11 Elabena ŋutilã ɖe sia ɖe ƒe agbe* le ʋu+ la me, eya ta metsɔe na be miatsɔ alé avu le vɔsamlekpui+ la dzi ɖe mia ɖokuiwo* ta, elabena ʋu wotsɔ léa avu,+ le agbe* si le eme la ta.
14 Elabena ŋutilã ɖe sia ɖe ƒe agbee* nye eƒe ʋu, le agbe* si le eme la ta. Esia tae megblɔ na Israel-viwo be: “Migaɖu ŋutilã aɖeke ƒomevi ƒe ʋu o, elabena ŋutilã ɖe sia ɖe ƒe agbee* nye eƒe ʋu. Ame sia ame si ɖui la, woatsrɔ̃e ɖa.”+