Ta 8
Agbagbadzedze be Woanye Aʋadziɖulawo
SMIRNA
1. (a) Hame kae gaxɔ gbedasi tso Yesu si le ŋutikɔkɔe me la gbɔ? (b) To eɖokui yɔyɔ be “gbãtɔ kple mlɔetɔ” dzi la, nuka dzie Yesu ɖo ŋkui na Kristotɔ siwo le hame ma me?
EGBEA, blema Efeso zu dudo. Gake afisi Yesu gblɔ be woaɖo gbedasi evelia ɖo la kpɔtɔ nye du si me amewo le le yiyim le gbɔgbɔm. Turkeytɔwo ƒe dugã si nye Izmir si me Yehowa Ðasefowo ƒe hame dovevienu aɖe le egbea gɔ̃ hã la le teƒe si anɔ abe kilometa 55 ene le Efeso ƒe anyiglãgoawo ƒe anyiehe gome. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, afisiae nye Smirna. Azɔ de dzesi nya siwo Yesu yi edzi gblɔ la: “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Smirna la, ƒe dɔla bena: Amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe la, eyae gblɔ esiawo.” (Nyaɖeɖefia 2:8) Yesu gblɔ nya sia na Kristotɔ siwo nɔ Smirna la tsɔ ɖo ŋku edzi na wo be yee nye nuteƒewɔla gbãtɔ si Yehowa fɔ ɖe tsitre tẽ yi makumaku ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye yee nye ame mamlea si wòfɔ nenema. Yesu ŋutɔe afɔ Kristotɔ amesiamina bubuwo katã ɖe tsitre. Eyata edze nyuie be wòaɖo aɖaŋu na nɔvia siwo le mɔ kpɔm be yewoakpɔ gome le makumaku ƒe dziƒogbenɔnɔ me kplii la.
2. Nukatae Amesi “ku, eye wògbɔ agbe” la ƒe nyawo faa akɔ na Kristotɔwo katã?
2 Yesu xɔ ŋgɔ le dzi dodo le yometiti me le dzɔdzɔenyenye ta la me, eye wòxɔ teƒeɖoɖo si dze. Eƒe anukwareɖiɖi vaseɖe ku me kple tsitretsitsi emegbe la nye nusi dzi Kristotɔwo katã tua mɔkpɔkpɔ ɖo. (Dɔwɔwɔwo 17:31) Nyateƒe si wònye be Yesu “ku, eye wògbɔ agbe” la ɖo kpe edzi be dzi ɖesiaɖe si wòahiã be woado le nyateƒea ta la manye dzodzro o. Yesu ƒe tsitretsitsia nye nusi dea dzi ƒo na Kristotɔwo katã vevie, vevietɔ ne eva hiã be woakpe fu le woƒe xɔse ta. Nɔnɔme ma mee nelea? Ekema wò hã àte ŋu akpɔ dzideƒo tso nya siwo Yesu yi edzi gblɔ na hame si nɔ Smirna la me:
3. (a) Dzideƒonya kae Yesu gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Smirna? (b) Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ Smirna la nye ame dahewo hã la, nukatae Yesu gblɔ be wonye ‘kesinɔtɔwo’?
3 “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada—ke kesinɔtɔ nènye hafi—kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.” (Nyaɖeɖefia 2:9) Yesu mehe nya ɖe nɔvia siwo le Smirna la ŋu o, ke boŋ kafukafunya sɔŋ ko wògblɔ. Woɖo xaxa geɖe me le woƒe dzixɔse ta. Wonye ame dahewo le ŋutilã me, eye esia anye le woƒe anukwareɖiɖi ta. (Hebritɔwo 10:34) Gake gbɔgbɔmenuwoe nɔ vevie na wo, eye wodzra kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo abe alesi Yesu ɖo aɖaŋu be woawɔe ene. (Mateo 6:19, 20) Eyata Alẽkplɔla Gã la bua wo be wonye ‘kesinɔtɔwo.’—Tsɔe sɔ kple Yakobo 2:5.
4. Amekawoe tsi tre ɖe Kristotɔ siwo nɔ Smirna la ŋu vevie, eye aleke Yesu bu tsitretsiɖeŋula mawoe?
4 Yesu de dzesii koŋ be Kristotɔ siwo le Smirna la do dzi le tsitretsiɖeŋu geɖe siwo tso ŋutilã me Yudatɔwo gbɔ la me. Le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ me la, subɔsubɔha sia me tɔ geɖe tsɔ tameɖoɖo kplikpaa tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ƒe takeke ŋu. (Dɔwɔwɔwo 13:44, 45; 14:19) Fifia, si nye ƒe aɖewo le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ megbe la, Yudatɔ mawo siwo le Smirna la le Satana ƒe gbɔgbɔ ma ke ɖem fia. Mewɔ nuku o be Yesu bu wo be wonye “Satana ƒe ƒuƒoƒe”!a
5. Dodokpɔ kawoe nɔ Kristotɔ siwo nɔ Smirna la ŋgɔ?
5 Esi Kristotɔ siwo le Smirna dze ŋgɔ fuléle ma gbegbe la, Yesu fa akɔ na wo be: “Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome ame aɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye miakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!” (Nyaɖeɖefia 2:10) Yesu zã Hela-nya si wozãna na “mi” si fia ame geɖe la zi etɔ̃ le afisia tsɔ fia be yeƒe nyawo lɔ hame bliboa ɖe eme. Yesu mate ŋu ado ŋugbe be Kristotɔ siwo le Smirna la ƒe dodokpɔwo awu nu kpuie o. Woayi edzi ati wo dometɔ aɖewo yome ahade wo gaxɔ me. Woakpɔ xaxa “ŋkeke ewo.” Ewo nye xexlẽme si fia nu ƒe blibonyenye alo dedeme pɛpɛpɛ le anyigba dzi. Woado nuteƒewɔla mawo siwo nye gbɔgbɔ me kesinɔtɔwo la kura gɔ̃ hã akpɔ bliboe esime wokpɔtɔ nye ŋutilã.
6. (a) Nukatae mele be Kristotɔ siwo nɔ Smirna la navɔ̃ o? (b) Aleke Yesu wu gbedasi si wòɖo ɖe Smirna-hamea la nue?
6 Gake mele be Kristotɔ siwo le Smirna la navɔ̃ alo ana ta o. Ne wowɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu la, wodzra “agbefiakuku” ɖo ɖi na wo abe teƒeɖoɖofetu ene, esi nye makumakugbenɔnɔ le dziƒo le woawo gome. (Korintotɔwo I, 9:25; Timoteo II, 4:6-8) Apostolo Paulo bu fetu xɔasi sia be enye nusi dze be yeatsɔ nusianu—yeƒe anyigbadzigbenɔnɔ kura gɔ̃ hã—asa vɔ ɖe eta. (Filipitɔwo 3:8) Edze ƒã be emae nye anukwaretɔ mawo siwo le Smirna la hã ƒe susu. Yesu ƒo eƒe gbedasia ta esime wògblɔ be: “Amesi ke to li nɛ la, nese nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo bena: Amesi ke ɖu dzi la, ku evelia mawɔ vɔ̃ aɖekee o.” (Nyaɖeɖefia 2:11) Woka ɖe dzi na aʋadziɖulawo be woakpɔ makumakunyenye ƒe dziƒogbenɔnɔ si dzi ku mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖo o la.—Korintotɔwo I, 15:53, 54.
“Xaxa Ŋkeke Ewo”
7, 8. Abe hame si nɔ Smirna la ene la, aleke ‘wote Kristo-hamea kpɔ bliboe’ le ƒe 1918 me?
7 Abe Kristotɔ siwo nɔ Smirna ene la, egbea ‘wote’ Yohanes habɔbɔa kple woƒe zɔhɛwo ‘kpɔ’ ŋutɔ, eye wokpɔtɔ le wo tem kpɔ. Woƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔ me la ɖee fia be Mawu ŋutɔ ƒe amewoe wonye. (Marko 13:9, 10) Esi Aƒetɔ ƒe ŋkekea dze egɔme megbe kpuie la, nya siwo Yesu gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Smirna la zu akɔfanya ŋutɔŋutɔ na Yehowa ƒe amewo ƒe dukɔwo dome habɔbɔ sue la. (Nyaɖeɖefia 1:10) Tso ƒe 1879 me ke la amesiawo nɔ gbɔgbɔ me kesinɔnuwo kum tso Mawu ƒe Nya la me eye wona wosu ame bubuwo hã si faa. Gake le Xexemeʋa I me la, wova dze ŋgɔ fuléle kple yometiti sesẽ si ƒe akpa aɖe tso aʋawɔgbɔgbɔ si me womeƒo wo ɖokui ɖo o la gbɔ eye akpa aɖe tso alesi wonɔ nu klom le Kristodukɔa ƒe vodadawo dzi vɔvɔ̃manɔmee la gbɔ. Yometiti si Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔla aɖewo na wohe va wo dzi la va ɖo eƒe sesẽƒe le ƒe 1918 me eye esɔ kple esi Yudatɔ siwo nɔ Smirna la he va Kristotɔ siwo nɔ afima dzi la.
8 Yometiti aɖe si va le United States la ɖo sesẽaƒe esime wode Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla yeye Joseph F. Rutherford kple eƒe zɔhɛ adre gaxɔ me le June 22, 1918, be wo dometɔ akpa gãtɔ nanɔ gaxɔ me ƒe 20. Le ɣleti asieke megbe la, woɖe asi wo ŋu esime woda megbe na wo. Le ƒe 1919 ƒe May 14 lia dzi la, nyagbugbɔgadrɔ̃ ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe mɔ̃ si wode wo vodadatɔe la me; woɖee fia be vodada 130 nɔ nyadɔdrɔ̃a me. Le ƒe 1939 me la, wode Roma Katolikotɔ Ʋɔnudrɔ̃la Manton si nye ame ŋkuta le Gregory Kɔkɔe Gãtɔ ƒe hatsotso me, amesi gbe be yemana woada megbe na Kristotɔ siawo le ƒe 1918 me o la mɔ̃ hena ƒe eve hedo dɔlar 10,000 ƒe fe nɛ le nutsotso ade siwo wotsɔ ɖe eŋu be ebia zãnu hexɔe hã ta.
9. Aleke Hitler wɔ nu ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le Nazi Germaniae, eye aleke osɔfowo wɔ nu ɖe ema ŋue?
9 Le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣi le Germania la, Hitler ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi keŋkeŋ. Wode Ðasefo akpe geɖe fuwɔamegaxɔwo me ƒe geɖe ŋutasẽtɔe, afisi wo dometɔ geɖe ku le, eye le ɣeyiɣi ma ke me la wowu ɖekakpui alafa geɖe siwo gbe be yewomanɔ Hitler ƒe aʋakɔa me awɔ aʋa o la. Esiawo katã dzi si osɔfowo de la ƒe ɖaseɖiɖi dze le Katoliko-nunɔla aɖe ƒe nya siwo wota ɖe The German Way nyadzɔdzɔgbalẽ si do le May 29, 1938 me la me. Eƒe nya la ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Dukɔ ɖeka aɖe le anyigba dzi azɔ, si me . . . wode se ɖe yeaɖi Biblia Nusrɔ̃viawo [Yehowa Ðasefowo] nu le. Eyae nye Germania! . . . Esime Adolph Hitler va zia dzi eye Germania Katoliko Bisiɔpwo gatsɔ woƒe biabia la ɖo eŋkume ake la, Hitler gblɔ be: ‘Yeaɖi Biblia Nusrɔ̃vi Veviedola [Yehowa Ðasefo] siawo ɖea fu na ame; . . . Mebua wo alakpatɔwoe; nyemaɖe mɔ be Amerikatɔ Ʋɔnudrɔ̃la Rutherford sia naƒo ɖi Germania Katolikotɔwo nenema o; mede se ɖe [Yehowa Dasefowo] nu le Germania.’” Nunɔla la gblɔ kpe ɖe nya sia ŋu be: “Wòe wɔ dɔ!”
10. (a) Le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me la, yometiti kae dze ŋgɔ Yehowa Ðasefowo? (b) Nukae dzɔ zi geɖe esime Kristotɔwo ʋli mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta le ʋɔnudrɔ̃ƒewo?
10 Le Aƒetɔ ƒe ŋkeke sia me la, Da la kple eƒe dzidzimevia medzudzɔ aʋawɔwɔ kple Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo kpɔ o. Wode amesiawo dometɔ geɖe gaxɔ me eye woti wo yome ŋutasẽtɔe. (Nyaɖeɖefia 12:17) Futɔ mawo yi edzi ‘to se dzi wɔ nu gbegblẽ,’ gake Yehowa ƒe amewo gblɔna kelilitɔe be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Psalmo 94:20; Dɔwɔwɔwo 5:29) Le ƒe 1954 me la, Watchtower magazine la ka nya ta be: “Dukɔ siwo wu blaadre de mɔxeɖenusewo ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu eye woti wo yome ɣeaɖeɣi le ƒe blaene siwo va yi me.” Afisi wòanya wɔ le be Kristotɔ siawo naʋli mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta le ʋɔnudrɔ̃ƒewo la, wowɔe eye woɖu dzi nyuie le dukɔ geɖe me. Le United States ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ɖeɖe dzaa la, wowɔ nyametsotso 23 siwo de Yehowa Ðasefowo dzi.
11. Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia ŋu kae va eme ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me?
11 Habɔbɔ bubu aɖeke mewɔna ɖe Yesu ƒe sedede be woatsɔ Kaisaro ƒe nuwo na Kaisaro la dzi anukwaretɔe abe woawo ene o. (Luka 20:25; Romatɔwo 13:1, 7) Gake womede habɔbɔ bubu aɖeke me tɔwo mɔ̃ le dukɔ geɖe me le dziɖuɖu ƒomevi vovovowo te alea gbegbe kpɔ o, eye esia le edzi yim vaseɖe fifia le Amerika-nyigbawo, Europa, Afrika, kple Asia. Nya siawo nɔ Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi ŋu la me be: “Woade mi asi na fukpekpe, eye woawu mi, eye dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.” (Mateo 24:3, 9) Esia va eme vavã ɖe Yehowa ƒe ɖasefo Kristotɔwo dzi le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me.
12. Aleke Yohanes habɔbɔa do ŋusẽ Mawu ƒe amewo ɖe yometiti ŋue?
12 Be Yohanes habɔbɔa nado ŋusẽ Mawu ƒe amewo be woanɔ te ɖe xaxa nu la, eyia edzi ɖoa ŋku nusi nya siwo Yesu gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Smirna fia la dzi na wo. Le kpɔɖeŋu me esime Nazi-yometitia dze egɔme la, nyatiwo abe “Migavɔ̃ Wo O,” si dzro Mateo 10:26-33 me; “Dodokpɔ Sesẽ La,” si nɔ te ɖe Daniel 3:17, 18 dzi; kple “Dzatawo ƒe Nu Me,” si me Daniel 6:22 nye mawunyakpukpui vevitɔ le ene, nɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me le ƒe 1933 kple 1934 me. Le ƒe 1980 ƒe ƒeawo me, esi wota agbalẽ sia zi gbãtɔ ɖe Eŋlisigbe me la, Yehowa Ðasefowo kpe yometiti ŋutasesẽtɔe ƒe fu le anyigba siwo wu 40 dzi, si wɔe be Gbetakpɔxɔ tsɔ nyatiwo abe “Wokpɔa Dzidzɔ Togbɔ be Wotia Wo Yome Gake!” kple “Kristotɔwo Tsɔa Dzidodo Dzea Ŋgɔ Yometiti” ene do ŋusẽ Mawu ƒe amewoe.b
13. Abe Kristotɔ siwo nɔ Smirna ene la, nukatae Yehowa ƒe ɖasefo Kristotɔwo mevɔ̃a yometiti o?
13 Nyateƒee, Yehowa ƒe ɖasefo Kristotɔwo le ŋutilã me yometiti kple dodokpɔ bubuwo ƒe fu kpem ŋkeke ewo le kpɔɖeŋu ƒe nyagbɔgblɔ nu. Abe Kristotɔ siwo nɔ Smirna ene la, womevɔ̃ o; eye mehiã be mía dometɔ aɖeke navɔ̃ o esime fukpekpeawo le sesẽm ɖe edzi le anyigba dzi afisia o. Míedzra ɖo be míado dzi le fukpekpewo me eye ne ‘woha mía ŋutinuwo’ gɔ̃ hã la, míekpɔa dzidzɔ. (Hebritɔwo 10:32-34) To Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple etsɔtsɔ wɔ mía ŋutɔwo tɔ dzi la, míasu te be míali ke sesĩe le xɔsea me. Ka ɖe edzi be Yehowa ate ŋu adzɔ ŋuwò le wò nuteƒewɔwɔ me eye adzɔ ŋuwò hã. “Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”—Petro I, 5:6-11.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Anɔ abe ƒe 60 ene le Yohanes ƒe ku megbe la, wotɔ dzo Polykarp si xɔ ƒe 86 la wòku le Smirna le esi wògbe be yemaɖe asi le Yesu dzi si yexɔ se ŋu o ta. The Martyrdom of Polycarp si nye agbalẽ aɖe si woxɔe se be woŋlɔe le ɣeyiɣi si me nya sia dzɔ la gblɔ be esime wonɔ nake fɔm be woatsɔ atɔ dzoe la, “Yudatɔwo tsɔ veviedodo kpe asi ɖe esia ŋu vevie ŋutɔ, abe alesi wonɔa ewɔm ene”—togbɔ be “Sabat gã” aɖe dzie wowu amea le gake.
b Kpɔ November 1, 1933; October 1 kple 15, 1934 kpakple December 1 kple 15, 1934 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ; kple Eʋegbe me tɔ, December 1, 1983.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 39]
Anɔ abe ƒe 50 ene enye sia si ŋutinyaŋlɔlawo le ɖaseɖiɖiwo ɖem ɖe go ku ɖe Yehowa ƒe ɖasefo Germaniatɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ le Nazitɔwo ƒe dziɖuɣia me la ŋu. Agbalẽ si nye Mothers in the Fatherland si ŋutinyaŋlɔla Claudia Koonz ŋlɔ, eye wotae le ƒe 1986 me la gblɔ be: “Germaniatɔ siwo menye Nazitɔwo o ƒe akpa gãtɔ kpɔ mɔ siwo dzi woato anɔ agbe le dziɖuɖu si wolé fui la te. . . . Amesiwo ƒe xexlẽme kple nukpɔsusu to vovo kura enye Yehowa Ðasefo 20,000 siwo katã kloe tsɔ susu ɖeka gbe be yewomaɖo to Nazi-dziɖuɖua le mɔ aɖeke nu o la. . . . Mawusubɔsubɔe lé tsitretsiɖeŋulawo ƒe ƒuƒoƒo si wɔ ɖeka wu ɖesiaɖe la ɖe te. Tso gɔmedzedzea me ke la, Yehowa Ðasefowo mewɔ ɖeka kple Nazi-dziɖuɖua ƒe akpa aɖeke o. Esime Adzamekpovitɔwo tsrɔ̃ woƒe dɔwɔƒe gã si le wo si le dukɔa me la le ƒe 1933 me eye woɖo asi woƒe kɔmamã la dzi le ƒe 1935 me megbe kura gɔ̃ hã la, wogbe ‘Heil Hitler’ teti gbɔgblɔ. Wokplɔ Yehowa Ðasefowo katã ƒe afã (si nye ŋutsuwo koŋ) yi fuwɔamegaxɔwo me, wowu wo dome ame akpe ɖeka, eye ame akpe bubu ku le ƒe 1933 kple 1945 dome. . . . Katolikotɔwo kple Protestantɔwo see woƒe osɔfowo de dzi ƒo na wo be woawɔ ɖeka kple Hitler. Ne wogbe ewɔwɔ la, ekema ɖe wotsi tre ɖe sɔlemeha la kple dukɔa siaa ƒe sewo ŋu.”