Mateo 10:28 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 28 Eye migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, gake womate ŋu awu luʋɔ*+ o la o; ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le Gehena.*+ 2 Petro 2:6 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 6 Ebu fɔ du siwo nye Sodom kple Gomora hena wozu afi,+ wònye nu siwo ava va la ƒe kpɔɖeŋu na ame mavɔ̃mawuwo.+ Yuda 7 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 7 Nenema kee Sodom kple Gomora kpakple du siwo ƒo xlã wo hã ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me wògbɔ eme, eye wodze ŋutilã ƒe nudzodzro si mele dzɔdzɔme nu o la yome;+ wotsɔ wo wɔ nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí, esi wotsɔ dzo mavɔ he to na woe.+ Nyaɖeɖefia 20:14 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 14 Eye wotsɔ ku kple Tsiẽƒe* ƒu gbe ɖe dzota la me.+ Dzota+ sia le tsitre ɖi na ku evelia.+
28 Eye migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã, gake womate ŋu awu luʋɔ*+ o la o; ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le Gehena.*+
6 Ebu fɔ du siwo nye Sodom kple Gomora hena wozu afi,+ wònye nu siwo ava va la ƒe kpɔɖeŋu na ame mavɔ̃mawuwo.+
7 Nenema kee Sodom kple Gomora kpakple du siwo ƒo xlã wo hã ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu* me wògbɔ eme, eye wodze ŋutilã ƒe nudzodzro si mele dzɔdzɔme nu o la yome;+ wotsɔ wo wɔ nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí, esi wotsɔ dzo mavɔ he to na woe.+