6 Ale nunɔla la tsɔ abolo kɔkɔe la nɛ,+ elabena abolo aɖeke mele afi ma o, negbe ŋkumeɖobolo si woɖe le Yehowa ŋkume be woatsɔ abolo yeye aɖo eteƒe le gbe si gbe woɖee ɖa la ko.
3 Ebia wo be: “Ðe miexlẽ nu si David wɔ esime dɔ wu eya kple eŋutimewo oa?+4 Ale si wòge ɖe Mawu ƒe aƒe la me, eye woɖu ŋkumeɖobolo la,+ evɔ se meɖe mɔ le eŋu na eya ŋutɔ loo alo eŋutimewo be woaɖui hafi o, negbe nunɔlawo ko la oa?+
3 Ke Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ðe miexlẽ nu si David wɔ, esime dɔ wu eya kple eŋutimewo,+ kple 4 ale si wòge ɖe Mawu ƒe aƒe la me, xɔ ŋkumeɖobolowo heɖu, eye wòna ɖe eŋutimewo hã, evɔ se meɖe mɔ na ame aɖeke be wòaɖu wo o, negbe nunɔlawo ko la oa?”+