Alẽ Bubuawo Kple Nubabla Yeye La
“Amedzrovi, siwo . . . dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la, mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ.”—YESAYA 56:6, 7.
1. (a) Le Yohanes ƒe ŋutegaa nu la, nukae wote ŋu wɔ esi wolé Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya la me ɖe asi? (b) Ameha ɖedzesi kae Yohanes kpɔ?
LE ŊUTEGA enelia me le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la, apostolo Yohanes kpɔe be wolé tsɔtsrɔ̃ ƒe ya si nye Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ɖe asi gbɔ be woatre “Mawu ƒe Israel” me tɔwo katã nu vɔ hafi. Amesiawoe nye ame gbãtɔ siwo woyra to Yesu si nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ la dzi. (Galatiatɔwo 6:16; Mose I, 22:18; Nyaɖeɖefia 7:1-4) Le ŋutega ma ke me la, Yohanes kpɔ “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, . . . eye wodo ɣli kple gbe gã le gbɔgblɔm bena: Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ!” (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Esi ameha gã la gblɔ be, “Xɔname nanye . . . alẽvi la tɔ” la, efia be woyra woawo hã to Abraham ƒe Dzidzimevia dzi.
2. Ɣekaɣie ameha gã la do, eye aleke wode dzesi woe?
2 Wode dzesi ameha gã sia le ƒe 1935 me, eye egbea woƒe xexlẽme wu miliɔn atɔ̃. Esi wode dzesi wo be woatsi agbe le xaxa gã la me ta la, woaɖe eme tɔwo ɖe vovo hena agbe mavɔ nɔnɔ ne Yesu mã “alẽwo” ɖa tso “gbɔ̃wo” gbɔ. Kristotɔ siwo nye ameha gã la me tɔwo la le ‘alẽ bubuawo’ siwo le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽxɔawo ŋu me. Woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi.—Mateo 25:31-46; Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
3. Vovototo kae le Kristotɔ amesiamina kple alẽ bubuawo dome le nubabla yeyea gome?
3 Nubabla yeyea dzie wotona hea Abraham ƒe nubabla la me yayrawo vɛ na ame 144,000 la. Esi wole nubabla sia me ta la, wole “amenuveve la te” kple “Kristo ƒe se la me.” (Romatɔwo 6:15; Korintotɔwo I, 9:21) Eyata esɔ be ame 144,000 siwo nye Mawu ƒe Israel la me tɔwo koe ɖua kpɔɖeŋunuawo le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɣi, eye woawo ɖeɖekoe Yesu bla nu kpli hena Fiaɖuƒe. (Luka 22:19, 20, 29) Ameha gã la me tɔwo mele nubabla yeyea me o. Gake wodea ha kple Mawu ƒe Israel eye woli kpli wo le woƒe “anyigba” dzi. (Yesaya 66:8) Eyata esɔ be míagblɔ be woawo hã va le Yehowa ƒe amenuveve te kple Kristo ƒe se la me. Togbɔ be womele nubabla yeyea me o hã la, wokpɔa viɖe tsoa eme.
‘Amedzroviwo’ Kple “Mawu ƒe Israel”
4, 5. (a) Le Yesaya ƒe nya nu la, ƒuƒoƒo kae awɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa? (b) Aleke Yesaya 56:6, 7 va eme ɖe ameha gã la dzii?
4 Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ bena: “Amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu, be yewoasubɔe, yewoalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ, eye yewoanye dɔlawo nɛ, wo amesiwo katã dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be yewomagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wokuna ɖe nye nubabla ŋu la, mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi.” (Yesaya 56:6, 7) Le Israel la, esia fia be “amedzrovi” siwo menye Israel-viwo o ade ta agu na Yehowa—woalɔ̃ eƒe ŋkɔ, woawɔ ɖe Se ƒe nubabla me ɖoɖowo dzi, woaɖu Sabat, eye woasa vɔwo le Mawu ƒe “gbedoxɔ” la me.—Mateo 21:13.
5 Le míaƒe ŋkekea me la, “amedzrovi, siwo ku ɖe Yehowa ŋu” lae nye ameha gã la. Amesiawo wɔa ɖeka kple Mawu ƒe Israel subɔa Yehowa. (Zaxarya 8:23) Wowɔa vɔsasa nyuiwo abe alesi Mawu ƒe Israel la wɔnɛ ene. (Hebritɔwo 13:15, 16) Wodea ta agu le Mawu ƒe gbɔgbɔ me “gbedoxɔ” me. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 7:15.) Ðe wowɔna ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Sabat la dzia? Womede se na amesiaminawo loo alo alẽ bubuawo be woawɔ esia o. (Kolosetɔwo 2:16, 17) Gake Paulo gblɔ na Hebritɔ Kristotɔ amesiaminawo be: “Sabat ƒe dzudzɔ gasusɔ na Mawu ƒe dukɔ la. Elabena amesi yi ɖe eƒe dzudzɔ me la, eya hã dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo me, abe alesi Mawu dzudzɔ tso etɔwo me la ene.” (Hebritɔwo 4:9, 10) Hebritɔ mawo ge ɖe “Sabat ƒe dzudzɔ” sia me esime wobɔbɔ wo ɖokui ɖe “Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye” te eye wodzudzɔ tso agbagbadzedze be woatsɔ Sea me dɔwɔwɔwo abu wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe me. (Romatɔwo 10:3, 4) Kristotɔ amesiamina siwo nye Trɔ̃subɔlawo tsã la le dzudzɔ ma ke me esi wobɔbɔ wo ɖokui ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye te. Ameha gã la wɔ ɖeka kpli wo le dzudzɔ ma me.
6. Aleke alẽ bubuawo le nubabla yeyea te egbeae?
6 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, alẽ bubuawo va le nubabla yeyea te abe alesi amedzrovi siwo nɔ anyi le blema nɔ Se ƒe nubabla la te ene. Le mɔ ka nu? Menye be ɖe wova zu emetɔwo o ke boŋ to alesi wobɔbɔ ɖe se siwo do ƒome kplii te eye wokpɔa viɖe tso eƒe ɖoɖowo me la me. (Tsɔe sɔ kple Yeremya 31:33, 34.) Woŋlɔ Yehowa ƒe se ɖe alẽ bubuawo ƒe ‘dzime’ abe woƒe zɔhɛ amesiaminawo ke ene. Wolɔ̃ Yehowa ƒe sedede kple gɔmeɖosewo vevie hewɔa wo dzi. (Psalmo 37:31; 119:97) Wodze si Yehowa abe alesi Kristotɔ amesiaminawo dze sii ene. (Yohanes 17:3) Ke aʋatsotso ya ɖe? Ƒe 1,500 do ŋgɔ na nubabla yeyea wɔwɔ la, Mose ƒoe ɖe Israel-viwo nu be: “Mitso aʋa na miaƒe dziwo.” (Mose V, 10:16; Yeremya 4:4) Togbɔ be ŋutilã me ʋatsotso si nye dzizizi la nu va yi kpe ɖe Sea ŋu hã la, ele be amesiaminawo kple alẽ bubuawo ‘natso aʋa’ na woƒe dziwo. (Kolosetɔwo 2:11) Mlɔeba la, Yehowa nɔa te ɖe Yesu ƒe “ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ” si wòkɔ ɖi dzi tsɔa alẽ bubuawo ƒe vodada kea wo. (Mateo 26:28; Yohanes I, 1:9; 2:2) Mawu mexɔ wo wozu eƒe gbɔgbɔmeviwo abe alesi wòxɔ ame 144,000 la ene o. Gake ebua alẽ bubuawo ame dzɔdzɔewoe le gɔmesese si nu wogblɔ be Abraham nye ame dzɔdzɔe si nye Mawu xɔlɔ̃ la nu.—Mateo 25:46; Romatɔwo 4:2, 3; Yakobo 2:23.
7. Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na alẽ bubu siwo wobu ame dzɔdzɔewoe abe Abraham ene la egbea?
7 Le ame 144,000 gome la, wo bubu ame dzɔdzɔewoe na mɔkpɔkpɔ va su wo si be woava ɖu fia kple Yesu le Dziƒofiaɖuƒea me. (Romatɔwo 8:16, 17; Galatiatɔwo 2:16) Le ameha gã la gome la, wo bubu ame dzɔdzɔe siwo nye Mawu ƒe xɔlɔ̃wo wɔnɛ be mɔkpɔkpɔ sua wo si be woanɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi—eɖanye to ameha gã la me nɔnɔ atsi agbe le Harmagedon me loo alo to ‘ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi’ la me o. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si be mɔkpɔkpɔ sia nanɔ ame si eye be woanye xexeame katã ƒe Fiagã la ƒe xɔlɔ̃, eye be ‘woadze eƒe agbadɔ me’! (Psalmo 15:1, 2) Ẽ, woto Abraham ƒe Dzidzimevi Yesu dzi yra amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa le mɔ ɖedzesi aɖe nu.
Avuléŋkeke Gãtɔ Aɖe
8. Nukae vɔ siwo wosa le Avuléŋkekea dzi le Sea te la nye kpɔɖeŋu na?
8 Esime Paulo nɔ nu ƒom tso nubabla yeyea ŋu la, eɖo ŋku ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkeke si nɔ Se ƒe nubabla la te dzi na eƒe nuxlẽlawo. Gbemagbe la, wosaa vɔwo vovovoe—ɖeka na Lewi-to si me tɔwo nye nunɔlawo eye evelia na to 12 siwo menye nunɔlawo o. Míenya esia xoxoxo be etsi tre ɖi na Yesu ƒe vɔsa gã si ava ɖe vi na ame 144,000 siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le kple ame miliɔn geɖe siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le.a Paulo ɖee fia be le emevava me la, Avuléŋkeke aɖe si lolo wu le nubabla yeyea te dzie woato ana Yesu ƒe vɔsa naɖe vi na amewo. Yesu si nye Nunɔlagã le ŋkeke sia si lolo wu dzi la tsɔ eƒe agbe deblibo sa avulévɔ ale be wòahe “xɔxɔ mavɔ” vɛ na amegbetɔwo.—Hebritɔwo 9:11-24.
9. Esi Hebritɔ Kristotɔ amesiaminawo nye nubabla yeyea me tɔwo ta la, nukae woate ŋu axɔ?
9 Hebritɔ Kristotɔ geɖe ganɔ ‘vevie dom ɖe Mose ƒe Sea ŋu’ kokoko le ƒe alafa gbãtɔ me. (Dɔwɔwɔwo 21:20) Eyata esɔ be Paulo ɖo ŋku edzi na wo be: “[Yesue nye] nubabla yeye ƒe avuléla, bena le esi wòku le xɔxɔ tso vodada, siwo le nubabla gbãtɔ me ŋuti ta la, amesiwo woyɔ la, naxɔ domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo.” (Hebritɔwo 9:15) Nubabla yeyea na ablɔɖe Hebritɔ Kristotɔwo tso nubabla xoxo si klo nu le woƒe nuvɔ̃menyenye ŋu la te. Nubabla yeyea na be woate ŋu axɔ “[dziƒo] domenyinyi mavɔ ƒe ŋugbedodo.”
10. Nuka ƒe akpee amesiaminawo kple alẽ bubuawo dana na Mawu?
10 “Amesiame” si “xɔa Via dzi sena” la akpɔ viɖe tso tafevɔsa la me. (Yohanes 3:16, 36) Paulo gblɔ be: “Kristo hã, esime wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa la, aɖe eɖokui afia zi evelia, manye ɖe nuvɔ̃wo ta o, ke boŋ ɖe amesiwo le elalam la ƒe xɔxɔ ta.” (Hebritɔwo 9:28) Egbea amesiwo le Yesu dim vevie nye Kristotɔ amesiamina siwo nye Mawu ƒe Israel la me tɔ siwo kpɔtɔ li kple ame miliɔn geɖe siwo nye ameha gã la me tɔ, siwo hã si domenyinyi mavɔ le. Ƒuƒoƒo evea siaa daa akpe na Mawu ɖe nubabla yeyea kple eme yayra siwo naa agbe, tsɔ kpe ɖe Avuléŋkeke si lolo wu kple Nunɔlagã Yesu ƒe subɔsubɔdɔ le Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe si le dziƒo la ta.
Wole Subɔsubɔ Kɔkɔe Wɔm Kple Ŋkubiã
11. Nukae amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa wɔna le esi woklɔ woƒe dzitsinya ŋu to Yesu ƒe vɔsa me ta?
11 Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo me la, ete gbe ɖe alesi Yesu ƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ de ŋgɔe le nubabla yeyea ƒe ɖoɖoa me ne wotsɔe sɔ kple nuvɔ̃vɔsa siwo wowɔ le nubabla xoxoa me la dzi. (Hebritɔwo 9:13-15) Yesu ƒe vɔsa si nyo wu la te ŋu ‘kɔa míaƒe dzitsinya ŋu tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena míasubɔ Mawu gbagbe la.’ Le Hebritɔ Kristotɔwo gome la, ‘dɔwɔwɔ kukuawoe’ nye “vodada, siwo [wowɔ] le nubabla gbãtɔ me.” Le Kristotɔ siwo li egbea gome la, wonye nuvɔ̃ siwo wowɔ tsã si me wotrɔ dzime nyateƒetɔe le eye Mawu tsɔ ke wo la. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Esi woklɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe dzitsinya ta la, woate ŋu atsɔ ‘subɔsubɔ kɔkɔe ana Mawu gbagbe la.’ Eye nenema ke ameha gã la hã wɔna. Esi wotsɔ “alẽvi la ƒe ʋu” klɔ woƒe dzitsinya ta la, wole Mawu ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me, eye “wosubɔnɛ zã kple keli.”—Nyaɖeɖefia 7:14, 15.
12. Aleke míaɖee afiae be “xɔse ƒe kakaɖedzi blibo” le mía si?
12 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Paulo gblɔ be: “Mina míatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo woklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene.” (Hebritɔwo 10:22) Aleke míaɖee afiae be “xɔse ƒe kakaɖedzi blibo” le mía si? Paulo ƒoe ɖe Hebritɔ Kristotɔwo nu be: “Mina míalé [dziƒomɔkpɔkpɔ] me ʋuʋu ɖe asi sesĩe, bene magaʋã o; elabena amesi na ŋugbedodo la, enye nuteƒewɔla; eye míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:23-25) Ne míaƒe xɔse le agbe la, ke míawo hã ‘míagblẽ míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi o.’ Adzɔ dzi na mí be míade dzi ƒo na mía nɔviwo eye woawo hã nade dzi ƒo na mí le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔwo me eye woado ŋusẽ mí ɖe dɔ vevi si nye nuƒoƒo tso míaƒe mɔkpɔkpɔ ŋu, eɖanye anyigbadzinɔnɔ alo dziƒoyiyi tɔ o.—Yohanes 13:35.
“Nubabla Mavɔ” La
13, 14. Mɔ kawo nue nubabla yeyea nye nu mavɔ le?
13 Nukae adzɔ ne ame 144,000 dometɔ susɔea ƒe dziƒomɔkpɔkpɔa va eme nɛ? Ðe nubabla yeyea ƒe dɔwɔwɔ awu enua? Mawu ƒe Israel me tɔ aɖeke manɔ anyigba dzi ɣemaɣi o. Amesiwo katã le nubabla la me anɔ Yesu gbɔ “le [Fofoa] ƒe fiaɖuƒe la me.” (Mateo 26:29) Gake míeɖoa ŋku nya siwo Paulo gblɔ le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo me dzi be: “Ŋutifafa Mawu [fɔ] kplɔla gã la, . . . tso ame kukuwo dome le nubabla mavɔ ƒe ʋu la me.” (Hebritɔwo 13:20, míawoe te gbe ɖe edzi; Yesaya 55:3) Gɔmesese ka nue nubabla yeyea nye nu mavɔ le?
14 Gbã la, bubu aɖeke mava xɔ ɖe eteƒe, abe Se ƒe nubabla la ene o. Evelia, nusiwo ado tso eƒe dɔwɔwɔ me anɔ anyi tegbee, abe alesi Yesu ƒe fiaɖuɖu le ene. (Tsɔ Luka 1:33 sɔ kple Korintotɔwo I, 15:27, 28.) Dziƒofiaɖuƒea anɔ anyi ɖaa le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me. (Nyaɖeɖefia 22:5) Eye etɔ̃lia, nubabla yeye ƒe ɖoɖoa ayi edzi aɖe vi na alẽ bubuawo. Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, amegbetɔ nuteƒewɔlawo ayi edzi ‘atsɔ subɔsubɔ kɔkɔe ana Yehowa zã kple keli le eƒe gbedoxɔa me’ abe alesi wowɔnɛ fifia ene. Yehowa magaɖo ŋu woƒe tsã nuvɔ̃ siwo wònɔ te ɖe Yesu ƒe “nubabla ƒe ʋu” la dzi tsɔ ke wo la o. Woayi edzi anye Yehowa xɔlɔ̃ siwo si tenɔnɔ dzɔdzɔe le, eye eƒe se si woŋlɔ ɖe woƒe dzime la akpɔtɔ anɔ anyi.
15. Ƒo nu tso ƒomedodo si anɔ Yehowa kple esubɔlawo dome le xexe yeyea me ŋu.
15 Ðe Yehowa ate ŋu agblɔ le esubɔla amegbetɔ siawo ŋu ɣemaɣi be: ‘Woƒe Mawue menye, eye wonye nye dukɔa’? Ẽ. “[Anɔ] anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo.” (Nyaɖeɖefia 21:3, míawoe te gbe ɖe edzi.) Woava zu “ame kɔkɔewo ƒe asaɖa,” “du lɔlɔ̃,” si nye Yesu Kristo ƒe ŋugbetɔ si le dziƒo la teƒenɔlawo. (Nyaɖeɖefia 14:1; 20:9; 21:2) Esiawo katã ava eme le esi woxɔ Yesu ƒe “nubabla ƒe ʋu” la dzi se eye wobɔbɔ wo ɖokui ɖe dziƒo fia kple nunɔla, siwo nye Mawu ƒe Israel le woƒe anyigbadzinɔɣi la te ta.—Nyaɖeɖefia 5:10.
16. (a) Nukae ate ŋu ava eme na amesiwo woafɔ ɖe tsitre ava anyigba dzi? (b) Yayra kawoe ava le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu?
16 Ke ame kuku siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi ya ɖe? (Yohanes 5:28, 29) Mɔnukpɔkpɔ asu woawo hã si be ‘woayra wo ɖokui’ to Yesu si nye Abraham ƒe Dzidzimevi la dzi. (Mose I, 22:18) Ahiã be woawo hã woalɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔa, woasubɔe, asa vɔ siwo adze eŋu, eye woatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe anae le eƒe gbedoxɔa me. Amesiwo awɔe nenema ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me. (Yesaya 56:6, 7) Kaka ƒe akpe ɖeka la nava yi la, woana nuteƒewɔlawo katã naɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ to Yesu Kristo kple ehati nunɔla 144,000 ƒe subɔsubɔdɔ me. Woanye ame dzɔdzɔewo, ke menye be woabu wo ame dzɔdzɔe siwo nye Mawu xɔlɔ̃wo ko o. ‘Woagbɔ agbe,’ si fia be woavo tso nuvɔ̃ kple ku si dome wonyi tso Adam gbɔ la si me keŋkeŋ. (Nyaɖeɖefia 20:5; 22:2) Yayra ka gbegbee nye si wòanye! Le alesi míebua nuwo ŋui egbea nu la, edze abe Yesu kple ame 144,000 ƒe nunɔladɔa awu enu ɣemaɣi ene. Woawɔ Avuléŋkeke si lolo wu la me yayrawo ŋudɔ bliboe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu ‘atsɔ fiaɖuƒe la ade asi na eƒe Mawu kple Fofoa.’ (Korintotɔwo I, 15:24) Woado ameƒomea kpɔ zi mamlɛtɔ eye emegbe woatsrɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖikaa.—Nyaɖeɖefia 20:7, 10.
17. Le dzidzɔ si míava kpɔ ta la, nukae wòle be mía dometɔ ɖesiaɖe naɖo be yeawɔ?
17 Ne “nubabla mavɔ” la awɔ akpa aɖe le dzidzɔɣeyiɣi si adze egɔme ɣemaɣi me la, ke dɔ kae wòawɔ? Menye míawoe agblɔ nusi wòawɔ o. Nusi Yehowa ɖe fia mí vaseɖe fifia nyo gbɔ. Ena bubu kple vɔvɔ̃ xɔ mía me nɛ. Bu eŋu kpɔ ko—be woanye “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ƒe akpa aɖe anɔ agbe tegbee! (Petro II, 3:13) Neva eme be naneke nagagblẽ míaƒe didi be ŋugbedodo ma nava eme na mí la me o. Ðewohĩ tenɔnɔ sesĩe manɔ bɔbɔe o. Paulo gblɔ be: “Dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la.” (Hebritɔwo 10:36) Gake ɖo ŋku edzi be kuxi kple tsitretsiɖeŋu ɖesiaɖe si dzi míaɖu la mede naneke o ne míetsɔe sɔ kple dzidzɔ si míava kpɔ. (Korintotɔwo II, 4:17) Eyata mía dometɔ aɖeke naganye “amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo” o. Mina míaɖee fia be “amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo” boŋ míenye. (Hebritɔwo 10:39) Mina mí katã míaɖo ŋu ɖe Yehowa, nubablawo ƒe Mawu la ŋu bliboe be wòanye yayra mavɔ na mía dometɔ ɖesiaɖe.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Agbetsitsi Yi Anyigba Yeye Dzi si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 13 lia.
Èse Wo Gɔmea?
◻ Le Kristotɔ amesiaminawo megbe la, amekawoe wogayra to Abraham ƒe Dzidzimevia dzi?
◻ Esi woto nubabla yeyea dzi le alẽ bubuawo yram la, aleke wova le abe trɔ̃subɔla dzimetrɔla siwo nɔ nubabla xoxoa te ene?
◻ Aleke woyra alẽ bubuawo to Avuléŋkeke si lolo wu ƒe ɖoɖoa dzii?
◻ Nukata Paulo yɔ nubabla yeyea be “nubabla mavɔ”?
[Aɖaka si le axa 21]
Subɔsubɔ Kɔkɔe Le Gbedoxɔa Me
Ameha gã la wɔ ɖeka kple Kristotɔ amesiaminawo le ta dem agu le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 7:14, 15; 11:2) Susu aɖeke meli si ta míagblɔ be Trɔ̃subɔlawo ƒe Xɔxɔnu si le vovo mee wole o. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Trɔ̃subɔlawo ƒe Xɔxɔnu nɔ gbedoxɔa me. Gake le Salomo kple Xezekiel ƒe gbedoxɔwo ƒe nɔnɔme siwo woxɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, womede Trɔ̃subɔlawo ƒe Xɔxɔnu wo me o. Le Salomo ƒe gbedoxɔa me la, xɔxɔnu egodotɔ aɖe nɔ anyi, afisi Israel-viwo kple trɔ̃subɔla dzimetrɔlawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, de ta agu ɖekae le. Esia nye gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi, afisi Yohanes kpɔ ameha gã la le wonɔ subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na la ƒe nyagblɔɖikpɔɖeŋu.
Gake nunɔlawo kple Lewitɔwo koe te ŋu gena ɖe xɔxɔnu emetɔ me, afisi vɔsamlekpui gã la nɔ; nunɔlawo koe te ŋu yina Kɔkɔeƒea; eye nunɔlagã la koe te ŋu yina Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la. Míenya be xɔxɔnu emetɔ kple Kɔkɔeƒea tsi tre ɖi na gbɔgbɔmenɔnɔme tɔxɛ si le Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi la si. Eye Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea tsi tre ɖi na dziƒo ŋutɔ, afisi Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe dziƒo Nunɔlagã la xɔa makumakugbenɔnɔ le.—Hebritɔwo 10:19, 20.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Le dzidzɔ si míava kpɔ ta la, mina ‘xɔse nanɔ mía si hena luʋɔ ƒe xɔxɔ’