INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 1/15 axa 10-15
  • Yehowa Ðua Dzi—Le Teokrasiɖoɖo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa Ðua Dzi—Le Teokrasiɖoɖo Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woɖo Teokrasidukɔ Aɖe Anyi
  • Ŋusẽ Ŋudɔwɔwɔ le Teokrasiɖoɖo Te
  • Nuwɔna Kple Nɔnɔme Siwo Mesɔ Ðe Teokrasiɖoɖo Nu O
  • Teokrasidukɔ aɖe ƒe Nuwuwu
  • Teokrasidukɔ Yeye Aɖe
  • Nɔ Teokrasidziɖuɖu Ŋu Kplikplikpli
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Kplɔla Kple Alẽ Siwo Le Teokrasihabɔbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Ale Si Yehowa Ðua Dzii Lae Nye Nyuitɔ Kekeake!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 1/15 axa 10-15

Yehowa Ðua Dzi—Le Teokrasiɖoɖo Nu

“Yehowa enye fia tegbee.”—PSALMO 146:10.

1, 2. (a) Nukatae amegbetɔ dze agbagba be yeaɖu ye ɖokui dzi do kpoe? (b) Dziɖuɖu ɖeka kolia kae kpɔ dzidzedze vavã?

TSO Nimrod ƒe ɣeyiɣia me ke la, amewo te dziɖuɖumɔnu ƒomevi vovovowo kpɔ be yewoaɖu ameƒomea dzi. Ame ɖeka ƒe dziɖuɖuwo, fiagãwo ƒe dziɖuɖuwo, ame ʋee aɖewo ko ƒe dziɖuɖu, kple demokrasidziɖuɖu vovovowo va yi. Yehowa ɖe mɔ ɖe wo katã ŋu. Le nyateƒe me la, esi wònye Mawue nye ŋusẽwo katã Tsoƒe koŋ ta la eyae ɖo dziɖulawo le gɔmesese ma nu. (Romatɔwo 13:1) Gake amegbetɔ ƒe agbagbadzedzewo le dziɖuɖu gome do kpo nu. Amegbetɔdziɖula aɖeke mete ŋu he nuɖoanyi dzɔdzɔe si nɔ anyi ɣeyiɣi didi heli ke vɛ o. Enuenu la, “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.”—Nyagblɔla 8:9.

2 Ðe wòle be esia nawɔ nuku na mía? Ao! Womewɔ ame madeblibo be wòaɖu eɖokui dzi o. “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Ema tae dziɖuɖu ɖeka kolia koe te ŋu kpɔ dzidzedze le amegbetɔŋutinya katã me ɖo. Dziɖuɖu kae? Eyae nye Teokrasidziɖuɖu si le Yehowa Mawu ƒe kpɔkplɔ te. Le Helagbe me Biblia me la, “teokrasi” gɔmee nye Mawu [the·osʹ] ƒe dziɖuɖu [kraʹtos]. Dziɖuɖu kae agate ŋu anyo wu Yehowa Mawu ŋutɔ tɔ?—Psalmo 146:10.

3. Teokrasi ƒe anyinɔnɔ le anyigba dzi ƒe blemakpɔɖeŋu aɖewo ɖe?

3 Teokrasi ɖu dzi ɣeyiɣi kpui aɖe le Eden-bɔa me vaseɖe esime Adam kple Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋu. (Mose I, 3:1-6, 23) Le Abraham ƒe ɣeyiɣia me la, edze abe teokrasiɖoɖo aɖe nɔ Salem-dugã la me ene eye Melxizedek nye fianunɔla le eme. (Mose I, 14:18-20; Hebritɔwo 7:1-3) Gake woɖo teokrasidziɖuɖu gbãtɔ si ɖu dukɔ blibo dzi anyi le Yehowa Mawu ƒe kpɔkplɔ te le Sinai-gbedzi le ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. me. Aleke ema va emee? Eye aleke teokrasidziɖuɖu ma wɔ dɔe?

Woɖo Teokrasidukɔ Aɖe Anyi

4. Aleke Yehowa ɖo teokrasidukɔ Israel anyii?

4 Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa ɖe Esrael-viwo tso kluvinyenye me le Egipte eye wòtsrɔ̃ Farao ƒe aʋakɔ siwo nɔ wo yome tim la le Ƒudzĩa me. Ekplɔ Esrael-viwo yi Sinai-toa gbɔ. Esime woƒu asaɖa anyi ɖe toa te la, Mawu to Mose dzi gblɔ na wo be: “Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi mewɔ Egiptetɔwo, kple alesi metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋalawo dzi, eye mekplɔ mi va gbɔnyee. Azɔ ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome.” Israel-viwo lɔ̃ ɖe edzi be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.” (Mose II, 19:4, 5, 8) Wobla nu eye woɖo Israel si nye teokrasidukɔ la anyi.—Mose V, 26:18, 19.

5. Aleke míate ŋu agblɔ be Yehowa ɖu dzi le Israel?

5 Gake mɔ ka nue Yehowa si amegbetɔ mekpɔna kple ŋku o la ɖu Israel-dukɔa dzi le? (Mose II, 33:20) Yehowa ɖu wo dzi le gɔmesese sia nu be eyae tsɔ sewo kple nunɔlanyenye ƒe ɖoɖoa na dukɔa. Amesiwo wɔ ɖe seawo dzi hede ta agu le Mawu ƒe ɖoɖowo nu la subɔ Yehowa, Teokrasidziɖulagã la. Urim kple Tumim si dzi Yehowa naa mɔfiame wo tonɛ ne ehiã kpata la hã nɔ nunɔlagã la si. (Mose II, 28:29, 30) Azɔ hã ŋutsu tsitsi siwo dze nye Yehowa teƒenɔlawo la le teokrasiɖoɖoa me eye wokpɔ egbɔ be amewo wɔ ɖe Mawu ƒe Sea dzi. Ne míede ŋugble le ŋutsu siawo dometɔ aɖewo ƒe nuŋlɔɖi ŋu la, míase alesi wòle be amegbetɔwo nabɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te la gɔme.

Ŋusẽ Ŋudɔwɔwɔ le Teokrasiɖoɖo Te

6. Nukatae ŋusẽ ƒe amesinɔnɔ le teokrasiɖoɖo me bia agbagbadzedze, eye ŋutsu ka ƒomeviwoe hiã na agbanɔamedzi sia tsɔtsɔ?

6 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe su amesiwo wona ŋusẽe le Israel-dukɔa me si, gake ebia agbagbadzedze kple tameɖoɖo kplikpaa be woada asɔ. Ele be woanɔ ŋudzɔ be woa ŋutɔwo ƒe bubu naganɔ vevie na wo wu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti kɔkɔ o. Nya si tso gbɔgbɔ me si gblɔ be “amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle” o la nye nyateƒe le Israel-viwo gome abe alesi wònɔ na ameƒomea mamlewoe ene. Ɣeyiɣi siwo ame tsitsiawo ɖo ŋku edzi be Israel nye teokrasidukɔ eye be ele be yewoawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ke menye yewo ŋutɔwo tɔ o me koe Israel-dukɔa kpɔ dzidzedze. Le Israel-dukɔa ɖoɖo anyi megbe kpuie la, Mose to Yetro ƒo nu le ŋutsu siwo ƒomevi wòle be ame tsitsiawo nanye ŋu nyuie be woanye “ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã.”—Mose II, 18:21.

7. Mɔ kawo nue Mose nye amesiwo si ŋusẽ nɔ le Yehowa Mawu te la ƒe kpɔɖeŋu nyui?

7 Ame gbãtɔ si si ŋusẽ gã nɔ le Israel enye Mose. Enye teokrasiŋusẽ ŋudɔwɔwɔ le mɔ nyui nu ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Enye nyateƒe be amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dze le eŋu ɣeaɖeɣi ya. Gake Mose ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣeawokatãɣi. Esime nyabiabia siwo ƒe ŋuɖoɖo womena haɖe o do mo ɖa la, edi Yehowa ƒe mɔfiafia. (Tsɔe sɔ kple Mose IV, 15:32-36.) Aleke Mose nɔ te ɖe alesi wòazã eƒe nɔƒe kɔkɔ la atsɔ ade bubu eya ŋutɔ ɖokui ŋu ƒe tetekpɔ nui? Togbɔ be ekplɔ dukɔ siwo me tɔwo nye miliɔn nanewo hã la, “Mose fa wu amesiwo katã le anyigba dzi.” (Mose IV, 12:3) Nugãdidi ƒe dzodzro aɖeke menɔ eme o ke boŋ bubudede Mawu ŋu ŋue wòtsi dzi ɖo. (Mose II, 32:7-14) Xɔse sesẽ aɖe hã nɔ Mose si. Apostolo Paulo gblɔ le alesi wònɔ hafi va zu dukɔkplɔla ŋu be: “Edo dzi, abe ɖe wòle amesi womekpɔna o la kpɔm ene.” (Hebritɔwo 11:27) Eme kɔ ƒã be Mose meŋlɔ be gbeɖe be Yehowae nye dukɔa Dziɖula ŋutɔŋutɔ o. (Psalmo 90:1, 2) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wònye na mí egbea!

8. Se kae Yehowa de na Yosua, eye nukatae esia dze be woasrɔ̃?

8 Esime Israel-dukɔa dzi kpɔkpɔ va sesẽ na Mose ɖeka la, Yehowa de eƒe gbɔgbɔ ƒe ɖe ŋutsu tsitsi 70 siwo akpe ɖe eŋu le ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔa me la me. (Mose IV, 11:16-25) Le ƒe siwo akplɔe ɖo me la, ame tsitsiwo anɔ du sia du me. (Tsɔe sɔ kple Mose V, 19:12; 22:15-18; 25:7-9.) Le Mose ƒe ku megbe la, Yehowa ɖo Yosua dukɔa kplɔlae. Míate ŋu akpɔe le susu me be mɔnukpɔkpɔ sia si wona Yosua la wɔe be dɔ geɖe nɔ esi wòawɔ. Gake Yehowa gblɔ nɛ be nu ɖeka aɖe li si mele be wòaŋlɔ be gbeɖe o: “Megaɖe nu le segbalẽ sia ŋu o, eye nabu eŋu zã kple keli, ne nalé nusiwo katã woŋlɔ ɖe eme la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.” (Yosua 1:8) De dzesii be togbɔ be Yosua subɔ ƒe siwo wu 40 hã la, ehiã be wòayi edzi anɔ Sea xlẽm. Ele be míawo hã míasrɔ̃ Biblia la ahaɖo ŋku Yehowa ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi—eɖanye ɣeyiɣi didi kae míetsɔ subɔ alo mɔnukpɔkpɔ ƒe agbɔsɔsɔ kawoe ɖasu mía si o.—Psalmo 119:111, 112.

9. Nukae dzɔ le Israel le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli?

9 Ʋɔnudrɔ̃la geɖe va ɖe Yosua yome. Nublanuitɔe la, Israel-viwo “wɔ nusi medze Yehowa ŋu o” zi geɖe le woƒe ɣeyiɣia me. Nuŋlɔɖia gblɔ le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣia ŋu be: “Ɣemaɣi la fia aɖeke menɔ Israel o, eye amesiame wɔ nusi dze eŋu.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 21:25) Amesiame wɔ eƒe nyametsotso le agbenɔnɔ kple tadedeagu ŋu eye ŋutinya ɖee fia be Israel-vi geɖe wɔ nyametsotso gbegblẽwo. Wotrɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu eye wowɔ nu vlo dziŋɔwo ɣeaɖewoɣi. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:25-30) Gake wo dometɔ aɖewo ɖe xɔse nyui fia.—Hebritɔwo 11:32-38.

10. Aleke dziɖuɖu si nɔ Israel trɔ keŋkeŋ le Samuel ƒe ɣeyiɣia mee, eye nukae he esia vɛ?

10 Le Samuel si nye ʋɔnudrɔ̃la mamletɔ ƒe agbenɔɣi la, Israel ɖo nɔnɔme sesẽ me le dziɖunyawo gome. Esi dukɔ siwo ƒo xlã Israel-viwo siwo katã dzi fiawo ɖu la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, wogblɔ be fia hiã yewo hã. Woŋlɔ be be Fia le yewo si xoxo, eye be yewoƒe dziɖuɖue nye teokrasi. Yehowa gblɔ na Samuel be: “Menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.” (Samuel I, 8:7) Woƒe kpɔɖeŋua ɖoa ŋku alesi wòle bɔbɔe be míaƒe gbɔgbɔmenukpɔsusu nagblẽ eye wòana xexeme si ƒo xlã mí nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii la dzi na mí.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 2:14-16.

11. (a) Togbɔ be Israel-dziɖuɖua trɔ hã la, aleke míate ŋu agblɔ be ekpɔtɔ nɔ teokrasiɖoɖo nu le fiawo te? (b) Se kae Yehowa de na Israel-fiawo, eye tameɖoɖo ka tae?

11 Gake Yehowa ɖo to nusi Israel-viwo bia la eye wòtia Saul kple Dawid wonye woƒe fia gbãtɔ eveawo. Israel yi edzi nɔ teokrasiɖoɖo si nɔ Yehowa te la me. Wobia tso Israel-fiawo dometɔ ɖesiaɖe si be wòaŋlɔ Sea ahaxlẽe gbesiagbe ale be wòaɖo ŋku esia dzi “ne wòanya alesi wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòalé se kple ɖoɖo siawo katã me nyawo me ɖe asi, eye wòawɔ wo dzi; ne magado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu . . . o.” (Mose V, 17:19, 20) Ẽ, Yehowa di be amesiwo si ŋusẽ le le teokrasiɖoɖoa me la nagado wo ɖokui ɖe dzi o eye be yeƒe Sea ŋudɔwɔwɔ nadze le woƒe nuwɔnawo me.

12. Anukwareɖiɖi ƒe kpɔɖeŋu kae Dawid ɖo ɖi?

12 Fia Dawid xɔ Yehowa dzi se vevie eye Mawu bla nu kplii be wòanye fofo le fiaƒome si anɔ anyi tegbee me. (Samuel II, 7:16; Fiawo I, 9:5; Psalmo 89:30) Dawid ƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Yehowa te nye kpɔɖeŋu nyui si míasrɔ̃. Egblɔ be: “Yehowa, fia la kpɔ dzidzɔ le wò ŋusẽ ŋu, eye aleke gbegbe mehele aseye tsom ɖe wò xɔname ŋui o!” (Psalmo 21:2) Togbɔ be Dawid do kpo nu ɣeaɖewoɣi le ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta hã la, eɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu le nu geɖe me ke menye ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu o.

Nuwɔna Kple Nɔnɔme Siwo Mesɔ Ðe Teokrasiɖoɖo Nu O

13, 14. Fia siwo kplɔ Dawid ɖo ƒe nuwɔna siwo mesɔ ɖe teokrasiɖoɖo nu o dometɔ aɖewo ɖe?

13 Menye Israel-kplɔlawo katãe nɔ abe Mose kple Dawid ene o. Wo dometɔ geɖe mede bubu teokrasiɖoɖowo ŋu kura o eye woɖe mɔ ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu le Israel. Dziɖula siwo ɖi anukware la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã mewɔ nu ɖe teokrasiɖoɖo nu ɣeaɖewoɣi o. Amesi tɔ wɔ nublanui wue nye Salomo si wona nunya kple dzidzedzekpɔkpɔe. (Fiawo I, 4:25, 29) Eŋe aɖaba ƒu Yehowa ƒe sewo dzi eye wòɖe srɔ̃ geɖe heɖe mɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu le Israel. Edze ƒã be Salomo te amewo ɖe to le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe mamlewo me.—Mose V, 17:14-17; Fiawo I, 11:1-8; 12:4.

14 Wobia tso Rexabeam si be wòaɖe eteviwo ƒe agba dzi akpɔtɔ. Esi teƒe be wòakpɔ kuxia gbɔ le tufafa me la, ewɔ eƒe ŋusẽ ŋudɔ le dziku me—eye wòbu to 12 la dometɔ 10. (Kronika II, 10:4-17) Yerobeam ye nye fia gbãtɔ si ɖu to ewo ƒe fiaɖuƒe si ɖe eɖokui ɖe vovo la dzi. Eɖo tadedeagu na sikanyivi anyi le eƒe agbagbadzedze be yemana yeƒe fiaɖuƒea nagawɔ ɖeka kple fiaɖuƒe keme si nye wo nɔvi o me. Esia anya dze afɔɖeɖe si me nunya le le dunyahehe gome, gake eɖe bubumademade teokrasiɖoɖo ŋu fia kɔtee. (Fiawo I, 12:26-30) Emegbe le Fia Asa ƒe subɔsubɔ anukwareɖiɖitɔe ƒe geɖe ƒe nuwuwu la, eɖe mɔ be dada gblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ dome. Mewɔ nu ɖe nyagblɔɖila si tsɔ Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo vɛ nɛ la ŋu nyuie o. (Kronika II, 16:7-11) Ẽ, amesiwo subɔ ƒe geɖe gɔ̃ hã hiã na aɖaŋuɖoɖo ɣeaɖewoɣi.

Teokrasidukɔ aɖe ƒe Nuwuwu

15. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, aleke Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo do kpo nu le teokrasiŋusẽ ŋudɔwɔwɔ mee?

15 Israel gakpɔtɔ nɔ teokrasiɖoɖo te esime Yesu va anyigba dzi. Gake nublanuitɔe la, eƒe ame tsitsiwo dometɔ geɖe metsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me o. Edze ƒã be womete ŋu tu tufafa si Mose ɖe fia la ɖo o. Yesu tɔ asi alesi wo vɔ̃ɖi le gbɔgbɔ mee la dzi esime wògblɔ be: “Agbalẽfialawo kple farisitɔwo bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi; eyaŋuti nusianu, si wogblɔ na mi la, miwɔe, eye milé eme ɖe asi; gake la migawɔ nu ɖe woƒe nuwɔnawo nu o, elabena wogblɔnɛ, ke womewɔnɛ o.”—Mateo 23:2, 3.

16. Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo ɖee fia be yewomedea bubu teokrasiɖoɖo ŋu koŋ o?

16 Esime Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo tsɔ Yesu de asi na Pontio Pilato megbe la, woɖe alesi gbegbe wotra tso ɖokuibɔbɔ ɖe teokrasi tee la fia. Pilato lé ŋku ɖe Yesu ŋu eye wògblɔ be enye ame maɖifɔ. Pilato kplɔ Yesu va Yudatɔwo gbɔe hegblɔ be: “Mikpɔ miaƒe fia la ɖa!” Esime Yudatɔwo do ɣli be woawu Yesu la Pilato bia be: “Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia?” Nunɔlagãwo ɖo ŋu nɛ be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe kaisaro ko.” (Yohanes 19:14, 15) Wogblɔ be Kaisaro enye yewoƒe fia ke menye Yesu, ‘amesi va le Yehowa ƒe ŋkɔ me’ la o!—Mateo 21:9.

17. Nukata ŋutilã me Israel meganye teokrasidukɔ o?

17 Yudatɔwo gbe teokrasidziɖuɖu le esi wogbe Yesu ta, elabena eyae ava nye amesi koŋ akpɔ teokrasiɖoɖowo dzi le etsɔ me. Yesue nye Dawid vi si aɖu fia tegbee. (Yesaya 9:6, 7; Luka 1:33; 3:23, 31) Aleae wòdzɔe be ŋutilã me Israel megava nye Mawu ƒe dukɔ tiatia o.—Romatɔwo 9:31-33.

Teokrasidukɔ Yeye Aɖe

18. Teokrasidukɔ yeye kae woɖo le ƒe alafa gbãtɔ me? Ðe eme.

18 Gake alesi Mawu gbe ŋutilã me Israel la menye teokrasi ƒe nuwuwu le anyigba dzi o. Yehowa to Yesu Kristo dzi ɖo teokrasi yeye aɖe anyi. Esiae nye Kristo-hame si me tɔwo wosi ami na si nye dukɔ yeye ŋutɔŋutɔ aɖe. (Petro I, 2:9) Apostolo Paulo yɔe be “Mawu ƒe Israel” eye mlɔeba la eme tɔwo tso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me.” (Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Togbɔ be teokrasidukɔ yeye sia me tɔwo bɔbɔ wo ɖokui na amegbetɔdziɖuɖu siwo te wonɔ hã la, Mawue nɔ wo dzi ɖum ŋutɔŋutɔ. (Petro I, 2:13, 14, 17) Le teokrasidziɖuɖu yeye sia ɖoɖo megbe kpuie la, ŋutilã me Israel-dziɖulawo te kpɔ be yewoazi nusrɔ̃la aɖewo dzi be woagawɔ ɖe se si Yesu de na wo la dzi o. Aleke woɖo eŋui? “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Teokrasinukpɔsusue wònye vavã!

19. Susu ka nue míate ŋu agblɔ le be ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea nye teokrasidukɔ aɖe?

19 Gake aleke teokrasidziɖuɖu yeyea wɔ dɔe? Fia nɔ esi si nye Yesu Kristo, Teokrasidziɖulagã Yehowa Mawu teƒenɔla. (Kolosetɔwo 1:13) Togbɔ be Fia la le dziƒo eye womekpɔnɛ o hã la, eƒe dziɖuɖu nye nu ŋutɔŋutɔ na eteviwo eye eƒe nyawoe fiaa mɔ woƒe agbenɔnɔ. Wotia ame tsitsi siwo dze be woanye dzikpɔla siwo woakpɔ kple ŋku. Ŋutsuwo ƒe ƒuƒoƒo sia tɔgbe nye dziɖuha le Yerusalem. Dziɖuha la teƒenɔlawo nye hamemegã mɔzɔlawo abe Paulo, Timoteo, kple Tito ene. Eye ame tsitsiwo alo hamemegãwo ƒe hae kpɔ hame ɖesiaɖe dzi. (Tito 1:5) Ne kuxi sesẽwo do mo ɖa la, hamemegãwo va xɔa aɖaŋuɖoɖo le dziɖuha la alo eteƒenɔlawo dometɔ ɖeka abe Paulo ene gbɔ. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 15:2; Korintotɔwo I, 7:1; 8:1; 12:1.) Azɔ hã hamea me tɔ ɖesiaɖe wɔ akpa aɖe le teokrasidziɖuɖu dodo ɖe ŋgɔ me. Agba nɔ wo dometɔ ɖesiaɖe dzi le Yehowa ŋkume be wòawɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ŋudɔ le eƒe agbe me.—Romatɔwo 14:4, 12.

20. Nukae míate ŋu agblɔ le teokrasi ŋu le apostoloawo ƒe ku megbe?

20 Paulo xlɔ̃ nu be xɔsegbegbe ado mo ɖa le apostoloawo ƒe ku megbe esi va eme pɛpɛpɛ. (Tesalonikatɔwo II, 2:2) Esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, amesiwo gblɔ be yewonye Kristotɔwo va zu miliɔn nanewo eye wòva zu miliɔn alafa nanewo. Woɖo sɔlemedziɖuɖu vovovowo abe osɔfowo ƒe dziɖuɖu, kple hamea ƒe dziɖuɖu ene. Gake sɔlemeha siawo ƒe nuwɔna kple dzixɔsewo meɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye fia o. Womenye teokrasihawo o!

21, 22. (a) Aleke Yehowa gaɖo teokrasidukɔ anyii le nuwuɣia me? (b) Teokrasi ŋuti nyabiabia kawo ŋue woagaɖo?

21 Wogblɔ be woamã Kristotɔ vavãtɔwo tso alakpa Kristotɔwo gbɔ le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi. (Mateo 13:37-43) Esia va eme le ƒe 1919 si nye ƒe tɔxɛ aɖe le teokrasiŋutinya me la me. Ɣemaɣie ŋutikɔkɔe ƒe nyagblɔɖi si le Yesaya 66:8 va eme be: “Ameka se esia tɔgbe kpɔ? Ðe anyigba aɖe adzɔ gbe ɖeka, eye ɖe woadzi dukɔ aɖe zi ɖeka?” Wonɔ nyabiabia mawo ŋu ɖom be ẽ! Le ƒe 1919 me la, wogaɖo Kristo-hamea anyi wònye “dukɔ” si le eɖokui si. ‘Teokrasinyigba’ aɖe dzɔ gbeɖeka vavã! Esi nuwuɣia nɔ aƒe tum la, wotrɔ asi le dukɔ yeye ƒe habɔbɔ sia ŋu be wòasɔ pɛpɛpɛ kple esi nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me alesi woate ŋui. (Yesaya 60:17) Gake enye teokrasihabɔbɔ ɣesiaɣi. Eɖea Mawu ƒe se kple gɔmeɖose siwo le Ŋɔŋlɔawo me fiana ɣesiaɣi le eƒe nuwɔna kple dzixɔse me. Eye ebɔbɔ eɖokui ɖe Yesu Kristo, Fia si woɖo zi dzi la te ɣesiaɣi.—Psalmo 45:18; 72:1, 2.

22 Èle ha dem kple teokrasihabɔbɔ sia? Ðoƒe aɖe le asiwò le emea? Ne nenemae la, ɖe nènya nusi nuwɔwɔ ɖe teokrasimɔ nu fiaa? Ènya mɔ̃ siwo wòle be nàƒo asa naa? Míadzro nyabiabia eve mamleawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

◻ Nukae nye teokrasi?

◻ Mɔ ka nue Israel nye teokrasidukɔ le?

◻ Ðoɖo kae Yehowa wɔ tsɔ ɖo ŋku edzi na fiawo be Israel nye teokrasidukɔ?

◻ Mɔ ka nue Kristo-hamea nye teokrasidukɔ le, eye aleke wowɔ ɖoɖo ɖe eŋui?

◻ Teokrasihabɔbɔ kae woɖo le míaƒe ŋkekea me?

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo bu Kaisaro wu Fia si Yehowa ɖo le teokrasiɖoɖo nu la le Pontio Pilato ƒe ŋkume

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe