-
2 Samuel 23:20-23Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Benaya,+ Yehoyada vi, nye ŋutsu kalẽtɔ,* ame si wɔ kalẽnu geɖewo le Kabzeel.+ Ewu Ariel si tso Moab la ƒe viŋutsu eveawo, eyae yi vudo* aɖe me ɖawu dzata le ŋkeke aɖe si dzi sno dza.+ 21 Ewu Egipte ŋutsu dzɔtsu aɖe hã. Togbɔ be akplɔ nɔ Egiptetɔ la si hã la, etsɔ kpo ɖe asi yi Egiptetɔ la gbɔ ɖaxɔ akplɔ la le esi, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ la wui. 22 Nu siawoe Benaya, Yehoyada vi wɔ, eye wòxɔ ŋkɔ abe kalẽtɔ etɔ̃awo ke ene. 23 Togbɔ be exɔ ŋkɔ le ame blaetɔ̃awo dome hã la, meɖo kalẽtɔ etɔ̃ gbãtɔawo ƒe ɖoƒe o. Ke hã, David tsɔe ɖo eya ŋutɔ ŋu dzɔlawo nu.
-