-
2 Mose 39:22-26Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 Emegbe etsɔ ka blɔtɔ ɖeɖe lɔ̃ awu ʋlaya si ŋu abɔ mele o la.+ 23 Woɖe kɔme na awu ʋlaya si ŋu abɔ mele o la ɖe eƒe titina wòle abe gawu ƒe kɔme ene. Woƒo to na kɔmea va kpe, be wòagavuvu o. 24 Azɔ wotsɔ ka blɔtɔ, alẽfuka si wode ama aɖabɛ dzĩtɔe kple ka dzĩ, siwo wogbi ɖekae la, lɔ̃ yevuboɖawo ɖe awua toga le ete. 25 Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nyawowoewo hã, eye wotsi wo ɖe awu ʋlaya si ŋu abɔ mele o la toga le ete godoo va kpe, le yevuboɖaawo domee; 26 sikanyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka, sikanyawowoe ɖeka yevuboɖa ɖeka le awu ʋlaya si ŋu abɔ mele o si woado asubɔ la toga, le ete godoo va kpe; wowɔe abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene.
-