INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Wowɔ Dugã la Aƒedoe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 23. Aleke gbe si tso dziƒo la te gbe ɖe alesi wòhiã kpata be woasi le Babilon Gã la me la dzie?

      23 Ðe wòhiã kpata alea gbegbe be woasi le Babilon Gã la me eye woado le xexeame ƒe subɔsubɔhawo me ahaɖe ame ɖokui ɖa keŋkeŋ nyateƒea? Ẽ, ehiã elabena ele be Mawu ƒe nukpɔsusu ku ɖe Babilon Gã la ƒe subɔsubɔha ƒe nugbegblẽwɔwɔ sia ŋu la nanɔ mía si. Metsyɔ nu naneke dzi le eyɔyɔ be gbolo gã me o. Eyata azɔ gbe si ɖi tso dziƒo gagblɔ le gbolo sia ŋu na Yohanes be: “Elabena eƒe nuvɔ̃wo kɔ yi ɖatɔ dziƒo, eye Mawu ɖo ŋku eƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔwo dzi. Miɖo teƒe nɛ, abe alesi eya hã ɖo eteƒe na mi ene, miɖo teƒe nɛ teƒe eve le eƒe dɔwɔwɔwo nu, kplu si me wòtɔtɔ nu le la, mitɔtɔ nu teƒe eve nu ɖe eme nɛ. Zi geɖe alesi wòdo eɖokui ɖe dzi, eye wòdze ha la, zi geɖe ma ke miwɔ fui, eye mina wòafa konyi; elabena egblɔ le eƒe dzi me bena: Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemegale konyi fa ge akpɔ o. Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ; elabena [Yehowa] Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.”—Nyaɖeɖefia 18:5-8.

  • Wowɔ Dugã la Aƒedoe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 27. Nusiwo ɖi wo nɔewo kae le ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo wohe va blema Babilon kple esiwo woahe ava Babilon Gã la dzie dome?

      27 Blema Babilon ƒe anyidzedze kple eƒe tsɔtsrɔ̃ nye to si wohe nɛ ɖe eƒe nuvɔ̃wo ta. “Elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ de dziƒo ke, eye wòɖatɔ alilikpowo.” (Yeremya 51:9) Nenema ke Babilon Gã la ƒe nuvɔ̃wo “kɔ yi ɖatɔ dziƒo” ke, ale be wova ɖo Yehowa ŋutɔ ŋkume. Eɖi numadzɔmadzɔwɔwɔ, trɔ̃subɔsubɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, ameteteɖeanyi, fififi, kple amewuwu ƒe fɔ. Blema Babilon ƒe anyidzedze ƒe akpa aɖe nye hlɔ̃ si wobiae ɖe nusi wòwɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kple esubɔla vavãtɔwo ŋu la ta. (Yeremya 50:8, 14; 51:11, 35, 36) Nenema kee Babilon Gã la ƒe anyidzedze kple eƒe tsɔtsrɔ̃ mlɔeba hã nye hlɔ̃ biabiae ɖe nusi wòwɔ tadeagula vavãtɔwo le ƒe alafa geɖewo me la ta. Le nyateƒe me la, eƒe tsɔtsrɔ̃a anye “mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la” ƒe gɔmedzedze.—Yesaya 34:8-10; 61:2; Yeremya 50:28.

      28. Dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu kae Yehowa azã ɖe Babilon Gã la ŋu, eye nukata?

      28 Le Mose ƒe Sea te la, ne Israel-vi aɖe fi nɔvia la, ele be wòaɖo nua teƒe, zi gbɔ zi eve teti. (Mose II, 22:1, 4, 7, 9) Yehowa azã dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu ma tɔgbe le Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me. Ele be wòaxɔ nusi wòwɔ la ƒe teƒe eve. Nublanuikpɔkpɔ aɖeke manɔ eme nɛ o elabena Babilon Gã la mekpɔ nublanui na amesiwo ge ɖe esi me o. Eno tsi le lãme na anyigbadzinɔlawo hetsɔ ‘wɔ leke na eɖokui ŋukpemanɔmee.’ Fukpekpe kple konyifafa ava edzi azɔ. Blema Babilon susui be yeƒe nɔƒe le dedie ŋutɔ eye wòƒoa adegbe be “Nyemazu ahosi o, eye womaɖe vi le ŋunye o.” (Yesaya 47:8, 9, 11) Babilon Gã la hã susuna be yele dedie. Gake eƒe tsɔtsrɔ̃ si ƒe gbe Yehowa “ŋusẽtɔ” la ɖe la ava kpata, abe “ŋkeke ɖeka dzi” wòdzɔ ene!

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe