14 Eye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka si woyɔna be Yuda Iskariot+ la yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ+15 ɖabia wo be: “Nu kae mianam ne madee asi na mi?”+ Wogblɔ be yewoana klosalo blaetɔ̃e.+16 Eye tso ɣemaɣi la, enɔ mɔnu dim be yeadee asi.
10 Eye Yuda Iskariot, si nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka, yi nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ be yeade Yesu asi na wo.+11 Esi wose nyaa la, dzi dzɔ wo ŋutɔ, eye wodo ŋugbe be yewoana klosalogae.+ Eya ta enɔ mɔnu dim be yeadee asi.
16 “Ŋutsuwo, nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ la me nya si gbɔgbɔ kɔkɔe la ʋã David wògblɔ ɖi tso Yuda,+ ame si fia Yesu yome mɔ+ ŋu la nava eme. 17 Elabena woxlẽe ɖe mía dome,+ eye wòkpɔ gome le subɔsubɔdɔ sia me.