INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Marko 5:38-43
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 38 Ale wova ƒuƒoƒedzikpɔla la ƒe aƒe me, eye wòkpɔ be teƒea tɔ zi eye amewo le avi fam hele ɣli dom bobobo.+ 39 Esi wòge ɖe aƒea me la, ebia wo be: “Nu ka tae miele avi fam ale hena aƒea me tɔ zi? Ðevia meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.”+ 40 Ale wode asi ekoko me. Ke esi wòna wo katã do go la, ekplɔ ɖevia fofo kple dadaa kpakple ame siwo kpe ɖe eŋu la ɖe asi, eye wòyi afi si ɖevia le. 41 Esi wòlé ɖevia ƒe alɔnu la, egblɔ nɛ be: “Talita kumi,” si gɔmee nye: “Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò be, ‘tsi tsitre!’”+ 42 Enumake nyɔnuvia tsi tsitre eye wòzɔ azɔli. (Nyɔnuvi la xɔ ƒe wuieve.) Eye gbɔgblɔ bu ɖe edzilawo eye wogli kple dzidzɔ. 43 Ke ede se na wo vevie be womegana ame aɖeke nase nya sia o,+ eye wògblɔ na wo be woadi nane nɛ wòaɖu.

  • Luka 8:52-56
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 52 Ke ameawo katã le avi fam hele nu xam le ɖevi la ta. Eya ta egblɔ be: “Midzudzɔ avifafa,+ elabena meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.”+ 53 Ale wode asi ekoko me, elabena wonya be eku. 54 Gake elé nyɔnuvi la ƒe alɔnu, eye wòyɔe gblɔ be: “Nyɔnuvi, tsi tsitre!”+ 55 Ale wògbɔ agbe,*+ eye wòtsi tsitre enumake,+ eye wògblɔ be woana nanee wòaɖu. 56 Eye nyɔnuvia dzilawo gli kple dzidzɔ, gake ede se na wo be womegagblɔ nu si dzɔ la na ame aɖeke o.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe