Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Woati Kristotɔ Vavãwo Yome
TSO Abel ƒe ŋkekeawo me ke la, Yehowa subɔla geɖe to mawusubɔsubɔ me yometiti me. (Luka 11:49-51) Eye mewɔ nuku o, elabena Biblia xlɔ̃ nu mí be “amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã”! (Timoteo II, 3:12) Ema ta egbea hã woɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi hetia wo yome le dukɔ siwo wu 25 me.
Le dukɔ bubuwo me la, togbɔ be woda asi ɖe Ðasefowo dzi le se nu hã, wogadoa go tsitretsiɖeŋu sẽŋuwo—wonyea ʋunyaʋunyawɔwɔ ɣeaɖewoɣi—tso mawusubɔsubɔ me zazɛnyahelawo gbɔ.
Le dukɔ aɖe si me menye ɖeko woɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi le o ke subɔsubɔha bubu me tɔwo tia wo yome hã me la, nyanyuia ƒe gbeƒãɖela siwo wu 12,000 yi edzi le dɔ wɔm veviedodotɔe, eye wole Biblia srɔ̃m kple ame 15,000 kple edzivɔ. Le nyateƒe me la, aɖaŋudzedze ye wotsɔ wɔa woƒe gbeƒãɖeɖedɔ lae. Wowɔa woƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã le amewo ƒe aƒewo me, eye woɖɔa ŋu ɖo le ɖetsɔlemetɔwo kpekpe va kpekpe siawoe me.
Nyitsɔ laa la, dziɖuɖua bɔbɔ eƒe nya me na Ðasefoawo eye wowɔa woƒe dɔ fifia fuɖename geɖe manɔmee. Gake subɔsubɔha aɖewo me tɔwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi tsɔ he kuxi vɛ.
Le dugã aɖe me la, aglãdzeha dodziku aɖe si me subɔsubɔ ƒe zazɛnyahela 200 le la lɔ gbɔ yina ɖe aƒe aɖe si me Yehowa Ðasefo siwo ade 50 nɔ hame ƒe kpekpe wɔm le. Aglãdzeha la me tɔ aɖewo fɔ kpewo ɖe asi henɔ subɔsubɔha la ƒe kalẽwɔhawo dzim kple ɣli. Woɖoe be woava dze Ðasefoawo dzi ahagblẽ aƒea. Edze ƒã be subɔsubɔhakplɔlawo nɔ ŋku lém ɖe kpekpeawo ŋu hena ɣeyiɣi aɖe eye wolala nɔ mɔnu nyuitɔ dim woatsɔ adze wo dzii. Esi wòsusɔ vie aglãdzeha la nage ɖe aƒea me la, kpovitɔ 15 va do eye wode se na ameha la be woakaka. Esia wɔ nuku na Ðasefoawo elabena wo dometɔ aɖeke mekpɔ mɔnu ƒo ka na kpovitɔwo gɔ̃ hã o.
Gake ɣebubuɣiwo la, tsitretsiɖeŋulawo te ŋu kpɔ dzidzedze. Wokplɔ Ðasefo geɖe yi ʋɔnui eye wode wo mɔ. Ʋɔnudrɔ̃nya aɖe nɔ anyi ɣeyiɣi didi aɖe madrɔ̃madrɔ̃e, eye edze ƒã be nutsolawo megatsɔ ɖeke le nya la me o. Gake osɔfo siwo le afima gade dzo nya la me eye wogatsɔ nya la yi ʋɔnui hede Ðasefoa mɔ.
Le teƒe bubu la, Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe kpe ta le ame aɖe ƒe aƒeme be yewoaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua. Le fiẽ ma me la, kpovitɔ geɖe va lé aƒeatɔ kple hamemegã si kpɔ kpekpea dzi. Woƒo wo vevie le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea. Wobia gbe wo henɔ nu vevi wɔm wo gaƒoƒo geɖe. Wode Ðasefo aɖe hã vudo aɖe si me tsi fafɛ le me tsɔ wɔ fui.
Nukata kpovitɔwo dze wo dzi alea? Mawusubɔsubɔ me zãzɛnyahelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si dua me osɔfowo do alɔ ye ganɔ megbe na kpovitɔwo ƒe nuwɔna siawo hã. Emegbe kpovitɔwo ƒe amegã ɖee fia be menye yee ɖe mɔ be woalé amewo o. Eɖe kuku ɖe woƒe nuwɔna la ta, eye wohe to na ameƒolawo.
Yehowa Ðasefowo yi edzi le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le xexeame katã, le tsitretsiɖeŋu sẽŋu gɔ̃ hã me. Wowɔna ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi be: “Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze aɖaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.”—Mateo 10:16.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Abel ye nye ame gbãtɔ si yome woti