Dziwòlawo Ƒe Nuhiahiãwo Nyanya
HAFI wò kpekpeɖeŋu naɖe vi na dziwòla siwo le tsitsim ŋutɔŋutɔ la, ele be nànya woƒe nuhiahiãwo kple nusiwo wodina. Ne menye nenema o la, àtsɔ susu nyui awɔ nusiwo dziwòlawo mehiã alo womedi o la na wo eye womadi be yewoagblɔe na wò be mehiã yewo o. Ne edzɔ alea la, ahe kuxi siwo tso mía nɔewo gɔmemasemase gbɔ si mehiã hafi o la vɛ, eye mia kple dziwòlawo siaa dome magavivi o.
Nuka Tututue Nye Woƒe Nudidiwo?
Esi nyɔnu aɖe de ŋugble tso eŋu be ye dzilawo ava ʋu va tsi ye gbɔ gbeɖeka ta la, ewɔ ɖoɖo be woaʋu va enumake. Emegbe ekpɔe be ye dzilawo ate ŋu anɔ wo ɖokui si le woa ŋutɔwo ƒe aƒeme—eye ana woakpɔ dzidzɔ wu hã hafi!
Viŋutsu aɖe si kplɔ edzilawo va eɖokui gbɔ be woanɔ ye gbɔ la gblɔ be: “Miele xɔfe xe ge nam o! Le nu gbogbo siwo miewɔ nam ta miagaxe xɔfe o!” Gake esia na wòwɔ na edzilawo be yewote ɖe edzi akpa. Mlɔeba wogblɔ nɛ be yewoadi be yewo hã yewoawɔ nane atsɔ anɔ kpekpeɖeŋu namee.
Ƒomea wɔa dɔ suesue ɖesiaɖe na wo dzila tsitsiwo be yewoana woƒe dzi nadze eme eye womagana hloloetsotso nado agba na wo o. Gake wova kpɔnɛ emegbe be yewo dzilawo di be yewo ŋutɔwo yewoawɔ nu geɖe na yewo ɖokui wu.
Le kpɔɖeŋu siwo míegblɔ va yi dometɔ ɖesiaɖe me la, dzilawo mehiã nusiwo wowɔ na wo la o eye womedii hã o. Nusia ate ŋu adzɔ bɔbɔe ne viŋutsu alo vinyɔnu tsɔ agbanɔamedzi ƒe seselelãme si gbɔ eme akpa susui be ele be yeakpe ɖe ye dzilawo ŋu alo ne mete ŋu se nusiwo tututu nye woƒe nuhiahiãwo ŋutɔŋutɔ gɔme o, evɔ wònye susu nyui wòtsɔ bui alea hafi. Bu tame le fu dzodzro si wòaɖe na amesiwo katã ŋu nya la ku ɖo la ŋu kpɔ. Nusi wòle be nàwɔ tso eŋue nye be nànya nusiwo tututu enye dziwòlawo ƒe nuhiahiãwo kple nusiwo ŋutɔŋutɔ wodina.
Ðe wòhiã ŋutɔŋutɔ be dziwòlawo naʋu va aƒewò me fifia? Ðe wodi kura be yewoaʋu vaa? Awɔ nuku na wò be nànyae be ame tsitsi aɖewo dina be ne anya wɔ la, yewoanɔ yewo ɖokui si. Le esi woanɔ vɔvɔ̃m be ava wɔ abe ɖe nusi yewo viwo le wɔwɔm na yewo medze yewo ŋu o ta la, womadi be yewoagblɔ na yewo viwo be yewodi be yewoanɔ yewo ɖokui si le yewo ŋutɔwo ƒe aƒeme o, togbɔ be nanewo aɖe fu na wo le afima hã. Woalɔ̃ wo viwo eye woadi be yewoanɔ wo gbɔ. Gake ɖe woanɔ wo viwo dzia? Ao, woadi be yewo ŋutɔ yewoawɔ yewoƒe nuwo.
Ðewohĩ ava hiã gbeɖeka be nàkplɔ dziwòlawo va aƒewò mee. Gake ne ɣeyiɣi ma mede haɖe o, eye ne wodi be yewoanɔ yewo ɖokui si le nyateƒe me la, nukatae nàna ƒe ma siwo woatsɔ anɔ wo ɖokui si la nato wo ŋu? Ðe tɔtrɔ aɖewo wɔwɔ le aƒea me alo ɖoɖowɔwɔ be nàƒo ka na wo edziedzi alo nàsrã wo kpɔ akpe ɖe wo ŋu be woayi edzi anɔ woa ŋutɔwo ƒe aƒemea? Dzi adzɔ wo wu ne wole woa ŋutɔwo ƒe aƒeme eye woa ŋutɔwo wɔ woƒe gbesiagbenyametsotsowo.
Nyɔnu aɖe si nɔ edzila dzi kpɔm la ɖe alesi wòtsi dzi ɖe dadaa kpɔkplɔ va eƒemee ŋu me be: “Esi fofonye ku la, míekplɔ mía dada va mía ɖokui gbɔ le vevesese ɖe enu ta. Eganɔ agbe ƒe 22 hafi va ku. Ate ŋu ayi edzi anɔ eƒe aƒeme esi madzrae o hafi. Mègatsɔ dzitsitsi tso nya me le afɔ siwo wòle be nàɖe ŋu gbeɖe o. Ne ènya wɔ nyametsotso siawo ƒomevi ko la, meganya trɔna.”—Tsɔe sɔ kple Mateo 6:34.
Ðewohĩ àbia be, ‘Ke ne nane dzɔ ɖe dzinyelawo dometɔ ɖeka dzi esime wole woa ŋutɔwo ƒe aƒeme ya ɖe? Ne Dada alo Papa dze anyi eye nuvevi wɔe la, aɖe fu nam ŋutɔŋutɔ!’ Dzitsitsi ɖe wo ŋu alea sɔ, vevietɔ ne ŋusẽ vɔ le wo ŋu eye wogbɔdzɔ ale gbegbe be woate ŋu adze afɔku ŋutɔŋutɔ. Gake ne mele nenema o la, ke bia ɖokuiwò se be ye dzilawo ŋue yetsi dzi ɖo loo alo ye ŋutɔ ɖokui ŋue yele dzi tsim ɖo, si fia be alesi nàkpɔ egbɔ be fɔɖiɖi si mesɔ o la naganɔ dziwò o ŋue nèle dzi tsim ɖoa.
Bu alesi wòate ŋu anye be ade dziwòlawo dzi be woanɔ woa ŋutɔwo ƒe aƒeme la hã ŋu kpɔ. Edith Stern kple Ðk. Mabel Ross gblɔ le agbalẽ si nye You and Your Aging Parents me be: “Nusɔsrɔ̃wo ɖee fia be ŋusẽ nɔa ame tsitsiwo ŋu eye le nyateƒe me la, agbe nɔa wo ŋu wu ne wole woa ŋutɔwo ƒe aƒeme wu ne wole teƒe bubu ɖesiaɖe. Kpuie ko la, ɖeko agbagba geɖe siwo ŋu womebu nyuie o si wodzena be woana woƒe agbenɔƒe mamleawo me nɔnɔ nanɔ bɔbɔe na wo la nana be nuwo gblẽna le wo ŋu ɖe edzi kabakaba boŋ wu.” Eyata esime nèle beléle kple kpekpeɖeŋu siwo dziwòlawo hiã ŋutɔŋutɔ nam wo la, kpe ɖe wo ŋu be woanɔ wo ɖokui si va ɖo afisi woate ŋui. Ne ɣeyiɣiawo le yiyim la, ele be nàgabu dziwòlawo ƒe nuhiahiãwo ŋu eye nàwɔ tɔtrɔwo nenye be woƒe nuhiahiãwo dzi ɖe edzi alo wo dzi ɖe kpɔtɔ kura gɔ̃ hã.
Nɔ Ŋudzɔ
Ne èbu dziwòlawo ƒe lãmesẽ kple woƒe nyawo ŋu la, ɖewohĩ wo kpɔkplɔ va aƒewò mee anye nu nyuitɔ si nàwɔ ne ède ŋugble le nya la ƒe akpa vovovoawo ŋu. Ne edzɔ nenema la, ekema wò susu nenɔ alesi woadi be yewo ŋutɔ yewoawɔ yewoƒe nu geɖe alesinu yewoate ŋui la ŋu. Abe alesi ɖeviwo kple ame tsitsiwo le ene la, woadi be yewo ŋutɔwo yewoanɔ yewo ɖokui si ahatia dɔ siwo yewoawɔ kple amesiwo anye yewo xɔlɔ̃wo. Esia ate ŋu anye nu nyui. Togbɔ be dzidzɔ anɔ eme be miawɔ nanewo ɖekae abe ƒome abɔ legbẽ ene hã la, anyo be nàgblẽ nanewo wɔwɔ ɖi na wò ŋutɔ wò ƒomea, si nye srɔ̃wò kple viwòwo ko eye nàɖe mɔ na dziwòlawo be woawo hã nawɔ woƒe nuwo. Nyɔnu aɖe si le dzila tsitsiwo dzi kpɔm la gblɔ nya sia si me nunya le be: “Kpɔ egbɔ be xɔmenuwo kple foto siwo aɖo ŋku ƒomea dzi na wo, siwo wobuna nu xɔasii la le wo si.”
Ƒo nu kple dziwòlawo esime nèle agbagba dzem be yeanya nusiwo nye woƒe nuhiahiãwo ŋutɔŋutɔ. Ðo to nyuie nàse nusiwo ŋu wotsia dzi ɖo eye dze agbagba nàse nya si wodi be yewoagblɔ na wò la gɔme. Ðe nusi nàte ŋu awɔ na wo kple nusi màte ŋu awɔ na wo o la me na wo be magave wo be mèwɔ nusi yewole mɔ kpɔm na la na yewo o. Dzila tsitsiwo dzi kpɔla aɖe kafui be: “Se nusi wodi tso ƒomea me tɔ ɖesiaɖe gbɔ la gɔme nyuie. Miɖo dze kple mia nɔewo edziedzi bene dziku alo vevesese nagatsi miaƒe dzi me o.” Ne èdo ŋugbe si dzi wòle be nànɔ wɔwɔm ɖo ɖaa (“Maƒo ka na wò Dzoɖa ɣetrɔ ɖesiaɖe”; “Makplɔ wò aɖi tsae kwasiɖanuwuwu ɖesiaɖe”) la, ɖewohĩ àdi be yeaɖe eme na wo be yedi be yeawɔe kpɔ vaseɖe ɣeyiɣi aɖe be yeakpɔ alesi wòanɔ ɖa. Ne ègblɔe na wo nenema eye meva sɔ ɖe edzi o la, ke mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi xoxo be nàte ŋu agawɔ tɔtrɔ.
Mele be míabu nya siwo míegblɔ la dometɔ aɖeke be enye nusi dzi woanɔ te ɖo agbe bubu kple kpekpeɖeŋu si mía dzilawo hiã la nana wo o. Wɔla la ƒe susu le nya sia ŋu me kɔ ƒã. Enye vi siwo zu ame tsitsiwo ƒe dɔ be woabu wo dzilawo, alé be na wo, eye woakpe ɖe wo ŋu. Yesu bu fɔ Farisitɔ siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe le alesi wotro ŋɔŋlɔawo be woatsɔ ado taflatse le alesi wogblẽ wo dzilawo dzi kpɔkpɔ ɖi ŋu. Lododowo 30:17 me nya siwo me kɔ nyuie la ɖe alesi amesiwo mebua wo dzilawo o la ƒe nu nyɔa ŋu na Mawui la fia be: “Ŋku, si ɖea alɔme le fofoa ŋu, eye mebua dada ɖe naneke me o la, akpaviãwo ahoe le to me le tɔʋu to, eye hɔ̃viwo aɖui.”—Kpɔ Marko 7:9-13; Timoteo I, 5:4, 8.
Esime nèle kpekpeɖeŋu si hiã la nam dziwòlawo la, ɖewohĩ àdo go kuxi bubuwo hã. Nukae nàte ŋu awɔ tso wo ŋu? Nyati si kplɔ esia ɖo la aɖo aɖaŋu aɖewo le nya sia ŋu.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]
Dzila ŋutɔ ate ŋu awɔ nu ɖekae kple exɔlɔ̃wo kpakple ƒomea siaa.