-
Mateo 20:20-23Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Eye Zebedeo viwo+ dada kple viaŋutsu eveawo va Yesu gbɔ, eye nyɔnua dze klo henɔ nane biamee.+ 21 Ebia nyɔnua be: “Nu ka dim nèle?” Eɖo eŋu nɛ be: “Na be vinyeŋutsu eve siawo dometɔ ɖeka nanɔ anyi ɖe wò ɖusime eye evelia ɖe wò miame le wò Fiaɖuƒe la me.”+ 22 Yesu ɖo eŋu be: “Mienya nu si biam miele o. Ðe miate ŋu ano kplu si no ge malaa?”+ Woɖo eŋu nɛ be: “Míate ŋui.” 23 Egblɔ na wo be: “Miano nye kplu la baa,+ gake anyinɔnɔ ɖe nye ɖusime alo miame ya la, menye tɔnye be mana o, ke boŋ ame siwo Fofonye dzrae ɖo ɖi na la tɔe.”+
-
-
Luka 11:49Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
49 Esia ta Mawu ƒe nunya gblɔ hã be: ‘Madɔ nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe wo, woawu wo dometɔ aɖewo eye woati bubuwo yome,
-