Ta Wuievelia
Akɔfafa na Mawu ƒe Amewo
1. Afɔku kae dze ŋgɔ Yerusalem kple emetɔwo, ke hã mɔkpɔkpɔ kae li?
ƑE BLAADRE—si nye amegbetɔ ƒe agbenɔƒe—eyae nye ɣeyiɣi didime si Yuda-dukɔa atsɔ anɔ aboyo mee le Babilon. (Psalmo 90:10; Yeremya 25:11; 29:10) Israel-vi siwo woɖe aboyoe la ƒe akpa gãtɔ aku amegã ahaku ɖe Babilon. Bu alesi gbegbe woƒe futɔwo ƒe alɔmeɖeɖe kple fewuɖuɖu ado vlo woe ŋu kpɔ. Bu vlodoame si ava woƒe Mawu, Yehowa, ƒe ŋkɔ dzi ne du si ŋu eƒe ŋkɔ le zu aƒedo ɣeyiɣi didi ma gbegbe hã ŋu kpɔ. (Nexemya 1:9; Psalmo 132:13; 137:1-3) Gbedoxɔ ma si gbɔ womelɔ̃a nu le o, si Mawu ƒe ŋutikɔkɔe yɔ esime Salomo nɔ eŋu kɔm la maganɔ anyi o. (Kronika II, 7:1-3) Nublanuinya kae nye si dze ŋgɔ wo! Gake Yehowa to Yesaya dzi gblɔ gbugbɔɖoanyi aɖe ɖi. (Yesaya 43:14; 44:26-28) Míekpɔa akɔfafa kple kakaɖedziname ŋu nyagblɔɖi bubuwo le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 51 lia me.
2. (a) Amekawoe Yehowa to Yesaya dzi gblɔ eƒe akɔfafagbedasia na? (b) Aleke Yudatɔ nuteƒewɔlawo ‘ati dzɔdzɔenyenye yomee’?
2 Yehowa gblɔ na amesiwo le Yuda siwo ƒe dzi ku ɖe eyama ŋu la be: “Mi amesiwo tia dzɔdzɔenyenye yome, mi amesiwo dia Yehowa la, miɖo tom!” (Yesaya 51:1a) ‘Dzɔdzɔenyenye yome titi’ bia nuwɔwɔ. Amesiwo ‘dia dzɔdzɔenyenye’ magblɔ ko be yewonye Mawu ƒe amewo o. Woadze agbagba vevie anye ame dzɔdzɔewo eye woawɔ nu wòasɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 34:15; Lododowo 21:21) Woakpɔ Yehowa sinu be eya koe nye dzɔdzɔenyenye Tsoƒe, eye adzro wo be ‘woadi Yehowa.’ (Psalmo 11:7; 145:17) Mefia be womekpɔ dze si amesi Yehowa nye alo alesi woado ɖe eŋkume le gbedodoɖa me haɖe o. Nusi wòfia boŋue nye be woadze agbagba be yewoate ɖe eŋu wu, woasubɔe, woado gbe ɖa nɛ, eye woadi eƒe mɔfiafia le nusianu si woawɔ me.
3, 4. (a) Amekae nye “agakpe” si me Yudatɔwo dzɔ tso, eye amekae nye “vudoʋe” si me woɖe wo tsoe? (b) Nukata Yudatɔwo akpɔ akɔfafa tso ŋkuɖoɖo wo tɔgbuiwo dzi me?
3 Gake amesiwo ati dzɔdzɔenyenye yome ŋutɔŋutɔ la masɔ gbɔ le Yuda o, eye ɖewohĩ esia ana dzi manɔ wo ƒo o eye woabu mɔkpɔkpɔ. Eyata Yehowa zã kpegbãƒe tsɔ wɔ kpɔɖeŋu tsɔ de dzi ƒo na woe be: “Miɖe ŋku ɖe agakpe, si wotsɔ wɔ mi, kple vudoʋe, si me woɖe mi tsoe. Miɖe ŋku ɖe mia fofo Abraham kple Sara, si dzi mi; elabena eya ɖeka meyɔ, eye meyrae wòdzi ɖe dzi.” (Yesaya 51:1b, 2) Abraham, amesi xɔ ŋkɔ le ŋutinya me eye wònye dada na Yudatɔwo lae nye “agakpe” si me Israel dzɔ tso. (Mateo 3:9; Yohanes 8:33, 39) Eyae nye tɔgbuitɔgbui si me dukɔa dzɔ tso. Sara si ƒe vidzidɔ me Israel-viwo ƒe tɔgbui Isak do tso lae nye “vudoʋe” la.
4 Abraham kple Sara tsi to vidzidzi me evɔ vi aɖeke menɔ wo si o. Ke hã Yehowa do ŋugbe be yeayra Abraham ‘wòadzi ɖe edzi.’ (Mose I, 17:1-6, 15-17) Mawu gana vidziŋusẽ Abraham kple Sara eye wodzi vi le woƒe tsitsime, eye ɖevi ma mee Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kpli la dzɔ tso. Alea wòdzɔe be Yehowa na ŋutsu ɖeka ma zu fofo na dukɔ gã aɖe si ŋu xexlẽme meva nɔ o abe dziƒoɣletiviwo ene. (Mose I, 15:5; Dɔwɔwɔwo 7:5) Eyata ne Yehowa te ŋu tsɔ Abraham tso anyigba si le didiƒe dzi wɔe wòzu dukɔ gã la, ke ate ŋu awɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeana ablɔɖe ame susɔe nuteƒewɔlawo tso aboyo me le Babilon, agbugbɔ wo aɖo te le wo denyigba dzi, eye yeagawɔ wo dukɔ gã aɖee la dzi. Ŋugbe si Mawu do na Abraham va eme; ŋugbe si wòdo na Yudatɔ aboyome mawo hã ava eme.
5. (a) Amekawoe Abraham kple Sara tsi tre ɖi na? Ðe eme. (b) Amekawoe dzɔ tso “agakpe” la me le emevava mamlɛtɔ me?
5 Anɔ eme be kpɔɖeŋukpegbagbã si ŋu Yesaya 51:1, 2 ƒo nu tsoe agava eme le mɔ bubu nu. Mose V, 32:18 yɔ Yehowa be “agakpe” si dzi Israel kple ‘Amesi ƒe dɔme Israel dzɔ tso.’ Hebrigbe me dɔwɔnya si dze le Yesaya 51:2 ku ɖe Sara ƒe Israel dzidzi ŋu la ke wozã le nyagbɔgblɔ mlɔetɔ sia hã me. Eyata Abraham tsi tre ɖi na Yehowa, si nye Abraham Gãtɔ, le nyagblɔɖi me. Esɔ nyuie be Abraham srɔ̃ Sara tsi tre ɖi na Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziƒohabɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔwo le, si ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me be enye Mawu srɔ̃, alo nyɔnu. (Mose I, 3:15; Nyaɖeɖefia 12:1, 5) Le Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia me vava mamlɛa me la, dukɔ si do tso “agakpe” la mee nye “Mawu ƒe Israel,” si nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ƒe habɔbɔ si woɖo anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi. Abe alesi míedzro eme le agbalẽ sia ƒe ta siwo do ŋgɔ me ene la, dukɔ ma yi Babilon ƒe aboyo me le ƒe 1918 me, gake wogaɖoe te le ƒe 1919 me wòva le dzidzedze kpɔm le gbɔgbɔ me.—Galatiatɔwo 3:26-29; 4:28; 6:16.
6. (a) Nukae ava dzɔ ɖe Yuda-nyigbaa dzi, eye gbugbɔɖoanyi kae ava hiã? (b) Egbeŋkekea me gbugbɔɖoanyi ka dzie Yesaya 51:3 ɖo ŋkui na mí?
6 Yehowa ƒe akɔfanya na Zion, alo Yerusalem, yi ŋgɔ wu ŋugbedodo be yeawɔ wo dukɔ gã ko. Míexlẽe be: “Yehowa afa akɔ na Zion, afa akɔ na woƒe aƒedowo katã, awɔ woƒe gbegbe abe Eden ene kple woƒe tagba abe Yehowa ƒe abɔ ene; vivisese kple dzidzɔ, kafukafuha kple saŋkuƒoƒo anɔ anyi.” (Yesaya 51:3) Le ƒe 70 si me Yuda-nyigba anye aƒedo me la, azu gbegbe eye ŋuwo, ŋuvewo, kple gbemeti bubuwo sɔŋ koe axɔ edzi. (Yesaya 64:9; Yeremya 4:26; 9:9-11) Eyata tsɔ kpe ɖe Yuda gbugbɔɖoanyi ŋu la, woagatrɔ asi le anyigba la hã ŋu wòazu yeye, eye woatrɔe wòazu agble kple atikutsetsebɔ wɔnu si wode tsii nyuie abe Eden-bɔ ene. Adze abe ɖe anyigba la le dzidzɔ kpɔm ene. Anyigba la ava zu abe paradiso ene, ne wotsɔe sɔ kple alesi wònɔ esime wòzu aƒedo le aboyomenɔɣia. Mawu ƒe Israel ƒe amesiamina susɔeawo va nɔ paradiso sia tɔgbe me le gbɔgbɔmegɔmesese nu le ƒe 1919 me.—Yesaya 11:6-9; 35:1-7.
Nusiwo Ta Míaka Ðe Yehowa Dzi
7, 8. (a) Nukae Yehowa ƒe biabia be woaƒu to anyi ɖe ye ŋu la fia? (b) Nukatae wòhiã be Yuda naɖo to Yehowa?
7 Yehowa gahe woƒe susu va eƒe nyawo dzi be: “Nye dukɔ, miƒu to anyi ɖe ŋunye, nye ameha, milé to ɖe ŋunye! Elabena nufiame ado tso asinye me, eye maɖo nye ɖoɖo anyi, wòanye kekeli na dukɔwo. Nye dzɔdzɔenyenye tu aƒe, nye xɔname ado, eye nye alɔwo adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo; ƒukpowo le mɔ kpɔm nam, eye wole nye alɔ sinu dzɔm.”—Yesaya 51:4, 5.
8 Alesi Yehowa be woaƒu to anyi ɖe ye ŋu la fia nu geɖe wu eƒe gbedasia sese ko. Efia be woase nya la kple susu be woawɔ nu wòasɔ ɖe nya si wose nu. (Psalmo 49:2; 78:1) Ele be dukɔa nanya be Yehowa ye nye nufiame, dzɔdzɔenyenye, kple xɔname Tsoƒe. Eya ɖeɖekoe nye gbɔgbɔmenumekɔkɔ Tsoƒe. (Korintotɔwo II, 4:6) Eyae nye ameƒomea ƒe Ʋɔnudrɔ̃la gãtɔ kekeake. Se kple gɔmeɖose siwo tso Yehowa gbɔ nye kekeli na amesiwo ɖea mɔ be nusiawo nafia mɔ yewo.—Psalmo 43:3; 119:105; Lododowo 6:23.
9. Le Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kpli megbe la, amekawoe Yehowa ƒe xɔnamedɔwo aɖe vi na?
9 Menye Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kpli la ko ŋue nya sia ku ɖo o ke eku ɖe amesiwo katã si dzi nyui le le afisiafi hã ŋu, ne ƒukpo sue siwo gbɔ didi wu dzie wole hã o. Alesi woka ɖe Mawu kple ŋutete si le esi be awɔ nu ɖe esubɔla nuteƒewɔlawo ta eye be wòaxɔ na wo dzi la mazu dzodzro o. Kakaɖedzi le eƒe alɔ, si tsi tre ɖi na eƒe ŋutete, alo ŋusẽ, la ŋu; ame aɖeke mate ŋu alée ɖi o. (Yesaya 40:10; Luka 1:51, 52) Nenema ke egbea gbeƒãɖeɖedɔ si Mawu ƒe Israel la me tɔ susɔeawo le wɔwɔm veviedodotɔe la na ame miliɔn geɖe siwo dometɔ geɖe tso ƒukpo siwo gbɔ didi dzi la va Yehowa gbɔ hexɔ eyama dzi se.
10. (a) Nyateƒenya kae woazi Fia Nebukadnezar dzi wòakpɔ adze sii? (b) “Dziƒo” kple “anyigba” kae woahe va nuwuwui?
10 Azɔ Yehowa he susu yi nyateƒenya aɖe si wòle be Babilon-fia Nebukadnezar nanya la dzi. Naneke mele dziƒo loo alo anyigba dzi si ate ŋu axe mɔ na Yehowa be mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu o. (Daniel 4:31, 32) Míexlẽe be: “Mifɔ mo dzi ɖe dziƒo, eye mide mo to ɖe anyigba; elabena dziƒo abu abe dzudzɔ ene, anyigba anyunyɔ abe avɔ ene, eye edzinɔlawo aku abe tagbatsuwo ene; ke nye xɔname anɔ anyi tegbee, eye nye dzɔdzɔenyenye nu matsi o.” (Yesaya 51:6) Togbɔ be etsi tre ɖe Babilon-fiagãwo ƒe ɖoɖo ŋu be woana aboyomewo natrɔ yi wo de hã la, naneke mana Yehowa nado kpo eƒe amewo xɔxɔ o. (Yesaya 14:16, 17) Woaɖu Babilontɔwo ƒe “dziƒo,” alo dziɖulawo, dzi. Vivivi la, Babilontɔwo ƒe “anyigba,” si nye dziɖula mawo teviwo, nu ava ayi. Ẽ, fiaɖuƒe si sesẽ wu ɖesiaɖe ɣemaɣi gɔ̃ hã mate ŋu anɔ te ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ nu loo alo axe mɔ na eƒe xɔnamedɔwo o.
11. Nukata nyagblɔɖi si nye be woahe Babilon ƒe “dziƒo” kple “anyigba” ava nuwuwui la me vava bliboe dea dzi ƒo na Kristotɔ siwo li egbea?
11 Aleke gbegbe wòdea dzi ƒo na Kristotɔ siwo li egbea be woanya be nyagblɔɖinya siawo va eme bliboe! Nukatae? Elabena apostolo Petro zã nyagbɔgblɔ mawo tɔgbe ɖe nudzɔdzɔ aɖe si le ŋgɔ ŋu. Eƒo nu tso Yehowa ƒe ŋkeke si le aƒe tum kabakaba, “esime woalólo dziƒo le dzo me, eye gɔmedzenuwo hã lalólo le dzoxɔxɔ gã me” ŋu. Azɔ egblɔ be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” (Petro II, 3:12, 13; Yesaya 34:4; Nyaɖeɖefia 6:12-14) Togbɔ be dukɔ sesẽwo kple woƒe dziɖula siwo le nɔƒe kɔkɔwo abe ɣletiviwo ene anɔ vlo dom Yehowa hã la, woaɖe wo ɖa le eƒe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi—woagbã wo bɔbɔe abe tagbatsuwo ene. (Psalmo 2:1-9) Mawu ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe la koe aɖu dzi tegbee ɖe amegbetɔƒome dzɔdzɔe dzi.—Daniel 2:44; Nyaɖeɖefia 21:1-4.
12. Nukata mele be Mawu subɔlawo navɔ̃ o ne amegbetɔ siwo nye tsitretsiɖeŋulawo gblẽ wo ŋu?
12 Yehowa ƒo nu na “amesiwo tia dzɔdzɔenyenye yome” la be: “Mi amesiwo nyaa dzɔdzɔenyenye, dukɔ, si ƒe dzi me nye se la le, miɖo tom! Migavɔ̃ amegbetɔwo ƒe fewuɖuɖu o, eye woƒe vlodoame megaɖe dzi le mia ƒo o! Elabena agbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye tsiƒomee aɖu wo abe kuntru ene; ke nye dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ dzidzimewo katã me.” (Yesaya 51:7, 8) Woagblẽ amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la ŋuti ahado vlo wo ɖe woƒe tenɔnɔ dzinɔameƒotɔe ta, gake mele be woavɔ̃ na nusia o. Vlodoamelawo nye amesiwo te ŋu kuna siwo ‘nu aɖu,’ abe alesi agbagblaʋui ɖua kuntrui ene.a Abe blema Yudatɔ nuteƒewɔlawo ene la, susu aɖeke meli si ta wòle be Kristotɔ vavã siwo li egbea navɔ̃ na amesiwo tsia tre ɖe wo ŋu o. Yehowa, Mawu mavɔ la, enye woƒe xɔnametɔ. (Psalmo 37:1, 2) Vlodoame si tso Mawu ƒe futɔwo gbɔ nye kpeɖodzi be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le eƒe amewo dzi.—Mateo 5:11, 12; 10:24-31.
13, 14. Nukae wozã nya “Raxab” kple “boso” tsɔ wɔ kpɔɖeŋui na, eye aleke ‘woflii heƒo nu ɖee’?
13 Yesaya ƒo nu abe ɖe wòle Yehowa yɔm be wòatso awɔ nu ɖe Eƒe ame siwo woɖe aboyoe ta ene be: “Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ðe menye wòe fli Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa? Ðe menye wòe na atsiaƒu, [tɔ goglo] la me tsiwo mie, eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu gɔme, be amesiwo woɖe la, to edzi yi oa?”—Yesaya 51:9, 10.
14 Yesaya tia blemakpɔɖeŋu siwo ŋu wòƒo nu tsoe la nyuie. Israel-vi ɖesiaɖe nya nu tso alesi woɖe dukɔa tso Egipte kple alesi woto Ƒudzĩa mee ŋu. (Mose II, 12:24-27; 14:26-31) Egipte si le Farao, amesi tsi tre ɖe Israel ƒe ʋuʋu tso Egipte ŋu la, te ŋue nya siwo nye “Raxab” kple “boso” la ku ɖo. (Psalmo 74:13; 87:4; Yesaya 30:7) Blema Egipte-nyigba si ƒe tagbɔ le afisi Nil ƒe Ðeɖego le gbɔ kple eƒe akpa susɔe si didi kilometa alafa geɖe va to Nil-bali wɔnu la me le dziehe la ƒe nɔnɔme ɖi da gã aɖe. (Xezekiel 29:3) Gake wofli lã dziŋɔ sia kakɛkakɛe esi Yehowa he Fuwɔame Ewoawo va edzi. Woƒo nu ɖee hede abi eŋu vevie, eye wona wògbɔdzɔ esi wotsrɔ̃ eƒe aʋakɔ le Ƒudzĩa me. Ẽ, Yehowa ɖe eƒe alɔ ƒe ŋusẽ fia le eƒe nuwɔwɔ kple Egipte me. Ðe manɔ klalo awɔ aʋa na eƒe dukɔ si woɖe aboyoe le Babilon la nenema ke oa?
15. (a) Ɣekaɣie nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe Zion, eye aleke wòadzɔe? (b) Ɣekaɣie nuxaxa kple hũɖeɖe bu ɖe Mawu ƒe Israel le míaƒe ɣeyiɣiawo me?
15 Azɔ woƒo nu tso ɣeyiɣi si me woava ɖe Israel tso Babilon ŋu tsɔ yi nyagblɔɖia dzii be: “Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.” (Yesaya 51:11) Aleke ke woƒe nɔnɔme awɔ nublanui le Babilon o, amesiwo dia Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye kpɔa mɔ na nu dodzidzɔnamewo. Ɣeyiɣi aɖe ava esime nuxaxa kple hũɖeɖe aɖeke maganɔ anyi o. Dzidzɔɣlidodo, dzidzɔkpɔkpɔ, aseyetsotso—nusiawoe woase le amesiwo wogbugbɔ xɔ, alo amesiwo ta woxe tafe ɖo la nu. Le nyagblɔɖinya mawo me vava le egbeŋkekea me la, wona ablɔɖe Mawu ƒe Israel tso Babilon ƒe aboyo me le ƒe 1919 me. Wotsɔ dzidzɔ gã trɔ yi woƒe gbɔgbɔmenɔƒee—dzidzɔkpɔkpɔ ma yi edzi va ɖo egbea.
16. Fe kae woxe tsɔ ɖe Yudatɔwoe?
16 Nukae woatsɔ axe fe ɖe Yudatɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ta? Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖee fia xoxo be Yehowa atsɔ “Egipte aƒle tawò, eye Kus [Etiopia] kple Seba axɔ ɖe tewòƒe.” (Yesaya 43:1-4) Esia ava eme emegbe. Ne Persia-fiaɖuƒea ɖu Babilon dzi heɖe asi le Yudatɔ aboyomeawo ŋu vɔ la, aɖu Egipte, Etiopia, kple Seba hã dzi. Woatsɔ dukɔ mawo ana ɖe Israel-viwo ƒe luʋɔwo ta. Esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖose si wogblɔ ɖe Lododowo 21:18 be: “Ame vɔ̃ɖi enye avulénu ɖe ame dzɔdzɔe nu, eye ame mawɔnuteƒe xɔna ɖe nuteƒewɔla teƒe.”
Wogana Kakaɖedzi Bubu Wo
17. Nukata mele be Yudatɔwo navɔ̃ na Babilon ƒe dziku o?
17 Yehowa gana kakaɖedzi eƒe amewo be: “Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m? eye nèŋlɔ Yehowa, wɔwòla, amesi he dziƒo me, eye wòɖo anyigba gɔme anyi la be, eye nèle dzodzom nyanyanya gbawotsyogbe ɖaa le [ameteɖeanyila, “NW”] ƒe dziku ta, ne eɖo be, yeagblẽ wò? Afika ameteɖeanyila ƒe dziku le azɔ?” (Yesaya 51:12, 13) Aboyomenɔƒewo le ŋgɔ gbɔna. Ke hã susu aɖeke meli si ta woavɔ̃ na Babilon ƒe dziku o. Togbɔ be dukɔ ma si nye xexemefiaɖuƒe etɔ̃lia le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me aɖu Mawu ƒe dukɔ la dzi eye wòadi be ‘yeate wo ɖe anyi,’ alo axe mɔ na woƒe dzodzo hã la, Yudatɔ nuteƒewɔlawo nya be Yehowa gblɔ alesi Kores amu Babilon la ɖi. (Yesaya 44:8, 24-28) Babilontɔwo mele abe Wɔla la—Mawu mavɔtɔ Yehowa—ene o, ke boŋ wole tsɔtsrɔ̃ ge abe gbe si yrɔna le ŋdɔkutsu nu le pepi me ene. Ekema afikae woƒe ŋɔdzi kple dzikua anɔ? Bometsinu kae nye si wònye be woavɔ̃ amegbetɔ aŋlɔ Yehowa, amesi wɔ dziƒo kple anyigba la be!
18. Togbɔ be Yehowa ƒe amewo anye gamemewo ɣeyiɣi aɖe hã la, kakaɖedzi kae wòna wo?
18 Togbɔ be Yehowa ƒe amewo anye aboyomewo ɣeyiɣi aɖe, eye ‘woade ga wo’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu hã la, woava ɖe asi le wo ŋu kpata. Womatsrɔ̃ wo le Babilon alo woaku ɖe gaxɔ me ɖe dɔwuame ta—agbe navɔ le wo ŋu le tsiẽƒe, si nye yɔdo me—o. (Psalmo 30:4; 88:4-6) Yehowa na kakaɖedzi wo be: “Woaɖe ga amesi do dɔgɔ̃e ɖi la kaba, maku ɖe gaxɔ me o, eye abolokoe mawɔe o.”—Yesaya 51:14.
19. Nukata Yudatɔ nuteƒewɔlawo ate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe nyawo dzi bliboe?
19 Yehowa yi edzi fa akɔ na Zion be: “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, amesi de adã ta me na atsiaƒu, ale be eƒe tsotsoewo dze agbo; eƒe ŋkɔ nye Yehowa Zebaot. Metsɔ nye nya de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te, ne magbugbɔ dziƒo me ahe, maɖo anyigba gɔme anyi, eye magblɔ na Zion be: Nye dukɔ nènye.” (Yesaya 51:15, 16) Biblia ƒo nu tso alesi Mawu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe atsiaƒu dzi ahaɖu edzi ŋu enuenu. (Hiob 26:12; Psalmo 89:10; Yeremya 31:35) Ekpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi bliboe, abe alesi wòɖee fia esime wòɖe eƒe amewo tso Egipte ene. Ðe woate ŋu atsɔ ame aɖe asɔ kple ‘aʋakɔwo ƒe Yehowa’ le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nua?—Psalmo 24:10.
20. “Dziƒo” kple “anyigba” kae ava nɔ anyi ne Yehowa gbugbɔ Zion ɖo te, eye akɔfanya kae wòagblɔ?
20 Dukɔ si Mawu bla nu kpli ye Yudatɔwo kpɔtɔ nye, eye Yehowa na kakaɖedzi wo be woatrɔ ayi wo denyigba dzi agava nɔ yeƒe Se te. Woagbugbɔ Yerusalem atso agatu gbedoxɔa hã eye woagadze woƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ gɔme le nubabla si wòwɔ kple wo to Mose dzi la me. Ne Israel-vi siwo trɔ gbɔ kple woƒe aƒemelãwo va dzi ɖe edzi yɔ anyigba la dzi la, “anyigba yeye” aɖe ava nɔ anyi. “Dziƒo yeye” si nye dziɖuɖu ƒe ɖoɖo yeye aɖe aɖu edzi. (Yesaya 65:17-19; Xagai 1:1, 14) Yehowa agagblɔ na Zion ake be: “Nye dukɔ nènye.”
Amekpekpe be Woatso Ðe Dɔ Ŋu
21. Aleke Yehowa yɔ ame ɖe dɔ ŋui?
21 Esi Yehowa na kakaɖedzi Zion vɔ la, eyɔe be wòatso ɖe dɔ ŋu. Eƒo nu abe ɖe woƒe fukpekpea ɖo eƒe nuwuwu ene hegblɔ be: “Fɔ, fɔ, Yerusalem, tso, wò, si no dzɔmedzoekplu tso Yehowa si me, èno kplu muame la kpɔ egɔme ƒiaƒiaƒia.” (Yesaya 51:17) Ẽ, ele be Yerusalem nafɔ tso eƒe afɔku ƒe nɔnɔmea me eye wòana ɖoƒe si wònɔ kple atsyɔ̃ si nɔ eŋu tsã la nagasu esi. Ɣeyiɣi aɖe ava si me wòano nusi le kpɔɖeŋukplu si nye Mawu ƒe tohehe la me avɔ. Dziku aɖeke maganɔ Mawu me ɖe eŋu o.
22, 23. Nukae adzɔ ɖe Yerusalem dzi ne eno Yehowa ƒe dɔmedzoekplu la?
22 Gake ne wole to hem na Yerusalem la, emetɔ siwo nye ‘viawo’ dometɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ ɖe nusi le dzɔdzɔm la nu o. (Yesaya 43:5-7; Yeremya 3:14) Nyagblɔɖia gblɔ be: “Vi, siwo katã wòdzi la dometɔ aɖeke mekpɔe o, eye vi, siwo katã wònyi wotsi la dometɔ aɖeke melé eƒe alɔnu o.” (Yesaya 51:18) Fu ka gbegbee nye si wòakpe le Babilontɔwo si me! “Nu evee dzɔ ɖe dziwò, amekae afa na wò? Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃, dɔwuame kple yi, amekae afa akɔ na wò? Nu te viwòwo ŋu, womlɔ kpɔdomewo katã ƒe dzogoewo dzi abe sẽ, si mɔ̃ ɖe ene, eye Yehowa ƒe dziku kple wò Mawu ƒe nyanyrã ɖi ƒo na wò.”—Yesaya 51:19, 20.
23 Yerusalem ƒe nu wɔ nublanui loo! “Gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃” kpakple “dɔwuame kple yi” ava edzi. Esi ‘viawo’ mate ŋu afia mɔe ahado ŋusẽe wòanɔ te o ta la, woagbɔdzɔ atsi tre ɖi wɔnamanɔŋutɔe, woaɖi ku, le esi ŋusẽ mele wo ŋu woanya Babilontɔ siwo va dze wo dzi ɖa o ta. Woaku ƒenyi, woagbɔdzɔ, eye nu ate wo ŋu woamlɔ kpɔdomewo, alo dzogoewo dzi anɔ dzedzem gaglãa. (Konyifahawo 2:19; 4:1, 2) Woano Mawu ƒe dɔmedzoekplu la eye ŋusẽ aɖeke maganɔ wo ŋu o abe lã si mɔ̃ ɖe ene.
24, 25. (a) Nukae magadzɔ ɖe Yerusalem dzi o? (b) Amekae agano Yehowa ƒe dɔmedzoekplu ɖe Yerusalem yome?
24 Gake nɔnɔme wɔnublanui sia nu ava yi. Yesaya gblɔ akɔfanya sia be: “Eyata, wò hiãtɔ, yamula, si meno wein hafi o la, se esia! Ale wò Aƒetɔ Yehowa kple wò Mawu, amesi wɔa avu ɖe eƒe dukɔ nu la, gblɔ esi: Maxɔ kplu muame, nye dɔmedzoekplu la, le asiwò me, eye màganoe azɔ o; matsɔe ade asi na amesiwo wɔ funyafunya wò, amesiwo gblɔ na wò be: Bɔbɔ, ne míato dziwò ayi, wɔ wò mẽdome wòasɔ kple anyigba, eye wòanɔ, abe alesi mɔ le na edzitolawo ene.” (Yesaya 51:21-23) Esi Yehowa he to na Yerusalem vɔ la, ele klalo azɔ be yeakpɔ nublanui na wo ahaɖe tsɔtsɔke ƒe gbɔgbɔ afiae.
25 Azɔ Yehowa aɖe eƒe dziku ɖa le Yerusalem dzi eye wòaɖee ɖe Babilon ŋu. Babilon gblẽ Yerusalem heɖi gbɔe xoxo. (Psalmo 137:7-9) Gake magahiã be Yerusalem naxɔ kplu sia tɔgbe le Babilon alo dukɔ siwo wòbla nu kpli si ano ake o. Ke boŋ woaxɔ kplua le Yerusalem si atsɔ na amesiwo kpɔ dzidzɔ ɖe ŋukpedodoe ŋu. (Konyifahawo 4:21, 22) Babilon amu vlevlevle ahadze anyi. (Yeremya 51:6-8) Gake Zion ya atsi tre! Aleke nuwo atrɔ bubui enye si! Mɔkpɔkpɔ na nusia ate ŋu afa akɔ na Zion nyateƒe. Eye Yehowa subɔlawo ate ŋu aka ɖe edzi be ato eƒe xɔnamedɔwo wɔwɔ dzi akɔ eƒe ŋkɔ ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Anye be agbagblaʋui si wowɔnɛ le afisia nye nugbagbevi siwo ɖua avɔ kple awu, vevietɔ le woƒe ŋɔvizuɣi si me wogblẽa nu le wu.
[Nɔnɔmetata si le axa 167]
Yehowa, Abraham Gãtɔ, ye nye “agakpe” si me eƒe amewo ‘dzɔ tso’
[Nɔnɔmetata si le axa 170]
Amesiwo tsia tre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu abu, abe avɔ si agbagblaʋuiwo ɖu ene
[Nɔnɔmetata si le axa 176, 177]
Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 178]
Woaxɔ kplu si Yerusalem ano la na Babilon kple dukɔ siwo wòbla nu kplii