ̃ Hebri Ŋɔŋlɔawo le esi wònye Farisitɔ ta la nya nane tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒe wɔnuku la ŋu. Daniel ƒe agbalẽa gblɔ ɖi be woatsɔ Fiaɖuƒe la ana ame aɖe si le “abe amegbetɔ ene” kple “dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo ƒe dukɔ.” (Daniel 7:13, 14, 27) Woɖoe be Fiaɖuƒea ‘nagbã’ fiaɖuƒe bubuwo katã ‘ahagblẽ wo,’ eye be wòanɔ anyi tegbee. (Daniel 2:44) Anɔ eme be Nikodemo bu be nyagblɔɖi siawo ava eme ɖe Yuda-dukɔa dzi; gake Yesu gblɔ be ele be woagbugbɔ ame adzi hafi wòakpɔ Fiaɖuƒe la. Nikodemo mese egɔme o, eyata Yesu yi edzi gblɔ be: “Ne womedzi ame tso tsi kple gbɔgbɔ me o la, mate ŋu ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o.”—Yohanes 3:5.
4. Aleke amesiwo wodzi tso gbɔgbɔ kɔkɔe me ƒe ƒomedodo kple Yehowa atrɔe?
4 Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela ƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔe si woatsɔ ana nyɔnyrɔ̃ amee ŋu. Fifia Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be ele be woadzi ame tso gbɔgbɔ kɔkɔe me hafi wòayi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me. To dzidzi tɔxɛ sia me la, ƒomedodo tɔxɛ ŋutɔ aɖe ava nɔ ŋutsu kple nyɔnu madeblibowo kple Yehowa Mawu dome. Woava zu amesiwo wòxɔ wɔ viawoe. Míexlẽ be: “Ame geɖe alesinu [xɔ Yesu] la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena; amesiwo womedzi tso ʋu alo tso ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo tso ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o; ke boŋ Mawu me wodzi wo tso.”—Yohanes 1:12, 13; Romatɔwo 8:15.
Mawuviwo
5. Ɣekaɣie wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe na nyɔnyrɔ̃ nusrɔ̃la nuteƒewɔlawo, eye dɔ kawoe gbɔgbɔ kɔkɔe la wɔ le ɣeyiɣi ma ke me si do ƒome kplii?
5 Hafi Yesu naƒo nu kple Nikodemo la, gbɔgbɔ kɔkɔe va Yesu dzi xoxo hesi ami nɛ na Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe fia si wòanye le etsɔme, eye Mawu gblɔ le dutoƒo be Ye Vie Yesu nye. (Mateo 3:16, 17) Yehowa dzi gbɔgbɔmevi geɖe le Pentekoste 33 M.Ŋ. me. Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe na nyɔnyrɔ̃ nusrɔ̃la nuteƒewɔla siwo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔa me le Yerusalem. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wogbugbɔ wo dzi tso gbɔgbɔ kɔkɔe me wova zu Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo. (Dɔwɔwɔwo 2:2-4, 38; Romatɔwo 8:15) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo be woava nyi dome le dziƒo le etsɔme, eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe tre wo nu gbã wònye kakaɖedzi si le dziƒomɔkpɔkpɔ ma ŋu ƒe dzesi.—Korintotɔwo II, 1:21, 22.
6. Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo le Dziƒofiaɖuƒea ŋu, eye nukata wòsɔ be amegbetɔwo nakpɔ gome le esia me?
6 Amesiawoe nye ame madeblibo gbãtɔ siwo Mawu tia be woayi ɖe Fiaɖuƒea me. Efia be le woƒe ku kple tsitretsitsi megbe la, woava zu Dziƒofiaɖuƒea ƒe habɔbɔ si aɖu amegbetɔwo kple mawudɔlawo dzi la me tɔwo. Yehowa ɖo tame be to Fiaɖuƒe sia dzi la, woakɔ yeƒe ŋkɔ gã la ŋu ahaʋli yeƒe fianyenye ta le nuwɔwɔwo katã ŋkume. (Mateo 6:9, 10; Yohanes 12:28) Aleke wòsɔe nye si be gome le amegbetɔwo si le Fiaɖuƒe ma me! Amegbetɔwo ŋudɔe Satana wɔ esime wòtɔ gbe Yehowa ƒe fianyenye zi gbãtɔ le Eden-bɔa me, eye fifia Yehowa ɖo tame be amegbetɔwo anɔ eme yeaɖo gbetɔame ma ŋu. (Mose I, 3:1-6; Yohanes 8:44) Apostolo Petro ŋlɔ na amesiwo wotia be woaɖu fia le Fiaɖuƒe ma me be: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi gbugbɔ mí gadzi le eƒe nublanuikpɔkpɔ geɖe la nu hena mɔkpɔkpɔ gbagbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la me, hena domenyinyi magblẽmagblẽ, maƒoɖi, maluxe, si wodzra ɖo ɖi le dziƒo na mí.”—Petro I, 1:3, 4.
7. Ƒomedodo tɔxɛ kae le amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe na nyɔnyrɔ̃e kple Yesu dome?
7 Esi Kristotɔ tiatia siawo zu Mawu ƒe viwo ta la, wova zu Yesu Kristo nɔviwo. (Romatɔwo 8:16, 17; 9:4, 26; Hebritɔwo 2:11) Esi Yesu ɖee fia be yenye Dzidzimevi si ŋugbe wodo na Abraham ta la, Kristotɔ amesiamina siawo va kpe ɖe Dzidzimevi ma ŋu, alo zu eƒe kpeɖeŋutɔ, si adudu yayra akɔ ɖe ameƒomea me tɔ siwo si xɔse le dzi. (Mose I, 22:17, 18; Galatiatɔwo 3:16, 26, 29) Yayra ka? Eyae nye mɔnukpɔkpɔ si asu wo si be woaɖe wo tso nuvɔ̃ me ahadzra wo kple Mawu dome ɖo eye woasubɔe fifia kple yi ɖe mavɔmavɔ me. (Mateo 4:23; 20:28; Yohanes 3:16, 36; Yohanes I, 2:1, 2) Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi fiaa asi yayra sia na dzinyuitɔwo to ɖaseɖiɖi le woƒe gbɔgbɔmenɔvi Yesu Kristo ŋu kple le wo Fofo, Yehowa Mawu, si xɔ wo zu viawoe la ŋu.—Dɔwɔwɔwo 1:8; Hebritɔwo 13:15.
8. Nukae nye Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo “ɖeɖefia” la?
8 Biblia ƒo nu tso Mawu ƒe gbɔgbɔmevi siawo “ɖeɖefia” ŋu. (Romatɔwo 8:19) Ne woyi ɖe Fiaɖuƒea me va zu hatifiawo kple Yesu la, woakpɔ gome le Satana ƒe xexemenuɖoanyia tsɔtsrɔ̃ me. Emegbe woana kpekpeɖeŋu ƒe akpe ɖeka be tafevɔsa la naɖe vi na ameƒomea eye woato ema me akplɔ amegbetɔƒomea aɖo blibodede si Adam bu la gbɔe. (Tesalonikatɔwo II, 1:8-10; Nyaɖeɖefia 2:26, 27; 20:6; 22:1, 2) Esiawo katã anɔ woƒe ɖeɖefia la me. Enye nusi nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔ siwo si xɔse le le mɔ kpɔm na vevie.
9. Aleke Biblia yɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha si le xexeame katã lae?
9 Kristotɔ amesiamina siwo le xexeame katã la ƒe hae nye “ŋgɔgbevi, siwo ŋkɔwo woŋlɔ ɖe dziƒowo la ƒe hame.” (Hebritɔwo 12:23) Woawoe nye ame gbãtɔ siwo Yesu ƒe tafevɔsa la ɖe vi na. Wonye “Kristo ƒe ŋutilã” hã, si fia ƒomedodo kplikplikpli si le wo kple wo nɔewo kpakple Yesu dome. (Korintotɔwo I, 12:27) Paulo ŋlɔ bena: “Alesi ŋutilã ɖeka li, eye ŋutinu geɖewo li nɛ, ke ŋutilã ɖeka sia ŋutinuwo katã, ne wosɔ gbɔ geɖe hã la, wonye ŋutilã ɖeka la: Nenema kee nye Kristo hã. Elabena gbɔgbɔ ɖeka me [wona nyɔnyrɔ̃] mí katã le, bena míanye ŋutilã ɖeka, míeɖanye Yudatɔwo alo Helatɔwo o, míeɖanye kluviwo alo ablɔɖeviwo o, eye wotsɔ gbɔgbɔ ɖeka kpe na mí katã.”—Korintotɔwo I, 12:12, 13; Romatɔwo 12:5; Efesotɔwo 1:22, 23; 3:6.
“Mawu ƒe Israel”
10, 11. Nukatae Israel yeye aɖe hiã le ƒe alafa gbãtɔ me, eye amekawoe le dukɔ yeye sia me?
10 Le ƒe siwo wu 1,500 do ŋgɔ na Yesu ƒe vava abe Mesia si ŋugbe wodo ene la, ŋutilã me Israel nye Yehowa ƒe dukɔ tɔxɛ. Togbɔ be wogblɔ ŋkuɖodzinyawo na wo enuenu hã la, dukɔ bliboa mewɔ nuteƒe o. Esi Yesu va la, dukɔ la gbee. (Yohanes 1:11) Eyata Yesu gblɔ na Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo be: “Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la.” (Mateo 21:43) Ehiã vevie be woadze si “dukɔ [ma si le Fiaɖuƒea ƒe] ku [tsem] la” hafi woakpɔ ɖeɖe.
11 Dukɔ yeye lae nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame si woɖo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi. Emetɔ gbãtɔwoe nye Yesu ƒe nusrɔ̃la Yudatɔ siwo xɔe be enye yewoƒe Dziƒofia. (Dɔwɔwɔwo 2:5, 32-36) Gake menye woƒe Yudatɔnyenye tae wonye Mawu ƒe dukɔ yeyea me tɔwo o, ke esi woxɔ Yesu dzi se tae. Eyata Mawu ƒe Israel yeye sia nye nu ɖedzesi aɖe—enye gbɔgbɔ me dukɔ. Esi Yudatɔwo ƒe akpa gãtɔ gbe Yesu xɔxɔ la, wokpe Samariatɔwo kple emegbe Trɔ̃subɔlawo be woava zu dukɔ yeye sia me tɔwo. Woyɔ dukɔ yeyea be “Mawu ƒe Israel.”—Galatiatɔwo 6:16.
12, 13. Aleke wòva dze ƒãe be menye Yudatɔwo ƒe kɔmamã dzro aɖe koe Israel yeye la nye o?
12 Le blema Israel la, ne amesiwo menye Yudatɔwo o trɔ dzime la, ele be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi, eye enɔ na ŋutsuwo be woatso aʋa atsɔ awɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. (Mose II, 12:48, 49) Yudatɔ Kristotɔ aɖewo bu be ele be amesiwo menye Yudatɔwo o siwo le Mawu ƒe Israel dukɔa me hã nawɔ nenema ke. Gake nu bubue nɔ susu me na Yehowa. Gbɔgbɔ kɔkɔe fia mɔ apostolo Petro wòyi ɖe Kornelio si nye Trɔ̃subɔla ƒe aƒeme. Esi Kornelio kple eƒe ƒomea xɔ Petro ƒe gbeƒãɖeɖea la, woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe—hafi wona nyɔnyrɔ̃ wo ɖe tsi me gɔ̃ hã. Esia na wòdze ƒã be Yehowa xɔ Trɔ̃subɔla siawo wozu Mawu ƒe Israel me tɔwo eye mebia tso wo si be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o.—Dɔwɔwɔwo 10:21-48.
13 Esia gɔmesese sesẽ na xɔsetɔ aɖewo, eye eteƒe medidi o eva hiã be apostoloawo kple hamemegã siwo le Yerusalem nadzro nya bliboa me. Dziɖuha ma ɖo to se alesi gbɔgbɔ kɔkɔe va xɔsetɔ siwo menye Yudatɔwo o dzi ŋuti ɖaseɖiɖi geɖe. Biblia me numekukuwo ɖee fia be esia nye nyagblɔɖi si tso gbɔgbɔ me ƒe emevava. (Yesaya 55:5; Amos 9:11, 12) Wova wɔ nyametsotso nyui aɖe: Mehiã be Kristotɔ siwo menye Yudatɔwo o la nawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o. (Dɔwɔwɔwo 15:1, 6-29) Eyata gbɔgbɔ me Israel nye dukɔ yeye nyateƒe ke menye Yudatɔwo ƒe kɔmama dzro aɖe ko o.
14. Nukae Yakobo ƒe Kristo-hamea yɔyɔ be “ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la” fia?
14 Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, esi nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ eƒe lɛta na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ amesiaminawo la, eɖoe ɖe “ƒome wuieve, siwo ka hlẽ la.” (Yakobo 1:1; Nyaɖeɖefia 7:3-8) Le nyateƒe me la, womemã Israel yeyea me tɔwo ɖe to tɔxɛwo me o. Womemã gbɔgbɔ me Israel ɖe to 12 siwo to vovo me abe alesi wònɔ le ŋutilã me Israel ene o. Gake Yakobo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me la ɖee fia be le Yehowa ƒe ŋkume la, Mawu ƒe Israel xɔ ɖe ŋutilã me Israel to 12-awo teƒe keŋkeŋ. Ne ŋutilã me Israel-vi va zu dukɔ yeyea me tɔ la, afisi wòdzɔ tso—ne Yuda alo Lewi toa mee wòtso o—megaɖia naneke o.—Galatiatɔwo 3:28; Filipitɔwo 3:5, 6.
Nubabla Yeye Aɖe
15, 16. (a) Aleke Yehowa bua Mawu ƒe Israel me tɔ siwo menye Yudatɔwo o lae? (b) Se ka dzie woɖo Israel-dukɔ yeye la anyi ɖo?
15 Le Yehowa gbɔ la, dukɔ yeye sia me tɔ siwo menye Israel-viwo o la nye gbɔgbɔ me Yudatɔwo ŋutɔŋutɔ! Apostolo Paulo ɖe eme be: “Menye amesi ke nye Yudatɔ le gota la, enye Yudatɔ o, eye menye nusi ke le gota le ŋutilã ŋu la, enye aʋatsotso o; hafi amesi nye Yudatɔ le ɣaɣla me la, eya boŋ enye Yudatɔ, eye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, menye le agbalẽŋlɔdzesi nu o la, eyae nye aʋatsotso; amesi ƒe kafukafu metso amewo gbɔ o, ke tso Mawu gbɔ boŋ.” (Romatɔwo 2:28, 29) Trɔ̃subɔla geɖe wɔ ɖe yɔyɔa dzi va zu Mawu ƒe Israel la me tɔwo, eye nudzɔdzɔ sia na Biblia ƒe nyagblɔɖi va eme. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Hosea ŋlɔ bena: “Makpɔ nublanui na Amemalɔ̃e, eye magblɔ na Manyenyedukɔe be: Nye dukɔ nènye! eye eya agblɔ be: Nye Mawu nènye!”—Hosea 2:25; Romatɔwo 11:25, 26.
16 Ne gbɔgbɔ me Israel-viwo menɔ Mose ƒe Se ƒe nubabla la te o la, ke nuka dzie wonɔ te ɖo zu dukɔ yeyea me tɔwo? Yehowa wɔ nubabla yeye kple gbɔgbɔmedukɔ sia to Yesu dzi. (Hebritɔwo 9:15) Esi Yesu ɖo eƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia anyi le Nisan 14, 33 M.Ŋ. la, etsɔ abolo kple wein na eƒe apostolo 11 wɔnuteƒeawo eye wògblɔ be wein la tsi tre ɖi na “ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ.” (Mateo 26:28; Yeremya 31:31-34) Wogblɔ le Luka ƒe nuŋlɔɖia me be Yesu gblɔ be kplu si me wein le la tsi tre ɖi na “nubabla yeye” la. (Luka 22:20) Le Yesu ƒe nyawo me vava me, esi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe amewo dzi le Pentekoste-ŋkekea dzi eye woɖo Mawu ƒe Israel la anyi la, woxɔ Fiaɖuƒea le ŋutilã me Israel si tsɔ na gbɔgbɔmedukɔ yeye la. Dukɔ yeye siae va zu Yehowa ƒe subɔla si me tɔwo nye eƒe ɖasefo siwo va xɔ ɖe ŋutilã me Israel teƒe.—Yesaya 43:10, 11.
“Yerusalem Yeye”
17, 18. Aleke woƒo nu tso ŋutikɔkɔe si le Kristotɔ amesiaminawo lalam ŋu le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me?
17 Ŋutikɔkɔe ka gbegbee nye si le amesiwo si mɔnukpɔkpɔ su be woakpɔ gome le dziƒoyɔyɔa me lalam! Eye dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be míasrɔ̃ nu tso nu wɔnuku siwo le wo lalam la ŋu! Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso woƒe dziƒodomenyinyi ʋãdzinamea ŋu vie na mí. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Nyaɖeɖefia 4:4 be: “Zikpui blave vɔ ene ƒo xlã [Yehowa ƒe] fiazikpui la, eye amegã xoxo blave vɔ ene bɔbɔ nɔ zikpuiwo dzi, eye wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye sikafiakukuwo le wo ta.” Amegã xoxo 24 siawoe nye Kristotɔ amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre eye fifia wole dziƒonɔƒe si ŋugbe Yehowa do na wo la. Woƒe fiakukuwo kple fiazikpuiwo na míeɖoa ŋku woƒe fianyenye dzi. Bu woƒe subɔsubɔ le Yehowa ƒe fiazikpui ŋu ƒe mɔnukpɔkpɔ gã wɔnuku la hã ŋu kpɔ!
18 Míegase wo ŋuti nya bubu le Nyaɖeɖefia 14:1 be: “Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, alẽvi la le tsitre ɖe Zion-to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo ƒe ŋgonu woŋlɔ eƒe ŋkɔ kple Fofoa ƒe ŋkɔ ɖo la, le eŋu.” Míekpɔ amesiamina siawo siwo mesɔ gbɔ o la ƒe xexlẽme le afisia—ame 144,000. Woƒe fianyenye dze le alesi wotsi tre ɖe Fia si Yehowa ɖo, “Alẽvi” Yesu, gbɔ la ta. Eye dziƒo Zion To dzie wole. Anyigba dzi Zion To la dzie Yerusalem si nye Israel ƒe fiadu la nɔ. Dziƒo Zion To tsi tre ɖi na nɔƒe kɔkɔ si le Yesu kple eƒe hadomenyila siwo nye Yerusalem yeye la si.—Kronika II, 5:2; Psalmo 2:6.
19, 20. (a) Dziƒohabɔbɔ ka me tɔwoe Kristotɔ amesiaminawo anye? (b) Ɣeyiɣi didi kae Mawu tsɔ tia amesiwo ƒe dumetɔnyenye le dziƒo?
19 Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, woƒo nu tso amesiamina siwo le woƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo la hã ŋu be wonye “Yerusalem Yeye.” (Nyaɖeɖefia 21:2) Anyigba dzi Yerusalem ye nye “fia gã la ƒe du” tsã eye afima hãe gbedoxɔa nɔ. (Mateo 5:35) Dziƒo Yerusalem Yeyea nye Fiaɖuƒe ƒe habɔbɔ si dzi Fiagã Yehowa kple Yesu, Fia si wòɖo la, ɖua dzi tonɛ fifia eye eya mee wole nunɔlawo ƒe dɔ wɔm le si na yayra geɖe tso Yehowa ƒe fiazikpui gbɔ hena dɔdada na ameƒomea. (Nyaɖeɖefia 21:10, 11; 22:1-5) Le ŋutega bubu me la, Yohanes se woyɔ Kristotɔ amesiamina nuteƒewɔla siwo wofɔ ɖe tsitre la be ‘Alẽvi la srɔ̃.’ Nu dodziname kae nye si esia ɖe fia le ƒomedodo kplikplikpli si anɔ wo kple Yesu dome kple le alesi woalɔ̃ abɔbɔ wo ɖokui nɛ ŋu! Bu dzidzɔ si woakpɔ le dziƒo ne wo dometɔ mamletɔ xɔ eƒe dziƒofetu mlɔeba ŋu kpɔ. Mlɔeba la, “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeŋkekenyuie la” ate ŋu ayi edzi azɔ̃! Dziƒohabɔbɔ si me fiawo le la ade pɛpɛpɛ ɣemaɣi.—Nyaɖeɖefia 19:6-8.
20 Ẽ, yayra gãwo le amesiwo ŋu Paulo gblɔ le be: “míaƒe dumetɔnyenye le dziƒo” la lalam. (Filipitɔwo 3:20) Ƒe akpe eve kloe enye sia si Yehowa le eƒe gbɔgbɔmeviwo tiam hele wo dzram ɖo na domenyinyi le dziƒo. Ðaseɖiɖiwo katã ɖee fia be tiatia kple dzadzraɖo ƒe dɔ sia awu nu kpuie. Gake nu bubuwo agadzɔ, abe alesi woɖee fia Yohanes le eƒe ŋutega si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ta 7 mee ene. Eyata fifia ele be míalé ŋku ɖe Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo bubu aɖe ŋu, eye míadzro nu me le ƒuƒoƒo sia ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Dɔ vovovo kawoe gbɔgbɔ la wɔna ɖe amesiwo si dziƒodomenyinyi le la dzi?
◻ Ƒomedodo kplikplikpli kae le amesiaminawo kple Yehowa dome? kpakple Yesu dome?
◻ Aleke woɖɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea le Biblia mee?
◻ Se ka dzie woɖo Mawu ƒe Israel la ɖo?
◻ Mɔnukpɔkpɔ kawoe le Kristotɔ amesiaminawo lalam le dziƒo?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Yehowa tsɔ ƒe akpe eve kloe tia amesiwo aɖu fia le Dziƒofiaɖuƒea me