Edze Be Míadzro Biblia me Gbedodoɖawo me Nyuie
NYƆNU aɖe si tsi dzi, fia aɖe, kple Mawu ŋutɔ ƒe Vi woe do gbe siwo me dzro ge míala fifia la ɖa. Nɔnɔme vovovowoe na wodo gbeawo dometɔ ɖesiaɖe ɖa. Ke hã la, nɔnɔme siawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi egbea. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siawo me?
‘Kpɔ Wò Dɔlanyɔnu ƒe Hiã Ða’
Ðe kuxi aɖe le nuwò ɖiam ɣesiaɣia? Alo ɖe dzimaɖitsitsi do agba na wòa? Ekema wò nɔnɔmea ɖi Xana tɔ hafi wòdzi eƒe ŋgɔgbevi Samuel. Konɔe wònye eye nyɔnu bubu nɔ alɔme ɖem le eŋu. Le nyateƒe me la, Xana ƒe nɔnɔmea ɖu dzi nɛ wòtsi dzi ale gbegbe be mete ŋu ɖua nu o. (Samuel I, 1:2-8, 15, 16) Eƒo nu na Yehowa eye wògblɔ kukuɖenya siwo gbɔna:
“Yehowa Zebaot, ne èkpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nèna ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!”—Samuel I, 1:11.
De dzesii be Xana meƒo nu tso nu vovovowo ŋu o. Nu tɔxɛ aɖee wòbia Yehowa (be wòana ŋutsuvi ye) eye wòtsɔ tameɖoɖo kplikpaa aɖe hã kpe ɖe eŋu (be yeatsɔe ana Mawu). Nukae esia fia mí?
Ne èɖo afɔku me la, ƒo nu tso kuxia ŋu tẽ le gbedodoɖa me. Eɖanye nuka kee wò kuxia nye o—wò aƒemenya, akogotsitsi, alo lãmegbegblẽ wòɖanye o—do gbe ɖa le eŋu na Yehowa. Gblɔ alesi wò kuxia le kple alesi nèsena le ɖokuiwò me nɛ. Ahosi aɖe si ŋkɔe nye Louise la gblɔ be: “Megblɔa nye kuxiwo katã na Yehowa fiẽ sia fiẽ. Wosɔa gbɔ ɣeaɖewoɣi, gake meyɔa wo dometɔ ɖesiaɖe eme kɔna.”
Nyawo gbɔgblɔ na Yehowa tẽ ɖea vi. Ema wɔwɔ na míete ŋu ɖea nusi tututu míaƒe kuxia nye la me, si mana míavɔ̃ ɖe enu akpa o. Gbedodoɖa siwo me wogblɔa nyawo le tẽ na míevona tsoa dzimaɖitsitsi me. Hafi woaɖo Xana ƒe gbedodoɖa ŋu nɛ gɔ̃ hã la, ekpɔ kakaɖedzi, eye “megato mo azɔ o.” (Samuel I, 1:18) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, kuxia gbɔgblɔ tututu na míenɔa ŋudzɔ dea dzesi míaƒe gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo. Bernhard si nye Kristotɔ le Germania la gblɔ be: “Zi alesi megblɔa nusi tututu kuxia nye le nye gbedodoɖawo me la, zi nenemae wo ŋuɖoɖowo dzena ƒãe.”
“Ðevi Sue Menye”
Gake ame aɖe atsi dzi le mɔ bubu nu ne exɔ dɔdasi si wòbu be yemedze axɔe o. Ðe dzi ɖena le ƒowò ɣeaɖewoɣi le agbanɔamedzi si Yehowa tsɔ na wò taa? Alo ɖe ame aɖewo bunɛ be mèdze be nàwɔ wò dɔdasia oa? Nɔnɔme ma mee Salomo si nye sɔhɛ la nɔ esime wosi ami nɛ wòzu Israel-fia. Ame ŋkuta aɖewo di be ame bubu aɖe nanɔ zia dzi. (Fiawo I, 1:5-7, 41-46; 2:13-22) Salomo bia nane le gbedodoɖa me le eƒe dziɖuɣi ƒe gɔmedzedze:
“Yehowa, nye Mawu, ètsɔ wò dɔla ɖo fiae . . . ke ɖevi sue menye, eye nyemenya alesi madoe alo gbɔe o! . . . Na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ, eye wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome.”—Fiawo I, 3:7-9.
Salomo do gbe ɖa le eƒe ƒomedodo kple Yehowa, mɔnukpɔkpɔ si wònae, kple ŋutete si wòatsɔ awɔ dɔ lae ŋu. Nenema ke ne wona dɔ si míebu be míate ŋu awɔ o mí la, ele be míaɖe kuku na Mawu be wòadzra mí ɖo ɖe dɔa wɔwɔ ŋu. Bu nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna ŋu kpɔ:
Eugene gblɔ be: “Esi wode dɔ si lolo wu asi nam le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒea la, mese le ɖokuinye me be nyemedze na ewɔwɔ kura o. Ame bubu siwo dze eye wokpɔ nuteƒe geɖe wu la nɔ anyi. Nyemete ŋu dɔ alɔ̃ tututu le zã eve siwo kplɔe ɖo me o, eye metsɔ ɣeɣiɣia ƒe akpa gãtɔ nɔ gbe dom ɖa, si do ŋusẽm hena kakaɖedzi si hiã lam.”
Wobia tso Roy si be wòaƒo kuteƒenuƒo esime nɔvi ɖekakpui aɖe si ame geɖe nya la ku kpata nublanuitɔe. Ame geɖe le kuteƒea yi ge godoo. Nukae Roy wɔ? “Nyemedo gbe ɖa edziedzi zi geɖe hebia ŋusẽ kple alesi makpɔ nya siwo sɔ atsɔ aɖe nya tuameɖowo me ahafa akɔ na amewoe alea kpɔ o.”
Esi Wɔla la ‘le tsɔtsɔe dom nuwo’ eye eƒe habɔbɔa le ta kekem ɖe edzi la, nusi ado tso eme koe nye be woade dɔ asi na esubɔlawo dometɔ geɖe. (Yesaya 60:22) Ne wobia tso asiwò be nàwɔ dɔ bubuwo kpee la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò eɖanye aleke kee mèkpɔ nuteƒe, mèxɔ hehe, alo ŋutete mele asiwòe o. Do ɖe Mawu ŋkume abe alesi Salomo wɔe tututu ene, eye Adzra wò ɖo be nàwɔ dɔa.
“Bena Wo Katã Woazu Ðeka”
Nɔnɔme etɔ̃lia si doa mo ɖa egbeae nye be woabia tso mía si be nànɔ ƒuƒoƒo aɖe nu ado gbe ɖa. Ne wobia tso mía si be míado gbe ɖa ɖe ame bubuwo nu la, nukae wòle be míado gbe ɖa abia? De ŋugble le Yesu ƒe gbedodoɖa si woŋlɔ ɖe Yohanes ta 17 me ŋu kpɔ. Edo gbe sia ɖa le eƒe nusrɔ̃lawo ŋkume le fiẽ mamletɔ si wònye amegbetɔ me. Nukawoe wòbia eƒe Dziƒofofo la?
Yesu te gbe ɖe amesiwo nɔ eteƒe la katã ƒe taɖodzinuwo kple mɔkpɔkpɔ dzi. Eƒo nu tso Yehowa Mawu ƒe ŋkɔ ŋutikɔkɔ kple alesi wòana amewo nase nu tso Fiaɖuƒea ŋui la ŋuti. Yesu te gbe ɖe ame ŋutɔ ƒe ƒomedodo kple Fofo la kple Vi la si nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo nyanya dzi ƒe asixɔxɔ dzi. Eƒo nu tso ameɖokuiɖeɖeɖa tso xexeame si adzra eyomedzelawo ɖo ɖe tsitretsiɖeŋu ŋu la ŋuti. Kristo bia Fofoa hã be wòakpɔ nusrɔ̃laawo ta eye wòana woawɔ ɖeka le tadedeagu vavã me.
Ẽ, Yesu te gbe ɖe ɖekawɔwɔ dzi. (Yohanes 17:20, 21) Do ŋgɔ le fiẽ ma me la, nusrɔ̃laawo wɔ dzre le matsimatsinyenye me. (Luka 22:24-27) Gake le Kristo ƒe gbedodoɖa me la, mebu fɔ wo o, ke edi be woawɔ ɖeka boŋ. Nenema ke wòle be ƒome kple hame gbedodoɖawo nado lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ ahadi be woaɖu amewo dome masɔmasɔwo dzi. Ele be woate amesiwo le eteƒe la aƒo ƒu ɖekae.—Psalmo 133:1-3.
Ðekawɔwɔ sia dzena ne amesiwo le esem la gblɔ le enuwuwu be “Amen,” alo “Neva eme.” Hafi esia nanya wɔ la, ele be woase nya sia nya si wogblɔ la gɔme ahalɔ̃ ɖe edzi. Eyata masɔ be woagblɔ nya aɖe si ŋu amesiwo le eteƒe la dometɔ aɖewo menya nu tsoe o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ hamemegã aɖe si le gbe dom ɖa le hamea teƒe la abia Yehowa ƒe yayra na gbɔgbɔ me nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe si ƒe lãme gblẽ vevie. Gake zi geɖe la anyo wu be wòawɔ nenema ne amesiwo teƒe wòle la dze si amea eye wose dɔlélea ŋu nya.
De dzesii hã be Yesu meyɔ ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe ƒe nuhiahiãwo o. Ema wɔwɔ ana wòagblɔ ame aɖewo ƒe nya ɣaɣla siwo ŋu ame aɖewo koe nya nu tsoe. Esɔ be woagblɔ ame ŋutɔ ƒe nyawo le ame ŋutɔ ƒe gbedodoɖa si me woate ŋu agblɔ nya geɖe ahagblɔ nya ɣaɣla ɖesiaɖe si wodi le.
Aleke wòle be woadzra ɖo anɔ tadeagulawo ƒe ƒuƒoƒo gã aɖe teƒe le gbedodoɖa me? Kristotɔ aɖe si si nuteƒekpɔkpɔ le la gblɔ be: “Mebua nusiwo ta mada akpe ɖo, nusiwo nɔviwo adi be yewoabia, kple kuku siwo mate ŋu aɖe ɖe wo nu la ŋu do ŋgɔ. Meɖoa nye nyawo kple kafukafunyawo ɖe ɖoɖo nyui nu le susu me. Hafi mado gbe ɖa le dutoƒo la, medoa ŋgɔ doa gbe ɖa numaƒomaƒoe bia kpekpeɖeŋu be mate ŋu anɔ nɔviwo teƒe le bubu me.”
Aleke ke wò nɔnɔmewo ɖale o, anɔ eme be nàkpɔ gbe aɖe si ame aɖe si ƒe nɔnɔme ɖi tɔwò do ɖa le Biblia me. Gbedodoɖa vovovo siwo le Ŋɔŋlɔawo me ɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve ŋu. Gbedodoɖa siawo xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò gbedodoɖawo nanyo ɖe edzi.
[Aɖaka si le axa 5]
BIBLIA ME GBEDODOÐA ÐEDZESIWO
Yehowa subɔlawo do gbe ɖa le nɔnɔme vovovowo me. Ðe nɔnɔme siwo gbɔna la dometɔ ɖeka alo geɖe sɔ kple tɔwòa?
Ðe nèhiã Mawu ƒe mɔfiafia, abe Eleazar enea?—Mose I, 24:12-14.
Ðe nèɖo afɔku me, abe Yakob enea?—Mose I, 32:9-12.
Ðe nèdi be yeanya Mawu nyuie wu, abe Mose enea?—Mose II, 33:12-17.
Ðe nèdze ŋgɔ tsitretsiɖeŋulawo, abe Eliya enea?—Fiawo I, 18:36, 37.
Ðe gbeƒãɖeɖe sesẽ na wò, abe alesi wònɔ na Yeremya enea?—Yeremya 20:7-12.
Ðe wòle be nàʋu nuvɔ̃wo me ahabia tsɔtsɔke, abe alesi Daniel wɔe enea?—Daniel 9:3-19.
Ðe nèdze ŋgɔ yometiti, abe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo enea?—Dɔwɔwɔwo 4:24-31.
Kpɔ Mateo 6:9-13; Yohanes 17:1-26; Filipitɔwo 4:6, 7; Yakobo 5:16 hã.
[Aɖaka si le axa 6]
NUSI NÀDO GBE ÐA ABIA NE ÈDI BE YEAÐU NUMÃME AÐE DZI
Ðe nèle avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si doa mo ɖa edziedzia? Aleke gbedodoɖa siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ate ŋu aɖe vi na wòe? Srɔ̃ nu tso Dawid gbɔ, amesi do gbe ɖa le ɣeyiɣi vovovowo me le eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu.
Dawid dzi ha be: “Mawu, dzro menye, eye nadze si nye dzi, dom kpɔ, eye nadze si nye susuwo!” (Psalmo 139:23) Dawid ƒe didie nye be Yehowa Mawu nadi dzodzrowo, seselelãmewo, alo nɔnɔme vɔ̃wo le ye ŋu. Ne míagblɔe bubui la, Dawid bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be yeatsri nuvɔ̃.
Gake Dawid ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ɖu edzi, eye wòwɔ nuvɔ̃ gã aɖe. Gbedodoɖa kpe ɖe eŋu le esia hã me—fifia ya be woa kple Mawu dome nagaɖɔ ɖo. Le Psalmo 51:4 ƒe nya nu la, Dawid ɖe kuku be: “Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!”
Míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe abia kpekpeɖeŋu be míaɖu dzodzro vɔ̃wo dzi. Esia ado ŋusẽ mí be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ si zu numãme na mí dzi eye wòakpe ɖe mía ŋu míatsri nuvɔ̃. Ne míegava wɔe ake la, ele be míagado ɖe Yehowa ŋkume aɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe mía ŋu míayi aʋa la wɔwɔ dzi.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Ele be gbe siwo woado ɖa ɖe ƒuƒoƒo aɖe nu la nate gbe ɖe wo katã ƒe Ŋɔŋlɔawo me mɔkpɔkpɔ kple gbɔgbɔmetaɖodzinuwo dzi