INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Miaƒe Ðeɖe Gogo”!
    Gbetakpɔxɔ—2015 | July 15
    • 16, 17. Nu kae adzɔ do ŋgɔ na Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea?

      16 Ne amesiamina 144,000 la katã yi dziƒo vɔ ko la, woawɔ dzadzraɖo mamlɛawo hena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea. (Nyaɖeɖefia 19:9) Gake nu vevi aɖe adzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ma. Ðo ŋku edzi be Gog adze Mawu ƒe amewo dzi esime amesiamina susɔeawo kpɔtɔ le anyigba dzi. (Ezekiel 38:16) Nu kae Mawu ƒe amewo awɔ? Woawɔ ɖe mɔfiame sia dzi be: “Miele asi de ge aʋa la me o. Mitɔ ɖe mia nɔƒewo keŋ ne miakpɔ ale si Yehowa le xɔxɔ ge na mii. . . . Migavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi mi o.” (2 Kronika 20:17) Ne Gog dze Mawu ƒe amewo dzi megbe kpuie la, woakplɔ amesiamina susɔe siwo katã le anyigba dzi la ayi dziƒo. Nyaɖeɖefia 17:14 gblɔ nu si dziƒotɔwo awɔ ne Gog dze Mawu ƒe amewo dzi. Míaƒe futɔwo awɔ “aʋa kple Alẽvi la, gake esi wònye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fiae Alẽvi la nye ta la, aɖu wo dzi. Eye ame siwo kpe ɖe eŋu, siwo nye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kple nuteƒewɔlawo la hã aɖu wo dzi.” Esia fia be Yesu kple fia siwo wosi ami na, ame 144,000 la, siwo le dziƒo axɔ na Mawu ƒe amewo le anyigba dzi.

      17 Esia ahe Armagedon-ʋa si akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu la vɛ. (Nyaɖeɖefia 16:16) Ame siwo katã wodrɔ̃ ʋɔnui be wonye gbɔ̃wo, alo nuteƒemawɔlawo, atsrɔ̃. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu ayi le anyigba dzi, eye “ameha gã” la atsi agbe le Armagedon me. Mlɔeba nudzɔdzɔ dodzidzɔname si wotsɔ ƒo Nyaɖeɖefia gbalẽa tae la ava eme, eyae nye Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea! (Nyaɖeɖefia 21:1-4)d (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe ame siwo katã akpɔ ɖeɖe le anyigba dzi ŋu, woakpɔ dzidzɔ geɖe, eye woakpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã kple eƒe dɔmenyonyo geɖe la teƒe. Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi ma vevie. Srɔ̃ɖezã gã kae nye esi wòanye!—Xlẽ 2 Petro 3:13.

  • “Miaƒe Ðeɖe Gogo”!
    Gbetakpɔxɔ—2015 | July 15
    • d Psalmo 45 lia hã gblɔ ɖoɖo si nu nuwo adzɔ ɖo. Gbã la, Fia la awɔ aʋa la, eye emegbe woawɔ srɔ̃ɖeɖea.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe