-
1 Fiawo 8:14-21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 Azɔ fia la trɔ dze ŋgɔ Israel ƒe ha blibo la katã heyra wo esime Israel ƒe ha bliboa le tsitrenu.+ 15 Eye wògblɔ be: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si ŋutɔ ke nu do ŋugbe na fofonye David, eye wòto eya ŋutɔ ƒe asi dzi na wòva eme, gblɔ be, 16 ‘Tso gbe si gbe mekplɔ nye dukɔ Israel tso Egipte la, nyemetia du aɖeke le Israel-toawo katã me be woatu xɔ, si ŋu nye ŋkɔ anɔ le afi ma o,+ ke metia David be wòanɔ nye dukɔ Israel nu.’ 17 Eye fofonye David di vevie tso dzi me be yeatu xɔ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe ŋkɔ.+ 18 Ke Yehowa gblɔ na fofonye David be, ‘Èdi vevie tso dzi me be yeatu xɔ na nye ŋkɔ la, eye enyo ŋutɔ be nèdi tso dzi me be yeawɔ esia. 19 Ðeko wò ŋutɔ màtu xɔ la o, ke boŋ vi si woadzi na wò* lae atu xɔ na nye ŋkɔ.’+ 20 Yehowa wɔ ŋugbe si wòdo la dzi, elabe mexɔ ɖe fofonye David teƒe hebɔbɔ nɔ Israel ƒe fiazikpui la dzi, abe ale si Yehowa do ŋugbee ene. Metu xɔ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe ŋkɔ,+ 21 eye mewɔ teƒe na Aɖaka, si me Yehowa ƒe nu, si wòbla+ kple mía tɔgbuiwo esime wòkplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi gbɔnae le la, ɖe afi ma.”
-