INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 3 Mose 19:26
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 26 “‘Migaɖu naneke si me ʋu le o.*+

      “‘Migaka afa o, eye migawɔ akunya o.+

  • 3 Mose 20:6
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 6 “‘Ke ame* si yia ŋɔliyɔlawo+ alo nukalawo+ gbɔ la, ewɔ gbɔgbɔmehasi, eya ta maɖe ŋku atɔ ame* ma atsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.+

  • 5 Mose 18:10-12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Woagakpɔ ame aɖeke le dowòme, si tɔa dzo viaŋutsu alo vianyɔnu o,+ eye bokɔnɔ,+ akunyawɔla,+ nutabiala,+ dzotɔ,+ 11 ame si saa gbe dea ame, nukala,+ afakala+ alo ŋɔliyɔla+ meganɔ dowòme o. 12 Elabena ame sia ame si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa, eye ŋunyɔnu siawo tae Yehowa wò Mawu le wo nya ge le ŋgɔwò ɖo.

  • 1 Samuel 28:3
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 3 Ɣemaɣi la, Samuel ku, eye Israel blibo la katã fae, eye woɖii ɖe Rama le eƒe du me.+ Eye Saul ɖe ŋɔliyɔlawo kple nukalawo katã ɖa le anyigba la dzi.+

  • Galatiatɔwo 5:20
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ,*+ kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, nyahehewo, mamawo, kɔmamawo,

  • Nyaɖeɖefia 22:15
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 15 Avuwo* kple afakalawo kple ahasiwɔlawo* kple amewulawo kple trɔ̃subɔlawo kple ame sia ame si lɔ̃a aʋatsokaka, eye wòkanɛ la, woawo ya woatsi agbo la godo.’+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe