5 Emegbe Israel-toawo katã va David gbɔ le Hebron+ gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Wò ƒu kple wò ŋutilã míenye.+ 2 Tsã esime Saul nye míaƒe fia la, wòe nɔa ŋgɔ na Israel le eƒe aʋahohowo me.+ Eye Yehowa gblɔ na wò be: ‘Wòe akplɔ nye dukɔ Israel, eye wòe azu kplɔla ɖe Israel nu.’”+