36 Eye ŋutsu siwo Mose dɔ ɖa be woaɖatsa ŋku le anyigba la dzi, siwo na ha blibo la katã lĩ liʋiliʋĩ le eŋu esi wova gblɔ dziɖeleameƒonyawo tso anyigbaa ŋu la,+ 37 wo ame siwo he du vɔ̃ vɛ tso anyigbaa dzi la, woaƒo wo aƒu anyi woaku le Yehowa ŋkume.+