INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Fiawo 17:21, 22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 Eye wòdra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ heyɔ Yehowa gblɔ be: “Oo Yehowa nye Mawu, meɖe kuku, na ɖevi sia ƒe agbe* natrɔ ava eme.” 22 Yehowa se Eliya ƒe gbe,+ eye ɖevi la ƒe agbe* trɔ va eme, eye wògbɔ agbe.+

  • Luka 8:52-54
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 52 Ke ameawo katã le avi fam hele nu xam le ɖevi la ta. Eya ta egblɔ be: “Midzudzɔ avifafa,+ elabena meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle.”+ 53 Ale wode asi ekoko me, elabena wonya be eku. 54 Gake elé nyɔnuvi la ƒe alɔnu, eye wòyɔe gblɔ be: “Nyɔnuvi, tsi tsitre!”+

  • Yohanes 11:43
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 43 Esi wògblɔ nya siawo vɔ la, edo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do go!”+

  • Dɔwɔwɔwo 9:40
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 40 Ke Petro na ame sia ame do go,+ eye wòdze klo do gbe ɖa. Eye wòtrɔ ɖe ame kukua ŋu gblɔ be: “Tabita, tsi tsitre!” Ale wòʋu ŋku, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ bɔbɔ nɔ anyi.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe