INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 2/15 axa 23-26
  • Dominican Republic Nu Geɖe Gali Woafɔ le Afima

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dominican Republic Nu Geɖe Gali Woafɔ le Afima
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nufɔfɔ Bubu Ƒomevi
  • Yayara Siwo Tso Ameawo Gbɔ Yiyi Me
  • Sɔhɛwo Xɔ Nya la Nyuie
  • “Nudila” Siwo Tso Duta
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 2/15 axa 23-26

Dominican Republic Nu Geɖe Gali Woafɔ le Afima

ESI Christopher Columbus nye ɖekakpui dzaa ko la, edze ƒudzimɔzɔzɔ si na be wòva ke ɖe ƒukpo siwo woyɔna egbea be West Indies ŋu la gɔme. Le December 1492 me la, eƒe tɔdziʋu vevitɔ Santa María si go ɖe Española-ƒukpo si woyɔna egbea be Hispaniola si dzi Haiti kple Dominican Republic le la dzi. Afimae Colombus tso Europatɔwo ƒe nɔƒe gbãtɔ si nye mɔ̃ sesẽ aɖe si wotu kpatakpata si woyɔ be La Navidad la ɖo. Ƒukpo sia va zu afisi koŋ wònɔ hafi yi anyigba yeye bubuwo didi dzi.

Colombus kpɔ be ƒukpoa dzi tɔwo, Taino Indiatɔwo, nye amesiwo dze ɖeka ale gbegbe, wonye amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo, eye amedzrowɔwɔ le wo me. Wosusui be edzinɔlawo ade ame 100,000 ɣemaɣi. Gake amedzro siwo ʋu va afima, amesiwo ƒe taɖodzinu koŋ ye nye be yewoaku sika ƒe ŋutasesẽ le afimatɔwo ŋu na be mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi woƒe agbɔsɔsɔ dzi va ɖe kpɔtɔ kabakaba o. Kaka ƒe 1570 naɖo la, Taino Indiatɔ 500 koe susɔ.

Ameƒomevi vovovo kple ŋutigbalẽ vovovo me tɔ, siwo tɔgbuiwo ʋu va Dominican Republic ye le dukɔ sia me egbea. Togbɔ be ele alea hã la, ewɔ abe Tainotɔwo ƒe nɔnɔme nyui geɖe gale wo me ene, xɔlɔ̃wɔwɔ le wo me eye wometsia dzi o. Nusia, tsɔ kpe ɖe woƒe Mawu dzixɔxɔse anukwaretɔe kpakple bubudede Biblia ŋu, na be Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa kpɔ dzidzedze le anyigba sia dzi ŋutɔ.

Nufɔfɔ Bubu Ƒomevi

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dutanyanyuigblɔla gbãtɔwo, Lennart kple Virginia Johnson, va ɖo Dominican Republic le ŋutasesẽdziɖula Trujillo ƒe zidzinɔɣi. Enye dzidzɔ na wo be woakpɔe be ame geɖe xɔ woƒe Biblia me gbedasia nyuie enumake. Gake esia medzɔ dzi na dziɖuɖumegãwo kple woƒe aɖaŋudela subɔsubɔhakplɔlawo o. Yometiti gã aɖe va le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, eye wodo Dominican Ðasefo gbãtɔ mawo ƒe xɔse kpɔ vevie. Wogaƒoa nu geɖe le woƒe nuteƒewɔwɔ kple woƒe xɔse—ne ebia be woaku hã—ŋu kokoko vaseɖe egbegbe.

Wodze si Yehowa Ðasefo siwo ade 16,000 fifia le anyigba sia dzi nyuie. Eteƒe medidi boo o, television dɔwɔƒe atɔ̃ ɖe video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name fia dukɔa katã.a

Esia na wonya nu geɖe tso Ðasefowo ƒe dɔa ŋu menye le dugãwo me ɖeɖeko o ke boŋ le duviwo kple kɔƒenuto aɖewo hã me. Be woaɖo amesiwo va nya nu le wo ŋu alea gbɔ la, wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be woadze agbagba aɖo ameawo gbɔ eye woatsɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ayi saɖaganuto siawo mee.

Yayara Siwo Tso Ameawo Gbɔ Yiyi Me

Sɔhɛ geɖe siwo nye Ðasefo siwo me agbe kple dzo le tsɔ wo ɖokui na faa be yewoazã ɣleti eve atsɔ aɖe gbeƒã le didiƒenuto siawo me. Woxɔ teƒeɖoɖo nyui geɖewo ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Ðasefo eve ke ɖe ɖetsɔleme tɔxɛ ŋu le nuto aɖe me. Esi Yesu ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzi si woɖuna ƒe sia ƒe wɔɣi ɖo ta la, wowɔ eŋuti ɖoɖowo eye wokpe amewo vɛ. Xɔa yɔ eye wowɔ kpekpea. Esi wowu enu la, ewɔ nuku na wo ŋutɔ be ame gbogbo aɖewo ganɔ xexe siwo nɔ lalam be yewoage ɖe xɔa me. Eyata wona woge ɖe xɔa me eye wogawɔ kpekpea ake. Fifia woɖo hame ɖe afima.

Zi geɖe la, dɔmenyo kple xɔlɔ̃wɔwɔ gbɔgbɔ si le ameawo me ʋãa wo be woagblɔ Biblia ƒe nyateƒe si srɔ̃m wole la na woƒe ƒomea me tɔwo kpakple ame bubuwo. Dzidzɔ yɔ Biblia-nusrɔ̃vi aɖe me ale gbegbe esi wòdze mlɔeba hena aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ. Enɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ atɔ̃ wɔm kple eƒe aƒelikawo xoxo, gake edzɔ dzi nɛ be yeate ŋu akpɔ gome geɖe wu le ewɔwɔ me.

Esi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo mete ŋu dea anyigbamamã geɖe me edziedzi o ta la, wodze agbagba be woaɖi ɖase na ʋuɖolawo alo amesiwo tsɔa adzɔnuwo vaa dugãwo mee alo va ƒlea asi le afima. Ku siwo esia tse la do dzidzɔ ŋutɔ, abe alesi eƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le nuteƒekpɔkpɔ sia si ku ɖe lɛta aɖe si alɔdzedɔwɔƒea xɔ ŋu mee ene. Ŋutsu eve siwo le kɔƒenutowo me siwo di be woasrɔ̃ Biblia kple yewo gbɔe wòtso. Esi Ðasefo aɖe va wo gbɔ la, ekpɔ be ƒe 10 kple ƒe 11 viwoe nye “ŋutsuawo.” Gake aleke wowɔ nya be Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe ɖoɖo aɖe li? Ŋutsu aɖe si tso du ma me va fiadua me na dɔ aɖe wɔwɔ. Edo go Ðasefo aɖe le ablɔdzi eye wona trakt aɖee hewɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo kplii. Esi ŋutsua trɔ yi aƒe la, etsɔ trakt la na nyɔnuvi ƒe 12 vi aɖe si le woƒe nutoa me eye wògblɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔa ƒe ɖoɖo nɛ. Nyɔnuvia hã gblɔe na ŋutsuvi eveawo eye woŋlɔ lɛta ma enumake. Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple ŋutsuviawo, nyɔnuvia, ŋutsua, kple via evea.

Sɔhɛwo Xɔ Nya la Nyuie

Le nyateƒe me la, ewɔ abe sɔhɛwo, esiwo wonyi le nyateƒea me kple bubuwo, tsɔ Mawu subɔsubɔ nu vevie ene. Le kpɔɖeŋu me, Tamar kple nɔvianyɔnu Keila xɔ nyɔnyrɔ̃ esi woxɔ ƒe 10 eye woge ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa me le woƒe ƒe 11 xɔxɔ me. Ƒe 12 ye Wendy Carolina xɔ esime wòtsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe dzii, eye le ƒe eve megbe, le ƒe 1985 me la, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme. Enye nufiala nyui aɖe si gale dzidzɔ kpɔm le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me egbea. Ŋutsuvi dzaa si ŋkɔe nye Jovanny si xɔ nyɔnyrɔ̃ esi wòxɔ ƒe 10 eye wòdze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 11 xɔxɔ me la le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ene wɔm. Esi ƒe ewo vi Rey kpɔ agbalẽvi aɖe si Yehowa Ðasefowo ta le agbalẽ xoxo dzrala aɖe gbɔ la, Rey ɖe kuku na dadaa be wòaƒlee na ye. Exlẽe tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu. Eƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ bubuwo didi kplɔe yi ɖe alɔdzedɔwɔƒeae. Egbea ele vivi sem le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, eye dadaa hã le Mawu subɔm.

Nukae kpe ɖe sɔhɛ siawo kple sɔhɛ bubuwo ŋu be wokpɔ asixɔxɔ si le gbɔgbɔmenuwo ŋu dze sii? Dzilawo ƒe mɔfiafia nyui wɔ akpa vevi aɖe le wo dometɔ geɖe gome. Alea wòle le Josué si dzila Kristotɔwo nye nufialawo gome. Esi dzikpɔla mɔzɔla aɖe do susu ɖa be dzilawo nadze agbagba akpe ɖe wo vi ɖeka teti ŋu be wòawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa la, woƒe susu yi Josué dzi. Esi Josué doa vevie nusɔsrɔ̃ ta la, dziɖuɖua na sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔe be wòava srɔ̃ mɔ̃ɖaŋu. Esi wòde yunivɛsiti ƒe ɖeka kple afã la, elɔ̃ xɔ amekpekpea be yeawɔ xɔtudɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe ƒe ta si le Dominican Republic. Edzilawo gblɔ be yewoƒe dzi dze eme ŋutɔ be yewo vi le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me.

“Nudila” Siwo Tso Duta

Yesu ƒe nya siwo nye “nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke dɔwɔlawo mede ha o” sɔ na anyigbamamã sia nyateƒe. (Mateo 9:37) Hiahiã gã si li kple ameawo ƒe ɖetsɔleme nyui ʋã Ðasefo bubuwo tso dukɔ bubuwo me be woava kpɔ gome le egbegbe kesinɔnu vavãtɔwo—nyateƒea dila anukwaretɔwo—didi me.

Ðasefowo ƒe ƒomewo tso Puerto Rico ƒukpo si tsɔ ɖe wo gbɔ dzi va eye woƒe dzi dze eme vavã le subɔsubɔ le Dominican Republic ƒe nuto vovovowo me. Ƒome ƒe ta aɖe gblɔ be: “Ne ète ŋu gblɔa wò xɔse kple mɔkpɔkpɔ na amesiwo ɖoa to la, edea agbe nyateƒea me vavã!” Esi Cecilia si tso Sweden kple Nia si tso United States se hiahiã si le afisia la, wova wɔ dɔ kple sɔhɛ bubu geɖe siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Wole subɔsubɔm le dukɔa me le afisiwo towo bɔ ɖo wu eye yame fa le wu. Nenema ke ƒome eve siwo tso Canada va kpe asi ɖe Dominicatɔwo ƒe ƒome aɖe si gbɔ tso United States ŋu le to kɔkɔ fafɛ siwo dzi avewo le ƒe nutowo me. Wole hame sue aɖe me eye wote ŋu ɖoa amesiwo gbɔ Yehowa Ðasefowo mete ŋu ɖo o ƒe ewo sɔŋ enye esia la gbɔ.

Alfredo kple Lourdes kple wo vi atɔ̃awo gbɔ tso New York City eye wodea ha kple hame sue aɖe si le ƒutadu dzeani siwo me modzakatsaɖilawo dena la dometɔ ɖeka me. Edzɔa dzi na wo be yewote ŋu kpɔa gome le dzi anukwaretɔwo didi me eye be yewole kpekpem ɖe hamea ŋu be wòatsi. Roland si nye kɔmpiutaŋunyala si tso Austria, kple srɔ̃a Yuta, wova le dukɔa ƒe dziehe, afisi dzoxɔxɔ le eye tsi medzana le kabakakaba o. Edzɔ dzi na wo be esi yewova la, woɖo hame yeye aɖe. Le du aɖe si tsɔ ɖe wo gbɔ me la, nɔvinyɔnu mɔɖela etɔ̃ kple atsu kple asi aɖe siwo tso California ka nya ta be amesiwo bia be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple yewo sɔ gbɔ ale gbegbe be yewomete ŋu le wo katã wɔm o. Eyata wode dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔawo be woanɔ kpekpeawo dem le yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata me bene woaŋlɔ woƒe ŋkɔ akpe ɖe amesiwo hã di be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple yewo ne mɔnu va la ŋu. Yuta nɔviŋutsu Stefan le subɔsubɔm le nuteƒewɔwɔ me le du dzeani si nye Samaná si le anyieheɣedzeƒe la me. Le ƒe eve ko me la, Fiaɖuƒe gbeƒãɖela siwo le afima dzi ɖe edzi teƒe eve.

Lɔlɔ̃ kple dzonɔameme si dze le amesiawo kple ame bubu siwo va be yewoana kpekpeɖeŋu ƒe nuwɔna me la dze kafukafu vavã. Menye dɔ gã si nye ʋuʋu yi anyigba yeye si dzi tɔwo ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo to vovo koe wolɔ̃ be yewoawɔ o, ke boŋ le wo dometɔ akpa gãtɔ gome la, wolɔ̃ be yewoasrɔ̃ gbe yeyewo bene woate ŋu akpɔ amesiwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo hã gbɔ. Woƒe agbagbadzedzewo na dukɔa me tɔwo hã dze agbagba siwo dze kafukafu.

Dominicatɔwo ƒe ƒome aɖewo ʋu dzo le dugãmegbenɔnɔ si me dzidzeme le gbɔ yi kɔƒenutowo me. Wotsɔ dzidzɔ si nye keke ɖe kesinɔnu vavãtɔ siwo nye nyateƒea dila anukwaretɔwo ŋu le amesiawo katã yram geɖe.

Ƒe alafa 15 lia me kesinɔnudilawo mehe yayra vɛ na Tainotɔ siwo nye afimatɔwo o, kluvinyenye kple fukpekpe si mele gbɔgblɔ me o boŋ ye wodro ɖe ta vɛ. Xexeme Yeyea ƒe kesinɔnuwo meɖe vi na Colombus ŋutɔ hã o. Wova lée eye wode kunyowui nyãe le ƒukpo si wòfɔ la dzi gbugbɔ ɖo ɖe Spania.

Egbea wole nu bubu ƒomevi fɔm, eye wole kekem ɖe kesinɔnu si xɔ asi wu ŋu. Yehowa ƒe amewo ƒe ŋku biã ɖe dzi anukwaretɔ siwo xɔa Fiaɖuƒe nyanyuia didi ŋu. Emetsonue nye be ameha gã si le dzidzim ɖe edzi ɖaa la va le ablɔɖe si Mawu ƒe Nya la ɖeɖeko naa ame la me. (Yohanes 8:32) Wole mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me to, tsitsetse dzeani, ƒuta nyakpɔ, kple agado dodzidzɔname ƒe anyigba sia maganye ƒukpo dzi paradiso ko o, ke boŋ azu xexeme yeye si axɔ anyigba bliboa dzi la ƒe akpa aɖe.—Petro II, 3:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Watch Tower Bible and Tract Society ye wɔe.

[Anyigbatata si le axa 24]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Dominican Republic

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24, 25]

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ wɔe be sɔhɛwo kena ɖe asixɔxɔ si le gbɔgbɔmenuwo ŋu la ŋuti

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe