-
Ezekiel 8:5, 6Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 Eye wògblɔ nam be: “Amegbetɔvi, meɖe kuku fɔ kɔ dzi nàkpɔ dziehe gome.” Ale mefɔ kɔ dzi kpɔ dziehe gome, eye kpɔ ɖa, ŋuʋaʋã ƒe legba sia le vɔsamlekpui la ƒe agbo nu le dziehe gome. 6 Eye wògblɔ nam be: “Amegbetɔvi, èle ŋunyɔnu dziŋɔ siwo wɔm Israel ƒe aƒe la le le afi sia,+ nu siwo na meɖe ɖokuinye ɖe aga ʋĩi tso nye kɔkɔeƒea gbɔ la, kpɔmaa?+ Ke ègale nu siwo nyɔ ŋu sãa wu la kpɔ ge.”
-