INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w94 4/1 axa 20-24
  • Agbenɔnɔ Xɔasi Si Me Dzidzeme Le Le Yehowa Subɔsubɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Xɔasi Si Me Dzidzeme Le Le Yehowa Subɔsubɔ Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Fiẽ aɖe si Trɔ Nye Agbenɔnɔ
  • Míaƒe Subɔsubɔ
  • Tɔtrɔ si Do Míaƒe Xɔse Kpɔ
  • Metsi Afɔku me Kloe Zi Geɖe
  • Mena Kpekpeɖeŋu le Ʋɔnunya aɖe Me
  • Aʋa la Ke—Míeyi Míaƒe Subɔsubɔdɔa Dzi
  • Míeɖoe Kplikpaa Be Míasubɔ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Subɔsubɔ Le Yehowa Ƒe Beléle Lɔlɔ̃tɔe me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • ‘Mele Ƒu Tsom’ Wu Ƒe 50 Fifia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Yehowa Nɔ Kplim Vavã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
w94 4/1 axa 20-24

Agbenɔnɔ Xɔasi Si Me Dzidzeme Le Le Yehowa Subɔsubɔ Me

ABE ALESI LEO KALLIO GBLƆE ENE

Ƒe 1914 mee, dzomeŋɔli ƒe ŋkeke nyui aɖe yina enu wu ge le afisi míele le Turku, si nye du si le Finland la ƒe gbɔto la me. Kasia aʋa gã aɖe si dzɔ la ŋu nya gblẽ ɖoɖoezizi si nɔ anyi la me. Eteƒe medidi o amesiwo nɔ tame bum le nudzɔdzɔwo ŋu la yɔ ablɔwo me. Alesi ame tsitsiwo yɔ mo vevie la na mí ɖeviwo míenya nusi ava dzɔ o. Mexɔ ƒe asieke ɣemaɣi eye meɖo ŋku edzi be dze siwo ɖeviwo fena le ŋutifafa me la trɔ zu aʋawɔwɔfefewo.

TOGBƆ BE Finland mede nu Xexemeʋa I (1914-18) me o hã la, dukɔmeviʋawɔwɔ gblẽ nu le dukɔa ŋu le ƒe 1918 me. Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tsɔ tu ɖe wo nɔewo ŋu le esi woƒe nukpɔsusuwo to vovo le dunyahenyawo me ta. Wolé fu mí ame adre siwo le míaƒe ƒomea me hã. Wolé fofonye si gblɔa nusi wòsusu kã la de mɔ̃ ƒe adre. Woɖe asi le eŋu emegbe gake lãmesẽ meganɔ esi ɣemaɣi o.

Dɔwuame kple dɔléle ɖe fu na míaƒe ƒomea le ɣeyiɣi dziŋɔ sia me. Nɔvinyenyɔnu sue etɔ̃ ku. Papa fo si nɔ Tampere la se míaƒe fukpekpe eye wokplɔ fofonye kple danye kpakple mí ɖevi eve siwo susɔ la míeva nɔ egbɔ.

Le ƒe aɖewo megbe esi meganɔ Tampere la, medo go nyɔnuvi nyui aɖe si ŋkɔe nye Sylvi. Eƒe agbenɔnɔ kple nɔnɔme siwo me wònɔ ɖi tɔnye. Wowu fofoa le dukɔmeviʋa la me, eye emegbe woƒe ƒomexɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe si ŋkɔe nye Kaarlo (Kalle) Vesanto si tso Pori-dua me la va kplɔ eya, edaa, kple dadaa yi eƒemee. Edi dɔ na Sylvi dada eye wòde nyɔnuviawo hã suku. Emegbe Sylvi ʋu yi Tampere dɔ di ge, eye afimae míedo go le.

Fiẽ aɖe si Trɔ Nye Agbenɔnɔ

Sylvi zu nye ŋugbetɔ le ƒe 1928 me, eye gbeɖeka míezɔ mɔ yi Pori, Kalle Vesanto kple eƒe ƒomea srã ge kpɔ. Nudzɔdzɔ bubu aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe nye agbenɔnɔ dzi vevie nenema kpɔ o. Duɖimekesɔ siwo wova hayana nɔ Kalle si eye eya ŋutɔ hã donɛ tsɔ kea duɖimee gake edzudzɔ dɔ ma. Wo kple srɔ̃a va zu Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ƒe gbeƒãɖela veviedonulawo. Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 1990 Ƒegbalẽa ɖɔ alesi wòtsɔ amewo be woava ŋlɔ nya siwo nye “Ame Miliɔn Siwo le Agbe Fifia la Maku Akpɔ O” ɖe eƒe dziƒoxɔ tuɖedzi eve ƒe gli ŋui. Woŋlɔe wòlolo ale gbegbe be àte ŋu anɔ keteke si le du dzi sesĩe me axlẽe bɔbɔe.

Mía kple Kalle míeɖo dze zã bliboa katã. Mebiana be, “Nukatae? Nukatae? Nukatae?” eye Kalle ɖea eme. Mesrɔ̃ Biblia me nyateƒe veviwo ɖewoɖewoe le zã ɖeka me. Meŋlɔ ŋɔŋlɔ siwo ɖe nufiafia vovovowo me la ɖi. Emegbe esi metrɔ yi aƒe la, metsɔ agbalẽ eye meŋlɔ ŋɔŋlɔ mawo me nyawo katã ɖi nya ɖe nya nui. Esi nyemenya Biblia la tututu haɖe o ta la, mezãa agbalẽ sia tsɔ ɖia ɖase na amesiwo le xɔtuƒe si mewɔa dɔ le la. Ne mele nu klom le alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafiawo dzi la, megblɔa nya siwo Kalle gblɔna la zi geɖe be: “Woble mi loo!”

Kalle tsɔ kɔƒe sue aɖe si le Tampere ƒe adrɛs nam, afisi Biblia Nusrɔ̃vi siwo ade ame 30 srɔ̃a nu le. Mebɔbɔna ɖe gogloeƒe aɖe si te ɖe ʋɔtru si le Nɔviŋutsu Andersson si nye aƒea tɔ gbɔ la me. Metsoa kpekpewo me gake gbedodoɖa kpe ɖe ŋunye. Esi medo go kuxi aɖe le dɔme la, medo gbe ɖa kpɔ be: “Mawu, meɖe kuku, ne èkpe ɖe ŋunye medo le kuxi sesẽ siawo me la, medo ŋugbe be made kpekpewo katã.” Gake ɖeko nuwo gagblẽ ɖe edzi boŋ. Mekpɔe dze si azɔ be mele nu ɖom na Yehowa le esubɔsubɔ me, eyata medo gbe bubu ɖa be: “Nuka kee adzɔ o, medo ŋugbe be made kpekpewo katã.” Nye kuxiawo nu yi le ema me eye meva dea kpekpe edziedzi.—Yohanes I, 5:14.

Míaƒe Subɔsubɔ

Mía kple Sylvi míeɖe mía nɔewo le ƒe 1929 me, eye le ƒe 1934 me la, míexɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si míeɖe na Yehowa dzii. Le ŋkeke mawo me la, nusi míewɔna le míaƒe subɔsubɔa mee nye be míetsɔa haƒomɔ̃ kple agba siwo dzi wolé nya ɖo la yia amewo ƒe aƒewo me hebia wo kukuɖeɖetɔe nenye be míate ŋu ana woase Biblia me nuƒo femaxee. Zi geɖe la, amewo xɔa mí eye woɖoa to sea nuƒo si wolé ɖi, woɖoa dze kpli mí eye woxɔa míaƒe agbalẽ aɖewo.

Míebia mɔ le dumegãwo gbɔ eye míetsɔa mɔ̃ siwo nana nuƒo ɖina sesĩe la ƒoa Biblia me nuƒo siawo ke le ablɔwo me. Eye le duviwo me la, míedaa nuƒomɔ̃a ɖe xɔ alo dzudzɔlɔnu tame. Ɣebubuɣiwo la, míeƒoa wo le tɔ to, afisi dua me tɔwo ƒoa ƒu ɖo le agbɔsɔsɔ gã me. Míetsɔa mɔ̃ siwo nana nuƒo ɖina sesĩe dea akro me hekunɛ blewuu toa tɔa to. Míeɖoa ʋu yia kɔƒewo me va ɖea gbeƒã le Kwasiɖagbewo, eye míetsɔa míaƒe mɔ̃ siwo nana nuƒo ɖina sesĩe kple agbalẽ gbogbo aɖewo ɖe asi.

Tɔtrɔ si Do Míaƒe Xɔse Kpɔ

Mege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔ si nye mɔɖeɖedɔ la me le ƒe 1938 me, gake meganye xɔtutula hã. Le ada si kplɔe ɖo me la, Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea kpem be mazu subɔla mɔzɔla si woyɔna fifia be nutome sue dzikpɔla. Dɔdasi ma xɔxɔ ƒe nyametsotso menɔ bɔbɔe o elabena dɔwɔwɔ kple míaƒe hame si le Tampere la vivia nunye ale gbegbe. Hekpe ɖe eŋu la, mía ŋutɔwo míetso aƒe; ŋutsuvi si xɔ ƒe ade si ŋkɔe nye Arto nɔ mía si eye adze sukudede gɔme kpuie; nudzadzradɔ si wɔm Sylvi nɔ hã dzɔa dzi nɛ ŋutɔ. Gake esi míebu eŋu ɖekae vɔ megbe la, melɔ̃ xɔ Fiaɖuƒesubɔsubɔ ƒe agbanɔamedzi bubu sia.—Mateo 6:33.

Ke ɣeyiɣi sesẽ bubu gadze egɔme. Aʋa dzɔ le November 30, 1939 dzi esime Soviet-srafowo ge ɖe Finland. Wowɔ aʋa sia si woyɔna be Vuvɔŋɔliʋa la vaseɖe March 1940 dzi esime Finland va lɔ̃ ɖe edzi be yewoawɔ ŋutifafanubabla. Edze abe ɖe dzɔdzɔmenuwo hã wɔ aʋa la ene, elabena emae nye vuvɔŋɔli si fa miamiamia wu ɖesiaɖe si dzi maɖo ŋkui. Medoa gasɔ nɔa tsatsam le hamewo dzi le esi yame fa miamiamia eye wòɖoa dzeside -30° C le dzoxɔxɔdzidzenu dzi.

Woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Finland le ƒe 1940 me. Emegbe wolé sɔhɛ Ðasefo siwo nye Finlandtɔwo la dometɔ geɖe de game eye wozi wo dzi be woanɔ afima le nɔnɔme manyomanyowo me. Dzidzɔtɔe la, mete ŋu subɔ hameawo katã le xexemeʋa evelia me, tso ƒe 1939 vaseɖe ƒe 1945 me. Zi geɖe la, ehiãna be madzo le Sylvi kple Arto gbɔ ɣleti aɖewo. Hekpe ɖe eŋu la, wodoa ŋɔdzi nam ɣesiaɣi be woalém be mele dɔ manɔsenu wɔm.

Ðewohĩ meto vovo le amewo dome le esi menɔa gasɔ si dzi wobla akplo, kotoku si me agbalẽwo le, haƒomɔ̃ kple agba siwo dzi wolé nya ɖo la dom ta. Susu siwo ta metsɔa haƒomɔ̃ kple agbawo dometɔ ɖekae nye be maɖee afia ne wova lém be menye Russiatɔwo ƒe asrafoŋkutsala si dzona le yameʋu mee menye o. Èkpɔea, mate ŋu aʋli nya be ne asrafo si dzona le yameʋu mee menye la, anye agba siwo dzi wolé nya ɖo agbã esi medzo va dze anyigba.

Gake gbeɖeka esi menɔ tsa ɖim le nuto aɖe si me tɔwo woxlɔ̃ nui le ŋkutsala aɖe ŋu me la, Ðasefowo ƒe ƒome aɖe bu vodadatɔe be ŋkutsalae menye. Meƒo ʋɔ na wo le zã doblukɔ aɖe me le vuvɔŋɔlia, wovɔ̃ ale gbegbe be womete ŋu ʋu ʋɔa o. Eyata metsi ava aɖe me dɔ, mege ɖe gbe ƒuƒuawo te be dzo naɖo lãme nam. Esi ŋu ke la, wokpɔm dze sii azɔ eye magblɔ kakaɖedzitɔe be ƒomea me tɔwo katã nyo dɔme nam etɔxɛe le nye sasrãkpɔ mamleawo katã me!

Le aʋaƒeawo me la, mía kple Nɔviŋutsu Johannes Koskinen koe subɔ hame siwo katã nɔ Finland titina kple eƒe anyiehe gome. Anyigba si ƒe lolome ade kilometa 600 mee mía dometɔ ɖesiaɖe wɔa dɔ le. Hame siwo gbɔ wòle be míayi sɔ gbɔ ale gbegbe be ŋkeke eve alo etɔ̃ koe míete ŋu nɔa hame ɖeka gbɔ. Ƒã hafi ketekewo vana ɖe game dzi eye ʋuwo hã mesɔ gbɔ o, eye míemimina ɖe eme ale gbegbe be enyea nukunu be míeva ɖoa mía nɔƒewo.

Metsi Afɔku me Kloe Zi Geɖe

Gbeɖeka esi Vuvɔŋɔliʋa la dze egɔme teti la, meyi alɔdzedɔwɔƒe si le Helsinki va xɔ agbalẽ siwo nu wode se ɖo la ƒe agbalẽgo gã ene be maɖo keteke atsɔe ayi na hamewo. Esi meɖo Riihimäki-ketekedzeƒea la, míese aʋawɔyameʋuwo ŋkɔ. Asrafo siwo le ketekea me la do woƒe vuvɔmewuwo, eye wogblɔ na ʋuɖolawo be woado le ketekea me enumake ayi gbadzaƒe si le ʋuɖoƒea xa.

Megblɔ na asrafoawo be woatsɔ nye agbalẽgoawo kpem eye megblɔ na wo be wole vevie. Wo dometɔ ene tsɔ agbalẽgo ɖekaɖeka eye míeƒu du ade meta 200 to anyigba si dzi sno xe la dzi. Míemlɔ anyi ɖe anyigba, eye ame aɖe do ɣli yɔm be: “Kpɔ ɖa wòe dumevi dzro, mègaʋã gbeɖe o! Ne yameʋawɔlawo kpɔ ame aɖe ʋã la, woada tu mí.” Gake esi medi vevie be manya nusi nɔ dzɔdzɔm la medze agbagba fɔ kɔ dzi eye mekpɔ yameʋu 28 sɔŋ!

Kasia bɔmbwo ƒe wówo na anyigba ʋuʋu. Togbɔ be womeda bɔmb ketekedzeƒea o hã la, wodae keteke si míeɖo va. Aleke gbegbe keteke gbagbãa kple ketekegakpo siwo glɔ̃ la kpɔkpɔ dzi ŋɔe nye si! Mete ŋu tsɔ agbalẽgoawo yi nye mɔzɔzɔa dzi esi ŋu ke eye asrafoawo hã ɖo keteke bubu. Wo dometɔ ɖeka va zu Ðasefo esi aʋa la ke eye wògblɔ nam be asrafoawo ƒo nu tso dumevi dzro ma si tsɔ agbalẽgowo ɖe asi la ŋu emegbe.

Ɣebubuɣi esi Nɔviŋutsu Koskinen zɔ mɔ yina hame sue si le Rovaniemi, Finland, ƒe anyiehekpa dzi subɔ ge la, wolée hafi wòdo le ketekea me. Wodee game eye wowɔ funyafunyae vevie. Esi ɣeyiɣia de nam be masubɔ hame ma ke la, mewɔ ɖoɖo ɖi ɖe ketekedzeƒe sue aɖe si le Kiovu. Nɔvinyɔnu Helmi Pallari wɔ ɖoɖo le afima be maɖo nyinotsitsɔʋu aɖe ayi mɔzɔzɔa dzi. Mekpɔ dzidzedze le Rovaniemi Hamea sasrãkpɔ me. Gake mege ɖe afɔku me le nye dzodzo me.

Esi míeyina ketekedzeƒea la, mía kple nye zɔhɛ míedo go asrafo eve siwo nɔ mɔzɔlawo katã ƒe agbalẽwo me kam. Megblɔ nɛ be: “Mègakpɔ wo gbɔ o. Kpɔ ŋgɔ tẽ.” Míezɔ to wo dome abe ɖe womele afima o ene. Emegbe wodze mía yome. Mlɔeba la, mete ŋu be ɖe amehawo dome le ketekedzeƒea eye meti kpo ge ɖe keteke si nɔ hohom la me. Dzidzɔ sɔŋ yɔ mɔzɔzɔdɔa me le ŋkeke mawo me!

Wolém gbeɖeka kplɔ yi dɔwɔƒe si tia dukɔmeviwo na asrafodɔ wɔwɔ sesẽtɔe lae. Susuae nye be woaɖom ɖe aʋagbedzi. Gake ame aɖe ƒo ka eye asrafo si di be yeabia gbem la ɖo eŋu. Mese amea nɔ ɣli dom le telefon la me be: “Dɔ lém míele hafi gale dɔnɔ maɖinu siawo ɖom ɖa kokokoa? Ðeko míagbugbɔ wo aɖo ɖa. Ŋutsu siwo dze na dɔwɔwɔ dim míele!” Dzidzɔtɔe la, lãmesẽ ŋuti ɖaseɖigbalẽ si ƒo nu tso dɔ si lém mele ŋu la nɔ ŋunye. Esi metsɔe fia wo la, woɖe mɔ nam be madzo eye meyi nye dɔwɔna dzi le hameawo me neneke medo kplamatsem o!

Mena Kpekpeɖeŋu le Ʋɔnunya aɖe Me

Aʋa la nu ganɔ sesẽm ɖe edzi eye wolé xɔ̃nye Ahti Laeste. Srɔ̃a ƒo ka nam. Esi meyi wo ƒeme la, mekpɔ agbalẽ aɖe si afima kpovitɔwo na Ahti tsɔ ɖe mɔ nɛ be wòaƒo nuƒo siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi le dua ƒe ablɔwo me la le eƒe agbalẽwo dome. Míetsɔ agbalẽa yi ʋɔnudrɔ̃ƒeae. Esi woxlẽ nutsonyawo vɔ la, metsɔ agbalẽa na Nɔviŋutsu Laeste. Ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ na asrafo aɖe be wòatsɔ haƒomɔ̃a kple agba gbogbo siwo dzi wolé Biblia me nuƒowo ɖo la vɛ be ʋɔnua nase. Esi wose nuƒoawo katã vɔ megbe la, ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ be yemekpɔ nusi gblẽ le nya siwo wogblɔ la ŋu o.

Emegbe wona mía kple Ahti kpakple srɔ̃a míedo yi akpata me be míalala ʋɔnua ƒe nyametsotso. Míenɔ afima nɔ lalam. Mlɔeba la, míese gbe aɖe gblɔ be: “Taflatse wò amesi ŋu wotsɔ nya ɖo, ge ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒea.” Woɖe asi le Nɔviŋutsu Laeste ŋu! Akpedada na Yehowa yɔ míaƒe dzime fũ vavã esi míeyi míaƒe dɔa dzi, Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Laeste woyi wo tɔ dzi le woƒe hamea me eye nye hã meyi nye mɔzɔzɔdɔa dzi.

Aʋa la Ke—Míeyi Míaƒe Subɔsubɔdɔa Dzi

Esi aʋa la ke la, woɖe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye woɖe asi le nɔviwo ŋu le game. Le ƒe geɖe siwo metsɔ wɔ subɔsubɔdɔae me la, akpa si nɔvinyɔnu Kristotɔwo wɔ le Fiaɖuƒedɔa me kple woƒe megbenɔnɔ na wo srɔ̃wo la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Vevietɔ mekpɔ ŋudzedze ɖe Sylvi ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple kpekpeɖeŋu si wònam la ŋu ŋutɔ. Esia wɔe be mete ŋu yi mɔzɔzɔdɔa dzi ƒe 33 matɔmatɔe eye emegbe mewɔ mɔɖela vevi ƒe dɔ.

Mía kple Sylvi míede dzi ƒo na Arto be wòadze mɔɖeɖedɔa gɔme ne wòwu suku nu, wòasrɔ̃ Eŋlisigbe, eye wòade Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku le United States. Ewu Gilead Sukua nu le ƒe 1953 me. Emegbe eɖe Eeva, eye wo ame evea wowɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ vovovowo, dzikpɔladɔ, Betel-subɔsubɔdɔ, kple mɔɖela vevi ƒe dɔa hã. Woʋu va Tampere, du si me míaƒe aƒe le la me le ƒe 1988 me be yewoana kpekpeɖeŋu le mía kple Sylvi dzikpɔkpɔ me, esi woganɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa wɔm.

Mía kple Sylvi míese vivi le agbenɔnɔ xɔasi si me dzidzeme kple yayra yɔ fũ la me eye togbɔ be ŋusẽ vɔ le mía ŋu fifia hã la, nu geɖe li siwo ne míeɖo ŋku wo dzi la, wodea dzi ƒo na mí. Nusi naa míaƒe dzi dzea eme wue nye ne míebu dzidziɖedzi si teƒe míekpɔ la ŋu. Esi medze hamewo sasrãkpɔ gɔme le ƒe 1939 me la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela 865 koe nɔ Finland, gake fifia wowu ame 18,000!

Nyemebui be esi medze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le ƒe 1938 me ke la magate ŋu anɔ ewɔm le ƒe 55 megbe o. Togbɔ be míetsi le ƒe me hã la, míele edzi le Yehowa ƒe ŋusẽ me hele mɔ kpɔm na míaƒe fetu si ŋugbe wodo na mí la. Míeka ɖe hakpala la ƒe nya siawo dzi be: “Yehowa ƒe dɔme nyo, eƒe amenuveve li tegbee kple eƒe nuteƒewɔwɔ tso dzidzime yi dzidzime.”—Psalmo 100:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Leo kple Sylvi Kallio woɖo kpe adzɔgbe si woɖe na Yehowa dzi le ƒe 1934 me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Leo kple Sylvi ƒe foto si woɖe nyitsɔ laa esime wòsusɔ vie woaxɔ ƒe 60 le subɔsubɔdɔ si wɔm wole bliboe me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe