INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 7/1 axa 3-4
  • “Nukae Nye Nyateƒe?”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nukae Nye Nyateƒe?”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyateƒe la Nutsitsi
  • Dzidzime si me Nusidzeameŋudzixɔxɔse Xɔ Aƒe Ðo
  • Amekae Pontio Pilato Nye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nukatae Wòle Be Nàdi Nyateƒea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Wokplɔe tso Pilato Gbɔ Yi Herodes Gbɔe Gakplɔe Gbɔe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Pilato Kple Herodes Kpɔe Be Yesu Meɖi Fɔ O
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 7/1 axa 3-4

“Nukae Nye Nyateƒe?”

AME eve siwo dze ŋgɔ wo nɔewo to vovo tso wo nɔewo gbɔ ŋutɔ. Wo dometɔ si nye dunyahela la melɔ̃a ame dzi xɔxɔ se o, enye nugãdila kple kesinɔtɔ si le klalo be yeawɔ nusianu si ado yeƒe dɔwɔɖui ɖe ŋgɔ. Ame evelia nye nufiala si meti kesinɔnu kple bubu yome o, eye wòlɔ̃ faa be yeatsɔ yeƒe agbe asa vɔe be yeaxɔ ame bubuwo ɖe agbe. Megahiã be woagblɔe o, ŋutsu eve siawo ƒe nukpɔsusuwo to vovo! Woƒe susu to vovo ŋutɔŋutɔ le nu ɖeka aɖe koŋ ŋu—eyae nye nyateƒe la.

Amesiawoe nye Pontio Pilato kple Yesu Kristo. Yesu tsi tre ɖe Pilato ŋkume abe nuvɔ̃wɔla si wobu fɔe ene. Nukatae? Yesu ɖe nusitae la gɔme—le nyateƒe me nusita koŋ wòva anyigba dzi hewɔ eƒe subɔsubɔdɔa—be enye le nu ɖeka aɖe koŋ ta: nyateƒe la. Egblɔ be “Nye la, esia ta wodzim ɖo eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.”—Yohanes 18:37.

Nya si Pilato tsɔ ɖo eŋui la nye nyabiabia ɖedzesi aɖe: “Nukae nye nyateƒe?” (Yohanes 18:38) Ŋuɖoɖo ŋutɔŋutɔ dim wònɔa? Anye be menɔ edim o. Yesu nye ame aɖe si ate ŋu aɖo nya sia nya si wobiae anukwaretɔe la ŋu gake meɖo nya aɖeke ŋu na Pilato o. Eye Biblia gblɔ be esi Pilato bia nya sia vɔ la, edo go le ʋɔnudrɔ̃ƒea enumake. Anye be Roma-mɔ̃mefia la bia nya sia kple fewuɖuɖu ƒe dzimaxɔse abe ɖe wòdi be yeagblɔ be “Nyateƒe? Nukae nye nyateƒe? Naneke meli nenema o!” ene.a

Egbea ame aɖewo kea ɖi le nusi nyateƒea nye ŋuti abe Pilato kee ene. Ame geɖe xɔe se be, amesiame kple nusi wòbu nyateƒee—ne míagblɔe bubui la, nusi nye nyateƒe na ame aɖe la, ame bubu ya mabui nyateƒee o, ale be wo kple evea siaa tɔ ate ŋu anye “nyateƒe.” Dzixɔse sia kaka ɖe xexeame ale gbegbe be wova tsɔ ŋkɔ nɛ—“nusidzeameŋudzixɔxɔse.” Nenema nèbua nyateƒe laea? Ne nenemae la, ɖe wòate ŋu anye be èxɔ nukpɔsusu sia eŋumabumabu tsitotsitoea? Ne mèxɔ nufiafia ma o hã la, ènya alesi gbegbe wòkpɔ ŋusẽ ɖe wò agbe dziia?

Nyateƒe la Nutsitsi

Menye Pontio Pilato ye nye ame gbãtɔ si ke ɖi le nyateƒe ŋutɔŋutɔ ƒe anyinɔnɔ ŋu o. Blema Hela xexemenunyala aɖewo tsɔ ɖikeke siawo fiafia zu woƒe agbemedɔe! Ƒe alafa atɔ̃ do ŋgɔ na Pilato la, Parmenides (amesi wobu be eyae to Europa ƒe vivimenunya vɛ) xɔe se be womate ŋu aɖo sidzedze ŋutɔŋutɔ gbɔ akpɔ gbeɖe o. Democritus si wokafu be enye “blema xexemenunyala gãtɔ” la gblɔ be: “Nyateƒe le ɣaɣla ɖe tome ʋĩ. . . . Míenya naneke si ŋu kakaɖedzi le o.” Socrates, si ɖewohĩ enye wo dometɔ si ŋu wode bubui wu gblɔ be nusiwo katã yenya ŋutɔŋutɔe nye be yemenya naneke o.

Tsitretsitsi ɖe dzixɔse sia si nye be woate ŋu adze si nyateƒea ŋutɔŋutɔ ŋuti la gali vaseɖe míaƒe ɣeyiɣi sia me. Le kpɔɖeŋu me, xexemenunyala aɖewo gblɔ be esi wònye sidzedze sua mía si to míaƒe sidzenu siwo ate ŋu flu mí dzi ta la, womate ŋu aɖo kpe sidzedze aɖeke ƒe nyateƒenyenye dzi o. Franseawo ƒe xexemenunyala kple akɔntabula gã René Descartes ɖoe be yeadzro nusiwo katã dzi yeka ɖo be yenya ŋutɔŋutɔ la me. Ete fli ɖe wo katã me wòsusɔ nyateƒe ɖeka si wòsusu be womate ŋu ake ɖi le eya ŋu o, esi nye: “Cogito ergo sum,” alo “Mebua tame, eyata meli.”

Dzidzime si me Nusidzeameŋudzixɔxɔse Xɔ Aƒe Ðo

Menye xexemenunyalawo koe fiaa nusidzeameŋudzixɔxɔse o. Subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo fianɛ, ezu nufiafia le sukuwo me, eye nyakakamɔnuwo hã na nufiafia sia kaka ɖi. Ƒe ʋee aɖewoe nye esi va yi Episkopal bisiɔp John S. Spong gblɔ be: “Ele be . . . míaɖe asi le susu si nye be míawo sie nyateƒea le eye be ame bubuwo naxɔ míaƒe nukpɔsusu ŋuti, eye míava kpɔe dze sii be nyateƒe gbɔ ɖoɖo gbɔ mí katã míaƒe ŋutete ŋu.” Spong ƒe nusidzeameŋudzixɔxɔse fiafia, abe subɔsubɔhaŋgɔnɔla geɖe tɔ egbea ene, ɖe asi le Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti nufiafia ŋu bɔbɔe eye wòtsɔ nufiafia si nye, “amesiame netsɔ esi nyo nɛ” la ɖo eteƒe. Le kpɔɖeŋu me, bene ŋutsu siwo dɔna kple wo nɔewo “naɖe dzi ɖi” le Episkopal Sɔlemeha la me la, Spong ŋlɔ agbalẽ aɖe si me wògblɔ le Apostolo Paulo ŋu be enye ŋutsu si dɔna kple ŋutsu!

Le anyigba geɖewo dzi la, edze abe ɖe nukpɔsusu sia va xɔ aƒe ɖe sukuwo me ene. Allan Bloom ŋlɔ ɖe agbalẽ si nye The Closing of the American Mind me be: “Nu ɖeka aɖe li si dzi nufiala ate ŋu ka ɖo bliboe: sukuvi ɖesiaɖe kloe si va yunivɛsiti la xɔe se be amesiame kple nusi wòbu nyateƒee alo wogblɔna be eyae yewoxɔ se.” Bloom kpɔe be ne yehe nya sia kple sukuviawo la, awɔ mo yaa na wo, “abe ɖe yele ɖi kem le 2 + 2 = 4 ŋu ene.”

Wokaka nukpɔsusu sia le mɔ gbogbo aɖewo nu. Le kpɔɖeŋu me, edze abe ɖe television kple nyadzɔdzɔŋlɔlawo dina be yewoaɖe modzaka na yewoƒe nyaselawo wu be woagblɔ nusi nye nyateƒea ŋutɔŋutɔ le nudzɔdzɔwo me na wo ene. Wotrɔa asi le television dzi nyadzɔdzɔwo ŋu alo wozãa foto xoxowo bene nyawo nawɔ dɔ ɖe ame dzi wu. Eye wotsia tre ɖe nyateƒe ŋu vevie wu le madzakaɖeɖewo me. Nyateƒe ƒe agbenyuinɔnɔ si nu mía dzilawo kple mía tɔgbuiwo nɔ agbe ɖo va zu tsigãdzinu eye woɖua fewu le wo ŋu vevie zi geɖe.

Gake ame aɖewo ake ɖi agblɔ be, nusidzeameŋudzixɔxɔse ƒe nukpɔsusu sia fia be wolɔ̃na xɔa ame bubuwo hã ƒe susu eyata eɖea vi na ameƒomea. Gake nyateƒeea? Ke ŋusẽ si wòakpɔ ɖe dziwò ya ɖe? Èxɔe se be amesiame kple nusi wòbu nyateƒee alo be nyateƒe aɖeke meli kura oa? Ne nenemae la, ekema edidi anɔ na wò abe ɣeyiɣi gbegblẽ ene. Nukpɔsusu sia tɔgbe akpɔ ŋusẽ ɖe wò etsɔme dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Biblia-nyala R. C. H. Lenski gblɔ be Pilato “ƒe nuƒoƒo ɖi xexemetɔ ɖekematsɔlemetɔ si di be yeagblɔ to yeƒe nyabiasea dzi be nusianu si ku ɖe mawusubɔsubɔ me nyateƒe ŋu nye nususukpɔ dzodzro ko.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe