-
1 Kronika 11:1-3Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Emegbe Israel-viwo katã va ƒo ƒu ɖe David gbɔ le Hebron+ gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Wò ƒu kple wò ŋutilã* míenye.+ 2 Tsã esime Saul nye fia la, wòe nɔa ŋgɔ na Israel le eƒe aʋahohowo+ me.* Eye Yehowa wò Mawu gblɔ na wò be: ‘Wòe akplɔ nye dukɔ Israel, eye wòe azu kplɔla ɖe nye dukɔ Israel nu.’”+ 3 Ale Israel ƒe ametsitsiwo katã va fia la gbɔ le Hebron, eye David bla nu kpli wo le Hebron le Yehowa ŋkume. Emegbe wosi ami na David wòzu fia ɖe Israel dzi,+ le Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Samuel dzi la nu.+
-