-
Marko 13:14-18Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 “Ke ne miekpɔ ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ+ la wòle afi si mele be wòanɔ o la, (nuxlẽla newɔ gɔmesese ŋu dɔ) ekema ame siwo le Yudea nasi ayi towo dzi.+ 15 Ame si le xɔ ta la megaɖi alo ayi eme be yeatsɔ nane tso yeƒe xɔ me o, 16 eye ame si le agble la nagatrɔ agbɔ be yeatsɔ yeƒe awudziwui o. 17 Baba na funɔwo kple ame siwo le no nam vi le ŋkeke mawo me!+ 18 Minɔ gbedodoɖa dzi be miaƒe sisiɣi nagadze vuvɔŋɔli me o;
-