Ta 39
Fia Aʋawɔla la Ðu Aʋa Dzi le Harmagedon
Ŋutega 13—Nyaɖeɖefia 19:11-21
Nyati: Yesu le ŋgɔ na dziƒoʋakɔwo be woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia
Emevaɣi: Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ megbe
1. Nukae nye Harmagedon, eye nukae ahee vɛ?
HARMAGEDON—nya sia tsoa dzika ƒo na ame geɖe! Gake le dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo ya gome la, enye ŋkeke si wokpɔ mɔ na ɣeyiɣi didii, esi dzi Yehowa ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlea ava dukɔwo dzie. Menye amegbetɔwo ƒe aʋae o, ke boŋ “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ”—eƒe ŋkeke si dzi wòahe hlɔ̃biabia ava anyigbadziɖulawo dzie. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16; Xezekiel 25:17) Hafi woawu Babilon Gã la wɔwɔ aƒedoe nu la, xaxa gã la adze egɔme xoxo. Ekema Satana ado lã wɔadã dzẽ la kple eƒe dzo ewoawo be woƒe ŋku nabiã ɖe Yehowa ƒe amewo dzi dzedze ŋu. Abosam, amesi do dɔmedzoe fifia heliheli ɖe Mawu ƒe habɔbɔ si le abe nyɔnu ene ŋu wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe la, ɖoe kplikpaa be yeazã yeƒe aɖaŋu vɔ̃wo atsɔ awɔ aʋa kple eƒe dzidzimevi susɔeawo vaseɖe esime yetsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. (Nyaɖeɖefia 12:17) Satana ƒe mɔnukpɔkpɔ susɔea ye nye sia!
2. Amekae nye Gog si tso Magog, eye aleke Yehowa able enu be wòadze Eya ŋutɔ ƒe amewo dzie?
2 Woƒo nu tso Abosam ƒe amedzidzedze vɔ̃ɖia ŋu eme kɔ nyuie le Xezekiel ta 38 me. Woyɔ Satana si woɖi gbɔe la le afima be ‘Gog si tso Magog-nyigba dzi.’ Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, Yehowa ade ga Gog ƒe alɔgo me eye wòahe wo kple eƒe aʋakɔ gbogboawo vɛ hena amedzidzedze la. Aleke wòawɔ esiae? To alesi wòana Gog nakpɔ Eƒe ɖasefowo abe amesiwo akpoxɔnu meli na o ene eye wonye “dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔwo dome . . . kple amesiwo si lãwo kple kesinɔnuwo le, eye wole anyigba ƒe ƒoƒoli nu” la dzie. Amesiawo le anyigba la ƒe titina [anyigba la ƒe ƒoƒoli nu] abe amesiwo ko gbe be yewomade ta agu na lã wɔadã la kple eƒe legba la o ene. Woƒe gbɔgbɔmeŋusẽ kple dzidzedzekpɔkpɔ na Gog do dɔmedzoe heliheli. Eyata Gog kple eƒe aʋakɔ gbogboawo, siwo dome lã wɔadã si do tso atsiaƒu me kple eƒe dzo ewoawo hã le, anyẽ atsyɔ wo dzi be yewoatsrɔ̃ wo ɖa. Gake abe nusi to vovo na Babilon Gã la ene la, Mawu ƒe ametakpɔkpɔ le eƒe dukɔ kɔkɔe la dzi!—Xezekiel 38:1, 4, 11, 12, 15; Nyaɖeɖefia 13:1.
3. Aleke Yehowa aɖe Gog ƒe ame siwo bla aʋakpa la ɖae?
3 Aleke Yehowa aɖe Gog kple eƒe ameha gbogboawo ɖae? Ðo to nasee ɖa: “Yehowa be: Mayɔ yi ɖe eŋu le nye towo katã dzi, eye amesiame atsɔ yi ɖe ehavi ŋu.” Gake nukliaʋawɔnuwo alo aʋawɔnu siwo dzi woda asi ɖo la mate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖeke le aʋa ma me o, elabena Yehowa gblɔ be: “Matsɔ dɔvɔ̃ kple ʋu, tsidzadza gãwo kple tsikpewo adrɔ̃ ʋɔnui, eye mana dzo kple aŋɔ nadza ɖe eya kple eƒe aʋakɔ kpakple dukɔ geɖe, siwo kpe ɖe eŋu la dzi. Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋku me, ne woadze sii be nyee nye Yehowa.”—Xezekiel 38:21-23; 39:11; tsɔe sɔ kple Yosua 10:8-14; Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:19-22; Kronika II, 20:15, 22-24; Hiob 38:22, 23.
Amesi Woyɔ be “Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ”
4. Aleke Yohanes ɖɔ Yesu Kristo ƒe aʋakpababla lae?
4 Yehowa dɔ be woatsɔ yi vɛ. Amekae le yi sia dam? Ne míegatrɔ va Nyaɖeɖefia me la, míakpɔ ŋuɖoɖoa le ŋutega ʋãme bubu me. Dziƒo nu ʋu nuvo ɖe Yohanes ŋkume be woaɖe—Yesu Kristo si dzra ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu—nane si ŋu ŋɔdzi ŋutɔ le la afiae! Yohanes gblɔ na mí be: “Eye mekpɔ dziƒo le nuvo; eye kpɔ ɖa, mekpɔ sɔ ɣi aɖe, eye woyɔ amesi doe la be nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu, eye wòwɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me; eye eƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye fiakuku geɖewo le eta.”—Nyaɖeɖefia 19:11, 12a.
5, 6. Nukae (a) “sɔ ɣi” la, (b) ŋkɔ “nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ,” (d) ŋku siwo le abe “dzo ƒe aɖe ene,” (ɖ) “fiakuku geɖewo” fia?
5 Abe alesi wònye le sɔdola eneawo ƒe ŋutega si do ŋgɔ me ene la, “sɔ ɣi” sia nye aʋa dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si sɔ. (Nyaɖeɖefia 6:2) Eye Mawu ƒe viwo dometɔ kae ate ŋu anɔ dzɔdzɔe wu Aʋawɔla kalẽtɔ sia? Esi wònye woyɔe be “nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ” ta la, ele be wòanye Yesu Kristo, “ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ” la. (Nyaɖeɖefia 3:14) Ele aʋa wɔm be yeahe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔewo vɛ. Eyata ele eƒe ŋutete abe Ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa tia, amesi nye “Mawu kalẽtɔ” ene la ŋudɔ wɔm. (Yesaya 9:5) Ŋɔdzi le eƒe ŋkuwo ŋu, wole abe “dzo ƒe aɖe” ene, hele mɔ kpɔm na tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ si gbɔna eƒe futɔwo dzi la.
6 Fiakukuwo le Fia Aʋawɔla sia ta. Fiakuku ewo le lã wɔadã si Yohanes kpɔ wònɔ go dom tso atsiaƒu me la hã ta eye esia nye eƒe anyigba la dzi ɖuɖu hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe kpɔɖeŋu si sɔ. (Nyaɖeɖefia 13:1) Gake ‘fiakuku geɖewoe’ le Yesu ya ta. Eƒe ŋutikɔkɔe ƒe fianyenye la nye esi ɖeke mesɔ kplii o, elabena enye ‘fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ.’—Timoteo I, 6:15.
7. Nukae nye ŋkɔŋɔŋlɔ si le Yesu si la?
7 Yohanes ƒe nyatakaka la yi edzi be: “Eye ŋkɔŋɔŋlɔ, si ame aɖeke menya o, negbe eya ŋutɔ koe la, le eŋu.” (Nyaɖeɖefia 19:12b) Biblia tsɔ ŋkɔwo abe Yesu, Imanuel, kple Mixael ene yɔ Mawu ƒe vi lae xoxo. Gake edze abe ‘ŋkɔ’ sia si womeyɔ o la le tsitre ɖi na nɔƒe kple mɔnukpɔkpɔ siwo su Yesu si le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea me ene. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 2:17.) Esi Yesaya nɔ nu ƒom le nusi Yesu anye tso ƒe 1914 dzi ŋuti la, egblɔ be: “Wotsɔ ŋkɔ nɛ be: Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ [ŋusẽtɔ], fofo mavɔ, ŋutifafafia.” (Yesaya 9:5) Apostolo Paulo tsɔ Yesu ƒe ŋkɔ wɔ ɖeka kple subɔsubɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ kɔkɔ siwo su Esi la esime wòŋlɔ bena: “Mawu do eyama [Yesu] ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me.”—Filipitɔwo 2:9, 10.
8. Nukatae wònye Yesu koe ate ŋu anya ŋkɔŋɔŋlɔ la, eye ameka hãe kpɔ gome kplii le mɔnukpɔkpɔ kɔkɔ sia me?
8 Yesu ƒe mɔnukpɔkpɔwo nye etɔxɛ. Le Yehowa megbe la, Yesu koe ate ŋu ase nusi nɔƒe kɔkɔ ma nɔnɔ fia la gɔme. (Tsɔe sɔ kple Mateo 11:27.) Eyata le Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã dome la, Yesu koe ate ŋu ase ŋkɔ sia gɔme bliboe. Ke hã la, Yesu na eƒe ŋugbetɔ la kpɔ gome le mɔnukpɔkpɔ siawo dometɔ aɖewo me. Eyata edo ŋugbe sia be: “Amesi ke ɖu dzi la, . . . maŋlɔ . . . nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.”—Nyaɖeɖefia 3:12.
9. Nukae (a) Yesu ƒe “awu si ŋu wohlẽ ʋu ɖo,” (b) Alesi woyɔ Yesu be “Mawu ƒe nya,” fia?
9 Yohanes gblɔ kpee be: “Eye wòdo awu aɖe, si ŋu wohlẽ ʋu ɖo, eye woyɔ eƒe ŋkɔ be Mawu ƒe nya.” (Nyaɖeɖefia 19:13) Ameka ƒe ‘ʋue’ nye sia? Ate ŋu anye Yesu ƒe agbeʋu si wòkɔ ɖi ɖe ameƒomea tae. (Nyaɖeɖefia 1:5) Gake le nya siawo me la, enye nusi sɔ wu be wòaku ɖe eƒe futɔ siwo ƒe ʋu kɔ ɖi esime wohe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo va wo dzi la ŋu. Wona míeɖo ŋku ŋutega si do ŋgɔ si me woŋe anyigba dzi weintsetse la le eye wofanyae le Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe weinfiãnu gã la me vaseɖe esime “ʋu le ɖɔɖɔm vaseɖe keke sɔwo ƒe numega ŋuti ke”—si fia aʋadziɖuɖu gã si wòkpɔ ɖe Mawu ƒe futɔwo dzi la dzi. (Nyaɖeɖefia 14:18-20) Nenema ke ʋu si hlẽ ɖe Yesu ƒe awu ŋu la ɖo kpe edzi be eƒe aʋadziɖuɖua de blibo eye wòwu enu keŋkeŋ. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 63:1-6.) Azɔ Yohanes gagblɔ alesi woyɔ ŋkɔ yeye aɖe na Yesu be—‘Mawu ƒe Nya’—si ɖe Fia Aʋawɔla sia fia be enye Yehowa ƒe Nyanuɖela Gãtɔ kple nyateƒe Taʋlila Vevitɔ la fia.—Yohanes 1:1; Nyaɖeɖefia 1:1.
Yesu Nɔvi Aʋawɔlawo
10, 11. (a) Aleke Yohanes ɖee fiae be menye Yesu ɖeka koe le aʋa la wɔm o? (b) Nukae nyateƒe si wònye be sɔawo le ɣie eye sɔdolawo do “aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ” la fia? (d) Amekawo ƒe ƒuƒoƒoe nye ‘dziƒoʋakɔwo’?
10 Menye Yesu ɖeka koe le aʋa sia wɔ ge o. Yohanes gblɔ na mí be: “Eye aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim.” (Nyaɖeɖefia 19:14) Nyateƒe si wònye be sɔawo le ‘ɣie’ la nye kpɔɖeŋu na aʋa dzɔdzɔe wɔwɔ. “Aklalabiɖibiɖiwu” nye nusi sɔ na Fia la ƒe sɔdolawo, eye alesi wole ɣie, dzadzɛ hele dzo dam la fia be tenɔnɔ dzɔdzɔe si le dzadzɛ le wo si le Yehowa ŋkume. Ke amekawo ƒe ƒuƒoƒoe nye ‘aʋakɔ’ siawo? Ðikekemanɔmee la, mawudɔla kɔkɔeawo le eme. Aƒetɔ la ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedze me tetie Mixael kple eƒe dɔlawo tsɔ Satana kple eƒe dɔlawo ƒu gbe ɖe anyi tso dziƒo. (Nyaɖeɖefia 12:7-9) Hekpe ɖe eŋu la, “dɔlawo katã” le Yesu si bɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui dzi eye wòdze ʋɔnu dɔdrɔ̃ anyigbadzitɔwo kple dukɔwo gɔme la ŋu fifia. (Mateo 25:31, 32) Kakaɖedzitɔe la, le aʋa mlɔea me esime woahe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ava nuwuwui keŋkeŋ la, Yesu ƒe dɔlawo agakpe ɖe eŋu.
11 Ame bubuwo hã akpe ɖe eŋu. Esime Yesu nɔ eƒe gbedasia ɖom ɖe Tiatira-hamea la, edo ŋugbe be: “Amesi ke ɖu dzi, eye wòlé nye dɔwɔwɔwo me ɖe asi yiɖase ɖe nuwuwu la, mana ŋusẽe ɖe [dukɔwo] dzi, eye wòakplɔ wo kple gatikplɔ, eye wòagbã wo gudugudu abe zemela ƒe zewo ene, abe alesi nye hã mekpɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene.” (Nyaɖeɖefia 2:26, 27) Ðikekemanɔmee la, ne ɣeyiɣia ɖo la, amesiwo nye Kristo nɔvi, siwo le dziƒo xoxo la akpɔ gome le gatikplɔ ma tsɔtsɔ akplɔ dukɔwo kple amewoe me.
12. (a) Ðe Mawu-subɔla siwo le anyigba dzi akpɔ gome le Harmagedon-ʋa la wɔwɔ mea? (b) Aleke Harmagedon aku ɖe Yehowa ƒe ame siwo le anyigba dzi la ŋue?
12 Ke Mawu-subɔla siwo le anyigba dzi afisia ya ɖe? Yohanes habɔbɔ la makpɔ gome aɖeke le Harmagedon-ʋa la wɔwɔ me o; nenema ke woƒe zɔhɛ nuteƒewɔla siwo nye amesiwo tso dukɔwo katã me eye wole zi nyẽm ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmetadeaguƒea hã makpɔ gome le eme o. Ŋutifafame siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo tu agbledenuwoe xoxo. (Yesaya 2:2-4) Gake nya la ku ɖe wo ŋu vevie! Abe alesi míekpɔe do ŋgɔ ene la, Yehowa ƒe ame siwo dze abe ɖe akpoxɔnu aɖeke mele wo si o ene la dzie Gog kple ameha gbogboawo adze ŋutasesẽtɔe. Emae anye dzesi mamletɔ na Yehowa ƒe Fia Aʋawɔla si dziƒoʋakɔwo le megbe na la, be wòadze eƒe dukɔ mawo tsɔtsrɔ̃ gbidii ƒe aʋa la gɔme kpli wo. (Xezekiel 39:6, 7, 11; tsɔe sɔ kple Daniel 11:44–12:1.) Abe nuteƒekpɔlawo ene la, Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi la atsɔ ɖe le aʋa sia me vevie. Harmagedon anye ɖeɖe na wo, eye woanɔ agbe tegbetegbe abe amesiwo kpɔ Yehowa ƒe aʋa gã si wòtsɔ ʋli eɖokui tae la teƒe ene.
13. Aleke míewɔ nya be Yehowa Ðasefowo metsi tre ɖe dziɖuɖu ɖesiaɖe ƒomevi ŋu o?
13 Ðe esia fia be Yehowa Ðasefowo tsi tre ɖe dziɖuɖu ɖesiaɖe ŋua? Kura o! Woɖoa to apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na.” Wonya be zi alesi fifi nuɖoanyi sia gakpɔtɔ li la, “dziɖuɖu” mawo li le Mawu ƒe mɔɖeɖe nu be nu wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu nanɔ anyi le ameƒomea me vaseɖe afi aɖe. Eyata Yehowa Ðasefowo xea woƒe adzɔwo, wowɔa se dzi, wowɔna ɖe ʋukusewo dzi, wowɔna ɖe ŋkɔ dede agbalẽ me ɖoɖowo dzi, kpakple bubuawo. (Romatɔwo 13:1, 6, 7) Gawu la, wozɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le nyateƒetoto kple anukwareɖiɖi ɖeɖefia me; wolɔ̃a wo havi; wotua ƒome like siwo nɔa agbe nyui ɖo; eye wohea wo viwo be woanye dukɔmevi siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui. Le esia wɔwɔ me la, menye ɖeko wotsɔa “nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro” ko o, ke boŋ woxea “nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu!” (Luka 20:25; Petro I, 2:13-17) Esi Mawu ƒe Nya la ɖee fia be ɣeyiɣi kpui aɖe koe xexe sia me dziɖuɖuwo anɔ anyi ta la, Yehowa Ðasefowo dzrana ɖo ɖe agbe si de blibo wu, si nye agbe la ŋutɔŋutɔ si, eteƒe madidi o, woanɔ le Kristo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua te la ŋu. (Timoteo I, 6:17-19) Togbɔ be womakpɔ gome aɖeke le xexe sia me ŋusẽwo tsɔtsrɔ̃ me o hã la, Ðasefoawo ɖea bubu deto ƒe vɔvɔ̃ fiana ɖe nusi Biblia, Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, la gblɔ le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si he ge wòle vɛ kpuie le Harmagedon me la ŋu.—Yesaya 26:20, 21; Hebritɔwo 12:28, 29.
Miheyi Ðawɔ Aʋa Mamle La!
14. Nukae ‘yi ɖaɖɛ legbe’ si do tso Yesu ƒe nu me la nye kpɔɖeŋu na?
14 Ŋusẽ kae Yesu azã atsɔ awu eƒe aʋa la nue? Yohanes gblɔ na mí be: “Eye yi ɖaɖɛ [legbe aɖe] do tso eƒe nu me, bena wòatsɔ adza dukɔwo, eye wòatsɔ gatikplɔ akplɔ wo.” (Nyaɖeɖefia 19:5a) ‘Yi ɖaɖɛ legbe’ ma tsi tre ɖi na ŋusẽ si Mawu na Yesu be wòaɖe gbe ne woatsrɔ̃ amesiwo katã gbe be yewomanɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi o la. (Nyaɖeɖefia 1:16; 2:16) Kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi sia sɔ kple Yesaya ƒe nyawo be: “[Yehowa] wɔ nye nu abe yi ɖaɖɛ ene, eɣlam ɖe eƒe asi ƒe vɔvɔli te, eye wòtsɔm wɔ eƒe aŋutrɔ biɖoe hetsɔm ƒo ɖe eƒe daku me.” (Yesaya 49:2) Le afisia la, Yesaya nye vɔvɔli na Yesu, amesi ɖe gbe ƒã Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo eye wòna wowɔ wo dzi, abe aŋutrɔ si metraa mɔ o ene la.
15. Le ɣeyiɣi ma me la, amekae woaɖe amamae ahadrɔ̃ ʋɔnui xoxo be wòanye nuka ƒe gɔmedzedze?
15 Vaseɖe ɣeyiɣi sia me la, Yesu ana Paulo ƒe nya siawo nava eme xoxo be: “Tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe [anyinɔnɔ] ƒe ɖeɖefia la me.” Ẽ, Yesu ƒe anyinɔnɔ (Helagbe, pa·rou·siʹa) la dze ƒã tso ƒe 1914 dzi heyina esi woklo nu le sedzimawɔla si nye Kristodukɔa ƒe osɔfowo dzi kple to ʋɔnu dɔdrɔ̃ wo dzi. Woaɖe anyinɔnɔ ma afia kɔte le esime lã wɔadã dzĩ la ƒe dzo ewoawo ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ma ava Kristodukɔa kpakple Babilon Gã la ƒe akpa susɔea dzi eye woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ. (Tesalonikatɔwo II, 2:1-3, 8) Ema anye nusi ade dzesi xaxa gã la ƒe gɔmedzedze! Le ema megbe la, Yesu atrɔ eƒe susu ɖe Satana ƒe habɔbɔa ƒe akpa susɔea ŋu le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖia be: “Atsɔ eƒe nu me tikplɔ aƒo ŋutasẽla la, eye wòatsɔ eƒe nu me gbɔgbɔ awu ame vɔ̃ɖi lae.”—Yesaya 11:4.
16. Aleke Psalmowo kple Yeremya ɖɔ akpa si Yehowa ƒe Fia Aʋawɔla la awɔ lae?
16 Abe amesi Yehowa tia ene la, Fia Aʋawɔla la ade vovototo amesiwo atsi agbe kple amesiwo aku la dome. Esime Yehowa nɔ nu ƒom na Mawu ƒe Vi sia la, egblɔ le nyagblɔɖi me be: “Àtsɔ gatikplɔ ato wo [anyigbadziɖulawo] nyanyanya, eye àgbã wo abe zemela ƒe ze ene!” Eye Yeremya gblɔ na dziɖuɖumegã gbegblẽ mawo kple wo subɔviwo be: “Mifa avi, mi lãkplɔviwo, mido aƒa, eye miƒo togotogoe, mi lãha ƒe bubumewo, elabena miaƒe azã de, ne woawu mi, eye makaka mi ahlẽ, ne mianɔ abe agba xɔasi, si ge dze anyi ene!” Eɖanye aleke gbegbee dziɖula mawo adze ame nyuiwoe na xexe vɔ̃ɖia o, Fia la ƒe gatikplɔ si wòada zi ɖeka la agbã wo gudugudu, abe alesi woagbã ze dzeani aɖe gudugudui ene. Anɔ tututu abe alesi Dawid gblɔe le Aƒetɔ Yesu ŋue ene be: “Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖa tso Zion be: Ðu fia le wò futɔwo titina! [Yehowa ŋutɔ] le wò nuɖusi me, agbã fiawo le dɔmedzoe me nyanyanya. Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome, atsɔ ame kukuwo ayɔ teƒe kekewoe.”—Psalmo 2:9, 12; 83:18, 19; 110:1, 2, 5, 6; Yeremya 25:34.
17. (a) Aleke Yohanes ɖɔ Fia Aʋawɔla la ƒe ametsrɔ̃dɔ lae? (b) Ƒo nu tso nyagblɔɖi aɖewo siwo fia alesi Yehowa ƒe dzikudogbe la anye afɔku na dukɔwoe la ŋu.
17 Fia Aʋawɔla triakɔ sia gadze ake le nusi kplɔe ɖo me le ŋutega la me: “Eye wòafanya weintsetsewo le Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe dɔmedzoedziku ƒe weinfiãnu la me.” (Nyaɖeɖefia 19:15b) Le ŋutega aɖe si do ŋgɔ me la, Yohanes kpɔe wofanya “Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe weinfiãnu” la xoxo. (Nyaɖeɖefia 14:18-20) Yesaya hã ƒo nu tso tsɔtsrɔ̃ ƒe weinfiãnu ŋu, eye nyagblɔɖila bubuwo gblɔ alesi gbegbe Mawu ƒe dzikudogbea anye dzɔgbevɔ̃e na dukɔwo katãe la ŋu.—Yesaya 24:1-6; 63:1-4; Yeremya 25:30-33; Daniel 2:44; Zefanya 3:8; Zaxarya 14:3, 12, 13; Nyaɖeɖefia 6:15-17.
18. Nukae nyagblɔɖila Yoel ɖe fia ku ɖe Yehowa ƒe ʋɔnu dɔdrɔ̃ dukɔwo katã ŋu?
18 Nyagblɔɖila Yoel yɔ weinfiãnu kpe ɖe Yehowa ƒe vava be ‘yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã godoo’ la ŋu. Eye ɖikekemanɔmee la, Yehowa ye ɖe gbe na Yesu, Ʋɔnudrɔ̃la si kpe ɖe eŋu kple eƒe dziƒoʋakɔwo be: “Minyẽ hɛ gobɛwo, elabena nukuwo ɖi! Miva miafanya nu, elabena weinfiãƒe yɔ, eye weinfiãnu gbagba; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do agbogbo. Amehawo kplɔ amehawo ɖo gbɔna nyametsobali la me elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe le nyametsobali me la. Ɣe kple ɣleti ado viviti, eye ɣletiviwo ƒe keklẽ nu atsi. Yehowa le gbe ɖem tso Zion, eye wòna wose eƒe gbe tso Yerusalem, ale be dziƒo kple anyigba ʋuʋu. Ke Yehowa enye sitsoƒe na eƒe dukɔ kple mɔ̃ sesẽ na Israel-viwo. Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, mia Mawu la.”—Yoel 4:12-17.
19. (a) Aleke woaɖo nya si wobia le Petro I, 4:17 me la ŋui? (b) Nukae nye ŋkɔ si woŋlɔ ɖe Yesu ƒe awu dzi la, eye nukatae wòanye nusi asɔ?
19 Ema anye dzɔgbevɔ̃eŋkeke nyateƒe na dukɔ kple ame siwo gbe toɖoɖo la, gake anye dzudzɔgbe na amesiwo katã tsɔ Yehowa kple eƒe Fia Aʋawɔla la wɔ woƒe sitsoƒee la! (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Ʋɔnudɔdrɔ̃ si dze egɔme tso Mawu ƒe aƒea me le ƒe 1918 me la ava ɖo eƒe nuwuwu eye aɖo nyabiabia sia si le Petro I, 4:17 me be, “Nuka lanye nuwuwu na amesiwo meɖo to Mawu ƒe nyanyuie la o mahã?” la ŋu. Ɣemaɣi la, ŋutikɔkɔeme Aʋadziɖula la afanya weinfiãnua vɔ keŋkeŋ eye wòaɖee afia be yee nye Amesi wodo ɖe dzi si ŋu Yohanes gblɔ le be: “Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!” (Nyaɖeɖefia 19:16) Eɖo kpe edzi be yeƒe ŋusẽ tri akɔ boo wu anyigbadziɖula ɖesiaɖe, wu amegbetɔ siwo nye fiawo alo aƒetɔwo dometɔ ɖesiaɖe. Eƒe bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo ƒo ɖesiaɖe ta. Eho le ‘nyateƒenya kple ɖokuibɔbɔ kpakple nya dzɔdzɔe’ ta eye wòɖu aʋa dzi ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. (Psalmo 45:5) Ŋkɔ si Dziɖulagã Aƒetɔ Yehowa tsɔ kee, amesi Taʋlilae wònye la le eƒe awu si ŋu ʋu hlẽ ɖo la ŋu!
Mawu ƒe Fiẽnuɖuɖu Gã La
20. Aleke Yohanes ɖɔ “Mawu ƒe [fiẽnuɖuɖu] gã” lae, eye nyagblɔɖi si do ŋgɔ gake ɖi ema ka dzie wòna míeɖo ŋkui?
20 Le Xezekiel ƒe ŋutega la me, le Gog ƒe amehawo tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, wokpe xeviwo kple gbemelãwo be woava ɖu nu! Wovɔ nu kukuwo ɖa le anyigba dzi esi woɖu Yehowa ƒe futɔwo ƒe kukuawo. (Xezekiel 39:11, 17-20) Yohanes gaɖo ŋku ŋutega ma si do ŋgɔ la dzi na mí nyuie: “Eye mekpɔ mawudɔla ɖeka aɖe le tsitre le ɣe me, eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ aɖe le gbɔgblɔm na xevi, siwo katã dzona le dziƒo titina la bena: Miva ƒo mia ɖokui nu ƒu ɖe Mawu ƒe nuɖuɖu gã la gbɔ, bena miaɖu fiawo ƒe lã kple aʋafiawo ƒe lã kple sɔwo kple wo dzinɔlawo ƒe lã kple ablɔɖeviwo kple kluviwo kple ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo katã ƒe lã.”—Nyaɖeɖefia 19:17, 18.
21. Nukae (a) mawudɔla la ƒe ‘tsitre tsitsi ɖe ɣe me’ la fia? (b) nyateƒe si wònye be wogblẽ ame kukuwo ɖe anyigba la ŋkume la fia? (d) ame vovovo siwo wogblẽ ɖe anyigba la ŋkume la fia? (ɖ) nyagbɔgblɔ si nye “Mawu ƒe [fiẽnuɖuɖu] gã” la fia?
21 Mawudɔla la “le tsitre le ɣe me,” esi nye afisi sɔ nyuie be wòanɔ adze le nyuie ayɔ xeviwo. Ekpe wo be woadzra ɖo aɖu amesiwo Fia Aʋawɔla la kple eƒe dziƒoʋakɔwo le wuwu ge la ƒe lã. Nyateƒe si wònye be woagblẽ ame kukuawo ɖe anyigba la ŋkume ɖee fia be woaku ŋukpetɔe le dutoƒo. Abe Izebel si nɔ anyi le blema ene la, womaɖi wo le bubumɔ aɖeke nu o. (Fiawo II, 9:36, 37) Amesiwo ƒe kukuawo woagblẽ ɖe afima la fia afisi gbegbe tsɔtsrɔ̃ la akeke ta aɖo: wonye fiawo, aʋafiawo, ame sesẽwo, ablɔɖeviwo, kple kluviwo. Wo dometɔ aɖeke medo le eme o. Woaɖe xexe dzeaglã sia si tsi tre ɖe Yehowa ŋu la ƒe dzesi mamle ɖesiaɖe ɖa keŋkeŋ. Le esia megbe la, amegbetɔ siwo tɔtɔ ƒe atsiaƒu dzeagbo aɖeke maganɔ anyi o. (Nyaɖeɖefia 21:1) Esiae nye “Mawu ƒe [fiẽnuɖuɖu] gã la,” elabena Yehowae kpe xeviawo be woava ɖui.
22. Aleke Yohanes ƒo nu tso alesi aʋa mamlea wu enu la ŋu kpuie?
22 Yohanes ƒo alesi aʋa mamlea ayii la ta ale: “Eye mekpɔ lã [wɔadã] la kple anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo ƒo wo ɖokui nu ƒu, be yewoawɔ aʋa kple amesi le sɔ dzi la kple eƒe aʋakɔ la. Eye wolé lã [wɔadã] la kple aʋatsonyagblɔɖila, si wɔ dzesiwo le eƒe ŋku me, esiwo wòtsɔ ble amesiwo xɔ lã [wɔadã] la ƒe dzesi kple amesiwo de ta agu na eƒe legba; wotsɔ wo ame eve la siaa ƒu gbe ɖe dzota, si le bibim kple dzokpe la me agbagbe. Eye wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.”—Nyaɖeɖefia 19:19-21.
23. (a) Gɔmesese ka nue wowɔ “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” le “Harmagedon”? (b) Nuxlɔ̃me ka dzie “anyigbadzifiawo” do kpo wɔwɔ ɖo, eye nukae do tso eme?
23 Esi wokɔ Yehowa ƒe dɔmedzoekplu adelia ɖi vɔ la, Yohanes ka nya ta be gbɔgbɔ vɔ̃wo tsɔ woƒe nyagbɔgblɔwo ƒo “anyigba dzi fiawo kple xexeame katã ƒe fiawo” nu ƒu ɖe “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã ma ƒe aʋawɔwɔ la” ŋu. Woawɔ aʋa sia le Harmagedon—si menye anyigba la ƒe teƒe ŋutɔŋutɔ aɖeke o, ke boŋ enye xexeame katã ƒe nɔnɔme si ana Yehowa nahe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ vɛ la. (Nyaɖeɖefia 16:12, 14, 16, King James Version) Azɔ Yohanes kpɔ nuwo ɖa le aʋagbea dzi. ‘Anyigbadzifiawo kple woƒe aʋakɔwoe’ nye ema ƒu asaɖa anyi ɖe Mawu ŋu. Wotsɔ dzimesesẽ gbe be yewomabɔbɔ yewo ɖokui ɖe Yehowa ƒe Fia la te o. Exlɔ̃ nu wo dɔmenyotɔe be: “Migbugbɔ nu na via, be [Yehowa] magado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o!” Esi womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Kristo ƒe dziɖuɖu te o ta la, ele be woaku kokoko.—Psalmo 2:12.
24. (a) Ʋɔnudɔdrɔ̃ kae wohe va lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila la dzi, eye gɔmesese ka nue wogale “agbagbe” le? (b) Nukatae wòle be “dzota” la nanye kpɔɖeŋunu?
24 Womu lã wɔadã si to ta adre eye dzo ewo le wo dzi, si tsi tre ɖi na Satana ƒe dunyahenuɖoanyia la ƒu anyi, eye aʋatsonyagblɔɖila si nye xexemeŋusẽ adrelia hã yi kplii. (Nyaɖeɖefia 13:1, 11-13; 16:13) Esi wogakpɔtɔ le ‘agbe,’ alo woganɔ dɔ wɔm le woƒe tsitre tsitsi ɖekae ɖe Mawu ƒe ame siwo le anyigba dzi la ŋu me la, wotsɔ wo ƒu gbe ɖe “dzota” la me. Ðe esia nye dzota ŋutɔŋutɔa? Ao, abe alesi lã wɔadã la kple aʋatsonyagblɔɖila hã menye lãwo ŋutɔŋutɔ o ene. Ke boŋ enye kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ keŋkeŋ si nye mamletɔ, si ŋu tɔtrɔgbɔ aɖeke mele o. Afisiae emegbe woatsɔ ku kple Tsiẽƒe, kpakple Abosam ŋutɔ hã aƒu gbe ɖo. (Nyaɖeɖefia 20:10, 14) Menye dzomavɔ alo funyafunya mavɔ wɔwɔ ame vɔ̃ɖiwoe o, elabena teƒe ma tɔgbe ƒe susu ɖeɖe kura nyɔ ŋu na Yehowa.—Yeremya 19:5; 32:35; Yohanes I, 4:8, 16.
25. (a) Amekawoe ‘wotsɔ yi si do go tso amesi le sɔ ɣi dzi ƒe nu me la wui’? (b) Ðe wòle be míakpɔ mɔ be woafɔ amesiwo ‘wowu’ la ɖe tsitrea?
25 “Wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu” ame bubu siwo menye dziɖuɖu ƒe akpa aɖeke tẽ o gake wonye ameƒomea ƒe xexeme vɔ̃ɖi la ƒe akpa aɖe, siwo gbe tɔtrɔ la hãe. Yesu adrɔ̃ ʋɔnu wo be wodze ku. Esi womeyɔ dzota ŋkɔ le woawo gome o ta la, ɖe wòle be míakpɔ mɔ be woafɔ woawo ya ɖe tsitrea? Womegblɔ na mí le afi aɖeke be amesiwo Yehowa ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la atsrɔ̃ ɣemaɣi la afɔ o. Abe alesi Yesu ŋutɔ gblɔe ene la, amesiwo katã menye “alẽwo” o la ayi ɖe “dzo mavɔ” si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo si nye ‘tsɔtsrɔ̃ mavɔ’ la me. (Mateo 25:33, 41, 46) Esia anye “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la” ƒe taƒoƒo.—Petro II, 3:7; Naxum 1:2, 7-9; Maleaxi 3:19.
26. Gblɔ nusi anye Harmagedon-ʋa la me tsonu kpuie.
26 Aleae Satana ƒe anyigba dzi habɔbɔa katã ava eƒe nuwuwue. “Gbã dziƒo” si nye dunyahedziɖuɖu la nu va yi. Wotsrɔ̃ ‘anyigba’ si nye nuɖoanyi si wɔ abe ɖe wòanɔ anyi ɖaa ene, esi Satana ɖo anyi ƒe alafa geɖewoe nye sia la ɖa keŋkeŋ azɔ. “Atsiaƒu” si nye ameƒome vɔ̃ɖi si tsi tre ɖe Yehowa ŋu ƒe ameha la megali azɔ o. (Nyaɖeɖefia 21:1; Petro II, 3:10) Gake nukae Yehowa dzra ɖo ɖi na Satana ŋutɔ ya? Yohanes yi edzi gblɔe na mí.