Yehowa Ðasefowo le Xexeame Katã—Zambia
ANYIGBA gbadza si dzi mesɔ o si le kɔkɔƒe meta 1,200—Zambia enye sia, dukɔ si le Afrika ƒe dziehetitina tututu. Muchinga To siwo kɔ meta 2,100 la le eƒe anyieheɣedzeƒe. Zambezi Tɔsisi gã si sina hedea nu Victoria Tsitsetse si xɔ ŋkɔ le xexeame katã me wòɖina sesĩe lae xɔ dukɔ sia si ƒe liƒowo katã kloe nye anyigba la ƒe dzieheliƒo ƒe akpa gãtɔ. Vovototo gã aɖe le ameawo dome, eye to vovovo 70 ye le afima. Gbe enyi koŋue wodona le afisia, gake bubu geɖe hã li.
Le ƒe 1911 me la, ame geɖe te gbe bubu aɖe dodo le Zambia. Amedzrowo tsɔ Studies in the Scriptures va afima eye tso ɣemaɣi la, Yehowa Ðasefowo dze agbagba be yewoakaka Biblia me nyateƒea ƒe ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛ’ la le Zambia. (Zefanya 3:9) Woƒe kuxi sesẽtɔwo koŋue nye nɔnɔme si me ame kukuwo le ƒe dzixɔse siwo metso Ŋɔŋlɔawo me o. Ne amewo srɔ̃ nyateƒea eye wokpɔ alesi gbegbe aʋatsodzixɔsewo wɔ wo kluviwoe la, ena wokpɔa ablɔɖe!—Yohanes 8:32.
Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu nuteƒewɔla aɖe ka nya ta be: “Esi nyruinye ku kpata la, danye si nye Zambia United Church me tɔ dovevienu la tɔtɔ. Le ameɖikɔnu siwo wotsɔ kwasiɖa ɖeka wɔ megbe la, metrɔ yi kɔƒea me be mava kpɔ alesi wòle ɖa. Esi meva ɖo la, mekpɔ ŋutsu tsitsi aɖe le aƒea me, eye esi wòdzo la, mebia mamanye amesi ŋutsua nye. Egblɔ be bokɔnɔe. Danye va bia tso esi be wòawu amesi wu nyruinye la ɖo eteƒe ale be eƒe luʋɔ nate ŋu akpɔ gbɔdzɔe. Abe alesi wògblɔe ene la, exɔe se be ‘ele tsatsam’ fifia.
“Mamanye gblɔ be nye vava de yewo dzi ŋutɔ elabena ƒomea le ga dim atsɔ axe fe na bokɔ la. Ebia tso asinye be nye hã madzɔ nane, gake meɖe eme le ŋuɖɔɖo me be esi menye Kristotɔ ta la, nyemate ŋu akpɔ gome le eme o. Medzro Psalmo 146:4 me kplii, si fia be tameɖoɖowo megale ame kukuwo si o—eyata luʋɔ aɖeke meli ‘le tsatsam’ o. Míedzro Romatɔwo 12:19 hã me, si ɖee fia be Yehowa koe abia hlɔ̃ ke menye míawo o. Ema megbe la, meƒo nu tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe si woŋlɔ ɖe Yohanes 5:28, 29 la ŋu na danye. Alesi mexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se vevie la wɔ dɔ ɖe edzi. Eteƒe medidi o ete nusɔsrɔ̃ kple Ðasefo aɖe hewɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Edo le subɔsubɔha si me wònɔ tsã la me keŋkeŋ eye wòtsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe kpɔɖeŋui. Fifia enye Yehowa Ðasefo.”
Nɔvinyɔnu bubu ka nya ta be: “Mede nyruinye srɔ̃ ƒe kuteƒe. Esi meva ɖo la, mekpɔ be dɔ nɔ nyruinye kple via wum. Womeɖu naneke tso esime nyruinye srɔ̃ ku o. Esi mebia nusitae la, woɖo eŋu be le kɔnu nu la, womeɖe mɔ be woado dzo aɖa nu o. Megblɔ be maɖae na wo, gake ƒomea me tɔ aɖewo vɔ̃ be ne meda trɔ̃subɔkɔnu sia dzi la, amesiame aku tsu!
“Megblɔ be esi menye Yehowa Ðasefo ta la, medea bubu nya si Biblia gblɔ le Mose III, 18:30 la ŋu eye nyemewɔna ɖe kɔnu siwo metso Ŋɔŋlɔawo me dzi o. Emegbe metsɔ agbalẽ gbadza si nye Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔ fia wo. Ema na wodze akɔ anyi, eye meyi edzi ɖa nu na nyruinye kple ame bubuawo. Nye kalẽwɔwɔ wɔ dɔ ɖe kuƒomea dzi vevie eye wolɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia la ayi ŋgɔe. Wozu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo xoxo, eye ƒome bliboa katã le mɔ kpɔm be eteƒe madidi o yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃.”
Aleke gbegbe wòdzɔa dzi na mí enye si ne nyateƒea ƒe gbegbɔgblɔ dzadzɛa ɖu mawusubɔsubɔ me aʋatsonya siwo tɔtɔa ame, vevietɔ dzixɔse siwo ta woʋlina vevie siwo wɔa amesiwo medze sii o kluviwoe, la me! Yehowa ƒe yayra na gbegbɔgblɔ dzadzɛa le ta kekem le Zambia, abe alesi wòle le anyigba katã dzi ene.—Korintotɔwo II, 10:4.
[Aɖaka si le axa 9]
DUKƆA ƑE AKƆNTABUBU
Ƒe 1994 Subɔsubɔƒea
ÐASEÐILAWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 82,926
ÐASEFO 1 NA AME: 107
ŊKUÐODZIVALAWO: 363,372
MƆÐELAWO ƑE MAMÃ DEDIE: 10,713
BIBLIA NUSƆSRƆ̃ ƑE MAMÃ DEDIE: 108,948
NYƆNYRƆ̃XƆLAWO: 3,552
HAMEWO ƑE AGBƆSƆSƆ: 2,027
ALƆDZEDƆWƆƑE: LUSAKA
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe xɔwo le Lusaka gbɔto
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Gbeƒãɖeɖe le Shimabala, Lusaka ƒe dziehe