Ta 6
Nya Ɣaɣla Kɔkɔe aɖe Ðeɖe Ðe Go
1. Aleke wòle be míawɔ nue ɖe nukpɔkpɔ wɔnuku si ƒe nya woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 1:10-17 la ŋue?
YESU si wodo ɖe dzi la ŋuti ŋutega la dzi ŋɔ ŋutɔ! Ðikeke mele eme o be ne ɖe míawo hã míenye eteƒekpɔlawo le afima kple apostolo Yohanes la, ŋutikɔkɔe gã ma awɔ dɔ ɖe mía dzi ale be míatsyɔ mo anyi abe alesi wòwɔe ene. (Nyaɖeɖefia 1:10-17) Wokpɔ ŋutega deŋgɔ ŋutɔ sia si tso gbɔgbɔ me la ta wòli be wòaʋã mí míawɔ nu egbea. Abe Yohanes ene la, ele be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã ŋutega la fia ŋu la afia ɖokuibɔbɔtɔe. Mina mawuvɔvɔ̃ ƒe bubu nanɔ mía si ɣesiaɣi ɖe Yesu ƒe nɔƒe abe Fia si woɖo zi dzi, Nunɔlagã kple Ʋɔnudrɔ̃la ene la ŋu.—Filipitɔwo 2:5-11.
“Gbãtɔ kple Mlɔetɔ”
2. (a) Dzesideŋkɔ kae Yesu tsɔ ɖe eɖokui fia? (b) Nuka gblɔm Yehowa le esime wògblɔ be: “Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ”? (d) Nuka dzie Yesu ƒe dzesideŋkɔ “gbãtɔ kple mlɔetɔ” he susu yii?
2 Gake mele be bubu ƒe vɔvɔ̃ si le mía me la natrɔ zu vɔvɔ̃ manyomanyo o. Yesu de dzi ƒo na Yohanes, abe alesi apostoloa yi edzi gblɔe ene. “Eye wòda eƒe nuɖusi ɖe dzinye gblɔ bena: Megavɔ̃ o, nyee nye gbãtɔ kple mlɔetɔ kple amesi le agbe.” (Nyaɖeɖefia 1:17b, 18a) Le Yesaya 44:6 me la Yehowa ƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe nɔƒe abe Mawu ŋusẽkatãtɔ ɖeka kolia la ene ŋu esime wògblɔ be: “Nyee nye gbãtɔ, eye nyee nye mlɔetɔ; mawu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o.”a Esi Yesu yɔ dzesideŋkɔ “gbãtɔ kple mlɔetɔ” na eɖokui la, mele gbɔgblɔm be yele tasɔsɔ me kple Yehowa, Wɔla Gã la o. Dzesideŋkɔ si Mawu tsɔ nɛ wòsɔ la zãm wòle. Le Yesaya me la, Yehowa nɔ nu ƒom tso Eƒe nɔƒe si ɖeke mesɔ kplii o abe Mawu vavã la ene ŋu. Eyae nye Mawu mavɔmavɔtɔ la, eye Mawu aɖeke mekpe ɖe eŋu o vavã. (Timoteo I, 1:17) Le Nyaɖeɖefia me la, Yesu le nu ƒom tso dzesideŋkɔ si wotsɔ nɛ la ŋu henɔ susu hem yi eƒe tsitretsitsi si ɖeke mesɔ kplii o la dzi.
3. (a) Mɔ ka nue Yesu nye “gbãtɔ kple mlɔetɔ” le? (b) Nukae Yesu si si “ku kple tsiẽƒe safuiwo” le la fia?
3 Yesue nye amegbetɔ “gbãtɔ” si wofɔ ɖe tsitre yi gbɔgbɔ makumaku ƒe agbenɔnɔ me vavã. (Kolosetɔwo 1:18) Gawu la, eyae nye “mlɔetɔ” si Yehowa ŋutɔ fɔ ɖe tsitre nenema. Eyata eva zu “amesi le agbe . . . tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.” Eva zu amesi mate ŋu aku o. Le esia me la, ele abe Fofoa si mate ŋu aku o, amesi woyɔna be “Mawu gbagbe la” ene. (Nyaɖeɖefia 7:2; Psalmo 42:3) Le amegbetɔ bubuwo katã gome la, Yesu ŋutɔe nye “tsitretsitsi la kple agbe la.” (Yohanes 11:25) Le ɖekawɔwɔ kple esia me la, egblɔ na Yohanes bena: “Meku, eye kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, eye ku kple tsiẽƒe safuiwo le asinye.” (Nyaɖeɖefia 1:18b) Yehowa na ŋusẽ eyama be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Ema tae Yesu ate ŋu agblɔ be safui siwo yeatsɔ aʋu agbo na amesiwo ku kple Hades (tsiẽƒe) de game la le ye si.—Tsɔe sɔ kple Mateo 16:18.
4. Sedede kae Yesu gagblɔ ake, be wòaɖe vi na amekawo?
4 Le afisia la, Yesu gagblɔ eƒe sedede be woaŋlɔ ŋutega la ɖi la ake, esime wògblɔ na Yohanes be: “Ŋlɔ nusiwo nèkpɔ kple nusiwo li kpakple nusiwo le vava ge le nusiawo megbe la.” (Nyaɖeɖefia 1:19) Nu ʋãme kawoe Yohanes agaɖe ɖe go wòanye nusɔsrɔ̃ na mí?
Ɣletiviawo Kple Akaɖitiawo
5. Aleke Yesu ɖe “ɣletivi adre” kple ‘akaɖiti adreawo’ mee?
5 Yohanes kpɔ Yesu le sikakaɖiti adre titina eye ɣletivi adre le eƒe nuɖusi me. (Nyaɖeɖefia 1:12, 13, 16) Azɔ Yesu ɖe esia me be: “Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawoe nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawoe nye hame adreawo.”—Nyaɖeɖefia 1:20.
6. Nukae ɣletivi adreawo tsi tre ɖi na, eye nukatae woɖo gbedasiawo ɖe woawo koŋ?
6 ‘Ɣletiviawoe’ nye “hame adreawo ƒe dɔlawo.” Le Nyaɖeɖefia me la, ɣletiviwo tsia tre ɖi na mawudɔla ŋutɔŋutɔwo ɣeaɖewoɣi, gake Yesu mazã agbalẽŋlɔla amegbetɔ be wòaŋlɔ nya aɖo ɖe gbɔgbɔ me nuwɔwɔ siwo womekpɔna o la o. Eyata ele be ‘ɣletiviawo’ nanye dzikpɔla alo hamemegã amegbetɔ siwo le hameawo me, amesiwo Yesu bu abe dɔlawo ene.b Woɖo gbedasiawo ɖe ɣletiviawo elabena amesiawo dzie Yehowa ƒe alẽha la dzi kpɔkpɔ ƒe agba le.—Dɔwɔwɔwo 20:28.
7. (a) Nukae ɖee fia be dɔla ɖeka pɛ si Yesu ƒo nu na le hame ɖesiaɖe me la mefia be hamemegã ɖeka koe le hamea ɖesiaɖe me o? (b) Ekema amekawoe ɣletivi adre siwo le Yesu ƒe nuɖusi me la tsi tre ɖi na?
7 Esi Yesu ƒo nu na “dɔla” ɖeka ko le hame ɖesiaɖe me ta la, ɖe esia fia be hamemegã ɖeka koe le hame ɖesiaɖe mea? Ao. Le keke Paulo ƒe ŋkekea me ke la, hamemegã geɖe nɔ Efeso-hamea si, ke menye ɖeka ko o. (Nyaɖeɖefia 2:1; Dɔwɔwɔwo 20:17) Eyata le Yohanes ƒe ŋkekea me esime woɖo gbedasiwo ɖe ɣletivi adreawo be woaxlẽ na hameawo (esi nɔ Efeso la hã nɔ wo dome) la, ɣletiviawo atsi tre ɖi na amesiwo katã subɔ le hamemegãwo ƒe hawo me le Yehowa ƒe amesiaminawo ƒe hamea me la. Nenema kee egbea dzikpɔlawo xlẽa lɛta siwo woxɔ tso Dziɖuha si me dzikpɔla amesiamina siwo subɔna le Yesu ƒe tanyenye te la le gbɔ la na woƒe hamewo. Ele be hamemegãwo ƒe hawo nakpɔ egbɔ be yewoƒe hamewo wɔ ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi. Eɖo aɖaŋua be wòaɖe vi na amesiwo katã bɔa ha kple hameawo, ke menye na hamemegãwo ko o.—Kpɔ Nyaɖeɖefia 2:11a.
8. Nukae Yesu ƒe nuɖusi me si hamemegãwo le la fia?
8 Esi wònye Yesue nye hamea ƒe Ta ta la, wogblɔe wòsɔ be hamemegãwo le eƒe nuɖusi me, esi fia be wole eƒe ŋusẽ kple mɔfiafia te. (Kolosetɔwo 1:18) Eyae nye Alẽkplɔla Gã la, eye woawo wonye alẽkplɔlateviwo.—Petro I, 5:2-4.
9. (a) Nukae akaɖiti adreawo tsi tre ɖi na, eye nukatae akaɖitiwo nye esiawo ƒe kpɔɖeŋu si sɔ? (b) Nuka dzie ŋutega la aɖo ŋkui na apostolo Yohanes kokoko?
9 Akaɖiti adreawoe nye hame adre siwo Yohanes ŋlɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖo ɖo, esiwo nye: Efeso, Smirna, Pergamo, Tiatira, Sardes, Filadelfia kple Laodikea. Nukatae wotsɔ akaɖitiwo tsi tre ɖi na hamewo? Elabena Kristotɔwo ɖale ɖekaɖeka alo ƒo ƒu abe hamewo ene o, ele be ‘woana woƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋkume’ le xexe doblukɔ sia me. (Mateo 5:14-16) Gakpe ɖe eŋu la, akaɖitiwo nɔ nusiwo wotsɔ dzra Salomo ƒe gbedoxɔa me ɖo la dome. Hameawo yɔyɔ be akaɖitiwo la aɖo ŋku edzi na Yohanes godoo be le kpɔɖeŋumɔ nu la, amesiaminawo ƒe hame ɖesiaɖe nye “mawuxɔ,” afisi Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔna. (Korintotɔwo I, 3:16) Gawu la, le Yudatɔwo ƒe gbedoxɔ ƒe ɖoɖoa ƒe kpɔɖeŋua me la, amesiaminawo ƒe hamea me tɔwo subɔna abe “fia nunɔlanyenye” ene le Yehowa ƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔ ƒe ɖoɖo gã si ƒe Nunɔlagãe Yesu nye, afisi Yehowa ŋutɔ le le dziƒo Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea la me.—Petro I, 2:4, 5, 9; Hebritɔwo 3:1; 6:20; 9:9-14, 24.
Xɔsegbegbe Gã La
10. Nukae dzɔ ɖe Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia kple edzidela matrɔdzimeawo dzi le ƒe 70 M.Ŋ. me?
10 Esime Yohanes ŋlɔ Nyaɖeɖefia la, Kristotɔnyenye xɔ ƒe 60 kple vɔ. Le gɔmedzedzea me la, eto tsitretsiɖeŋu si tso Yuda-subɔsubɔha gbɔ enuenu la me ƒe 40 sɔŋ. Azɔ wotu nu kple Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia kutɔe le ƒe 70 M.Ŋ. me esime woxɔ Yudatɔ matrɔdzimeawo ƒe dukɔnyenye kple nusi va zu trɔ̃ na wo kloe, esi nye Yerusalem-gbedoxɔa, le wo si.
11. Nukatae wònye nusi sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi be Alẽkplɔla Gã la naxlɔ̃ nu hameawo le nusiwo le mo dom ɖa la ŋu?
11 Gake apostolo Paulo gblɔe ɖi do ŋgɔ be xɔsegbegbe ava le Kristotɔ amesiaminawo dome, eye Yesu ƒe gbedasiawo ɖee fia be le Yohanes ƒe amegãkuku me la, xɔsegbegbe sia nɔ mo dom ɖa xoxo. Yohanes ye nye ame mamlea le amesiwo nɔ abe mɔxenu ene na Satana ƒe agbagbadzedze ŋusẽtɔe be yeagblẽ nyɔnua ƒe dzidzimevi la dome. (Tesalonikatɔwo II, 2:3-12; Petro II, 2:1-3; Yohanes II, 7-11) Eyata enye ɣeyiɣi si sɔ be Yehowa ƒe Alẽkplɔla Gã la naŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe hamemegã siwo nɔ hameawo me ahaxlɔ̃ nu wo le nusiwo nɔ mo dom ɖa ŋu eye wòade dzi ƒo na amesiwo si dzi nyui le la be woanɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akpa dzi sesĩe.
12. (a) Aleke xɔsegbegbea yi edzi le ƒe alafa siwo va le Yohanes ƒe ŋkekea megbe la mee? (b) Aleke Kristodukɔa wɔ va dzɔ?
12 Míenya alesi hame siwo nɔ anyi le ƒe 96 M.Ŋ. la wɔ nui ɖe Yesu ƒe gbedasiawo ŋu o. Gake míenya be xɔsegbegbea dzi ɖe edzi kabakaba le Yohanes ƒe ku megbe. “Kristotɔwo” dzudzɔ Yehowa ƒe ŋkɔ zazã eye wotsɔ “Aƒetɔ” alo “Mawu” ɖo eteƒe le Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔwo me. Kaka ƒe alafa enelia naɖo la, Mawuɖekaetɔ̃ ƒe aʋatsonufiafia la ge ɖe hameawo me. Le ɣeyiɣi sia ke me la, wonɔ asi dam ɖe luʋɔ makumaku ƒe nukpɔsusua dzi. Mlɔeba la, Roma-fia Konstantino tsɔ “Kristotɔnyenye” ɖo Dukɔa ƒe subɔsubɔhae, eye Kristodukɔa do tso esia me, afisi Sɔlemeha kple Dukɔa wɔ ɖeka heɖu dzi le ƒe akpe geɖe. Enɔ bɔbɔe be woazu tɔtrɔ yeye sia ƒe “Kristotɔ.” To blibowo trɔ woƒe trɔ̃subɔsubɔ ƒe dzixɔse tsãtɔwo wosɔ ɖe subɔsubɔ sia ƒomeviwo nu. Kristodukɔa me kplɔlawo dometɔ geɖe va zu dunyahehe me ŋutasẽla ameteɖeanyilawo, eye wotsɔ yi zi woƒe xɔsegbegbe ƒe nukpɔsusuwo ɖe amewo dzi.
13. Togbɔ be Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe kɔmamãwo ŋu hã la, nukae Kristotɔ xɔsegbelawo wɔ?
13 Kristotɔ xɔsegbelawo ŋe aɖaba ƒu nya siwo Yesu gblɔ na hame adreawo la dzi keŋkeŋ. Yesu xlɔ̃ nu Efesotɔwo be woana lɔlɔ̃ si nɔ wo si tsã la naganɔ wo si. (Nyaɖeɖefia 2:4) Gake esi ɖekawɔwɔ meganɔ Kristodukɔa me tɔwo dome le lɔlɔ̃ na Yehowa me o ta la, wowɔ aʋa adãtɔe heti wo nɔewo yome ŋɔdzitɔe. (Yohanes I, 4:20) Yesu xlɔ̃ nu hame si nɔ Pergamo la le kɔmamãwo ŋuti. Gake kɔmamãwo va nɔ anyi le ƒe alafa evelia gɔ̃ hã me, eye egbea kɔmamã kple subɔsubɔha akpe geɖe siwo wɔa dzre kple wo nɔewo ye le Kristodukɔa me.—Nyaɖeɖefia 2:15.
14. (a) Togbɔ be Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe kuku le gbɔgbɔ me ŋuti hã la, mɔ ka dzie yeaɖi Kristotɔwo to? (b) Mɔ kawo nue yeaɖi Kristotɔwo do kpo wɔwɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃me ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ ŋu la dzi le?
14 Yesu xlɔ̃ nu Sardes-hamea ku ɖe kuku le gbɔgbɔ me ŋu. (Nyaɖeɖefia 3:1) Abe amesiwo nɔ Sardes ene la, eteƒe medidi hafi yeaɖi Kristotɔwo ŋlɔ Kristotɔwo ƒe dɔwɔwɔwo be hetsɔ gbeƒãɖeɖedɔ si le vevie ŋutɔ la de asi na osɔfowo ƒe ha sue aɖe si woxea fe na la o. Yesu xlɔ̃ nu hame si nɔ Tiatira la le trɔ̃subɔsubɔ kple matrewɔwɔ ŋu. (Nyaɖeɖefia 2:20) Gake Kristodukɔa da asi ɖe legbawo zazã dzi le gaglãgbe, eye wodoa trɔ̃subɔsubɔ ayemetɔ si nye dumevinyahehe kple ŋutilãmenudidi ɖe ŋgɔ. Eye togbɔ be wogblɔa mawunya tsia tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu ɣeaɖewoɣi hã la, woɖea mɔ le ewɔwɔ ŋu ɣesiaɣi le teƒe geɖe.
15. Nuka dzie nya siwo Yesu gblɔ na hame adreawo klo nu le le Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo gome, eye nukae Kristodukɔa ƒe osɔfowo ɖee fia be yewonye?
15 Eyata nya siwo Yesu gblɔ na hame adreawo ɖe alesi Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo katã do kpo nu keŋkeŋ le Yehowa ƒe dukɔ tɔxɛ nyenye me la fia. Le nyateƒe me la, Kristodukɔa ƒe osɔfowoe nye Satana ƒe dzidzimevi la me tɔ siwo ɖe dzesi wu. Esime apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso amesiawo ŋu be wonye ‘sedzimawɔla’ la, egblɔe ɖi be woƒe anyinɔnɔ “lanye le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu: Le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me.”—Tesalonikatɔwo II, 2:9, 10.
16. (a) Amekawoe Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo lé ɖe fu me vevie? (b) Nukae dzɔ le Kristodukɔa me le Titinaɣeyiɣiawo me? (d) Ðe Protestantɔwo ƒe aglãdzedze alo Subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖoa trɔ Kristodukɔa ƒe xɔsegbegbe ƒe zɔzɔmeawoa?
16 Togbɔ be Kristodukɔa ƒe subɔsubɔ kple dziɖuɖu me kplɔlawo nɔ gbɔgblɔm be yewonye Mawu ƒe alẽha la kplɔlawo hã la, wolé fu amesiame si dze agbagba be yeade dzi ƒo be woaxlẽ Biblia la alo klo nu le woƒe nuwɔna siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o dzi la vevie. Woti John Hus kple Biblia-gɔmeɖela William Tyndale yome eye wowu wo le woƒe xɔse ta. Le Titinaɣeyiɣi doblukɔa me la, xɔsegbelawo ƒe dziɖuɖu ɖo sesẽaƒe le Katolikotɔwo ƒe Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ vɔ̃ɖi la me. Woxe mɔ na amesiame si ke ɖi sɔlemeha la ƒe nufiafiawo alo ŋusẽ la nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye wowɔ fu amesiwo woyɔ be alakpanufialawo la akpe manyaxlẽ geɖe woku alo wotɔ dzo wo le ati ŋu. Eyata Satana dze agbagba be yeakpɔ egbɔ be wogbã Mawu ƒe habɔbɔ si le abe nyɔnu ene la ƒe dzidzimevi ŋutɔŋutɔ ɖesiaɖe ɖa kaba. Esime Protestantɔwo ƒe aglãdzedzea alo Subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖoa va (tso ƒe 1517 dzi) la, Protestantɔwo ƒe sɔlemeha geɖe ɖe mɔmanamana ƒe nɔnɔme ma tɔgbe fia. Woawo hã va ɖi ʋufɔ to amesiwo dze agbagba be yewoawɔ nuteƒe na Mawu kple Kristo la wuwu le woƒe xɔse ta la dzi. Nyateƒee, wotrɔ “ame kɔkɔewo . . . ƒe ʋu kɔ ɖe anyi” bababa!—Nyaɖeɖefia 16:6; tsɔe sɔ kple Mateo 23:33-36.
Dzidzimevi la Do Dzi
17. (a) Nukae Yesu ƒe lu kple gbe wuwluiwo ŋuti lododoa gblɔ ɖi? (b) Nukae dzɔ le ƒe 1918 me, esi na wogbe amekawo hede dɔ asi na amekawo?
17 Le Yesu ƒe lu kple gbe wuwluiwo ŋuti lododoa me la, egblɔ blukɔdoɣi si ava ne Kristodukɔa le dzi ɖum la ŋuti nya ɖi. Gake le ƒe alafa geɖe ƒe xɔsegbegbea me la, Kristotɔ ɖekaɖeka siwo anɔ abe lu ene, amesiwo nye amesiamina vavãwo, anɔ anyi. (Mateo 13:24-29, 36-43) Eyata esime Aƒetɔ ƒe ŋkekea va le ƒe 1914 ƒe October me la, Kristotɔ vavãwo kpɔtɔ nɔ anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 1:10) Edze abe ƒe 1918, si nye le ƒe etɔ̃ kple afã megbe, mee Yehowa va eƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔa me ene, eye Yesu nɔ eŋu abe eƒe “nubabla ƒe dɔla” ene. (Maleaxi 3:1; Mateo 13:47-50) Ɣeyiɣia de be Aƒetɔ la nagbe nu le Kristotɔ alakpatɔwo gbɔ mlɔeba eye wòatsɔ ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la aɖo eƒe nuwo katã nu.’—Mateo 7:22, 23; 24:45-47.
18. “Gaƒoƒo” kae ɖo le ƒe 1914 me, eye nukae ɣeyiɣia de be dɔla la nawɔ?
18 Ɣeyiɣia de hã be dɔla sia natrɔ susu ɖe nusiwo woŋlɔ ɖe Yesu ƒe gbedasi siwo wòɖo ɖe hame adreawo me la ŋu etɔxɛe, abe alesi míekpɔe le nusi woŋlɔ ɖe wo me la me ene. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ƒo nu tso eƒe vava be wòadrɔ̃ ʋɔnu hameawo la ŋuti, eye ʋɔnudɔdrɔ̃ ma dze egɔme le ƒe 1918 me. (Nyaɖeɖefia 2:5, 16, 22, 23; 3:3) Eƒo nu tso Filadelfia-hamea ta kpɔkpɔ le “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge” me la ŋuti. (Nyaɖeɖefia 3:10, 11) Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ƒe gɔmedzedze le ƒe 1914 me ko hafi “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” sia va, esi me wodo Kristotɔwo kpɔ le le woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la gome.—Tsɔe sɔ kple Mateo 24:3, 9-13.
19. (a) Nukae hame adreawo tsi tre ɖi na egbea? (b) Amekawoe va bɔ ha kple Kristotɔ amesiaminawo le agbɔsɔsɔ me, eye nukatae Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa kple nɔnɔme siwo ŋuti wòƒo nu le la ku ɖe woawo hã ŋu? (d) Aleke wòle be míabu gbedasi siwo Yesu ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me hame adreawo lae?
19 Le susu sia ta la, nya siwo Yesu gblɔ na hameawo ƒe emevava gãtɔ dze egɔme tso ƒe 1914 me. Le nɔnɔme sia me la, hame adreawo tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamewo katã le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me. Gawu la, le ƒe 50 kple vɔ siwo va yi me la, xɔsetɔ siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi la ƒe xexlẽme gbogbo aɖe va kpe ɖe Kristotɔ amesiamina siwo ƒe kpɔɖeŋu Yohanes nye la ŋu. Yesu Kristo si le ŋutikɔkɔe me ƒe aɖaŋuɖoɖo kple nɔnɔme siwo wòkpɔ le hame adreawo me le eƒe kpɔkpɔɖa ta la ku ɖe amesiawo hã ŋu elabena dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ ƒe dzidzenu ɖeka koe li na Yehowa ƒe subɔlawo katã. (Mose II, 12:49; Kolosetɔwo 3:11) Eyata gbedasi siwo Yesu ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me hame adre siwo nɔ Asia Sue la menye ŋutinya me nya siwo woaxlẽ dzro ko o. Agbe alo ku ye le wo me na mía dometɔ ɖesiaɖe. Eyata mina míalé to ɖe Yesu ƒe nyawo ŋu nyuie.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le Hebri-nuŋɔŋlɔ gbãtɔa me le Yesaya 44:6 la, asitɔnudzinyakui aɖeke mekpe ɖe nya si nye “gbãtɔ” kple “mlɔetɔ” ŋu o, gake le nya si Yesu gblɔ le eɖokui ŋu le Hela-nuŋɔŋlɔ gbãtɔa me le Nyaɖeɖefia 1:17 me la, asitɔnudzinyakuia li. Eyata le gbeŋutise nu la, Nyaɖeɖefia 1:17 fia dzesideŋkɔ, gake Yesaya 44:6 le nu ƒom tso Yehowa ƒe Mawunyenye ŋuti.
b Hela-nya agʹge·los (si woyɔna be “anʹge·los”) la gɔmee nye “ame dɔdɔ” kple “mawudɔla.” Le Maleaxi 2:7 la woyɔ Lewitɔ nunɔlawo be “ame dɔdɔ” (Hebrigbe, mal·’akhʹ).
[Aɖaka si le axa 32]
Dodokpɔ Kple Ʋɔnudrɔ̃ɣi
Yesu xɔ nyɔnyrɔ̃ eye wosi ami nɛ abe Amesi ava zu Fia ene le Yordan-tɔsisia me le ƒe 29 M.Ŋ. ƒe October me lɔƒo. Le ƒe etɔ̃ kple afã megbe, si nye le ƒe 33 M.Ŋ. me la, eva Yerusalem-gbedoxɔa me va nyã amesiwo tsɔe wɔ adzodalawo ƒe doe la. Edze abe nusi sɔ kple esiae nye ƒe etɔ̃ kple afã ƒe ɣeyiɣi si dze egɔme tso Yesu ƒe ‘anyi nɔnɔ ɖe eƒe ŋutikɔkɔezikpui dzi’ le dziƒo le ƒe 1914 ƒe October me vaseɖe eƒe vava be yealé ŋku ɖe amesiwo be yewonye Kristotɔwo ŋu esime ʋɔnudɔdrɔ̃ dze egɔme le Mawu ƒe aƒe me la dzi ene. (Mateo 21:12, 13; 25:31-33; Petro I, 4:17) Le ƒe 1918 ƒe gɔmedzedze me lɔƒo la wotsi tre ɖe Yehowa ƒe amewo ƒe Fiaɖuƒe dɔwɔna ŋu vevie. Enye anyigba katã dzi dodokpɔɣi, eye wogbɔ vɔvɔ̃nɔtɔwo ƒu gbe. Le ƒe 1918 ƒe May me la, Kristodukɔa ƒe osɔfowo na wode Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe amegãwo gaxɔ me, gake le ɣleti asieke megbe la woɖe asi le wo ŋu. Emegbe la wokɔ wo ŋu le aʋatsonutsotsoawo katã me. Tso ƒe 1919 me la, Mawu ƒe amewo ƒe habɔbɔ si wodo kpɔ hedza wo ŋu la yi ŋgɔ dzonɔamemetɔe be woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe Fiaɖuƒe si to Kristo Yesu dzi la be enye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.—Maleaxi 3:1-3.
Esi Yesu dze eƒe kpɔkpɔɖadɔa gɔme le ƒe 1918 me la, ɖikeke mele eme o be edrɔ̃ ʋɔnu bu fɔ Kristodukɔa ƒe osɔfowo. Menye ɖeko wona woti Mawu ƒe amewo yome ko o, ke boŋ woɖi ʋufɔ gã aɖe hã to dukɔ siwo nɔ aʋa wɔm la dzi dede le xexemeʋa gbãtɔ me dzi. (Nyaɖeɖefia 18:21, 24) Azɔ osɔfowo da woƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Dukɔwo ƒe Nubabla si amegbetɔwo ɖo ɖi la dzi. Kaka ƒe 1919 naɖo la, Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ meganɔ Kristodukɔa kple alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe bliboa dzi kura o.
[Anyigbatata si le axa 28, 29]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
EFESO
SMIRNA
PERGAMO
TIATIRA
SARDES
FILADELFIA
LAODIKEA
[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]
Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo ɖi ʋufɔ gã aɖe to amesiwo ɖe Biblia gɔme, xlẽe alo wònɔ wo si kura gɔ̃ hã yome titi kple wo wuwu dzi