-
1 Samuel 14:32, 33Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
32 Eye aʋakɔ la dze aboyonuawo dzi ŋukeklẽtɔe, wolé alẽwo, nyiwo kple nyiviwo hewu wo kɔ ɖe anyigba, eye woɖu lãa kple ʋua siaa.+ 33 Eye wova gblɔe na Saul be: “Kpɔ ɖa! Dukɔ la le nu vɔ̃ wɔm ɖe Yehowa ŋu, elabena wole lã kple ʋu ɖum.”+ Eye wògblɔ be: “Miewɔ nuteƒe o. Mimli kpe gã aɖe vɛ nam gbã gbɔ.”
-