Biblia Gbalẽ 49 Lia—Efesotɔwo
Eŋlɔla: Paulo
Afi Si Wòŋlɔe Le: Roma
Ƒe Si Me Wòwu Eŋɔŋlɔ Nu: Ƒe 60–61 M.Ŋ. lɔƒo
TSƆE be èle gaxɔ me. Ðe susu ka ta? Woti yowòme le esi nèle Kristotɔwo ƒe nya nyui gbɔgblɔ dɔa wɔm dzonɔamemetɔe ta. Fifia si màgate ŋu ayi ahado ŋusẽ hameawo o ɖe, nu ka wɔ ge nèle? Ðe nàte ŋu aŋlɔ agbalẽ na ame siwo va zu Kristotɔwo to wò gbeƒãɖeɖedɔa dzia? Ðe womanya tsi dzi ɖe ale si nèle ŋu oa, eye ɖe womahiã dzideƒo oa? Nenema tututue! Eya ta èdze agbalẽŋɔŋlɔ na wo gɔme. Nu si wɔm nèle la tututue apostolo Paulo wɔ esime wodee gaxɔ me zi gbãtɔ le Roma, le ƒe 59-61 M.Ŋ. me lɔƒo. Ebia be Kaisaro nagbugbɔ yeƒe nya adrɔ̃ na ye, eye togbɔ be enɔ lalam be woadrɔ̃ nyaa, eye dzɔla nɔ eŋu dzɔm hã la, wona ablɔɖe vi aɖe sinui. Paulo nɔ Roma ŋlɔ agbalẽ ‘Na Efesotɔwo,’ ɖewohĩ le ƒe 60 alo 61 M.Ŋ. lɔƒo, eye wòɖoe ɖe wo to Tixiko, si Onesimo kplɔ ɖo, la dzi.—Ef. 6:21; Kol. 4:7-9.
2 Paulo ŋutɔ gblɔ le eƒe nya gbãtɔ me be yee nye agbalẽa ŋlɔla, eye eƒo nu tso eɖokui ŋu be yenye “gamenɔla le Aƒetɔ la me” alo gblɔ nya ma tɔgbi zi ene sɔŋ. (Ef. 1:1; 3:1, 13; 4:1; 6:20) Nyaʋiʋli siwo ku ɖe Paulo ƒe agbalẽa ŋlɔla nyenye ŋu dometɔ aɖeke mekpɔ dzidzedze o. Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖe, si me Paulo ƒe agbalẽwo nɔ la, ƒe axa 86 sɔŋ nɔ Chester Beatty Papyrus No. 2 (P46), si woxɔ se be woŋlɔ le ƒe 200 M.Ŋ. me lɔƒo, la me. Agbalẽ si woŋlɔ na Efesotɔwo hã le wo dome, si nye kpeɖodzi be, wobui de eƒe agbalẽ siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dome.
3 Subɔsubɔhawo ƒe blema nuŋlɔlawo ɖo kpe edzi be, Paulo ye ŋlɔ agbalẽa, eye be eŋlɔe ‘Na Efesotɔwo.’ Le kpɔɖeŋu me, Irenaeus, si nɔ agbe le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me, yɔ Efesotɔwo 5:30 me nyawo hegblɔ be: “Abe ale si Paulo yayratɔ la gblɔe le eƒe agbalẽ na Efesotɔwo me ene, be eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye.” Clement si tso Aleksandria, si hã nɔ agbe le ɣeyiɣi ma ke me, yɔ Efesotɔwo 5:21 me nyawo gblɔ be: “Esia tae le agbalẽ si wòŋlɔ na Efesotɔwo me la, egblɔ be: Mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo le Mawu vɔvɔ̃ me.” Origen, si ŋlɔ eƒe nyawo le ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. ƒe ƒe 50 gbãtɔwo me la, yɔ Efesotɔwo 1:4 me nyawo, esi wògblɔ be: “Apostoloa hã zã nyagbɔgblɔ siawo ƒomevi le agbalẽ si wòŋlɔ na Efesotɔwo me, esime wògblɔ be, Ame si tia mí do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.”a Eusebius, si nye Kristotɔ gbãtɔwo ŋuti nuŋlɔla bubu (si nɔ agbe le ƒe 260-342 M.Ŋ. me lɔƒo) la tsɔ Efesotɔwo ƒe agbalẽa kpe ɖe Biblia gbalẽ siwo dzi woda asi ɖo la ŋu, eye subɔsubɔhawo ŋuti nuŋlɔla gbãtɔ bubuawo dometɔ akpa gãtɔ ƒo nu tso agbalẽ si woŋlɔ na Efesotɔwo ŋu be, ele Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la dome.b
4 Nyagbɔgblɔ “le Efeso” medze le Chester Beatty Papyrus, Vatican Manuscript No. 1209, kple Sinaitic Manuscript la me le ta 1, kpukpui 1 o, eye ale womeyɔ ame siwo woŋlɔ agbalẽa na o. Nya sia, kple gbedoname si medze le agbalẽa me na ame vovovowo le Efeso o (togbɔ be Paulo wɔ dɔ kutrikukutɔe le afi ma ƒe etɔ̃ sɔŋ hafi) la, na ame aɖewo susui be anye teƒe bubu aɖe nɔlawoe woŋlɔ agbalẽa na, alo be agbalẽ wònye woŋlɔ na hame siwo katã le Asia Sue, siwo dome Efeso hã nɔ. Ke hã, nyagbɔgblɔ “le Efeso” dze le nuŋlɔɖi bubu geɖewo me, eye abe ale si míekpɔe va yi ene la, subɔsubɔhawo ƒe blema nuŋlɔlawo da asi ɖe edzi be, enye agbalẽ woŋlɔ na Efesotɔwo.
5 Numeɖeɖe aɖewo akpe ɖe mía ŋu míase susu si ta woŋlɔ agbalẽ sia ɖo gɔme. Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Efeso xɔ ŋkɔ le afakaka, akunyawɔwɔ, ɣletivimefakaka, kple vidzidzi ƒe mawunɔ Artemis subɔsubɔ me.c Wotu gbedoxɔ gã dzeani aɖe ƒo xlã mawunɔ ma ƒe nɔnɔmetata, eye wobu gbedoxɔa de nu wɔnuku adre siwo nɔ xexea me ɣemaɣi la dome. Nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo esi woku Efeso dua ƒe dudo le ƒe alafa 19 lia me la ɖee fia be, kpo gbadza si ƒe kekeme nye meta 73, eye eƒe didime nye meta 127, dzie wotu gbedoxɔa ɖo. Gbedoxɔa ŋutɔ ƒe kekeme anɔ meta 50, eye eƒe didime anɔ meta 105. Sɔti 100 siwo wotsɔ marbel kpe xɔasi tu ye nɔ gbedoxɔa ŋu, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe kɔkɔ meta 17. Marbel kpe xɔasi ɣi aɖee wotsɔ gba xɔ lae. Wogblɔ be sikae wozã ɖe siminti teƒe tsɔ lé marbel kpeawo ɖe wo nɔewo ŋu. Tsaɖilawo tsoa xexea me godoo va kpɔa gbedoxɔa, eye le azãɖuɣiwo la, ame akpe alafa geɖe ye lɔna bibibi vaa dua me. Klosalonutula siwo nɔ Efeso la wɔa ga geɖe to Artemis ƒe trɔ̃xɔ sue, siwo wotsɔ klosalo wɔe, la dzadzra na tsaɖila siwo vaa dua me la, abe ŋkuɖodzinu ene me.
6 Esi Paulo va ɖo Efeso le eƒe duta nya nyui gbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me la, etɔ ɖe afi ma vie heɖe gbeƒã, eye emegbe egblẽ Akwila kple Priskila ɖe afi ma be woayi dɔa dzi. (Dɔw. 18:18-21) Etrɔ va le eƒe duta nya nyui gbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia me, eye wònɔ afi ma ƒe etɔ̃ kloe, henɔ gbeƒã ɖem, eye wònɔ nu fiam ame geɖe tso “Mɔ La” ŋu. (Dɔw. 19:8-10; 20:31) Paulo wɔ dɔ vevie le Efeso. Aƒetɔ A. E. Bailey ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Daily Life in Bible Times me be: “Paulo wɔa eƒe ŋutilãmedɔ tso ŋdi va se ɖe ŋdi ga 11, (Dɔw. 20:34, 35) eye va se ɖe ɣemaɣi la, Tirano ƒe sukuviawo kpãna; azɔ tso ŋdi ga 11 va se ɖe ɣetrɔ ga 4 la, eɖea gbeƒã le sukuxɔa me, wɔa kpekpe kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, . . . eye mlɔeba la, eɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me gblɔa nya nyuia na amewo tso ɣetrɔ ga 4 me va se ɖe esime zã tsi. (Dɔw. 20:20, 21, 31) Ame aɖe abia be ɣekaɣie wòkpɔa vovo ɖua nu hedɔa alɔ̃ hã.”—1943, axa 308.
7 Le Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe veviedodotɔe alea wɔɣi la, eɖee fia be mele be woazã nɔnɔmetatawo le tadedeagu me o. Esia na ame siwo wɔa nɔnɔmetatawo hedzraa wo, abe klosalonutula Demetrio ene, do dziku, eye wona zi tɔ le dua me, si na wòva hiã be Paulo nadzo.—Dɔw. 19:23–20:1.
8 Fifia si Paulo le gaxɔ me la, ele tame bum tso kuxi siwo Efeso hamea me tɔwo, siwo le trɔ̃subɔlawo dome le afi si Artemis ƒe gbedoxɔ gã la xɔ anyinɔ ɖo, dze ŋgɔe la ŋuti. Ðikeke mele eme o be, kpɔɖeŋu nyui si Paulo wɔ na wo, si me wòɖee fia le be, wonye “gbedoxɔ kɔkɔe” aɖe, si me Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ dzi nɔna la, akpe ɖe Kristotɔ amesiamina siawo ŋu ŋutɔ. (Ef. 2:21) Kakaɖedzitɔe la, “nya ɣaɣla kɔkɔe la,” si gɔme wòɖe na Efesotɔwo, ku ɖe ale si Mawu ɖoe be yeakpɔ nuwo gbɔ, si dzi wòato ana ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nagava nɔ nuwɔwɔwo katã dome to Yesu Kristo dzi la, anya nye dzideƒo kple akɔfafa gã aɖe na wo. (1:9, 10) Paulo te gbe ɖe edzi be, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo zu ɖeka le Kristo me. Exlɔ̃ nu ku ɖe nuwo wɔwɔ aduadu kple ɖekawɔwɔ ŋuti. Azɔ míate ŋu akpɔ susu si ta wòŋlɔ agbalẽa, viɖe si le eŋu, kple ale si emenyawo ɖee fia be, etso gbɔgbɔ mee, la nyuie wu.
NU SI TAE VIÐE LE EŊU
16 Agbalẽ si woŋlɔ na Efesotɔwo la ƒo nu tso Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa ɖe sia ɖe kloe ŋu. Le kuxi sesẽ kple nu vlo wɔwɔ siwo le dzidzim ɖe edzi le xexea me egbea ta la, viɖe le Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui sia ŋu ŋutɔ na ame siwo di be yewoanɔ agbe abe ale si Mawu dii ene. Aleke wòle be ɖeviwo nawɔ nu ɖe wo dzilawo ŋui, eye aleke wòle be dzilawo hã nawɔ nu ɖe wo viwo ŋui? Agbanɔamedzi kae le srɔ̃ŋutsu dzi le srɔ̃a gome, eye agbanɔamedzi kae le srɔ̃nyɔnu dzi le srɔ̃a gome? Nu kae wòle be hamea me tɔwo nawɔ atsɔ atu ɖekawɔwɔ ɖo le lɔlɔ̃ me, eye woalé Kristotɔwo ƒe kɔkɔenyenye me ɖe asi le xexe vɔ̃ɖi sia me? Paulo ƒe nyawo ɖo biabia siawo katã ŋu, eye eyi edzi fia nu si Kristotɔwo ƒe amenyenye yeyea dodo bia. Ame siwo katã asrɔ̃ Efesotɔwo ƒe agbalẽa la, ava nya amenyenye si ƒomevi dzea Mawu ŋu, “si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la.”—4:24-32; 6:1-4; 5:3-5, 15-20, 22-33.
17 Agbalẽa ɖe susu si ta woɖoa amewo hedea dɔ asi na wo le hamea me hã fia. Eyae nye “kple susu be woaɖɔ ame kɔkɔewo ɖo, hena subɔsubɔdɔwɔwɔ, hena Kristo la ƒe ŋutilã tutu,” be woaɖo tsitsinyenye gbɔ. Ne Kristotɔ wɔa hamea me ɖoɖo siawo dzi nyuie la, ate ŋu ato “lɔlɔ̃ me atsi le nuwo katã me le Kristo, si nye ta la te.”—4:12, 15.
18 Agbalẽ si woŋlɔ na Efesotɔwo la kpe ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu wose “Kristo la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la” gɔme nyuie wu. Wona eme kɔ le afi sia be woyɔ “dukɔwo me tɔwo” kpe ɖe Yudatɔ xɔsetɔwo ŋu be woanye “hati domenyilawo kple ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo, eye woakpɔ gome . . . le ŋugbedodo la me le ƒomedodo me kple Kristo Yesu to nya nyui la dzi.” Woɖe “Se si me sededewo . . . nɔ la,” si nye gli ma Trɔ̃subɔla kple Yudatɔwo dome, la ɖa, eye to Kristo ƒe ʋu la dzi la, wo katã wova zu ame kɔkɔewo ƒe hati dumeviwo kple Mawu ƒe aƒe me tɔwo. Nu si to vovo na Artemis ƒe gbedoxɔa ye nye be, wonɔ ame siawo tum le ƒomedodo kple Kristo Yesu me be woazu teƒe si Mawu ato eƒe gbɔgbɔ dzi anɔ—“gbedoxɔ kɔkɔe . . . na Yehowa.”—3:4, 6; 2:15, 21.
19 Paulo ƒo nu tso “nuwo gbɔ kpɔkpɔ . . . be wòagaƒo nuwo katã nu ƒu ɖekae ake ɖe Kristo la me, nu siwo le dziƒowo [ame siwo wotia be woanɔ Dziƒofiaɖuƒea me] kple nu siwo le anyigba dzi [ame siwo anɔ agbe le anyigba dzi le Fiaɖuƒea te]” la ŋu. Eto esia dzi te gbe ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnuku, si nye be yeahe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ avae la dzi. Paulo do gbe ɖa ɖe Efesotɔwo ta le esia ŋu, ame siwo ƒe dzi me ŋkuwo dzi kɔ, be woate ŋu ase mɔkpɔkpɔ si gbɔ Mawu yɔ wo vae la gɔme, eye woakpɔ “nu si ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu siwo wòdzra ɖo ɖi abe domenyinu ene na ame kɔkɔewo la nye.” Nya siawo anya de dzi ƒo na wo ŋutɔ le woƒe mɔkpɔkpɔ me lelé ɖe asi me. Eye agbalẽ si woŋlɔ na Efesotɔwo la, gakpɔtɔ le hamea tum ɖo egbea, “bene blibonyenye si Mawu nana la, katã nayɔ [mí] fũu.”—1:9-11, 18; 3:19.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Origin and History of the Books of the Bible, 1868, C. E. Stowe, axa 357.
b New Bible Dictionary, tata evelia, 1986, si me J. D. Douglas to, axa 175.
c Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 182 [Étude perspicace des Écritures, Babla 1, axa 192].