INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Kuɖa, September 2

Yehowa li kpli míawo ya. Migavɔ̃ wo o.—4 Mose 14:9.

Ne míevɔ̃a Yehowa la, míalɔ̃e ale gbegbe be míadi gbeɖe be míawɔ nu si madze eŋu o. Míedina vevie be míade vovo nyui kple vɔ̃ dome eye míade dzesi vovototo si le nyateƒe kple alakpa dome, ale be míate ŋu adze Yehowa ŋu. (Lod. 2:​3-6; Heb. 5:14) Ne míevɔ̃a amegbetɔwo wu Mawu la, esia ate ŋu ana be míatra ɖa tso nyateƒea gbɔ. Nu sia tɔgbie dzɔ esi wodɔ tatɔ 12 be woaɖatsa ŋku le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ ana Israel-viwo la dzi. Le wo dometɔ ewo gomea, woƒe vɔvɔ̃ na Kanaantɔwo nu sẽ wu lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa. Wogblɔ na wo nɔvi Israel-vi bubuawo be: “Míate ŋu aho ɖe dukɔ la ŋu o, elabena wosesẽ wu mí.” (4 Mose 13:​27-31) Ele eme be le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nua, Kanaantɔwo sẽ ya. Gake ne ame aɖe gblɔ be Israel-viwo mate ŋu aɖu woƒe futɔwo dzi o la, ke eɖe Yehowa ya ɖa le nyaa me. w24.07 9 ¶5-6

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026

Yawoɖa, September 3

Ðe anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?—1 Mose 18:25.

Ðe susu nyuiwo li siwo tae míaka ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo katã, esiwo gɔme míese kple esiwo gɔme mímese o dzia? Ɛ̃! Abe ale si Abraham va se egɔme enea, Yehowa si nye “anyigba bliboa ƒe ʋɔnudrɔ̃la” la nye nublanuikpɔla, ede blibo eye eƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta. Ena hehe Via, eye wòtsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a katã de esi. (Yoh. 5:22) Yehowa kple Via nya nu si le amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me. (Mat. 9:4) Eya ta ne wole ʋɔnu drɔ̃m amewoa, woawɔ “nu si le dzɔdzɔe” le ame ɖe sia ɖe gome! Mina míaɖoe kplikpaa be míaka ɖe Yehowa kple eƒe nyametsotsowo katã dzi. Míenya be eyae dze adrɔ̃ ʋɔnu, ke menye míawo o! (Yes. 55:​8, 9) Ema tae míegblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃wo katã ɖe Yehowa kple Via Yesu si me. Míenya be míaƒe Fia Yesu asrɔ̃ Fofoa adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye wòakpɔ nublanui ne ehiã.—Yes. 11:​3, 4 w24.05 7 ¶18-19

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026

Fiɖa, September 4

Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.—Lod. 3:32.

Ele vevie ŋutɔ be míato nyateƒe le dzi me. Míede dzesi nu si tae esia le vevie esi Yesu do go Nataniel zi gbãtɔ. Esi Filipo kplɔ exɔlɔ̃ Nataniel va do go Yesu la, nane dzɔ si ɖe dzesi. Togbɔ be zi gbãtɔ koe nye ema Yesu do go Nataniel hã la, egblɔ tso eŋu be: “Kpɔ ɖa, Israel-vi akuakua, si me alakpa aɖeke mele o ye nye esi.” (Yoh. 1:47) Yesu kpɔe be Nataniel ƒe anukwareɖiɖi ɖe dzesi ŋutɔ. Nataniel mede blibo o abe míawo ke ene. Ke hã, alakpanuwɔwɔ aɖeke menɔ eme o; eɖia anukware le nuwo katã me. Yesu de dzesi esia eye wòkafu Nataniel ɖe eta. Nudidi siwo ana míadze Yehowa ŋu siwo dze le Psalmo 15 lia ƒe akpa gãtɔ ku ɖe ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu la ŋu. Psalmo 15:3 gblɔ be ame si le Yehowa ƒe agbadɔ me “metsɔa eƒe aɖe gblẽa ame ŋu o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o.” Ne míetsɔa míaƒe aɖe gblẽa amewo ŋu la, ate ŋu agbã dzi na wo vevie.—Yak. 1:26. w24.06 10 ¶7, 9; 11 ¶10

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2026
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe