INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 9/1 axa 32
  • ‘O, Ne Ðe Amesiame Anɔ Abe Woawo Ene Ðe!’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘O, Ne Ðe Amesiame Anɔ Abe Woawo Ene Ðe!’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 9/1 axa 32

‘O, Ne Ðe Amesiame Anɔ Abe Woawo Ene Ðe!’

Luxembourg nyadzɔdzɔgbalẽ Letzebuerger Journal ŋlɔla aɖee gblɔ nya siawo. Amekawoe wòwɔnɛ?

Ede ɖeɖekpɔkpɔ le Auschwitz fuwɔamegaxɔ me ƒe ƒe 50 lia ƒe ŋkuɖodziɖuɖu le Poland eye wòde dzesii be womeƒo nu tso ƒuƒoƒo aɖe si kpe fu geɖe wu le afima la ŋuti o. Le eƒe nusi wòŋlɔ le February 2, 1995 me la, etɔ asi ƒuƒoƒo sia dzi be woawoe nye Yehowa Ðasefowo eye wòŋlɔe be: “Gaxɔ alo fuwɔamegaxɔ me nɔnɔme sesẽtɔ kekeake loo alo dɔfufiamegaxɔ alo fia alo ametatsomɔ̃ tsɔtsɔ wu woe mena wogbe nu le woƒe xɔse gbɔ o.” Eyi edzi be: “Dzideƒo si nɔa Yehowa Ðasefowo si vaseɖe ku mee la wɔa nuku na SS-gaxɔdzikpɔla vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã.”

Menye xɔsetaku dimee Yehowa Ðasefowo le o. Gake abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, wo dometɔ akpe geɖe lɔ̃ be yewoaku wu be yewoada Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi. Xɔse sia ƒomevi na be woɖe dzesi vevie le Nazi dziɖuɖu ƒe blukɔ ɣeyiɣiwo me.

Nyadzɔdzɔgbalẽŋlɔla la ƒo nya ta be: “O, ne ɖe amesiame anɔ abe Yehowa Ðasefowo ene ɖe!” Ne ɖe wònɔ nenema la, ne xexemeʋa evelia medzɔ o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe